-
Woɖii Fiɖagbe—Eƒe Yɔdo Tsi Ƒuƒlu le KwasiɖagbeAme Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
-
-
Le Kwasiɖagbe ŋdikanya la, Maria Magdalatɔ, Maria si nye Yakobo dada hekpe ɖe Salome, Yohana kple nyɔnu bubuwo ŋu tsɔ atike ʋeʋẽewo va yɔdoa to bene woasi na Yesu ƒe kukua. Wobia wo nɔewo le mɔa dzi be: “Ameka amli kpe la ɖa le yɔdo la nu na mí mahã?” Gake esi woɖo la, wokpɔ be anyigba ʋuʋu eye Yehowa ƒe dɔla mli kpe la ɖa. Dzɔlawo dzo, eye yɔdoa tsi ƒuƒlu! Mateo 27:57–28:2; Marko 15:42–16:4; Luka 23:50–24:3, 10; Yohanes 19:14, 31–20:1; 12:42; Mose III, 23:5-7; Mose V, 21:22, 23; Psalmo 34:21; Zaxarya 12:10.
-
-
Yesu Le Agbe!Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
-
-
Ta 128
Yesu Le Agbe!
ESI nyɔnuawo kpɔ be Yesu ƒe yɔdoa tsi ƒuƒlu la, Maria Magdalatɔ ƒu du yi ɖagblɔe na Petro kple Yohanes. Gake edze ƒã be nyɔnu bubuawo tsi yɔdoa to. Eteƒe medidi o mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia wo eye wòna woge ɖe eme.
Nyɔnuawo gakpɔ mawudɔla bubu le afisia hã, eye mawudɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ na wo be: “Miawo la migavɔ̃ o; elabena menyae bena, Yesu, amesi woklã ɖe ati ŋu la dim miele. Mele afisia o, elabena etsi tre, abe alesi wògblɔ ɖi ene. Mite va kpɔ afisi wòmlɔ la ɖa. Eye miyi kaba ɖagblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Etsi tre tso ame kukuwo dome.” Eyata nyɔnu siawo hã tsɔ vɔvɔ̃ kple dzidzɔ gã aɖe ƒu du dzoe.
Ɣeyiɣi sia mee Maria ke ɖe Petro kple Yohanes ŋu eye wòka nya ta na wo be: “Wotsɔ Aƒetɔ la le yɔdo la me yii, eye míenya afisi wotsɔe ɖada ɖo o.” Enumake apostolo eveawo lɔ du ɖe eme. Yohanes ƒe afɔ tsɔ kaba—edze ƒã be esi wònye eyae nye ɖevia tae—eye wòɖo yɔdoa to gbã. Le ɣeyiɣi sia me la, nyɔnuawo dzo, eyata ame aɖeke menɔ anyi o. Yohanes bɔbɔ kpɔ yɔdoa me eye wòkpɔ avɔawo, gake eya ŋutɔ nɔ gota.
Esi Petro va ɖo la, mehe ɖe megbe o ke boŋ ege ɖe yɔdoa me enumake. Ekpɔ avɔ si wobla ɖe Yesu ŋu kple avɔ si wozã tsɔ bla eƒe tae le afima. Woŋee ɖo afi bubu. Yohanes hã ge ɖe yɔdoa me azɔ, eye wòxɔ Maria ƒe nyatakaka la dzi se. Gake Petro alo Yohanes mese egɔme be wofɔ Yesu o, togbɔ be Egblɔe na wo zi geɖe kura gɔ̃ hã be Yeafɔ gake. Wo ame evea ƒe mo wɔ yaa eye wotrɔ yi aƒeme, gake Maria si trɔ gbɔ va yɔdoa to ya tsi anyi.
Le ɣeyiɣi sia me la, nyɔnu kemeawo le du dzi be woaɖagblɔe na nusrɔ̃lawo be wofɔ Yesu ɖe tsitre abe alesi mawudɔlawo de se na wo be woawɔ ene. Esi wonɔ du ƒum sesĩe alesi woate ŋui la, Yesu do go wo hegblɔ be: “Miɖo aƒe!” Esi wobɔbɔ ɖe eƒe afɔ nu la, wode bubu eŋu. Emegbe Yesu gblɔ be: “Migavɔ̃ o! Miyi ɖaka eta na nɔvinyewo bena, woayi Galilea, eye afima woakpɔm le.”
Do ŋgɔ esi anyigba ʋuʋu eye mawudɔlawo ɖe wo ɖokui fia la, asrafo siwo nɔ eŋu dzɔm la ƒe nu ku eye wozu abe ame kukuwo ene. Esi wonyɔ la, woyi dua me enumake ɖagblɔ nusi dzɔ la na nunɔlagãwo. Esi wobia aɖaŋuɖoɖo tso Yudatɔwo ƒe “amegãwo” gbɔ vɔ la, wotso nya me be yewoadze agbagba aɣla nya la to zãnu nana asrafoawo dzi. Wode se na wo be: “Migblɔ bena: Eƒe nusrɔ̃lawo va le zã me, eye wofii yii, esime míedɔ alɔ̃.”
Esi woate ŋu atsɔ ku ahe toe na Roma-srafoawo ɖe esi wole alɔ̃ dɔm esime wole nu ŋu dzɔm ta la, nunɔlawo do ŋugbe be: “Ne [miaƒe alɔ̃dɔdɔ ŋuti] nya sia ɖi mɔ̃mefia se la, ekema míawo míalé nu, eye miawo miavo atso fuɖeɖe me.” Esi wònye zãnu la lolo ŋutɔ ta la, asrafoawo wɔ abe alesi wode se na wo ene. Esia ta Yesu ƒe kukua fifi ŋuti aʋatsonyatakaka la kaka de didiƒe ŋutɔ ɖe Yudatɔwo dome.
Nuxaxa wu dzi na Maria Magdalatɔ si ɖeɖe tsi yɔdoa gbɔ. Afikae wòanye be eyae woda Yesu ɖo? Esi wòbɔbɔ be yeakpɔ yɔdoa me ɖa la, ekpɔ mawudɔla evea siwo le awu ɣi me, siwo gagbugbɔ ɖe wo ɖokui fia la! Ðeka nɔ afisi Yesu ƒe kukua mlɔ la ƒe tade eye evelia le eƒe afɔde. Wobiae be: “Nyɔnu, nukaŋuti nèle avi fam?”
Maria ɖo eŋu be: “Elabena wotsɔ nye Aƒetɔ la yii, eye nyemenya afisi wodae ɖo o.” Emegbe etrɔ megbe eye wòkpɔ ame aɖe si gabiae ake be: “Nyɔnu, nukaŋuti nèle avi fam?” Eye amesia hã biae be: “Ameka dim nèle?”
Esi wòsusu be amesiae nye abɔ si me yɔdoa le dzikpɔla la, egblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, nenye wòe tsɔe yii la, gblɔ afisi nètsɔe yi ɖamlɔ la nam, eye nye la mayi aɖatsɔe vɛ.”
Amea gblɔ be: “Maria!” Enumake enya be Yesu ye, to alesi wòƒoa nu nɛ si wònya la dzi. Edo ɣli be: ‘ Rab·boʹni!’ (si gɔmee nye “nufiala!”) Eye etsɔ dzidzɔ gbago lée. Gake Yesu gblɔ be: “Megaka asi ŋunye o; elabena nyemekpɔ yi dziƒo, Fofo la gbɔ, haɖe o; ke yi nɔvinyeŋutsuwo gbɔ, eye nagblɔ na wo bena: Meyina dziƒo ɖe Fofonye kple miawo hã mia Fofo, nye Mawu kple miawo hã mia Mawu la gbɔ.”
Azɔ Maria ƒu du yi afisi apostoloawo kple ehati nusrɔ̃lawo ƒo ƒu ɖo la. Egblɔ nusi teƒe wòkpɔ la kpe ɖe nyatakaka si nyɔnu kemeawo gblɔ xoxo ku ɖe Yesu si wofɔ ɖe tsitre si wokpɔ la ŋu. Gake edze abe ɖe amesiawo siwo mexɔ nyɔnu gbãtɔawo dzi se o la mexɔ Maria hã dzi se o ene. Mateo 28:3-15; Marko 16:5-8; Luka 24:4-12; Yohanes 20:2-18.
▪ Esi Maria Magdalatɔ kpɔ be yɔdoa tsi ƒuƒlu la, nukae wòwɔ, eye nuka teƒee nyɔnu kemeawo kpɔ?
▪ Aleke Petro kple Yohanes wɔ nui esi wokpɔ be yɔdoa tsi ƒuƒlu?
▪ Nukae nyɔnu kemeawo do goe le mɔa dzi esi woyina Yesu ƒe tsitretsitsi ŋuti nya gblɔ ge na nusrɔ̃lawo?
▪ Nukae dzɔ ɖe asrafo siwo woɖo dzɔlawoe dzi, eye aleke nunɔlawo wɔ nue ɖe woƒe nyatakaka la ŋue?
▪ Nukae dzɔ esi Maria Magdalatɔ ɖeɖe tsi yɔdoa to, eye aleke nusrɔ̃lawo wɔ nue ɖe nyɔnuawo ƒe nyatakakawo ŋu?
-
-
Egaɖe Eɖokui Fia ƔebubuɣiwoAme Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
-
-
DZI ɖe le nusrɔ̃lawo ƒo vaseɖe fifia. Womese nusitae yɔdoa tsi ƒuƒlu gɔme o, eye womexɔ nyɔnuawo ƒe nyatakakawo hã dzi se o. Eyata emegbe le Kwasiɖagbe la, Kleopa kple nusrɔ̃la bubu aɖe tso Yerusalem yina Emaus, esi ƒe didime anye agbadroƒe 7 [11 km].
Esi wole dze ɖom le ŋkekea me nudzɔdzɔwo ŋu le mɔa dzi la, amedzro aɖe va tu wo. Ebia be: ‘Nya ka ƒomeviwo nye esia siwo ŋuti miele nya hem le le mia nɔewo dome le miaƒe azɔlizɔzɔa me?’
Nusrɔ̃lawo tɔ eye woƒe mo wɔ yaa, eye Kleopa ɖo eŋu be: “Alo wò ɖeka koe dze Yerusalem, eye mènya nusiwo va dzɔ le eme le ŋkeke siawo me o mahã?” Ebia be: “Kawoe?”
Woɖo eŋu be: “Yesu, Nazaretetɔ la, ŋutinyae, . . . míaƒe nunɔlagãwo kple dumegãwo dee asi, be woatso kufia nɛ, eye woaklãe ɖe ati ŋuti. Ke míawo la míekpɔ mɔ bena, eyae nye amesi le Israel ɖe ge.”
Kleopa kple eƒe zɔhɛwo ɖe ŋkekea me nudzɔdzɔ ɖedzesiwo—mawudɔlawo ƒe wo ɖokui ɖeɖefia nukutɔe kple alesi yɔdoa tsi ƒuƒlu ŋuti nyatakaka—me gake emegbe woɖe alesi woƒe mo yaa le nusi nusiawo fia ŋu la fiae. Amedzroa ka mo na wo be: “O, ame masenugɔmewo kple amesiwo ƒe dzi le blewu be woaxɔ nusiwo katã nyagblɔɖilawo gblɔ ɖi la, dzi ase. Alo mele na Kristo be, wòakpe nusiawo ƒe fu, eye wòayi ɖe eƒe ŋutikɔkɔe la me o mahã?” Emegbe eɖe ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo me nya siwo ku ɖe Kristo ŋu la me na wo.
Mlɔeba la, wogogo Emaus, eye amedzro la wɔ abe ɖe wòle eme tsom ene. Esi nusrɔ̃lawo di be yewoagase nya geɖe ta la, woƒoe ɖe enu be: “Nɔ anyi kpli mí, elabena zã le dodom.” Eyata enɔ anyi kpli wo be woaɖu nu. Esi wòdo gbe ɖa eye wòŋe aboloa me hetsɔe na wo la, wokpɔe dze sii be eya tututue nye Yesu si do amegbetɔ ƒe ŋutilã. Gake ebu vĩ le ɣeyiɣi ma me.
Azɔ wose nusitae amedzroa nya nu geɖe nenema la gɔme! Wobia be: “Alo míaƒe dzi melé dzo le mía me, esi wòle nu ƒom na mí le mɔa dzi, eye wòle ŋɔŋlɔawo me ɖem na mí la o mahã?” Wotso kpla enumake eye woɖe abla trɔ yi Yerusalem, afisi wokpɔ apostoloawo kple amesiwo ƒo ƒu kpli wo la le. Hafi Kleopa kple eƒe zɔhɛwo nagblɔ nya aɖe la, nusrɔ̃la bubuawo ka nya ta dzidzɔtɔe be: “Aƒetɔ la tsi tre vavã, eye wòɖe eɖokui fia Simon.” Eye wo ame evea gblɔ alesi Yesu ɖe eɖokui fia wo hãe la na wo. Esia nye zi enelia le ŋkeke si dzi wòɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃la vovovowo.
Enumake Yesu ɖe eɖokui fia zi atɔ̃lia. Togbɔ be wotu ʋɔawo le esi nusrɔ̃lawo nɔ vɔvɔ̃m na Yudatɔwo ta hã la, ege ɖe xɔa me eye wòtsi tre ɖe wo titina hegblɔ be: “Ŋutifafa nanɔ anyi kpli mi!” Ŋɔdzi lé wo, eye wosusu be nu kpem yewole. Eyata esi Yesu ɖe eme be yemenye nukpekpe o la, egblɔ be: “Nuka wɔ mieʋuʋu, eye nukaŋuti ɖikeke ɖo miaƒe dzi me mahã? Mikpɔ nye asiwo kple nye afɔwo ɖa bena, nye ŋutɔe nye esi; miƒo asi ŋunye, eye miakpɔe; elabena lã kple ƒu meli na gbɔgbɔ, abe alesi miekpɔ le ŋunye la ene o.” Gake vaseɖe fifia la, womele lɔlɔ̃m tututu be yewoaxɔ edzi ase o.
Be Yesu nana woase egɔme be ye tututue la, ebia be: “Nuɖuɖu aɖe le mia si le afisia mahã?” Esi wòxɔ kalãmi kakɛ aɖe ɖu vɔ la, ede asi nu fiafia wo me gblɔ be: “Esiawo nye nye nya, siwo megblɔ na mi, esi megali kpli mi, [do ŋgɔ na nye ku], la bena: Ele be, woawu nusiwo katã woŋlɔ ɖe Mose ƒe se la kple nyagblɔɖilawo kpakple Psalmowo me le ŋutinye la nu.”
Esi Yesu nɔ nusi sɔ kple Biblia nusɔsrɔ̃ ŋutɔŋutɔ wɔwɔ kpli wo dzi yim la, efia nu be: “Nenema woŋlɔ ɖi bena: Kristo lakpe fu, eye wòatsi tre tso ame kukuwo dome le ŋkeke etɔ̃agbe; eye bena, woaɖe gbe ƒã dzimetɔtrɔ hena nuvɔ̃wo ƒe keke le eƒe ŋkɔa dzi na dukɔwo katã la, adze egɔme atso Yerusalem. Miawoe nye nusiawo ƒe ɖaseɖilawo.”
-