INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Le Sanhedrin la Ŋkume, Kple Emegbe Pilato Gbɔ
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
    • Ta 121

      Le Sanhedrin la Ŋkume, Kple Emegbe Pilato Gbɔ

      ESUSƆ vie ŋu nake. Petro gbe nu le Yesu gbɔ zi etɔ̃lia, eye Sanhedrin la me tɔwo wu woƒe alakpaʋɔnudɔdrɔ̃a nu hekaka. Gake wogakpe ta ake le Fiɖagbe fɔŋli, le woƒe Sanhedrin-xɔ la me. Anye be woƒe tameɖoɖoe nye be yewoana ʋɔnu si yewodrɔ̃ le zã me la nadze abe nusi le se nu ene. Esi wokplɔ Yesu va wo ŋkume la, wogblɔ abe alesi wogblɔ le zã la me ene be: “Nenye wòe nye Kristo la, gblɔe na mí.”

      Yesu ɖo eŋu be: “Ne megblɔe na mi la, miele exɔ ge ase o; eye ne mebia nya aɖe mi la, miele eŋu ɖo ge nam o.” Gake Yesu tsɔ dzideƒo fia asi amesi wònye la na wo esime wògblɔ be: “Tso esia dzi la Amegbetɔvi la anɔ anyi ɖe Mawu ƒe ŋusẽ ƒe nuɖusi me.”

      Wo katã wobiae be: “Ekema Mawuvi nènye mahã?”

      Yesu ɖo eŋu bena: ‘Miawo ŋutɔ miele egblɔm be eyae menye.’

      Ŋuɖoɖo sia ɖeɖe dzaa sɔ gbɔ na ŋutsu siawo siwo ɖo ame wuwu kplikpaa la. Wobui be enye busunyagbɔgblɔ. Wobia be: “Ðaseɖiɖi ka gahiã mí? Elabena mía ŋutɔwo míesee tso eya ŋutɔ ƒe nu me.” Eyata wobla Yesu, eye wokplɔe dzoe hetsɔe de asi na Roma-mɔ̃mefia Pontio Pilato.

      Yesu yomemɔfiala Yuda nɔ nusiwo nɔ edzi yim la teƒe kpɔm. Esi wòkpɔ be wobu fɔ Yesu la, evee. Eyata eyi nunɔlagãwo kple amegãwo gbɔ be yeagbugbɔ klosalo 30 la na wo, eye wòɖe eme bena: “Mewɔ nuvɔ̃ be, mede ʋu maɖifɔ asi.”

      Woɖo eŋu nɛ vevemaseɖeamenutɔe bena: “Mía gbɔ nya kae wòtsɔa? Wò ŋutɔ kpɔ edzi!” Eyata Yuda tsɔ klosalo la ƒu gbe ɖe gbedoxɔa me hedzo yi ɖadze agbagba be yeade ka ve. Gake ewɔ abe ɖe atilɔ si ŋu Yuda sa ka la ɖo la ŋe ene, eye wòge dze agakpe siwo le ete la dzi hewó.

      Nunɔlagãwo menya nusi tututu yewoawɔ kple klosaloawo o. Woƒo nya ta bena: “Womeɖe mɔ bena, woatsɔe ade nudzɔdzɔ me o; elabena ʋuƒlegae.” Eyata esi wode aɖaŋu vɔ la, wotsɔ ga la ƒle zemela ƒe abɔe bene wòanye amedzrowo ɖiƒe. Eyata wova nɔ abɔa yɔm be “Ʋubɔ.”

      Ŋdikanya ko wòganye esime wokplɔ Yesu yi mɔ̃mefia la ƒe fiasã mee. Gake Yudatɔ siwo kplɔe ɖo va la gbe gege ɖe eme elabena woxɔe se be hadede kplikplikpli kple Dukɔwo me tɔwo nenema aƒo ɖi yewo. Eyata Pilato wɔ nu ɖe nɔnɔmea nu na wo hedo va gota. Ebia be: “Nutsotso ka mietsɔ vɛ ɖe amesia ŋu mahã?”

      Woɖo eŋu be: “Amesia la, ɖe menye vɔ̃wɔla wònye o la, ne míele ede ge asi na wò o.”

      Esi Pilato medi be yeaƒo ye ɖokui ɖe nya la me o ta la, egblɔ be: “Mia ŋutɔwo mikplɔe yii, ne miadrɔ̃ ʋɔnui le miaƒe se la nu.”

      Le amewuwu ƒe susu si le wo si la ɖeɖe fia me la, Yudatɔwo gblɔ be: “Womeɖe mɔ na mí bena, míawu ame o.” Le nyateƒe me la, ne wowu Yesu le Ŋutitotoŋkekenyuiea dzi la, zi atɔ elabena ame geɖe bua Yesu ame vevi aɖee. Gake ne woate ŋu ana Romatɔwo nawui le dunyahehe ƒe nutsotso ta la, esia awɔe be le ameawo ŋkume la, manye woawoe wɔe o.

      Eyata subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo meƒo nu tso ʋɔnu si wodrɔ̃ do ŋgɔ si me wobu fɔ Yesu le be egblɔ busunya la ŋu o, ke boŋ wokpa nya bubuwo ɖe eŋu azɔ. Wotsɔ nutsotso si me nyawo nye nya etɔ̃ ɖe eŋu bena: “Míekpɔ amesia wòle [1] míaƒe dukɔ la ƒe tame trɔm, eye [2] wògbe na amewo bena, woagadzɔ nu na kaisaro o hele [3] gbɔgblɔm bena, ye ŋutɔe nye Kristo, fia la.”

      Nutsotso si nye be Yesu le gbɔgblɔm be fiae yenye lae le vevie na Pilato. Eyata egatrɔ yi ɖe fiasã la me heyɔ Yesu va eɖokui gbɔ eye wòbiae bena: “Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la mahã?” Ne míagblɔe bubui la, ɖe nèda le sea dzi esi nègblɔ be yenye fia si tsi tre ɖe Kaisaro ŋu taa?

      Yesu di be yeanya nya si gbegbe Pilato se tso ye ŋu xoxo, eyata ebiae be: “Wò ŋutɔ ɖokuiwò si nèle esia gblɔm le loo, alo ame bubuwoe gblɔ ŋutinye nya na wò mahã?”

      Pilato gblɔ be yemenya naneke tso eŋu o eye yedi be yeanya nyateƒea. Egblɔ be: “Nye la Yudatɔ menye mahã? Wò ŋutɔ wò dukɔ la kple nunɔlagãwoe tsɔ wò de asi nam, nuka nèwɔa?”

      Yesu medze agbagba le mɔ aɖeke nu be yeasi le nya la, si ku ɖe fianyenye ŋu, la nu o. Ðikeke mele eme o be ŋuɖoɖo si Yesu na azɔ la wɔ nuku na Pilato. Luka 22:66–23:3; Mateo 27:1-11; Marko 15:1; Yohanes 18:28-35; Dɔwɔwɔwo 1:16-20.

      ▪ Tameɖoɖo ka tae Sanhedrin la gakpe ta ake le ŋdia me?

      ▪ Mɔ ka dzie Yuda to ku, eye nukae wotsɔ klosalo 30 la wɔe?

      ▪ Nukatae Yudatɔwo di be Romatɔwo nawu Yesu, ke menye be yewo ŋutɔwo yewoawui o?

      ▪ Nya kawoe Yudatɔwo gblɔ tsɔ tso Yesu nue?

  • Wokplɔe tso Pilato Gbɔ Yi Herodes Gbɔe Gakplɔe Gbɔe
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
    • Ta 122

      Wokplɔe tso Pilato Gbɔ Yi Herodes Gbɔe Gakplɔe Gbɔe

      TOGBƆ BE Yesu medze agbagba be yeatsyɔ nu edzi be yenye fia o hã la, eɖe eme be yeƒe Fiaɖuƒe menye nusi agblẽ nu le Roma ŋu o. Yesu gblɔ na Pilato be: “Nye fiaɖuƒe metso xexe sia me o; nye fiaɖuƒe, ɖe wòtso xexe sia me la, ne nye dɔlawo aʋli tanye, bena womagadem asi na Yudatɔwo o; ke azɔ la nye fiaɖuƒe metso afisia o.” Eyata Yesu lɔ̃ ɖe edzi zi etɔ̃ be Fiaɖuƒe le ye si, gake menye anyigba dzi fiaɖuƒee o.

      Gake Pilato yi edzi ƒoe ɖe enu be: “Ekema fia nènye ni?” Egɔmee nye be fiae nènye togbɔ be wò Fiaɖuƒe menye xexe sia ƒe akpa aɖeke oa?

      Yesu na Pilato nya be eƒe nyataƒoƒo sɔ, esi wòɖo eŋu be: “[Wò ŋutɔ èle] egblɔm bena, fia menye. Nye la, esia ta wodzim ɖo, eye esia ta meva xexeame ɖo, bena maɖi ɖase na nyateƒe la. Amesiame, si tso nyateƒe me la, ɖoa to nye gbe.”

      Ẽ, Yesu va anyigba dzi be yeaɖi ɖase na “nyateƒe” la, vevietɔ, nyateƒe si ku ɖe eƒe Fiaɖuƒea ŋuti. Yesu dzra ɖo be yeawɔ nuteƒe na nyateƒe ma nenye be ana yeaku gɔ̃ hã. Togbɔ be Pilato bia be: “Nukae nye nyateƒe?” hã la, melala be wòagaɖe eme o. Nya si wòse la sɔ gbɔ be wòatsɔ adrɔ̃ ʋɔnuae.

      Pilato trɔ yi ameha si le lalam le fiasã la godo gbɔ. Edze ƒã be esi Yesu nɔ eƒe axadzi la, egblɔ na nunɔlagãwo kple amesiwo nɔ wo gbɔ be: “Nyemekpɔ vɔ̃ aɖeke le amesia ŋu o.”

      Esi nyametsotsoa ve dɔme na amehawo la, wodze egɔme nɔ tɔ tem ɖe edzi be: “Ede zi dukɔ la me hele nu fiam to Yudea katã me, eye wòdze gɔme tso Galilea vaseɖe afisia.”

      Yudatɔwo ƒe susumanɔme ƒe zazɛ̃nyahehea awɔ mo yaa na Pilato godoo. Eyata, esi nunɔlagãwo kple amegãwo nɔ ɣli dodo dzi la, Pilato trɔ ɖe Yesu ŋu hebiae be: “Ðe mèle ɖase, si ɖim wole le ŋutiwò la, sem o mahã?” Ke hã la, Yesu mete kpɔ be yeaɖo eŋu o. Alesi wòzi kpi le nutsotso sesẽawo me la wɔ mo yaa na Pilato.

      Esi Pilato se be Galileatɔe Yesu nye la, edi mɔ si dzi wòato aɖe asi le agba si nya la da ɖe edzi la me. Galilea dziɖula, Herodes Antipa (Herodes Gã la ƒe vi), le Yerusalem hena Ŋutitotoŋkekenyuiea ɖuɖu, eyata Pilato ɖo Yesu ɖe egbɔ. Do ŋgɔ la, Herodes Antipa na wotso ta le Yohanes Amenyrɔ̃ɖetsimela la nu, eye emegbe esi Herodes se nukudɔ siwo wɔm Yesu nɔ la, vɔvɔ̃ ɖoe elabena evɔ̃ be Yesu ye nye Yohanes ŋutɔŋutɔ si tsi tre tso ame kukuwo dome.

      Azɔ Herodes kpɔ dzidzɔ ŋutɔ be yeakpɔ Yesu. Menye le esi wòtsɔ ɖe le Yesu ƒe nyonyo me alo esi wòdi be yeadze agbagba tɔxɛ aɖe be yeanya nenye be alesi wotso enu nye nyateƒe loo alo aʋatso tae o. Ke boŋ ɖeko wòdi vevie be yeakpɔ Yesu henɔ mɔ kpɔm be awɔ nukunu aɖe yeakpɔ.

      Gake Yesu gbe Herodes ƒe didia dzi wɔwɔ nɛ. Le nyateƒe me la, esi Herodes nɔ nya biamee la, meke nu o. Esi Herodes kple asrafo siwo le eŋu dzɔm mekpɔ nusi wole mɔ kpɔm na o la, woɖu fewu le Yesu ŋu. Wodo awu dzẽ nɛ heɖu fewu le eŋu. Emegbe wogbugbɔe ɖo ɖe Pilato gbɔ. Esia wɔe be Herodes kple Pilato, amesiwo nye futɔwo tsã la va zu xɔlɔ̃ veviwo.

      Esi Yesu trɔ gbɔ la, Pilato yɔ nunɔlagãwo, Yudatɔwo ƒe amegãwo, kple dukɔ la ƒo ƒui hegblɔ be: “Miekplɔ amesia va gbɔnye abe amesi le dukɔ la ƒe tame trɔm ene; eye kpɔ ɖa, esi medrɔ̃ ʋɔnui le miaƒe ŋku me la, nyemekpɔ vɔ̃ aɖeke le amesia ŋu, si ŋuti miele enu tsom ɖom o; nenema kee nye Herodes hã; elabena egbugbɔe ɖo ɖe mí; eye kpɔ ɖa, mewɔ naneke, si dze ku o. Eyaŋuti maƒoe, eye maɖe asi le eŋu.”

      Eyata Pilato tso afia na Yesu zi eve be meɖi fɔ o. Edi vevie be yeaɖe asi le eŋu, elabena ekpɔe dze sii be ŋuʋaʋã ta koe nunɔlawo dee asi ɖo. Gake esi Pilato yi agbagbadzedze dzi be yeaɖe asi le Yesu ŋu la, exɔ ema wɔwɔ ƒe ŋusẽdodo sẽŋu bubu aɖe. Esi wònɔ eƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui dzi la, srɔ̃a ɖo du ɖee heƒoe ɖe enu be: “Megawɔ naneke kple ame dzɔdzɔe ma o; elabena eto ƒe zã me la mekpe fu geɖe le drɔ̃eƒe [edze ƒã be Mawu gbɔe wòtso] le eta.”

      Gake aleke Pilato ate ŋu aɖe asi le ame maɖifɔ sia ŋui, abe alesi wònya be ele be yeaɖe asi le eŋue ene? Yohanes 18:36-38; Luka 23:4-16; Mateo 27:12-14, 18, 19; 14:1, 2; Marko 15:2-5.

      ▪ Aleke Yesu ɖo nya si wobia tso eƒe fianyenye ŋu la ŋue?

      ▪ Nukae nye “nyateƒe” si ŋu Yesu zã eƒe agbenɔnɔ le anyigba dzi ɖo tsɔ ɖi ɖase tsoe?

      ▪ Aleke Pilato drɔ̃ ʋɔnuae, aleke amewo wɔ nu ɖe eŋue, eye nukae Pilato wɔ Yesu?

      ▪ Amekae nye Herodes Antipa, nukatae dzi dzɔe ŋutɔ be yeakpɔ Yesu, eye nukae wòwɔe?

      ▪ Nukatae Pilato di vevie be yeaɖe asi le Yesu ŋu?

  • ‘Mikpɔ Ða! Ŋutsu lae Nye Si!’
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
    • Ta 123

      ‘Mikpɔ Ða! Ŋutsu lae Nye Si!’

      ESI Yesu ƒe nɔnɔme wɔ dɔ ɖe Pilato dzi eye wòkpɔ eƒe fɔmaɖimaɖi dze sii la, edi mɔ bubu si dzi wòato aɖe asi le eŋu. Egblɔ na amehawo be: “Kɔnuwɔwɔ le mia si bena, maɖe asi le ame ɖeka ŋuti na mi le ŋutitoto la dzi.”

      Baraba, si nye amewula si ame geɖe nya la hã le gaxɔ me, eyata Pilato bia be: “Ameka ŋue mielɔ̃ bena, maɖe asi le na mia? Baraba loo alo Yesu, si woyɔna be Kristo la mahã?”

      Esi nunɔlagã siwo de zi amewo me la ƒo nya ɖe amewo nu la, wogblɔ be woaɖe asi le Baraba ŋu na yewo gake woawu Yesu. Pilato mena ta o, ke boŋ eɖo eŋu gabia ake be: “Ame eve la dometɔ ka ŋuti míele didim bena, woaɖe asi le na mi mahã?”

      Wodo ɣli gblɔ bena: “Baraba ye!”

      Pilato tɔtɔ eye wòbia be: “Ekema nuka mawɔ Yesu, si woyɔna be Kristo la mahã?”

      Wo katã woɖo eŋu kple ɣli sesĩe be: “Na woaklãe ɖe ati ŋuti!” “Klãe ɖe ati ŋuti, klãe ɖe ati ŋuti!”

      Esi Pilato nya be amesi meɖi fɔ o ƒe ku dim wole la, eƒo koko na wo bena: “Nuvɔ̃ ka gɔ̃ amesia wɔ mahã? Nyemekpɔ naneke le eŋu, si dze ku o; azɔ maƒoe, eye maɖe asi le eŋu!”

      Togbɔ be edze agbagba alea hã la, ameha siwo do dziku eye woƒe subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo nɔ zi dem wo dome la yi edzi nɔ ɣli dom be: “Klãe ɖe ati ŋuti!” Esi nunɔlawo na adã ɖo mo na ameha la ta la, wodi be woakɔ ʋu ɖi. Evɔ ŋkeke atɔ̃ pɛ do ŋgɔ la, wo dometɔ aɖewo anya nɔ amesiwo do dzaa na Yesu esime wòva Yerusalem abe Fia ene la dome! Le ɣeyiɣi sia katã me la, ne Yesu ƒe nusrɔ̃lawo le eteƒe hã la, ke wozi ɖoɖoe eye womena amewo kpɔ wo dze sii o.

      Esi Pilato kpɔ be womele to ɖom yeƒe kokoƒoƒoawo o, ke boŋ zitɔtɔ hoo nɔ anyi la, etsɔ tsi klɔ asi le ameha la ŋkume hegblɔ bena: “Nye la, ʋu sia mele asinye me o; mia ŋutɔwo mikpɔ edzi!” Ameawo ɖo eŋu be: “Eƒe ʋu neva mía kple mía viwo dzi!”

      Eyata le woƒe didi la nu—kple le didi be yeadze ameha la ŋu tsɔ wu be yeawɔ nusi sɔ me la—Pilato ɖe asi le Baraba ŋu na wo. Ekplɔ Yesu yii eye wòna woɖe awu le eŋu heƒoe kple atam. Esia menye ameƒoƒo kple ati dzro aɖe ko o. The Journal of the American Medical Association la ƒo nu tso Romatɔwo ƒe nuwɔna si nye ame ƒoƒo kple atam la ŋuti bena:

      “Nusi wozãna zi geɖee nye ameƒoka kpui aɖe (sɔba) si nu lãgbalẽ ɖekaɖeka alo esiwo wogbi siwo ƒe didime le vovovo eye wosa gavi nogoe suesuewo alo alẽƒu sue siwo nu le tsuɛɛ ɖe woƒe akpa aɖewo le la. . . . Ne Roma-srafoawo tsɔ ŋusẽ katã le amea ƒom ʋuu la, gavi nogoeawo agbã lãme na amea vevie, eye lãgbalẽawo kple alẽƒuawo avuvu ŋutigbalẽa kple lã si le ete la. Azɔ ne ƒoƒoa le edzi yim la, ŋutilã si vuvu la avuvu age ɖe ƒu ŋuti lãmeka siwo le ete la me eye wòana ŋutilã la navuvu ʋayaʋaya ahanɔ ʋu ɖim alo anɔ ʋu ɖuɖum.”

      Le funyafunyawɔame ƒe ƒoƒo sia megbe la, wokplɔ Yesu yi mɔ̃mefia la ƒe fiasã mee, eye woyɔ asrafoawo katã wova kpe ta. Le afima la, asrafoawo gado vloe ɖe edzi esi wohe ŋutsihe hetsɔ te ɖe ta nɛ. Wotsɔ ayeti de nuɖusi me nɛ, eye wodo awu ʋlaya dzĩe aɖe si nye esi tɔgbe fiawo dona la nɛ. Emegbe wogblɔ nɛ fewuɖuɖutɔe be: “Míedo gbe na wò, Yudatɔwo ƒe fia!” Wotu ta ɖe eŋu heƒo tome nɛ hã. Esi woxɔ ayeti sesẽ la le esi la, wotsɔe ƒo tame nɛ hena eƒe gbɔɖiame ƒe ‘fiakuku’ la ƒe ŋù ɖaɖɛawo gatɔ tame nɛ vevie wu.

      Bubunɔameŋu kple ŋusẽ wɔnuku si Yesu ɖe fia le funyafunyawɔwɔ ma me la wɔ dɔ ɖe Pilato dzi ale gbegbe be esee le eɖokui me be ele be yeagadze agbagba be yeaxɔ nɛ. Egblɔ na amehawo be: “Mikpɔ ɖa, mekplɔe do go vɛ na mi, ne miadze sii bena, nyemekpɔ nya vɔ̃ aɖeke le eŋuti o.” Ðewohĩ esusui be fu si wowɔ Yesu la kpɔkpɔ abɔbɔ woƒe dzi. Esi Yesu tsi tre ɖe nuvlowɔlawo ƒe ha makpɔnublanuia ŋkume eye ŋutsihea nɔ eƒe ta la, wodo awu ʋlaya dzĩe la nɛ eye vevesese dze le eƒe mo si nɔ ʋu ɖim la, Pilato ɖe gbe ƒãe be, ‘Mikpɔ ɖa! Ŋutsu lae nye si!

      Togbɔ be woƒoe eye eƒe lãme gbã hã la, amesi ɖe dzesi wu amesiame le ŋutinya me, si nye ame vevitɔ kekeake si nɔ agbe kpɔ lae nye sia! Ẽ, Yesu ɖe bubunɔameŋu kple ɖokuiléle aɖe si ɖe gãnyenye si dzi wòle be Pilato gɔ̃ hã nalɔ̃ ɖo la fia, elabena edze ƒã be Pilato ƒe nyawo nye bubu kple nublanuikpɔkpɔ si tsaka ƒe nyawo. Yohanes 18:39–19:5; Mateo 27:15-17, 20-30; Marko 15:6-19; Luka 23:18-25.

      ▪ Aleke Pilato dze agbagba be yeaɖe asi le Yesu ŋue?

      ▪ Aleke Pilato dze agbagba be yeaɖe agba ɖa le ye ɖokui dzie?

      ▪ Nukae ame ƒoƒo kple atam lɔ ɖe eme?

      ▪ Aleke woɖu fewu le Yesu ŋue le eƒoƒo kple atam la megbe?

      ▪ Agbagba kae Pilato gadze be yeaɖe asi le Yesu ŋu?

  • Wodee Asi eye Wokplɔe Dzoe
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
    • Ta 124

      Wodee Asi eye Wokplɔe Dzoe

      ESI Pilato, amesi Yesu si wowɔ fui ƒe nuwɔwɔ kpoo si ŋu bubu le ʋã la gadze agbagba be yeaɖe asi le eŋu la, nunɔlagãwo gado dziku ɖe edzi. Woɖoe kplikpaa be naneke nagado kplamatse yewoƒe tameɖoɖo vɔ̃ la o. Eyata wogadze ɣlia dodo gɔme ake be: “Klãe ɖe ati ŋuti, klãe ɖe ati ŋuti!”

      Pilato ɖo eŋu be: “Ekema mia ŋutɔwo mikplɔe yii, eye miklãe ɖe ati ŋuti.” (Le nusi to vovo na nya siwo wogblɔ do ŋgɔ la, ŋusẽ anɔ Yudatɔwo si be woawu nuvlowɔlawo ɖe mawusubɔsubɔ ƒe agɔdzedze siwo ƒe kpekpeme yi ŋgɔ la ta.) Emegbe, si ne mede ɖeke o hã anye zi atɔ̃lia la, Pilato tso afia na Yesu be meɖi fɔ o hegblɔ be: “Nyemekpɔ nya vɔ̃ aɖeke le eŋuti o.”

      Esi Yudatɔwo kpɔ be yewoƒe nutsotso le dunyahehe gome medze edzi o la, wotrɔ ɖe mawusubɔsubɔ ƒe nutsotso si nye busunyagbɔgblɔ si wogblɔ gaƒoƒo aɖewo do ŋgɔ le ʋɔnu dɔdrɔ̃ Yesu me le Sanhedrin la ŋkume la ŋu. Wogblɔ be: “Se le mía si, eye le se la nu la edze bena, wòaku; elabena etsɔ eɖokui wɔ Mawuvi.”

      Nutsotso sia nye nu yeye na Pilato, eye ena wògavɔ̃ ɖe edzi. Ekpɔe dze sii azɔ be menye amegbetɔ dzro koe Yesu nye o, abe alesi srɔ̃a ƒe drɔ̃e kpakple Yesu ƒe amenyenye ƒe ŋusẽ ɖedzesi la ɖee fia ene. Gake “Mawuvi” wònyea? Pilato nya be Galileatɔe Yesu nye. Gake ɖe wòanye be enɔ agbe kpɔa? Esi Pilato gakplɔe yi fiasã la me ake la, ebiae be: “Afika nètso?”

      Yesu zi kpi. Egblɔ na Pilato do ŋgɔ be fiae yenye gake yeƒe Fiaɖuƒe menye xexeme sia ƒe akpa aɖeke o. Numeɖeɖe bubu si wòagagblɔ fifia la maɖe vi o. Gake eƒe gbegbe be yemaɖo nya ŋu o la da bubu si nɔ Pilato ŋu ɖe anyi eye wòdo dziku ɖe Yesu ŋu hegblɔ be: “Mèle nu ƒo ge nam oa? Mènyae bena, mekpɔ ŋusẽ be, maɖe asi le ŋuwò, eye mekpɔ ŋusẽ be, maklã wò ɖe ati ŋuti oa?”

      Yesu ɖo eŋu bubutɔe be: “Ŋusẽ aɖeke manɔ asiwò ɖe ŋunye o, ne menye ɖe wona wò tso dziƒo o.” Ŋusẽ si Mawu na dziɖula siwo nye amegbetɔwo be woakpɔ anyigbadzinyawo gbɔ la ƒe nya gblɔm wònɔ. Yesu gblɔ kpee be: “Le esia ta amesi dem asi na wò la, wɔ nuvɔ̃ wu wò.” Le nyateƒe me la, agbanɔamedzi si kpe wu le nunɔlagã Kayafa kple eƒe kpeɖeŋutɔwo kpakple Yuda Iskariot dzi wu Pilato le ŋuta si wosẽ le Yesu ŋu la ta.

      Esi Yesu ƒe nu gawɔ dɔ ɖe Pilato dzi wu eye wòvɔ̃ be ɖewohĩ Mawu gbɔe Yesu tso la, egadze agbagba be yeaɖe asi le eŋu. Gake Yudatɔwo he nya ɖe Pilato ŋu. Wogagblɔ woƒe dunyahehe ƒe nutsotso la ake, eye wotsɔ ayedzedze do ŋɔdzi nɛ be: “Ne èkatse ɖe asi le amesia ŋu la, ekema mènye kaisaro xɔlɔ̃ o, amesi ke tsɔ eɖokui wɔ fia la, etsi tre ɖe kaisaro ŋu.”

      Togbɔ be emetsonuwo manɔ bɔbɔe o hã la, Pilato gakplɔ Yesu va gotae ake. Egaƒo koko na wo ake be: “Mikpɔ miaƒe fia la ɖa!”

      “Kplɔe yii, kplɔe yii, klãe ɖe ati ŋuti!”

      Pilato bia dziɖeleameƒotɔe be: “Miaƒe fia lae maklã ɖe ati ŋutia?”

      Yudatɔwo mekpɔ dzidzeme le Romatɔwo ƒe dziɖuɖu te o. Le nyateƒe me la, wodoa vlo Roma ƒe dziɖuɖu! Gake nunɔlagãwo gblɔ alakpatɔe be: “Fia aɖeke mele mía si o, negbe kaisaro ko.”

      Esi Pilato vɔ̃ ɖe eƒe dunyahehe ƒe nɔƒe kple bubu nu ta la, ena ta mlɔeba le Yudatɔwo ƒe biabia atraɖii la me. Eɖe asi le Yesu ŋu na wo. Asrafoawo ɖe awu dzĩe la le Yesu ŋu hetsɔ eƒe awu ʋlaya la do nɛ. Esi wokplɔ Yesu yina kaklã ge la, wona wòtsɔ eya ŋutɔ ƒe fuwɔameti la.

      Ŋu ke nyuie le Fiɖagbe ŋdikpa dzi si nye Nisan 14 lia dzi azɔ; ɖewohĩ ŋdɔ me nɔ ɖoɖom. Yesu nɔ ŋu tso Yawoɖagbe ŋdi me ke eye wòkpe funyafunyawɔame siwo kplɔ wo nɔewo ɖo ƒe fu. Eyata eme kɔ be eteƒe medidi o ati kpekpe si wòtsɔ la te ɖeɖi eŋu. Eyata wozi ame aɖe si va yina, si nye Simon aɖe si tso Kirene le Afrika la dzi be wòatsɔe nɛ. Esi wole yiyim la, ameha gã aɖe, si dome nyɔnuwo le la, kplɔ wo ɖo le konyi fam hele avi fam na Yesu.

      Yesu trɔ ɖe nyɔnuawo ŋu gblɔ bena: “Yerusalem vinyɔnuviwo, migafa avi nam o; ke boŋ miafa avi na mia ŋutɔwo mia ɖokui kple mia viwo. Elabena kpɔ ɖa, ŋkekewo gbɔna, le esiwo me woagblɔ bena: Woayra konɔwo kple dɔ, siwo medzi vi o, kple no, siwo mena notsi kpɔ o la. . . . Elabena ne wole nusiawo wɔm ɖe ati mumu ŋuti la, ekema nuka wɔ ge woala ɖe ƒuƒua ŋuti mahã?”

      Ati si nye Yuda-dukɔ, si me agbetsi aɖe gakpɔtɔ nɔ le Yesu ƒe anyinɔnɔ kple ame susɔe siwo xɔ edzi se ƒe anyinɔnɔ ta la ŋu nya gblɔm Yesu nɔ. Gake ne woɖe amesiawo ɖa le dukɔa me la, gbɔgbɔmeti kuku koe akpɔtɔ, ẽ, dukɔ bliboa ƒe habɔbɔ ƒuƒu koe asusɔ. Oo, nusitae woafa avi ɖo kae nye si ne Roma-ʋakɔ siwo le abe Mawu ƒe ametsrɔ̃lawo ene la tsrɔ̃ Yuda-dukɔa! Yohanes 19:6-17; 18:31; Luka 23:24-31; Mateo 27:31, 32; Marko 15:20, 21.

      ▪ Nukae subɔsubɔhakplɔlawo tsɔ tso Yesu nue esi woƒe dunyahehe ƒe nutsotsowo medze edzi o?

      ▪ Nukatae Pilato gavɔ̃ wu tsã?

      ▪ Amekawo dzie nuvɔ̃ gãtɔ le le nusi dzɔ ɖe Yesu dzi ta?

      ▪ Mlɔeba la, aleke nunɔlawo wɔ esi na be Pilato tsɔ Yesu de asi be woawu?

      ▪ Nya kae Yesu gblɔ na nyɔnu siwo nɔ fafam nɛ, eye esi wògblɔ be atia le “mumu” kple be ‘eƒu’ la, nukae wòwɔnɛ?

  • Vevesese Helĩhelĩ le Atia Ŋu
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
    • Ta 125

      Vevesese Helĩhelĩ le Atia Ŋu

      WOKPLƆ adzodala eve kpe ɖe Yesu ŋu do goe yina wuwu ge. Amehawo zɔ va tɔ ɖe teƒe si woyɔna be Golgata, alo Ametakoliƒe, si medidi tso dua gbɔ o.

      Woɖe awu le gamenɔla siawo ŋu. Emegbe wotsɔ aha si wotsɔ mire tɔtɔe vɛ na wo. Anɔ eme be Yerusalem nyɔnuwoe tɔtɔ aha sia eye Romatɔwo megbena be womegana aha sia si ɖea vevesese dzi kpɔtɔna la amesiwo woklã ɖe ati ŋu la o. Gake esi Yesu ɖɔe kpɔ la, egbe enono. Nukatae? Edze ƒã be edi be yeƒe ŋutete katã nanɔ ye si bliboe le yeƒe xɔse ƒe dodokpɔ gãtɔ sia me.

      Azɔ wohe Yesu ɖe atia ŋu eye wohe eƒe abɔwo yi etamee. Emegbe asrafoawo ƒo gatagbadzɛ gãwo ɖe eƒe asiwo kple eƒe afɔwo. Esi gatagbadzɛwo ŋɔ eƒe ŋutilã kple lãmekawo la, ese veve helĩhelĩ ŋutɔ. Esi wofɔ atia ɖe tsitrenu la, vevesesea wu gbɔgblɔ, elabena eƒe ŋutilã ƒe kpekpe he gatagbadzɛbiawo me. Gake le esi teƒe be Yesu nado ŋɔdzi na Roma-srafoawo la, eɖe kuku ɖe wo ta boŋ be: “Fofo, tsɔe ke wo, elabena womenya nusi wɔm wole o.”

      Pilato na woŋlɔ dzesi aɖe klã ɖe atia ŋu si xlẽ be: “Yesu, Nazaretetɔ, Yudatɔwo ƒe fia.” Anɔ eme be menye esi wòde bubu Yesu ŋu ta ɖeɖekoe wòŋlɔ nusia o ke boŋ alesi Yudatɔwo ƒe nunɔlawo ƒe nu nyɔ ŋu nɛ le esi wodi be wòatso kufia na Yesu hã tae. Be amesiame nate ŋu axlẽ nuŋɔŋlɔa ta la, Pilato na woŋlɔe ɖe gbegbɔgblɔ etɔ̃ me—ɖe Hebrigbe, Latingbe si wozãna le dziɖuɖudɔwɔƒewo, kple Helagbe si ame geɖe dona la me.

      Vɔvɔ̃ ɖo nunɔlagã siwo dome Kayafa kple Hana hã le la. Gbeƒãɖeɖe sia si wotsɔ kafui la gblẽ woƒe dzidzɔkpɔɣi la me. Eyata wotsi tre ɖe eŋu gblɔ be: “Megaŋlɔ bena: Yudatɔwo ƒe fia la o; ke boŋ be eyama gblɔ bena: Yudatɔwo ƒe fia menye.” Esi dzi ku Pilato be yewɔ nunɔlawo ƒe tameɖoɖo dzi na wo la, eɖoe kplikpaa gbe be: “Nusi meŋlɔ la, meŋlɔe xoxo.”

      Fifia nunɔlawo kple ameha gã aɖe ƒo ƒu ɖe amewuƒea, eye nunɔlawo gbe ɖaseɖiɖi si dze le nuŋɔŋlɔa me la. Wogagblɔ aʋatsoɖaseɖiɖi siwo wogblɔ do ŋgɔ le Sanhedrin la ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo me ake. Eyata mewɔ nuku o be amesiwo le eme tsom le yiyim la de asi ɖiŋudodo nɛ me eye wonɔ ta ʋuʋum fewuɖuɖutɔe henɔ gbɔgblɔm be: “Wò amesi le mawuxɔ la gbãm gale etum le ŋkeke etɔ̃agbe la, ɖe ɖokuiwò; nenye Mawuvi nènye la, ekema ɖi le [fuwɔameti] la ŋuti!”

      Nunɔlagãwo kple woƒe subɔsubɔhaxɔlɔ̃ veviwo de nu eme be: “Eɖe ame bubuwo, eye mate ŋu aɖe ye ŋutɔ ɖokui o; nenye Israel ƒe fia wònye la, ekema neɖi le [fuwɔameti] la ŋuti azɔ, eye míaxɔ edzi ase. Eɖo dzi ɖe Mawu ŋuti; eya naɖee azɔ, ne elɔ̃nɛ, elabena egblɔ be, Mawuvi yenye.”

      Esi gbɔgbɔ ma ke ɖo asrafoawo me la, woawo hã ɖu fewu le Yesu ŋu. Wotsɔ aha tsitsi na Yesu fewuɖuɖutɔe, anɔ eme be ɖe wokɔe dzi gbɔ eƒe nuyi siwo ƒu kplakplakpla la ŋu. Woɖe alɔme le eŋu be: “Nenye wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la, ekema ɖe wò ŋutɔ ɖokuiwò.” Adzodalawo—woklã ɖeka ɖe Yesu ƒe ɖusime eye evelia ɖe eƒe miame—gɔ̃ hã ɖu fewu le eŋu. Bu eŋu kpɔ ko! Be ame vevitɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ, ẽ, amesi kpɔ gome kple Yehowa Mawu le nuwo katã wɔwɔ me, tsɔ tameɖoɖo kplikpaa kpe vlododo siawo gbegbe ƒe fue!

      Asrafoawo tsɔ Yesu ƒe awudziwuwo eye womã wo ɖe akpa ene me. Wodzidze nu ɖe wo dzi be woakpɔ amesi tɔ esiawo anye. Gake tɔtɔƒe aɖeke mele eƒe awutewu ŋu o eye eƒe nyonyome de ŋgɔ ale gbegbe. Eyata asrafoawo gblɔ na wo nɔewo be: “Migana míadze eya o, ke boŋ míadzidze nu ɖe edzi, [ne míakpɔ] amesi tɔ wòazu.” Woƒe esia wɔwɔ na ŋɔŋlɔ si gblɔ be, “Womã awunyewo na wo nɔewo, eye nye awu ʋlaya la wodzidze nu ɖe edzi” la va eme esi menɔ nyanya na wo o.

      Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, adzodalawo dometɔ ɖeka va kpɔe dze sii be anye fia kokokoe Yesu anye. Eyata eka mo na nɔvia be: “Alo wò hã, esi nèle fɔbubu ma ke me la, ɖe mèvɔ̃ Mawu oa? Ke míawo la edze mí; elabena nusi dze míaƒe nuwɔwɔwo la, eya kpɔm míele; ke amesia la mewɔ nu tovo aɖeke kpɔ o.” Emegbe eƒo koko na Yesu be: “Yesu, ɖo ŋku dzinye, ne èva ɖo wò fiaɖuƒe la me.”

      Yesu ɖo eŋu be: ‘Vavã mele egblɔm na wò egbea be, ànɔ Paradiso me kplim.’ Ŋugbedodo sia ava eme ne Yesu le fia ɖum le dziƒo eye wòfɔ vɔ̃wɔla trɔdzime sia ɖe tsitre va agbe me le Paradisonyigba si mɔnukpɔkpɔ asu Harmagedon ƒe agbetsilawo kple woƒe zɔhɛwo si be woadzra ɖo la dzi. Mateo 27:33-44; Marko 15:22-32; Luka 23:27, 32-43; Yohanes 19:17-24.

      ▪ Nukatae Yesu gbe be yemano aha si wotɔtɔ kple mire o?

      ▪ Anɔ eme be nukatae woŋlɔ nu klã ɖe ati si ŋu woklã Yesu ɖo la ŋu, eye nyaʋiʋli kae wòhe va Pilato kple nunɔlagãwo dome?

      ▪ Vlo bubu kawoe wogado Yesu le atia ŋu, eye edze ƒã be nukae gbɔe wotso?

      ▪ Aleke nusi wotsɔ Yesu ƒe awuwo wɔe la na nyagblɔɖi aɖe va emee?

      ▪ Tɔtrɔ kae adzodalawo dometɔ ɖeka wɔ, eye aleke Yesu awɔ eƒe didia dzi nɛ?

  • “Nyateƒe, Mawuvie Nye Esia”
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
    • Ta 126

      “Nyateƒe, Mawuvie Nye Esia”

      YESU menɔ atia ŋu eteƒe didi o, esime le ŋdɔ me la, zãdokeli do nukutɔe gaƒoƒo etɔ̃. Menye ɣea ƒe viviti dodo gbɔe zãdokeli sia tso o, elabena ne dzinu yeye dze dzi koe wòdona, eye dzinua sɔna tegblẽ le Ŋutitotoɣeyiɣia me. Gawu la, ɣea ƒe vivitidodo nɔa anyi aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo ko. Eyata Mawu gbɔe vivitidodo sia tso! Ðewohĩ ena amesiwo le fewu ɖum le Yesu ŋu la dzudzɔ, eye wòna be woƒe alɔmeɖeɖeawo tɔ te.

      Ne nu dziŋɔ sia dzɔ do ŋgɔ na ɣeyiɣi si me nuvɔ̃wɔla kemea ka mo na nɔvia eye wòbia Yesu be wòaɖo ŋku ye dzi la, ke anye ema hã nɔ nusiwo tae wòtrɔ dzime ɖo la dome. Ðewohĩ viviti sia mee nyɔnu ene siwo nye Yesu dada kple nɔvianyɔnu Salome, Maria Magdalatɔ, kple Maria, apostolo Yakobo Suetɔ dada te ɖe fuwɔametia ŋu le. Yohanes si nye apostolo si Yesu lɔ̃na la hã le wo gbɔ le afima.

      Aleke gbegbee ‘wòatɔ Yesu dada ƒe dzie’ nye si esi wòkpɔ via si wòna noe henyi la le ati ŋu le veve sem helĩhelĩ le afima! Gake Yesu mele eya ŋutɔ ƒe vevesese ŋu bum o, ke boŋ dadaa ƒe nyonyo ŋu bum wòle. Etsɔ agbagbadzedze vevie trɔ mo ɖe Yohanes gbɔ hegblɔ na dadaa be: “Nyɔnu, kpɔ ɖa, viwòŋutsu enye si!” Emegbe esi wòtrɔ mo ɖe Maria gbɔ la, egblɔ na Yohanes be: “Kpɔ ɖa, dawòe nye si!”

      Yesu to mɔ sia dzi tsɔ dadaa, amesi, edze ƒã be enye ahosi fifia la dzi kpɔkpɔ de asi na eƒe apostolo si wòlɔ̃ vevie la. Ewɔ esia elabena Maria ƒe viŋutsu bubuawo meɖe xɔse fia ɖe eyama me haɖe o. Eyata eɖo kpɔɖeŋu ɖi, menye le ɖoɖo wɔwɔ ɖe dadaa ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo ŋu ɖeɖeko me o ke ɖe eƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo tɔ hã ŋu me.

      Anɔ abe ŋdɔ ga etɔ̃ me ene la, Yesu gblɔ be: “Tsikɔ le wuyem!” Yesu se le eɖokui me be ewɔ abe ɖe ye Fofo gblẽ ye ta kpɔkpɔ ɖi bene woado yeƒe nuteƒewɔwɔ kpɔ vaseɖe nuwuwu ene. Eyata edo ɣli sesĩe yɔe be: “Nye Mawu, nye Mawu, nukaŋuti nègblẽm ɖi mahã?” Esi amesiwo le tsitre ɖe afima se nya sia la, wo dometɔ aɖewo do ɣli be: “Kpɔ ɖa, ele Eliya yɔm.” Enumake wo dometɔ ɖeka ƒu du yi ɖatsɔ ƒumekutsa eye wòkɔ aha tsitsi ɖe eme fũ tɔ ɖe ayeti nu kpe nɛ. Gake ame bubuwo gblɔ be: “Ðe asi le eŋu! Na ne míakpɔe, abe Eliya ava ɖee ene.”

      Esi Yesu xɔ aha tsitsia la, edo ɣli be: “Wowu nu vɔ!” Ẽ, ewu nusianu si Fofoa dɔe ɖe anyigba dzi be wòawɔ la nu. Mlɔeba la, egblɔ be: “Fofo, asiwò me metsɔ nye gbɔgbɔ la de.” Yesu to esia dzi tsɔ eƒe agbeŋusẽ de Mawu si kple kakaɖedzi be Mawu agagbugbɔe na ye ake. Emegbe ede ta anyi eye wòku.

      Enumake esi Yesu gbɔ eƒe gbɔgbɔ mamlea la, anyigbaʋuʋu dziŋɔ aɖe dzɔ, eye wòfe kpe gbadzawo me. Anyigbaʋuʋua nu sẽ ale gbegbe be ŋkuɖodziyɔdo siwo nɔ Yerusalem godo la nu ʋu, eye ame kukuwo ho ɖe dzi tso wo me. Esi amesiwo tso eme yina kpɔ be ame kukuwo ho ɖe dzi la, woyi ɖe dua me ɖagblɔe na amewo.

      Gawu la, enumake si Yesu ku la, xɔmetsovɔ si tso Kɔkɔeƒe la kple kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe dome le Mawu ƒe gbedoxɔ me la dze ɖe eve, tso tagbɔ vaseɖe egɔme. Edze ƒã be xɔmetsovɔ si woɖo atsyɔ̃ na nyuie la kɔkɔ abe afɔ 60 [18 m] ene eye wòkpe ŋutɔ! Menye ɖeko nukunu wɔmoya sia ɖe dziku si Mawu kpɔ ɖe Via wulawo ŋu fia ko o, ke efia hã be anya wɔ be woage ɖe kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe, si nye dziƒo ŋutɔ azɔ to Yesu ƒe ku dzi.

      Esi amewo kpɔ anyigbaʋuʋu la eye wokpɔ nusiwo nɔ dzɔdzɔm la, wovɔ̃ ŋutɔŋutɔ. Aʋafia si nɔ amewuwua nu kafu Mawu. Egblɔ be: “Nyateƒe, Mawuvie nye esia!” Anɔ eme be enɔ anyi esime wodzro Mawu ƒe vinyenye ƒe nya la me le ʋɔnu dɔdrɔ̃ Yesu me le Pilato ŋkume. Eye eka ɖe edzi azɔ be Mawu ƒe Vie Yesu nye, ẽ, be eyae nye ame vevitɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ nyateƒe.

      Nudzɔdzɔ wɔnuku siawo wɔ dɔ ɖe ame bubuwo hã dzi, eye wotrɔ nɔ aƒeme yim henɔ akɔta ƒom abe woƒe nuxaxa vevie kple ŋukpe gã ƒe dzesi ene. Nudzɔdzɔ vevi siawo wɔ dɔ ɖe nyɔnu geɖe siwo nye Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo le tsitre le adzɔge le nu kpɔm la dzi vevie. Apostolo Yohanes hã nɔ anyi. Mateo 27:45-56; Marko 15:33-41; Luka 23:44-49; 2:34, 35; Yohanes 19:25-30.

      ▪ Nukatae mate ŋu anye ɣe ƒe zãdokelidodo gbɔe viviti si do gaƒoƒo etɔ̃ la tso o?

      ▪ Esi wòsusɔ vie Yesu naku la, kpɔɖeŋu nyui kae wòɖo ɖi na amesiwo dzilawo zu ame tsitsiwo?

      ▪ Nya kawoe nye nya ene mamle siwo Yesu gblɔ hafi ku?

      ▪ Dɔ kae anyigbaʋuʋua wɔ, eye gɔmesese kae le gbedoxɔmetsovɔ si dze ɖe eve la ŋu?

      ▪ Aleke nukunu siwo dzɔ la wɔ dɔ ɖe aʋafia si nɔ amewuwua nu la dzie?

  • Woɖii Fiɖagbe—Eƒe Yɔdo Tsi Ƒuƒlu le Kwasiɖagbe
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
    • Ta 127

      Woɖii Fiɖagbe—Eƒe Yɔdo Tsi Ƒuƒlu le Kwasiɖagbe

      FIÐAGBE ɣetrɔ ɖo azɔ, eye Nisan 15 lia ƒe Sabat adze egɔme le ɣeɖoto megbe. Yesu ƒe kukua le atia ŋu gblɔdɔɔ, gake adzodala eve siwo le exa la gakpɔtɔ le agbe. Woyɔa Fiɖagbe ɣetrɔ be Dzadzraɖoŋkeke elabena ɣeyiɣi sia mee amewo ɖaa nu eye wowua dɔ bubu ɖesiaɖe si hiã vevie si womate ŋu agblẽ ɖi vaseɖe Sabat la megbe o la nu.

      Sabat si eteƒe madidi hafi wòadze egɔme o la menye Sabat si woɖuna ɖaa (kwasiɖa ƒe ŋkeke adrelia) ɖeɖeko o, ke boŋ Sabat eve alo Sabat ‘gã’ hãe. Aleae woyɔnɛ elabena Nisan 15 lia si nye Abolo Maʋãmaʋã ƒe Ŋkekenyuie si xɔa ŋkeke adre (eye enyea Sabat ɣesiaɣi, metsɔ le ŋkeke si dzi wòdze me o) la ƒe ŋkeke gbãtɔ dze Sabat si woɖuna ɖaa la ke dzi.

      Le Mawu ƒe Sea nu la, mele be woagblẽ ame kukuwo ɖe ati ŋuti ŋu nake ɖe edzi o. Eyata Yudatɔwo bia tso Pilato si be woana amesiwo wum wole la naku kaba to woƒe afɔwo ŋeŋe dzi. Eyata asrafoawo ŋe adzodala eveawo ƒe afɔwo. Gake esi wònye edze abe ɖe Yesu ku ene ta la, womeŋe eƒe afɔwo o. Esia na ŋɔŋlɔa va eme be: “Womaŋe eƒe ƒuwo dometɔ aɖeke o.”

      Gake be woaɖe ɖikeke ɖesiaɖe si anɔ anyi le Yesu ƒe kuku ŋutɔŋutɔ ŋu ɖa la, asrafoawo dometɔ ɖeka tɔ akplɔ eƒe axadame. Akplɔa tɔ eƒe dzi gbɔ, eye enumake ʋu kple tsi do go. Apostolo Yohanes, amesi nye eteƒekpɔla la ka nya ta be esia na ŋɔŋlɔ bubu va eme, si nye: “Woafɔ ŋku ɖe amesi woƒo nu ɖo la dzi.”

      Yosef si tso du si nye Arimatia me, si nye Sanhedrin me tɔ si ŋu wodea bubue hã nɔ amewuƒea. Egbe asi dada ɖe nu madzɔmadzɔ si ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔa wɔ ɖe Yesu ŋu la dzi. Yosef nye Yesu ƒe nusrɔ̃la ŋutɔŋutɔ togbɔ be enɔ vɔvɔ̃m be yeaɖe ye ɖokui afia abe wo dometɔ ɖeka ene gake. Gake azɔ la, elé dzi ɖe ƒo heyi Pilato gbɔ ɖabia Yesu ƒe kukua. Pilato yɔ asrafomegã si nɔ amewuwua nu vɛ, eye esi aʋafia la ɖo kpe edzi be Yesu ku la, Pilato na wotsɔ ŋutilã kukua nɛ.

      Yosef tsɔ eƒe kukua eye wòxatsa aklala nyui aɖe si le dzadzɛ ɖe eŋu le edzadzra ɖo na ɖiɖi me. Nikodemo, si nye Sanhedrin me tɔ bubu hã kpe ɖe eŋu. Nikodemo hã do kpo eƒe Yesu dzixɔse me ʋuʋu le vɔvɔ̃ be woaxɔ nɔƒe si yele la le ye si ta. Gake azɔ la etsɔ avɔ si woxatsa si me mire kple aloe siwo ƒe asi sẽ ŋutɔ si ade Romatɔwo ƒe pounde alafa ɖeka [33 kg] le la vɛ. Woxatsa avɔ siwo me atike ʋeʋẽe siawo le la ɖe Yesu ƒe kukua ŋu, abe alesi Yudatɔwo dzraa ame kukuwo ɖo hena ɖiɖie ene.

      Emegbe wotsɔ eƒe kukua mlɔ Yosef ƒe ŋkuɖodziyɔdo yeye si woɖe ɖe agakpe me le abɔ si te ɖe afima ŋu la me. Mlɔeba la, womli kpe gã aɖe ɖo yɔdoa nu. Bene woaɖi ame vɔ hafi Sabat naɖo la, wowɔ kabakaba dzra eƒe kukua ɖo. Eyata Maria Magdalatɔ kple Maria si nye Yakobo Suetɔ dada, siwo ɖewohĩ nɔ asi kpem ɖe dzadzraɖoa ŋu la, wɔ kaba yi aƒeme be woawɔ atike kple ami ʋeʋẽe geɖe akpee. Le Sabat la megbe la, woɖo be woagatrɔ asi le Yesu ƒe kukua ŋu ɖe edzi bene wòanɔ anyi eteƒe nadidi.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe