INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Ame Aɖee Le Megbe Na Nu Vɔ̃ɖi Wɔwɔwoa?
    Gbetakpɔxɔ—2011 | September 1
    • Ame Aɖee Le Megbe Na Nu Vɔ̃ɖi Wɔwɔwoa?

      “M ENA asi Abosam.” Nya siae Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe asrafo siwo nɔ Rwanda la ƒe ŋgɔnɔla gblɔ esi wònɔ nu ƒom tso ale si womete ŋu xe mɔ ɖe to vovovo me tɔwo ƒe wo nɔewo wuwu, si nɔ edzi yim le dukɔ ma me le ƒe 1994 me, nu o la ŋu. Esi eteƒekpɔla bubu nɔ nu ƒom tso ŋutasẽnuwɔwɔ dziŋɔ siwo nɔ edzi yim ɣemaɣi ŋu la, egblɔ be: “Ne ame aɖe agagblɔ be Satana meli o la, ekema nedo gom le ʋe gã siwo me wolɔ ame kukuwo kɔ ɖo le Rwanda la dometɔ ɖeka to.” Nyateƒee wònye be Abosam ye le megbe na ŋutasẽnuwɔwɔ dziŋɔ mawo tɔgbia?

      Ame akpa gãtɔ mexɔe se be gbɔgbɔmenuwɔwɔ vɔ̃ɖi aɖe si womekpɔna o gbɔe nu vlo wɔwɔ kple ŋutasẽnuwɔwɔ siwo gbɔ eme la tso o. Ame geɖe susui be vɔ̃ɖinyenye si le ame me la gbɔe nu siawo tso, eye míaƒe ɖokuitɔdidi ƒe dzodzro vɔ̃wo koŋ gbɔe vɔ̃ɖinyenye tso. Ame bubuwo gblɔna be vivimeha aɖe, si me tɔwo nye kesinɔtɔwo kple ŋusẽtɔwo, siwo le ŋusẽ kpɔm ɖe amewo dzi le xexea me godoo ƒe geɖee nye esia kple susu be yewoaɖu xexea me dzi lae le megbe na nu siawo. Eye ame aɖewo hã bua fɔ dziɖuɖuwo alo kplɔlawo ɖe nu madzɔmadzɔ kple fukpekpe siwo katã le edzi yim la ta.

      Nu kae nèsusu? Nu ka tae vɔ̃ɖinyenye, ŋutasẽse, nu vlo wɔwɔ, kple fukpekpe le gã dom ɖe edzi le xexea me godoo egbea, togbɔ be wole agbagba dzem be woatsi wo nu hã? Nu ka tae wòdze abe amegbetɔwo le wo ɖokui ƒom ɖe nu siwo ahe tsɔtsrɔ̃ ava wo dzi me nenema gbegbe hegbe gbidii be yewomaɖo to nuxlɔ̃amewo o? Ame aɖee le megbe na nu siawo katã? Ame ka tututue le xexea dzi ɖum? Ðewohĩ ŋuɖoɖoa anye esi mèle mɔ kpɔm na o.

  • Ame Ka Tututue Le Xexea Dzi Ðum?
    Gbetakpɔxɔ—2011 | September 1
    • Ame Ka Tututue Le Xexea Dzi Ðum?

      ÐEWOHĨ mèdo go nu vlo wɔhawo ƒe ŋgɔnɔla aɖeke kpɔ o. Ke ɖe esia fia be womeli oa? Nu vlo wɔlawo ƒe amegãwo nya ale si woaɣla wo ɖokuiwo alo anɔ gaxɔ me vɔ aganɔ ŋgɔ xɔm na wo teviwo. Ke hã, nyadzɔdzɔgbalẽwo me nyatakaka siwo ku ɖe atike vɔ̃ɖi dzralawo dome ʋunyaʋunyawɔwɔwo, gbolowɔhawo, amefilawo, hekpe ɖe nu vlo wɔwɔ bubuwo ŋu la ɖoa ŋku ale si nu vlo wɔla siawo ƒe nuwɔnawo kpɔa ŋusẽ gbegblẽ ɖe amewo dzi, eye wògblẽa nui la dzi na mí. Ale si nu vlo wɔlawo ƒe ŋgɔnɔla siawo ƒe nuwɔnawo gblẽa nu le amewo ŋui la na míenya be woli vavã.

      Mawu ƒe Nya, Biblia, ɖee fia be Satana li vavã, eye abe ale si nu vlo wɔlawo ƒe tatɔ sẽŋuwo wɔa nui ene la, eya hã toa “amebeble ƒe dzesiwo” kple “madzɔmadzɔnyenye ƒe beble” mɔnuwo dzi nana eƒe tameɖoɖowo vaa eme. Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ be etrɔa “eɖokui wɔa kekeli ƒe dɔla.” (2 Tesalonikatɔwo 2:9, 10; 2 Korintotɔwo 11:14) Nenema kee Abosam ƒe nuwɔnawo me tsonuwo ɖoa kpe edzi be eli. Ke hã, esesẽna na ame geɖe be woaxɔe ase be gbɔgbɔmenuwɔwɔ vɔ̃ɖi aɖe si womekpɔna o la li. Hafi míadzro nu me tsitotsito ku ɖe nu si Biblia gblɔ tso Abosam ŋu la, na míalé ŋku ɖe nukpɔsusu totro kple nu bubu siwo wɔnɛ be ame geɖe metea ŋu xɔnɛ sena be Abosam li ŋutɔŋutɔ o la dometɔ aɖewo ŋu.

      ◼ “Aleke wòanya wɔ be Mawu lɔ̃ame nawɔ Abosam?” Esi Biblia gblɔ be Mawu nyo, eye wòde blibo ta la, ame aɖewo ƒoa nya ta be manya wɔ be wòawɔ ame aɖe si baɖa hevɔ̃ɖi, eye wònye ŋutasẽla o. Nyateƒeae nye be Biblia megblɔ be Mawu wɔ ame sia tɔgbi o. Nu si wògblɔ tso Mawu ŋu boŋue nye: “Agakpe wònye, eƒe nuwɔwɔ de blibo; elabena eƒe mɔwo katã dzɔ. Mawu nyateƒetɔ wònye, eye alakpa mele eme o, nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye.”—5 Mose 32:4; Psalmo 5:5.

      Nu si ŋu wòle be míade ŋugble le boŋue nye be ɖe wòanya wɔ be ame deblibo si Mawu wɔ la nawɔ nu tovoa? Nya lae nye be Mawu mewɔ amewo kple gbɔgbɔmenuwɔwɔwo wole abe robɔt alo mɔ̃wo ene o, ena tiatiawɔblɔɖe wo, si fia be ŋutete le wo ŋu be woawo ŋutɔwo natia nu si wodi be yewoawɔ. Eya ta nuwɔwɔ si si nunya le, si de blibo la, ate ŋu atiae be yeawɔ nu nyui alo nu vɔ̃. Le nyateƒe me la, nuwɔwɔ siwo si nunya le siwo si tiatiawɔblɔɖe le, eɖanye amegbetɔ alo gbɔgbɔ o, ƒe nuwɔnawo ko ŋue woate ŋu agblɔ le be enye nyui alo vɔ̃.

      Eya ta susu le eme be míagblɔ be esi wònye Mawu na tiatiawɔblɔɖe eƒe nuwɔwɔwo ta la, mate ŋu axe mɔ na wo ne wotiae be yewoawɔ nu vɔ̃ɖi o. Yesu ƒo nu tso tiatiawɔblɔɖe ŋu dɔ wɔwɔ le mɔ gbegblẽ nu ŋu esi wògblɔ tso Abosam ŋu be: “Meli ke ɖe nyateƒe la me o, elabena nyateƒe mele eme o.” (Yohanes 8:44) Edze kɔtɛ le nya mawo me be ame si va zu Abosam emegbe la li “ke ɖe nyateƒe la me” le gɔmedzedzea me hafi.a Nu si tae Mawu na tiatiawɔblɔɖe eƒe nuwɔwɔwo ɖoe nye be elɔ̃ wo, eye wòka ɖe wo dzi.—Kpɔ aɖaka si nye “Ðe Nuwɔwɔ Deblibo Ate Ŋu Ava Zu Nuwɔwɔ Madebliboa?” le axa 6 lia.

      ◼ “Abosam nye Mawu ƒe dɔtsɔla” Ame aɖewo susui be nya sia ŋuti kpeɖodzi le Biblia gbalẽ si nye Hiob me. Biblia ŋuti numeɖegbalẽ aɖe gblɔ be nya si Abosam gblɔ be yetso “tsatsa ge le anyigba dzi” la wɔ ɖeka kple dɔ si Persia ŋkutsalawo wɔna, si nye be wova toa nu siwo wokpɔ le woƒe mɔzɔzɔwo me na fia la. (Hiob 1:7) Ke hã, ne vavãe Abosam nye Mawu ƒe ŋkutsala la, ke nu ka tae wòagahiã be wòaɖe nu me na Mawu be yetso “tsatsa ge le anyigba dzi”? To vovo kura na susu si nye be Abosam nye Mawu ƒe dɔtsɔla la, woyɔ Abosam le Hiob ƒe agbalẽa me be Satana, si gɔmee nye “Tsitretsiɖeŋula,” eye esia fia be enye Mawu ƒe Adikãtɔ boŋ. (Hiob 1:6) Ekema afi kae nukpɔsusu si nye be Abosam nye Mawu ƒe dɔtsɔla la tso?

      Tso keke ƒe alafa gbãtɔ Mía Ŋɔli me ke la, blemagbalẽ siwo metso Mawu gbɔ o, abe “Ƒezãwo Ƒe Agbalẽ” kple “Dukplɔsewo” ene, si Qumran kɔmama me tɔwo zãna la gblɔ tso Abosam ŋu be enɔa nya ʋlim kple Mawu, ke hã ebɔbɔa eɖokui ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu te. Ŋutinyaŋlɔla J. B. Russell gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Mephistopheles me be Protestantɔwo ƒe Ðɔɖɔɖowɔla Martin Luther xɔe se be Abosam nye dɔwɔnu na Mawu, “abe hɛ gobɛ alo kodzi si wòzãna tsɔ wɔa dɔ le eƒe abɔ me ene.” Russell gblɔ kpee be esia fia be “edzea kodzi la ŋu be yeaɖe gbe wuwluiawo ɖa,” gake egakpɔtɔ le Mawu ƒe asi sesẽ la me, eya ta ewɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Franseawo ƒe mawunyafiala John Calvin va xɔ Luther ƒe nufiafia sia de eme, ke hã medze xɔsetɔ geɖe ŋu o, le esi wokpɔe be esia nye nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ta. Wokpɔe be esia afia be menye ɖeko Mawu lɔ̃ame la ɖea mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu o, ke ehenɛ vanɛ hã. (Yakobo 1:13) Nufiafia sia, hekpe ɖe ŋutasẽnu dziŋɔ siwo wowɔ le ƒe alafa 20 lia me la, na ame geɖe megava xɔe se be Mawu alo Abosam li o.

      ◼ “Vɔ̃ɖinyenye ŋuti nukpɔsusu koe Abosam nye” Ne míebui be vɔ̃ɖinyenye ŋuti nukpɔsusu koe Abosam nye la, ke manya wɔ be míase Biblia me nya aɖewo gɔme o. Le kpɔɖeŋu me, le Hiob 2:3-6 la, ame kae Mawu nɔ nu ƒom kplii? Ðe wòanye be vɔ̃ɖinyenye ƒe susu aɖe si le Hiob mee wònɔ nu ƒom kpliia, alo eya ŋutɔ ɖokuie wònɔ nu ƒom na? Gawu la, ɖe Mawu akafu nɔnɔme nyui siwo le Hiob si, eye ema megbe kpuie ko wòaɖe mɔ be vɔ̃ɖinyenye ŋuti nukpɔsusu aɖe natee akpɔa? Susu siawo bubu ɖe Mawu ŋu afia be míele gbɔgblɔm be enye Ame si wɔa nu tovo, eye esia afia be menye Mawu “si ŋu fɔɖiɖi aɖeke mele o” ye wònye o. (Psalmo 92:16) Ðe Mawu gbe boŋ be ‘yemado asi ɖa’ agblẽ nu le Hiob ŋu o. Eya ta edze kɔtɛ be menye vɔ̃ɖinyenye ŋuti nukpɔsusu alo nane si menyo le Mawu ƒe amenyenye ŋu o ye Abosam nye o, ke boŋ gbɔgbɔ aɖe si wɔ eɖokui Mawu ƒe Adikãtɔe wònye.

      Ame Ka Tututue Le Xexea Dzi Ðum?

      Egbea, ame geɖe sena le wo ɖokui me be be woagblɔ be Abosam li la nye tsigãdzinya. Ke hã, ne míegblɔ be Abosam meli o la, numeɖeɖe ɖe sia ɖe si míana ku ɖe nu si gbɔ vɔ̃ɖinyenye tso ŋu la made edeƒe o. Le nyateƒe me la, dzixɔse si nye be Abosam meli o wɔe be ame geɖe mexɔ Mawu dzi se o, eye wometsɔa agbe nyui nɔnɔ ŋuti mɔfiame aɖeke wɔa dɔe o.

      Ƒe alafa 19 lia me hakpanyaŋlɔla Charles-Pierre Baudelaire, ŋlɔ bena “abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃ɖitɔ kekeakee nye be yeable mí be yemeli o.” Le nyateƒe me la, esi Abosam ɣla eɖokui ta la, ewɔe be amewo ke ɖi Mawu hã ƒe anyinɔnɔ. Ne Abosam meli o la, ɖe esia mafia be Mawu gbɔe vɔ̃ɖinyenye katã tso oa? Ðe menye aleae Abosam di be míasusu oa?

      Abe ale si nu vlo wɔlawo ƒe tatɔ aɖe aɣla eɖokui ene la, Abosam hã ɣlaa eɖokui bene wòate ŋu aɖo eƒe taɖodzinua gbɔ. Nu kae nye taɖodzinu ma? Biblia gblɔ be: “Nuɖoanyi sia ƒe mawu gbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusu . . . bene Kristo la, si nye Mawu ƒe nɔnɔme la, ŋuti ŋutikɔkɔe nya nyui la ƒe kekeli nagaklẽ ɖe wo me o.”—2 Korintotɔwo 4:4.

      Biabia vevi aɖe gakpɔtɔ li. Nu kae Mawu awɔ na adzameŋgɔxɔla sia si le megbe na vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe siwo katã le edzi yim? Míadzro nya sia me le nyati si kplɔ esia ɖo me.

      [Etenuŋɔŋlɔ]

      a Be nàse nu si tae Mawu meɖe Abosam ɖa enumake esi wòdze aglã o gɔme la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 11 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.

      [Nya si ɖe dzesi si le axa 5]

      Mawu ƒe dɔtsɔlae Abosam nye loo alo eƒe tsitretsiɖeŋulae?

      [Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 6]

      Ðe Nuwɔwɔ Deblibo Ate Ŋu Ava Zu Nuwɔwɔ Madebliboa?

      Blibonyenye si Mawu na eƒe nuwɔwɔ siwo si nunya le la mefia be seɖoƒe meli na nu si woate ŋu awɔ o. Togbɔ be Adam de blibo hã la, mele be wòagbɔ seɖoƒe si Ewɔla ɖo nɛ la ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, ne eɖu ke, kpekuiwo, alo atikpo la, nuvevi awɔe godoo. Ne eŋe aɖaba ƒu nuheŋusẽ dzi eye wòti kpo tso to kɔkɔ aɖe tame la, aku alo adze afɔku vevie.

      Nenema kee nuwɔwɔ deblibo aɖeke meli, eɖanye amegbetɔ alo mawudɔla o, si ate ŋu agbɔ seɖoƒe si Mawu ɖo nɛ la ŋu si makpɔ etɔnua o. Eya ta ne amegbetɔ alo mawudɔla aɖe wɔ eƒe tiatiawɔblɔɖea ŋu dɔ le mɔ gbegblẽ nu la, azu vodala kple nu vɔ̃ wɔla bɔbɔe.—1 Mose 1:29; Mateo 4:4.

  • Woʋu Go Xexea Dzi Ðula Si Ɣla Eɖokui La
    Gbetakpɔxɔ—2011 | September 1
    • Woʋu Go Xexea Dzi Ðula Si Ɣla Eɖokui La

      GBE ɖeka Yesu gblɔ na eƒe nyaselawo be ‘woatsɔ xexe sia dzi ɖula la aƒu gbe.’ Emegbe egblɔ kpee be xexea dzi ɖula la ‘mekpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe ye dzi o,’ eye be “wodrɔ̃ ʋɔnu xexe sia dzi ɖula la.” (Yohanes 12:31; 14:30; 16:11) Ame kae Yesu wɔnɛ?

      Ne míede ŋugble le nya siwo Yesu gblɔ tso “xexe sia dzi ɖula” ŋu la, míakpɔe kɔtɛ be manye Fofoa, Yehowa Mawu ŋue wònɔ nu ƒom tsoe o. Ekema ame kae nye “xexe sia dzi ɖula la”? Aleke woatsɔe ‘aƒu gbee,’ eye gɔmesese ka nue ‘wodrɔ̃ ʋɔnui’ le?

      “Xexe Sia Dzi Ðula La” Ðe Eɖokui Fia

      Abe ale si ko nu vlo wɔla xɔŋkɔ ƒoa adegbe le ale si wòkpɔ ŋusẽe ŋu ene la, nenema kee Abosam hã wɔ nui esi wònɔ Yesu, Mawu Vi la tem kpɔ. Esi Satana ɖe xexea ƒe “fiaɖuƒewo katã” fia Yesu vɔ la, edo ŋugbe sia nɛ be: “Matsɔ ŋusẽ sia katã kple woƒe ŋutikɔkɔe ana wò, elabena nyee wotsɔe de asi na, eye matsɔe ana ame sia ame si medi be matsɔe ana. Eya ta wò la, ne ède ta agu nam la, wo katã anye tɔwò.”—Luka 4:5-7.

      Ne vɔ̃ɖinyenye ŋuti nukpɔsusu aɖe koe Abosam nye, abe ale si ame aɖewo gblɔna ene la, ke aleke míase tetekpɔ ma gɔmee? Nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe susu aɖe alo nane si nɔ avu wɔm kple Yesu le ememe le eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe lae nɔ etem kpɔa? Ne nenemae la, ke ɖe wòanya wɔ be woagblɔ tso eŋu be “nu vɔ̃ aɖeke mele eme” oa? (1 Yohanes 3:5) Yesu meke ɖii kura be Abosam kpɔ ŋusẽ ɖe ameƒomea dzi o, eɖo kpe nya sia dzi boŋ esime wògblɔ be enye “xexea dzi ɖula,” ‘amewula,’ kple “aʋatsokala.”—Yohanes 14:30; 8:44.

      Ƒe 60 aɖewo megbe tso esime Abosam te Kristo kpɔ la, apostolo Yohanes ɖo ŋku ŋusẽ si gbegbe Abosam kpɔ ɖe ameƒomea dzi la dzi na Kristotɔwo esi wògblɔ be, “xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.” Yohanes gagblɔ hã be ame sia “le anyigba dzi nɔlawo katã blem.” (1 Yohanes 5:19; Nyaɖeɖefia 12:9) Eya ta eme kɔ ƒãa be Biblia ƒo nu tso gbɔgbɔ makpɔmakpɔ aɖe si nye “xexea dzi ɖula” la ŋu. Ke aleke gbegbee wòkpɔ ŋusẽ ɖe ameƒomea dzi?

      Xexea Dzi Ðula La Kple Eƒe Kpeɖeŋutɔwoe Le Dzi Ðum

      Esi apostolo Paulo nɔ nu ŋlɔm tso Kristotɔwo ƒe xɔse ƒe ʋiʋlia ŋu la, ena wonya ame si woƒe futɔ gãtɔa nye eme kɔ ƒãa. Egblɔ tẽe be: “Míele kame tem, menye kple ʋu kpakple ŋutilã o, ke boŋ kple dziɖuɖuwo, kple ŋusẽwo, kple viviti sia ƒe xexemedziɖulawo, kple gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖi siwo le dziƒonutowo me.” (Efesotɔwo 6:12) Eya ta menye amegbetɔwoe míekpe aʋa sia kplii o, elabena míele kame tem, menye kple “ʋu kpakple ŋutilã” o, ke boŋ mía kple ‘gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖiwoe.’

      Egbegbe Biblia gɔmeɖeɖe akpa gãtɔ ɖee fia be ‘gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖiawo’ menye vɔ̃ɖinyenye ŋuti nukpɔsusu dzro aɖe ko o, ke boŋ gbɔgbɔmenuwɔwɔ vɔ̃ɖiwoe wonye. Biblia aɖewo ɖe egɔme be “vɔ̃ɖinyenye ƒe gbɔgbɔ siwo le dziƒonutowo me” (Revised Standard Version), “vɔ̃ɖinyenye ƒe gbɔgbɔmeʋakɔ siwo le dziƒowo” (The Jerusalem Bible), kple “vɔ̃ɖinyenye ƒe gbɔgbɔ triakɔ siwo le dziƒowo” (The New English Bible). Esia fia be Abosam le ŋusẽ kpɔm ɖe xexea dzi to mawudɔla dzeaglã bubu siwo gblẽ “afi si woda wo ɖo [le dziƒo] le gɔmedzedzea me” ɖi la dzi.—Yuda 6.

      Biblia me nyagblɔɖigbalẽ si nye Daniel la ɖe ale si ‘xexemedziɖula’ siawo kpɔ ŋusẽ ɖe xexea dzi tso blema ke la fia. Esi nyagblɔɖila Daniel tsɔ ɖe le eme na nɔvia Yudatɔ, siwo trɔ tso aboyo me nɔnɔ le Babilon yi Yerusalem le ƒe 537 Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli me vevie ta la, edo gbe ɖa ɖe wo ta kwasiɖa etɔ̃ sɔŋ. Mawudɔla aɖe si Mawu dɔ ɖo ɖe nyagblɔɖilaa gbɔ be wòade dzi ƒo nɛ la ɖe nu si tae meva ɖo kaba o la me ale: “Persia-fiaɖuƒe la ƒe amegã nɔ te ɖe nunye ŋkeke blave vɔ ɖekɛ sɔŋ.”—Daniel 10:2, 13.

      Ame kae nye ‘Persia amegã’ sia? Edze ƒãa be menye Persia Fia Kores ye mawudɔlaa wɔnɛ o, elabena ɣemaɣi la, Daniel kple eƒe dukɔ la ƒe nu nyo fia la ŋu. Gawu la, esi wònye be mawudɔla ɖeka pɛ te ŋu wu aʋawɔla sesẽ 185,000 le zã ɖeka me ɖe, ke aleke wòanya wɔ be amegbetɔ dzro si nye fia la naxe mɔ na mawudɔla kwasiɖa etɔ̃ sɔŋ? (Yesaya 37:36) Anɔ eme godoo be gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe, si nye Abosam ƒe dɔla, si wona ŋusẽe ɖe Persia Fiaɖuƒea dzie ‘Persia amegã’ tsitretsiɖeŋula sia nye. Le nuŋlɔɖia dzi yiyi me la, Mawu ƒe dɔlaa gblɔ be ele be yeagava wɔ aʋa kple “Persia amegã” kpakple gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe amegã bubu si nye “Hela amegã.”—Daniel 10:20.

      Nu kae esia fia mí? Kpuie ko la, ‘xexemedziɖula’ makpɔmakpɔwo li vavã, wonye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe amegãwo, siwo le xexea ƒe akpa vovovowo dzi ɖum le woƒe tatɔ, Satana Abosam ƒe ŋusẽ te. Ke nu kae nye woƒe taɖodzinu tso ɣeaɖeɣi ke va de asi na fifia?

      Xexea Dzi Ðula Ðe Ame Si Ŋutɔŋutɔ Wònye Fia

      Le Biblia gbalẽ mamlɛtɔ, si nye Nyaɖeɖefia me la, apostolo Yohanes ƒo nu tso ale si Yesu, mawudɔlawo ƒe tatɔ si nye Mixael, ɖu Abosam kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo dzi ŋu, eye wògaƒo nu tso wo nyanyã tso dziƒo me tsonu dziŋɔa ŋu ale: “Baba na anyigba . . . elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum vevie, elabena enya be ɣeyiɣi vi aɖe koe le ye si.”—Nyaɖeɖefia 12:9, 12.

      Aleke Abosam le eɖem fia be dzi le ye kum vevie? Ne nu mele nu vlo wɔlawo kpam o la, enyea woƒe taɖodzinu be ‘ne yewomeɖu dzi godoo o la, ke nane koe adzɔ.’ Nenema kee Abosam kple eƒe dɔlawo ɖoe kplikpaa be yewoagblẽ anyigba ahana edzinɔlawo hã natsrɔ̃ akpe ɖe yewo ŋuti. Esi Abosam nya be vovoɣi vi aɖe koe le ye si ta la, ele amegbetɔwo ƒe nuɖoanyia ƒe akpa vevi aɖe si le eƒe ŋusẽ te, si nye asitsaha gãwo, la ŋu dɔ wɔm tsɔ le dzo ƒom ɖe amewo te be woanɔ nu yeyewo ƒlem. Esia wɔe be adzɔhawo le dzɔdzɔmenuwo zãm atraɖii, si wɔe be wole anyigbadzinuwo dome gblẽm le xexea me godoo, eye esia na ameƒomea ƒe agbe ɖo afɔku me.—Nyaɖeɖefia 11:18; 18:11-17.

      Tso amegbetɔwo ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze ke la, ale si Abosam dina vevie be yeakpɔ ŋusẽ la dze ƒãa le dunyahehe kple subɔsubɔhawo me. Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ɖɔ dunyaheŋusẽwo be wonye lã wɔadã siwo Abosam tsɔ “ŋusẽ gã” na. Eɖee fia hã be ŋukpenanue wònye be subɔsubɔhawo ƒoa wo ɖokui ɖe dunyahehe me esi wòɖɔ nuwɔna sia be enye gbɔgbɔmehasi. (Nyaɖeɖefia 13:2; 17:1, 2) Bu teteɖeanyi, kluvinyenye, aʋawɔwɔwo, kple towo dome ʋunyaʋunyawɔwɔ siwo le edzi yim ƒe alafa geɖewoe nye esia siwo me ame miliɔn geɖe bu woƒe agbe le la ŋu kpɔ. Ðe ame aɖe ate ŋu agblɔ anukwaretɔe be nu dovoɖiname kple nu dziŋɔ siwo dzɔ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me la nye amegbetɔwo ŋutɔ ƒe nuwɔwɔ le dzɔdzɔme nua? Alo gbɔgbɔ vɔ̃ siwo ŋku mekpɔna o ye le megbe na nu siawoa?

      Biblia ɖe ame si le ŋusẽ kpɔm ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖulawo kple xexea me dziɖuɖuwo dzi la fia kɔtɛ, eye wòklo nu le ame si wònye dzi. Ameƒomea ɖanyae alo womeɖanyae o, wole xexea dzi ɖula la srɔ̃m hele ‘ne yewomeɖu dzi godoo o la, ke nane koe adzɔ’ ƒe nɔnɔme la ɖem fia. Va se ɖe ɣekaɣie ameƒomea anɔ fu kpem le Abosam ƒe dziɖuɖu te?

      Woatsrɔ̃ Abosam Mlɔeba

      Le dɔ si Kristo va wɔ le anyigba dzi le ƒe alafa gbãtɔ me la, ena wòdze ƒãa be eteƒe madidi o, woatsrɔ̃ Abosam kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo. Esi Yesu ƒe nusrɔ̃lawo va gblɔ ale si wonyã gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me la, egblɔ na wo be: “Mekpɔ be Satana te gege xoxo abe dzikedzo ene tso dziƒo.” (Luka 10:18) Yesu ƒe nya mawo ɖee fia be enɔ dzidzɔ kpɔm ɖe ale si yeava ɖu ame si le xexea dzi ɖum la dzi ne yetrɔ yi dziƒo abe Mixael, mawudɔlawo ƒe tatɔ ene, la ŋu. (Nyaɖeɖefia 12:7-9) Biblia me dzodzro tsitotsito ɖee fia be enyã Abosam tso dziƒo le ƒe 1914a me alo le ema megbe kpuie.

      Abosam nyae be tso ƒe ma dzi yina la, eteƒe magadidi hafi ɣeyiɣia nade be woatsrɔ̃ ye o. Ele eme be ‘xexe blibo la katã le eƒe ŋusẽ te’ ya, ke hã, ame miliɔn geɖe li egbea siwo dzi mete ŋu kpɔ ŋusẽ ɖo o, togbɔ be ele agbagba dzem kpem hã. Biblia na wodze si ame si tututu wònye kpakple eƒe aɖaŋu vɔ̃wo. (2 Korintotɔwo 2:11) Nya siwo Paulo gblɔ na nɔvia Kristotɔwo la naa mɔkpɔkpɔ wo. Egblɔ be: “Mawu si naa ŋutifafa la agbã Satana ɖe miaƒe afɔwo te gudugudu kpuie.”b—Romatɔwo 16:20.

      Eteƒe madidi o, woatsrɔ̃ Abosam! Le Kristo ƒe dziɖuɖu si me lɔlɔ̃ le te la, ame dzɔdzɔewo atrɔ anyigba, si nye Mawu ƒe afɔɖodzinu, le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, wòazu paradiso. Nu vlo wɔwɔ, fuléle, kple ɖokuitɔdidi nu ayi tegbee. Biblia gblɔ be: ‘Womagaɖo ŋku tsã ƒe ɣeyiɣiwo dzi o.’ (Yesaya 65:17) Gbɔdzɔe ka gbegbee nye esi wòanye na ame siwo do le ame si le xexea dzi ɖum le bebe me la kpakple ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzia te!

      [Etenuŋɔŋlɔwo]

      a Ne èdi numeɖeɖe geɖe tso ƒe sia ŋu la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe megbenyawo, axa 215 va se ɖe 218. Yehowa Ðasefowoe tae.

      b Paulo ƒe nya siawo he susu yi Biblia me nyagblɔɖi gbãtɔ, si dze le 1 Mose 3:15, si ku ɖe ale si woava tsrɔ̃ Abosam ɖa mlɔeba ŋu, la dzi. Helagbe me nya si Paulo zã tsɔ ɖɔ ale si woatsrɔ̃e ɖa la fia “gbã kakɛkakɛ, kaka, xlã ɖi wòakaka.”—Vine’s Complete Expository Dictionary of Old and New Testament Words.

      [Nya si ɖe dzesi si le axa 9]

      Le Kristo ƒe dziɖuɖu si me lɔlɔ̃ le te la, ame dzɔdzɔewo atrɔ anyigba wòazu paradiso

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe