INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Mitsɔ Ke Mia Nɔewo Tso Miaƒe Dzi Me
    Gbetakpɔxɔ—1999 | October 15
    • (Mateo 6:12, 14; Luka 11:4) Emegbe le ŋkeke ʋɛ siwo do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la, egblɔ kpee be: “Ne miele tsitre le gbe dom ɖa, eye nya aɖe le miaƒe dzi me ɖe ame aɖe ŋu la, mitsɔe kee, bena mia Fofo, si le dziƒowo la, natsɔ miaƒe vodadawo hã ake mi.”—Marko 11:25.

      22, 23. Aleke míaƒe lɔlɔ̃ faa be míatsɔ ake la akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe etsɔme dzii?

      22 Ẽ, tsɔtsɔke si míate ŋu akpɔ tso Mawu gbɔ la nɔ te ɖe alesi míalɔ̃ faa be míatsɔ ake mía nɔewo dzi koŋ. Ne nya aɖe ɖo mia kple nɔviwò Kristotɔ dome la, bia ɖokuiwò be, ‘Ðe tsɔtsɔke si makpɔ tso Mawu gbɔ mehiã sasasã wu be mana be nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe nanya godoo be yetɔ medzɔ o le nya vi aɖe, vodada vi aɖe, alo amegbetɔ ƒe blibomademade nuwɔna aɖe ta oa?’ Ènya ŋuɖoɖoa xoxo.

      23 Ke ne nyaa lolo wu vodada sue alo kuxi vi aɖe ya ɖe? Eye ɣekaɣie Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo si woŋlɔ ɖe Mateo 18:15-18 la awɔ dɔ? Mina míade ŋugble le nya siawo ŋu le nusɔsrɔ̃ si kplɔe ɖo me.

  • Ðewohĩ Àɖe Nɔviwò
    Gbetakpɔxɔ—1999 | October 15
    • Ðewohĩ Àɖe Nɔviwò

      “Yi ɖaɖee fiae le mia kple eya ɖeka ko dome; ne eɖo to wò la, ekema èɖe nɔviwò.”—MATEO 18:15.

      1, 2. Aɖaŋu nyui kae Yesu ɖo ku ɖe alesi míakpɔ vodadawo gbɔe ŋu?

      ESI ɣeyiɣi si kpɔtɔ Yesu natsɔ awɔ eƒe subɔsubɔdɔa megade ƒe ɖeka o ta la, nufiame vevi aɖewo nɔ esi na eƒe nusrɔ̃lawo. Àte ŋu axlẽ nu tso wo ŋu le Mateo ta 18 lia me. Ðekae nye alesi wòle vevie be míabɔbɔ mía ɖokui abe ɖeviwo ene. Emegbe ete gbe ɖe edzi be mele be míaɖia ‘ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka’ nu o, eye be míadze agbagba aɖe “ɖevi sue” siwo le tatram la bena woagatsrɔ̃ o. Emegbe Yesu tsɔ aɖaŋuɖoɖo nyui xɔasi si ku ɖe nya sesẽwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu le Kristotɔwo dome la kpee.

      2 Ðewohĩ àɖo ŋku eƒe nyawo dzi be: “Ne nɔviwò wɔ nuvɔ̃ ɖe ŋutiwò la, yi ɖaɖee fiae le mia kple eya ɖeka ko dome; ne eɖo to wò la, ekema èɖe nɔviwò. Ke ne meɖo to wò o la, yi ɖatsɔ ame ɖeka alo eve kpe ɖe ɖokuiwò ŋu, bena le ɖaseɖila eve alo etɔ̃ nu la woaɖo kpe nya sia nya dzi. Ke ne meɖo to woawo hã o la, yi ɖagblɔe na hame la, eye ne meɖo to hame la hã o la, na ne wòanɔ na wò abe trɔ̃subɔla kple nudzɔla ene.” (Mateo 18:15-17) Ɣekaɣie wòle be míatsɔ aɖaŋuɖoɖo sia awɔ dɔe, eye nukae wòle be wòanye míaƒe nɔnɔme le esia wɔwɔ me?

      3. Afɔ ka koŋue wòle be míaɖe ne amewo da vo ɖe mía ŋu?

      3 Nyati si do ŋgɔ ɖo kpe edzi be esi mí katã míenye ame madeblibowo hedaa vo ta la, ele be míadze agbagba anye amesiwo tsɔna kena. Nenema tututue wòle vevietɔ ne hati Kristotɔ aɖe ƒe nyagbɔgblɔ alo nuwɔna do dziku na mí alo na míese veve. (Petro I, 4:8) Zi geɖe la, nu nyuitɔ enye be míaɖe vodadaa ɖa le susu me—atsɔe ake ahaŋlɔe be. Míate ŋu atsɔe be ŋutifafa si míana wòanɔ Kristo-hamea me tae míele esia wɔm ɖo. (Psalmo 133:1; Lododowo 19:11) Gake àsee le ɖokuiwò me ɣeaɖewoɣi be ele be yeakpɔ nya aɖe gbɔ le nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe si do dziku na ye la dome. Le nya sia me la, Yesu ƒe nya siwo le etame la na mɔfiame.

      4. Le gɔmeɖosea nu la, aleke míate ŋu awɔ Mateo 18:15 ŋudɔe ne amewo da vo ɖe mía ŋu?

      4 Yesu ɖo aɖaŋu be “[nàɖee] fiae le mia kple eya ɖeka ko dome.” Nunya le esia me. Germanytɔwo ƒe gɔmeɖeɖe aɖewo ɖe nyagbe sia me be, ɖe eƒe vodadawo fiae “ŋku ene nakpɔ eteƒe,” si fia be wò ŋku kple eƒe ŋku ko nakpɔ eteƒe. Ne ètsɔ kuxi aɖe ɖo ame aɖe gbɔ le eya ɖeɖeko ŋku me le tufafa me la, egbɔ kpɔkpɔ nɔa bɔbɔe. Nɔvi si wɔ nu alo gblɔ nya aɖe wòve wò la alɔ̃ ɖe eƒe vodadaa dzi bɔbɔe na wò ɖeka. Ne ame bubuwo le eteƒe la, amegbetɔ madeblibo ƒe dzɔdzɔme ana be malɔ̃ ɖe eƒe agɔdzedzea dzi o alo adze agbagba be yeaʋli nusi yewɔ la ta. Gake ne èdo nyaa ɖe egbɔ “ŋku ene kpɔ eteƒe” la, àkpɔe be masɔmasɔ aɖee wònye ke menye nuvɔ̃ alo nane si wòɖo koŋ wɔ ɖe ŋuwò o. Ne mi ame evea miese egɔme be masɔmasɔ aɖe koe wònye la, miate ŋu akpɔ egbɔ, eye miana nya tsɛ aɖe nava zu nya gã agblẽ mia kplii dome ƒomedodo me o. Eyata woate ŋu awɔ gɔmeɖose si le Mateo 18:15 ŋudɔ le gbesiagbegbenɔnɔ me vodada suesuewo gɔ̃ hã me.

      Nuka Fiam Wònɔ?

      5, 6. Nuvɔ̃ kawo tɔgbee Mateo 18:15 nɔ asi fiamee le nya siwo ƒo xlã mawunyakpukpuia nu, eye nukae ɖee fia nenema?

      5 Ne míagblɔe tututu la, nusi koŋ ƒe aɖaŋu ɖom Yesu nɔ la ku ɖe nya siwo lolo wu ŋu. Yesu gblɔ be: “Ne nɔviwò wɔ nuvɔ̃.” Ne míagblɔe gbadzaa la, ‘nuvɔ̃a’ ate ŋu anye vodada alo gbɔdzɔgbɔdzɔ ɖesiaɖe. (Hiob 2:10; Lododowo 21:4; Yakobo 4:17) Ke hã nya siwo ƒo xlãe fia be nuvɔ̃ si ƒe nya gblɔm Yesu nɔ la anye nuvɔ̃ gã. Elolo ale gbegbe be ate ŋu ana woabu amesi wɔe “abe trɔ̃subɔla kple nudzɔla ene.” Nukae nyagbe sia fia?

      6 Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo nɔ nya siawo sem nyae be yewo detɔwo medea ha kple Trɔ̃subɔlawo o. (Yohanes 4:9; 18:28; Dɔwɔwɔwo 10:28) Eye ɖikeke mele eme o be woƒoa asa na nudzɔlawo, ŋutsu siwo nye Yuda-vidzidziwo, gake trɔ zu amebalawo. Eyata ne míagblɔe tututu la, nuvɔ̃ gãwo ŋue Mateo 18:15-17 me nyawo ku ɖo, menye ame nɔewo dome vodada alo dziku siwo nàte ŋu atsɔ ake ahaŋlɔ be o.—Mateo 18:21, 22.a

      7, 8. (a) Nuvɔ̃ kawo ƒomevie wòle be hamemegãwo nadzra ɖo? (b) Nuvɔ̃ kawo ƒomevie Kristotɔ eve ate ŋu adzra ɖo le wo nɔewo dome le Mateo 18:15-17 ƒe nya nu?

      7 Le Sea me la, nuvɔ̃ aɖewo bia nu geɖe wu amesi dzi wodze agɔ le la ƒe tsɔtsɔke ko. Ele be woagblɔ nuvɔ̃ siwo nye busunyagbɔgblɔ, xɔsegbegbe, trɔ̃subɔsubɔ, kple gbɔdɔdɔ me nuvɔ̃wo abe matrewɔwɔ, ahasiwɔwɔ, kple amesiwo si vidzinu ɖeka tɔgbe le ƒe gbɔdɔdɔ ene na ame tsitsiwo (alo nunɔlawo) be woakpɔ wo gbɔ. Aleae wòle le Kristo-hamea hã me. (Mose III, 5:1; 20:10-13; Mose IV, 5:30; 35:12; Mose V, 17:9; 19:16-19; Lododowo 29:24) Gake de dzesii be nuvɔ̃ siwo ŋu Yesu ƒo nu le le afisia la nye esiwo gbɔ woate ŋu akpɔ le ame eve dome. Eƒe kpɔɖeŋuwoe nye: Le dziku alo ŋuʋaʋã ta la, ame aɖe gblẽ ehavi ŋu. Kristotɔ aɖe xɔ dɔ aɖe hedo ŋugbe be yeatsɔ dɔwɔnu aɖewo koŋ awɔe ahawu enu le ŋkeke aɖe dzi. Ame aɖe lɔ̃ be yeatrɔ ga aɖe vɛ le ɖoɖo aɖe nu alo le ŋkeke aɖe ƒe nuwuwu dzi. Ame aɖe do ŋugbe be ne yesrɔ̃ dɔ le yeƒe aƒetɔ gbɔ vɔ la, yemaʋli eƒe asisiwo kplii alo adze agbagba be yeaxɔ wo le esi le nuto aɖe me o vaseɖe ɣeyiɣi aɖe dzi (ne dɔa mebɔ o hã).b Ne nɔvi aɖe mawɔ ɖe eƒe ŋugbedodowo dzi o eye wògbe dzimetɔtrɔ le nuvɔ̃ sia me la, ɖikeke mele eme o be anye nuvɔ̃ gã. (Nyaɖeɖefia 21:8) Gake woate ŋu akpɔ nuvɔ̃ siawo gbɔ le ame eve siwo dome wòle la dome.

      8 Ekema afɔ kawoe nàɖe atsɔ akpɔ nyaa gbɔe? Zi geɖe la, womaa Yesu ƒe nya me ɖe afɔɖeɖe etɔ̃ me. Mina míade ŋugble le wo dometɔ ɖesiaɖe ŋu. Le esi teƒe be nàtsɔ wo se kpaɖiwoe la, dze agbagba nàse nusi wofia gɔme, eye mègaŋlɔ be o be lɔlɔ̃e nye wò taɖodzinu.

      Dze Agbagba be Yeaɖe Ye Nɔvia

      9. Ne míele Mateo 18:15 ŋudɔ wɔm la, nukae wòle be wòanɔ susu me na mí?

      9 Yesu dze egɔme be: “Ne nɔviwò wɔ nuvɔ̃ ɖe ŋutiwò la, yi ɖaɖee fiae le mia kple eya ɖeka ko dome; ne eɖo to wò la, ekema èɖe nɔviwò.” Edze ƒã be, esia menye afɔɖeɖe aɖe si wotu ɖe nazãbubu dzro aɖe ko dzi o. Ele be kpeɖodzi alo nyatakaka vevi siwo nàte ŋu azã atsɔ akpe ɖe nɔviwòa ŋu wòakpɔe adze sii be yewɔ nuvɔ̃ ahakpɔ alesi wòhiãe be yewoakpɔ nyawo gbɔe la nanɔ asiwò. Enyo be nàtso ɖe eŋu kaba eye màɖe mɔ be nyaa nava zu nya gã alo ana be nɔviwòa ƒe nɔnɔme navlo ɖe edzi o. Eye megaŋlɔ be o be nyaa ŋu bubu vevie ate ŋu agblẽ nu le wò hã ŋuwò. Esi wònye wò kple eya ɖeka ko domee nyamedzodzroa anɔ ta la, ƒo asa na egbɔgblɔ na ame bubuwo do ŋgɔ kple susu be woase veve ɖe ye nu alo be yeƒe ŋkɔ nagaƒo ɖi o. (Lododowo 12:25; 17:9) Nukatae? Wò taɖodzinua tae.

      10. Nukae akpe ɖe mía ŋu be míaɖe mía nɔvi?

      10 Ele be wò taɖodzinu nanye be yeaɖe ye nɔvia, menye be yeahe to nɛ, adae ɖe anyi, alo agblẽ edome o. Ne enye nyateƒe be ewɔ nuvɔ̃ la, eƒe ƒomedodo kple Yehowa ɖo afɔku me. Àdi kokoko be wòakpɔtɔ anye ye nɔvi Kristotɔ. Nusi ana nàkpɔ dzidzedzee nye be nàɖe tufafa afia, nàtsri gbedaɖeamegbɔ alo fɔbuamenyawo gbɔgblɔ le mia kplii dome nyamedzodzroa me. Le mia kplii dome gododo sia me la, ɖo ŋku edzi be amegbetɔ madeblibo, wɔnuvɔ̃woe mi ame evea siaa mienye. (Romatɔwo 3:23, 24) Ne ekpɔe dze sii be mègblɔ ye ŋu nya na ame aɖeke o eye wòkpɔe be ɖe nèdi be yeakpe ɖe ye ŋu vavã la, nyaa gbɔ kpɔkpɔ anɔ bɔbɔe. Afɔɖeɖe tufafatɔe si me kɔ alea aɖee afia be èwɔ nu nunyatɔe ne mieva kpɔe dze sii be mi ame evea sia wɔ vodada aɖe alo be nugɔmemasemase aɖee tsɔ nyaa vɛ.—Lododowo 25:9, 10; 26:20; Yakobo 3:5, 6.

      11. Ne vodala la meɖo to mí o gɔ̃ hã la, nukae míawɔ?

      11 Ne èkpe ɖe eŋu wòkpɔe dze sii be yewɔ vodada eye wònye nuvɔ̃ gã la, aʋãe wòatrɔ dzime. Gake le nyateƒe me la, dada ate ŋu anye mɔxenu. (Lododowo 16:18; 17:19) Eyata ne zi gbãtɔ si nèyi egbɔ melɔ̃ be yewɔ vodada hetrɔ dzime o gɔ̃ hã la, àte ŋu atɔ sẽ hafi awɔ afɔɖeɖe bubu. Yesu megblɔ be ‘yi ɖaɖe eƒe vodada fiae zi ɖeka pɛ ko o.’ Esi wònye nuvɔ̃ si nàte ŋu adzra ɖo ta la, de ŋugblẽ le tete ɖe eŋu ake ŋu eye nàtsɔ nya si le Galatiatɔwo 6:1 awɔ dɔe eye “ŋku ene nakpɔ eteƒe.” Àte ŋu akpɔ dzidzedze. (Tsɔe sɔ kple Yuda 22, 23.) Gake ne èka ɖe edzi be ewɔ nuvɔ̃ eye wògbe be yemalɔ̃ ɖe edzi o ya ɖe?

      Kpekpeɖeŋu si De Ŋgɔ Wu Xɔxɔ

      12, 13. (a) Afɔ evelia kae Yesu gblɔ be woaɖe le vodadawo gbɔ kpɔkpɔ me? (b) Afɔ sia ɖeɖe ŋuti ɖaŋuɖoɖo nyui kawoe li?

      12 Àdi be ɖeɖi nate amewo ŋu kaba ne yewɔ nuvɔ̃ gã aɖe eye wole kpekpeɖeŋu nam yea? Kura o. Nenema ke Yesu fia be le afɔ gbãtɔ ɖeɖe megbe la, mele be nàna ta le agbagba si dzem nèle be yeaɖe ye nɔvia be wòawɔ ɖeka kpli ye kpakple ame bubuwo le tadedeagu si dzea Mawu ŋu la tsɔtsɔ nɛ me megbe o. Yesu gblɔ afɔɖeɖe evelia: “Ne meɖo to wò o la, yi ɖatsɔ ame ɖeka alo eve kpe ɖe ɖokuiwò ŋu, bena le ɖaseɖila eve alo etɔ̃ nu la woaɖo kpe nya sia nya dzi.”

      13 Egblɔ be kplɔ “ame ɖeka alo eve” ɖe ŋuti. Megblɔ be le afɔɖeɖe gbãtɔa megbe la, àte ŋu akaka nyaa na ame bubu geɖe, aɖagblɔe na dzikpɔla mɔzɔla, alo aŋlɔ nu tso kuxia ŋu aɖo ɖe nɔviwo o. Aleke ke kakaɖedzi anɔ asiwò be ewɔ vodada o, kpeɖodzia mekpɔ dze keŋkeŋ haɖe o. Màdi be yeakaka alakpanya si ate ŋu ana nàva zu ameŋugblẽla o. (Lododowo 16:28; 18:8) Gake Yesu gblɔ be woakplɔ ame ɖeka alo eve bubu ɖe asi. Nukatae? Eye amekawoe woate ŋu akplɔ ɖe asi?

      14. Amekae míate ŋu akplɔ ɖe asi le afɔɖeɖe evelia me?

      14 Èle agbagba dzem be yeaɖe ye nɔvia to nana wòanya be ewɔ vodada me eye nàkpe ɖe eŋu wòatrɔ dzime ale be ŋutifafa nanɔ mia kplii kpakple Mawu dome. Be nàte ŋu awɔ esia la, “ame ɖeka alo eve” siwo kpɔ vodadaa teƒe lae asɔ wu le nɔnɔme sia me. Ðewohĩ wonɔ eteƒe esi wòdzɔ, alo nusi dzɔ (alo medzɔ o) le dɔwɔnyaa me ŋuti nyatakaka vavãwo le wo si. Ne ɖaseɖila siawo ƒomevi meli o la, anyo be nàkplɔ amesiwo si nuteƒekpɔkpɔ le le nya si dzɔ gbɔ kpɔkpɔ me ɖe asi ale be woalé ŋku ɖe nusi dzɔ ŋu akpɔ be enye vodada nyateƒe. Gawu la, ne wòava hiã emegbe la, woate ŋu anye ɖasefowo le nusiwo miegblɔ la ŋuti, aɖo kpe nya siwo miegblɔ kple agbagba siwo miedze dzi. (Mose IV, 35:30; Mose V, 17:6) Eyata menye amesiwo made akpa aɖeke dzi, nuteƒekpɔlawo, koe wonye o; ke wole afima hã kple susu be woakpe ɖe ŋuwò nàɖe mia kpli wo siaa nɔvi.

      15. Ne ehiã be míaɖe afɔ evelia la, nukatae Kristotɔ hamemegãwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu?

      15 Mehiã be nàsusu be ele be amesiwo yeakplɔ ɖe asi la nanye hamemegãwo kokoko o. Ke hã ŋutsu tsitsi siwo nye hamemegãwo ate ŋu anɔ te ɖe dzedze siwo le wo si le gbɔgbɔ me dzi ana kpekpeɖeŋu. Hamemegã siawo le “abe sitsoƒe tso ya nu, bebeƒe tso tsidzadza nu, tɔʋu le gbegbe kple agakpe gã nyadri ƒe vɔvɔli le kuɖiɖinyigba dzi ene.” (Yesaya 32:1, 2) Nya léle kpɔ kple nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ahaɖɔ wo ɖo ƒe nuteƒekpɔkpɔ le wo si. Eye susu nyuiwo li si tae amesi wɔ vodadaa naka ɖe ‘amewo me nunana’ siawo dzi.c (Efesotɔwo 4:8, 11, 12) Nyaa gbɔ kpɔkpɔ le ame tsitsi siawo ŋkume kple gomekpɔkpɔ kpli wo le gbedodoɖa me ate ŋu ana nɔnɔmeawo natrɔ be woakpɔ nusi dze abe ɖe womate ŋu akpɔ egbɔ ene o la gbɔ.—Tsɔe sɔ kple Yakobo 5:14, 15.

      Agbagbadzedze Mamlɛa be Yeaɖee

      16. Afɔɖeɖe etɔ̃lia kae Yesu gblɔ?

      16 Ne afɔɖeɖe evelia mete ŋu kpɔ nyaa gbɔ o la, hamemegãwo akpɔ gome le afɔɖeɖe etɔ̃lia me godoo. “Ne meɖo to [ame ɖeka alo eve la] hã o la, yi ɖagblɔe na hame la, eye ne meɖo to hame la hã o la, na ne wòanɔ na wò abe trɔ̃subɔla kple nudzɔla ene.” Nukae esia fia?

      17, 18. (a) Kpɔɖeŋu kae kpe ɖe mía ŋu míese nusi ‘egbɔgblɔ na hamea’ fia gɔme? (b) Aleke míaɖe afɔ sia egbeae?

      17 Míese egɔme be ɖe wole gbɔgblɔm be míatsɔ nuvɔ̃a alo agɔdzedzea aɖo hame bliboa ŋkume le kpekpewo me alo awɔ kpekpe tɔxɛ aɖe ɖe eŋuti o. Míate ŋu akpɔ alesi tututu wòle be míawɔ nui le Mawu ƒe Nya la me. Kpɔ nusi wòle be woawɔ le blema Israel ne ame aɖe nye aglãdzela, ame baɖa, kple ahamula la ɖa: “Ne ŋutsuvi dzeaglã, sẽto aɖe le ame aɖe si, eye meɖoa to fofoa kple dada ƒe gbe o, eye wohe to nɛ, gake mesee o la, ekema fofoa kple dada nalée ayi du me ame tsitsiawo gbɔ, eye woakplɔe ayi du la ƒe ʋɔnu. Eye woagblɔ na du me ame tsitsiawo bena: Mía viŋutsu sia nye ame dzeaglã kple tosẽla, meɖoa to míaƒe gbe o, eye wònye ame baɖa kple ahamula. Emegbe dua me ŋutsuwo katã naƒu kpee.”—Mose V, 21:18-21.

      18 Menye dukɔ bliboa alo to si me ŋutsua tso lae se nuvɔ̃ si wòwɔ hedrɔ̃ ʋɔnui o. Ke boŋ ‘ame tsitsi’ siwo wonya nyuie ye nɔ hamea teƒe kpɔ egbɔ. (Tsɔe sɔ kple Mose V, 19:16, 17, si ku ɖe nya si gbɔ ‘nunɔla kple ʋɔnudrɔ̃la siwo kpɔa nyawo gbɔ le ɣemaɣiwo me la kpɔ la ŋu.’) Nenema ke ne eva hiã egbea be woawɔ afɔɖeɖe etɔ̃lia la, hamemegãwo, amesiwo le hamea teƒee kpɔa nyaa gbɔ. Taɖodzinu ma kee le woawo hã si be ne anya wɔ la, woaɖe nɔvi Kristotɔa godoo. Woɖea esia fiana to nyaa gbɔ kpɔkpɔ nyuie me, ke menye be woado ŋgɔ atso nya me alo akpɔ ame ŋkume o.

      19. Nukae hamemegã siwo wotia la adze agbagba be yewoawɔ?

      19 Wodzea agbagba be yewoada nyawo akpɔ eye yewoase ɖasefo siwo hiã ƒe numenya be yewoaɖo kpe edzi be enye nyateƒe be amea wɔ nuvɔ̃ (alo yi edzi le ewɔm) hã. Wodi be yewoakpɔ hamea ta tso gbegblẽ me ahaɖe xexeame ƒe gbɔgbɔ ɖa le eme. (Korintotɔwo I, 2:12; 5:7) Le wɔwɔ ɖe ɖoƒe si le wo si le Ŋɔŋlɔawo nu dzi la, woadze agbagba be “[yewoaxlɔ̃] nu le nufiafia, si le blibo la me, eye [woaka] mo na ɖeklemiɖelawo.” (Tito 1:9) Míakpɔ mɔ be vodala la manɔ abe Israel-vi siwo ŋu Yehowa ƒe nyagblɔɖila gblɔ le be: “Meyɔ mi, mietɔ o, meƒo nu, miesee o, miewɔ nusi nye vɔ̃ le ŋkunye me, eye mietia nusi medze ŋunye o la” ene o.—Yesaya 65:12.

      20. Nukae Yesu gblɔ be woawɔ ne nuvɔ̃wɔla la gbe toɖoɖo kple dzimetɔtrɔ?

      20 Gake le nudzɔdzɔ ʋɛ aɖewo me la, nuvɔ̃wɔla la ɖea nɔnɔme sia tɔgbe fiana. Ne ele alea la, Yesu ƒe mɔfiame la me kɔ nyuie be: “Na ne wòanɔ na wò abe trɔ̃subɔla kple nudzɔla ene.” Aƒetɔ la mekafui be ele be amegbetɔwo nalɔ̃ axɔ nɔnɔme ɖesiaɖe si ana woanɔ veve sem o. Eyata ɖikeke aɖeke mele mɔfiame si apostolo Paulo na be woaɖe nuvɔ̃wɔla matrɔdzimewo ɖa le hamea me la ŋu o. (Korintotɔwo I, 5:11-13) Esia gɔ̃ hã ate ŋu ana woaɖo taɖodzinu si nye be woaɖe nuvɔ̃wɔla la gbɔ mlɔeba.

      21. Mɔnukpɔkpɔ kae gakpɔtɔ le ʋuʋu ɖi na amesi woɖe le haa me?

      21 Míate ŋu akpɔ alesi ema ate ŋu ava emee le Yesu ƒe lododo si ku ɖe vi nudomegblẽla la ŋu me. Abe alesi wòwɔ kpɔɖeŋuae ene la, esi nuvɔ̃wɔla ma yi ɖanɔ fofoa ƒe aƒe si me nɔlawo lɔ̃a wo nɔewo godo hena ɣeyiɣi aɖe la, eƒe ‘mo va kɔ.’ (Luka 15:11-18) Paulo gblɔ na Timoteo bena le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, nuvɔ̃wɔla aɖewo ‘agatrɔ va wo ɖokui me avo tso Abosam, si lé wo aboyo’ si me. (Timoteo II, 2:24-26) Míakpɔ mɔ vevie be amesiame si anye nuvɔ̃wɔla matrɔdzime siwo woaɖe le hamea me la asee le wo ɖokui me be yewo bu nane—si nye Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ kple hadede si me lɔlɔ̃ le kple Kristotɔ nuteƒewɔlawo—eye woanyɔ le wo ɖokui me.

      22. Aleke míate ŋu aɖe mía nɔvia akee?

      22 Yesu mebu trɔ̃subɔlawo kple nudzɔlawo be wonye amesiwo womate ŋu aɖe o. Nudzɔla siawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Mateo, si wogayɔna be Lewi, trɔ dzime, ‘dze Yesu yome’ nuteƒewɔwɔtɔe, eye wotiae gɔ̃ hã wònye apostolo. (Marko 2:15; Luka 15:1) Le esia ta ne nuvɔ̃wɔla aɖe “meɖo to hame la hã o” eye woɖee le hamea me la, míate ŋu akpɔ esinu be le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, atrɔ dzime eye wòaɖe mɔ dzɔdzɔe na eƒe afɔ hã. Ne ewɔe eye wògazu hamea me tɔ la, ekema míakpɔ dzidzɔ be míeɖe mía nɔvia gava nyateƒe tadeagu la me ake.

      [Etenuŋɔŋlɔwo]

      a McClintock kple Strong ƒe Cyclopedia gblɔ be: ‘Wobu Nubabla Yeyea me [nudzɔlawo] be wonye yomemɔfialawo kple xɔsegbelawo, amesiwo tsɔ hadede kplikplikpli kple trɔ̃subɔlawo, siwo nye ameteɖeanyilawo ƒe dɔtsɔlawo la, ƒo ɖi wo ɖokuii. Wobu wo ɖe nuvɔ̃wɔlawo dome . . . Esi wònye ame ɖɔʋuwo ɖe wo ɖokuiwo ɖa le wo ŋu ta la, abe woawo ke ene la, amesiwo gbɔ wogbe nu le ɖeɖekoe nye wo ŋu mewo.”

      b Asitsatsa alo ganya siwo me amebeble, ametafatafa, alo amefuflu aɖe ƒomevi dze le ate ŋu anɔ nuvɔ̃ siwo ŋu nya gblɔm Yesu nɔ la dome. Abe esia ƒe kpeɖodzi ene la, le mɔfiame si Yesu na si woŋlɔ ɖe Mateo 18:15-17 megbe la, egblɔ dɔla (dɔwɔla) siwo nyi fe gake womete ŋu xee o la ŋuti kpɔɖeŋu aɖe.

      c Biblia-nyalagã aɖe gblɔ be: “Edzɔna ɣeaɖewoɣi be vodala la lɔ̃na be yease ame eve alo etɔ̃ (vevietɔ ne wonye amesiwo ŋu bubu le) ƒe aɖaŋuɖoɖo wu ame ɖeka, vevietɔ ne wo kple ame sia ʋli nya aɖe kpɔ.”

      Èɖo Ŋku Wo Dzia?

      ◻ Nuvɔ̃ ka ƒomevi ŋue Mateo 18:15-17 ku ɖo koŋ?

      ◻ Nuka dzie wòle be míaɖo ŋkui ne ehiã be míaɖe afɔ gbãtɔ?

      ◻ Amekawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ne míaɖe afɔ evelia?

      ◻ Amekawoe akpɔ gome le afɔ etɔ̃lia ɖeɖe me, eye aleke míate ŋu aɖe mía nɔvia akee?

      [Nɔnɔmetata si le axa 18]

      Yudatɔwo tsri nudzɔlawo. Mateo trɔ le eƒe mɔwo dzi hedze Yesu yome

      [Nɔnɔmetata si le axa 20]

      Zi gede la, míate ŋu akpɔ nya ade gbɔ “ŋku ene nakpɔ etefe“

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe