INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 9/15 axa 7-11
  • Yehowae Nye Nye Gome

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowae Nye Nye Gome
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yehowa Kpɔa Lewi Viwo Ƒe Nuhiahiãwo Gbɔ Na Wo
  • Yehowa Nye Ame Ðekaɖekawo Hã Ƒe Gome
  • Ame Bubuwo Hã Ate Ŋu Ana Yehowa Nanye Woƒe Gome
  • Ðe Nàna Yehowa Nanye Wò Gomea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • “Nyee Nye . . . Wò Domenyinu”
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
  • Nusɔsrɔ̃ Tso Gbedodoɖa Si Ŋu Wodzra Ðo Ðo Nyuie Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Lewi Viwo Ƒe Dɔwo
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 9/15 axa 7-11

Yehowae Nye Nye Gome

“Nyee nye wò gome kple wò domenyinu le Israel viwo dome.”—4 MOSE 18:20.

1, 2. (a) Esi woma anyigba na Israel viwo la, ɖe wona anyigba Lewi viwo hã? (b) Kakaɖedzinya kae Yehowa gblɔ na Lewi viwo?

ESI Israel viwo xɔ Ŋugbedodonyigbaa ƒe akpa gãtɔ vɔ la, Yosua trɔ ɖe dɔ bubu aɖe wɔwɔ ŋu. Edzidze nu ɖe anyigba la dzi hemae. Nunɔlagã Eleazar kple toawo ƒe tatɔwo kpe asi ɖe eŋu le dɔ sia wɔwɔ me. (4 Mose 34:13-29) Ke le Lewi viwo gome la, womena domenyinu si nye anyigba woamawo abe ale si wòle le to bubuawo gome ene o. (Yos. 14:1-5) Nu ka tae womena anyigba, alo gome, Lewi viwo ɖe Ŋugbedodonyigba la dzi o? Ðe esia fia be wogblẽ wo ɖia?

2 Nya sia ƒe ŋuɖoɖo dze le nya si Yehowa gblɔ na Aron do ŋgɔ ku ɖe Lewi viwo ŋu la me. Yehowa te gbe ɖe edzi be yemegblẽ wo ɖi o, esi wògblɔ be: “Nyee nye wò gome kple wò domenyinu le Israel viwo dome.” (4 Mose 18:20) Nya dedziƒoname ka gbegbee nye esi Yehowa gblɔ be: “Nyee nye wò gome”! Aleke nàse le ɖokuiwò me nenye wòe Yehowa gblɔ nya ma na? Ðewohĩ àgblɔ enumake be, ‘Ame kae menye be Ŋusẽkatãtɔ la nagblɔ kakaɖedzinya sia tɔgbi nam?’ Eye ɖewohĩ àbia be, ‘Ðe Yehowa ate ŋu anye Kristotɔ madeblibo aɖe ƒe gome egbea vavã?’ Biabia mawo ka mia kple wò ame veviwo katã. Eya ta na míakpɔe ɖa be nu kae Mawu ƒe nya ma fia hã. Numedzodzroa akpe ɖe mía ŋu míase ale si Yehowa ate ŋu anye Kristotɔ siwo li egbea ƒe gome la gɔme. Esi gale vevie wue nye be eɖanye dziƒo alo agbenɔnɔ le anyigba dzi paradiso me ƒe mɔkpɔkpɔe le asiwò o, Yehowa ate ŋu anye wò gome.

Yehowa Kpɔa Lewi Viwo Ƒe Nuhiahiãwo Gbɔ Na Wo

3. Aleke wòdzɔe be Mawu ɖe Lewi viwo ɖe vovo na eƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ?

3 Hafi Yehowa natsɔ Sea ana Israel viwo la, ƒome ƒe tawoe nyea nunɔlawo le wo dome. Esi Mawu tsɔ Sea na wo la, ewɔ ɖoɖo be nunɔlawo kple ame siwo akpe ɖe wo ŋu la natso Lewi toa ɖeɖe ko me. Nu ka tae wowɔ tɔtrɔ sia ɖo? Esi Mawu wu Egiptetɔwo ƒe ŋgɔgbeviwo la, ekɔ Israel ƒe ŋgɔgbeviwo ŋu heɖe wo ɖe vovo na eɖokui be woanye ye tɔ koŋ. Emegbe Mawu wɔ ɖoɖo tɔxɛ aɖe. Egblɔ be: “Nye ŋutɔe ɖe Lewitɔwo le Israel vi bubuawo dome ɖe ŋgɔgbevi, siwo ʋu dɔ nu na wo dada la teƒe.” Esi woxlẽ dukɔa la, wokpɔ be Israel ƒe ŋgɔgbeviwo sɔ gbɔ wu Lewi viwo, eya ta woxe fe ɖe Israel ƒe ŋgɔgbeviwo ƒe xexlẽme si sɔ gbɔ wu Lewi viwo tɔ la ta. (4 Mose 3:11-13, 41, 46, 47) Esia wɔe be Lewi viwo ate ŋu awɔ dɔ si wode wo si le Israel ƒe Mawu la subɔsubɔ me.

4, 5. (a) Nu kae wòfia be Mawu nanye Lewi viwo ƒe gome? (b) Aleke Mawu kpɔ Lewi viwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na woe?

4 Agba kae dɔdeasi sia da ɖe Lewi viwo dzi? Yehowa gblɔ be yeanye woƒe gome le gɔmesesea nu be, le esi woaxɔ anyigba wòanye woƒe domenyinu teƒe la, wode subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe wo si. “Yehowa ƒe nunɔladɔ” ye nye woƒe domenyinu. (Yos. 18:7) Nya siwo ƒo xlã 4 Mose 18:20 ɖee fia be esia mewɔe be Lewi viwo ɖi hiã o. (Mixlẽ 4 Mose 18:19, 21, 24.) Woatsɔ “nuwo katã ƒe ewoliawo ɖeka ana Lewi viwo, bena wòanye wo tɔ le Israel, ɖe woƒe dɔ” la ta. Israel viwo ƒe agblenukuwo kple aƒemelãwo katã ƒe ewoliawo ɖeka nye Lewi viwo tɔ. Ele be Lewi viwo hã nadzɔ nu siwo woxɔ la ƒe ewolia, woanye nuawo “ƒe nyuitɔwo,” be woatsɔ awɔ nunɔladɔwo.a (4 Mose 18:25-29) Ele be woatsɔ “nunana kɔkɔe” siwo katã Israel viwo tsɔ vae na Mawu le eƒe tadeaguƒea la ana nunɔlawo. Eya ta ame siwo le nunɔladɔ wɔm la ate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo.

5 Edze abe le Mose ƒe Sea me la, wowɔ ɖoɖo be woanɔ nu ewolia bubu aɖe dzɔm anɔ dadam ɖi ene, ale be ƒomewo naɖu nu akpɔ dzidzɔ le takpekpe kɔkɔewo me ƒe sia ƒe. (5 Mose 14:22-27) Ke hã, le ƒe adre sia ƒe adre ƒe sabat la ƒe ƒe etɔ̃lia kple adelia me la, wotsɔa nuwo ƒe ewolia sia va dana ɖe agboawo nu bene wòanye nunana na ame dahewo kple Lewi viwo siaa. Nu ka tae Lewi viwo hã kpɔa gome le eme ɖo? Elabena “womexɔ gome alo domenyinu aɖeke” le Israel o.—5 Mose 14:28, 29.

6. Esi womena anyigba Lewi viwo le Israel o ɖe, ke afi kae wonɔna?

6 Ðewohĩ àbia be, ‘Ne womena anyigba Lewi viwo o la, ke afi kae woanɔ?’ Mawu wɔ ɖoɖo aɖe na wo. Etsɔ du 48 kple wo ŋu lãnyiƒewo na wo. Sitsoƒedu adeawo hã nɔ du siawo dome. (4 Mose 35:6-8) Esia wɔe be Lewi viwo kpɔa teƒe nɔna le ɣeyiɣi siwo me womele subɔsubɔm le Mawu ƒe kɔkɔeƒea o. Yehowa naa nu geɖe ame siwo tsɔ wo ɖokui na le eƒe subɔsubɔdɔa me. Eya ta edze ƒãa be esi Lewi viwo ka ɖe Yehowa dzi be didia le eme eye ŋutete hã le eŋu be wòakpɔ wo dzi la, woto esia dzi ɖee fia be Yehowae nye yewoƒe gome.

7. Be Yehowa nanye Lewi viwo ƒe gome la, nu kae wòdze be woawɔ?

7 Le Sea me la, tohehe aɖeke meli na Israel vi siwo mena nu ewolia o. Ne amewo gbe nu ewolia nana la, esia gblẽa nu le nunɔlawo kple Lewi viwo ŋu. Esia dzɔ le Nexemiya ŋɔli. Eya ta Lewi viwo ɖe asi le subɔsubɔdɔa ŋu heva nɔ dɔ wɔm le woƒe agblewo me. (Mixlẽ Nexemiya 13:10.) Edze ƒãa be hafi Lewi toa nate ŋu akpɔ woƒe ŋutilãmenuhiahiãwo la, ele be dukɔa nawɔ Mawu ƒe ɖoɖowo dzi. Azɔ hã, ehiã be nunɔlawo kple Lewi viwo ŋutɔ hã naxɔ Yehowa dzi ase ahaka ɖe ɖoɖo si wòwɔ ɖe woƒe hiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu la dzi.

Yehowa Nye Ame Ðekaɖekawo Hã Ƒe Gome

8. Ƒo nu tso nu si nɔ fu ɖem na Asaf, Lewi vi la, ŋu.

8 Yehowa nye Lewi to bliboa ƒe gome. Ke hã, nu si gaɖe dzesie nye be Lewi vi ɖekaɖekawo hã zã nyagbɔgblɔ si nye “nye gome enye Yehowa” tsɔ ɖe ale si wotsɔ wo ɖokui na Mawu heɖo ŋu ɖe eŋui la fia. (Kony. 3:24) Lewi vi siawo dometɔ ɖeka nye hadzila kple hakpala. Míayɔe be Asaf, togbɔ be ɖewohĩ enye Asaf, si nye Lewi vi si nye hadzilawo ƒe ŋgɔnɔla le Fia David ŋɔli la, ƒe dzidzimevi hã. (1 Kron. 6:16-28) Le Psalmo 73 lia me la, míexlẽe be Asaf (alo eƒe dzidzimevi aɖe) va tɔtɔ. Eʋã ŋu ame vɔ̃ɖi siwo nu dze edzi na le agbe me la, eye wògblɔ be: “Nyateƒee, yakatsyɔe mena nye dzi ŋu dza, eye meklɔ nye asi ɖe fɔmaɖimaɖi me.” Edze ƒãa be le ɣeyiɣi ma me la, eƒe susu dzo le asixɔxɔ si le eƒe subɔsubɔdɔa ŋu dzi; eŋlɔ be be Yehowae nye yeƒe gome. Meda sɔ le gbɔgbɔ me o, “va se ɖe esime [wòge] ɖe Mawu ƒe kɔkɔeƒe la.”—Ps. 73:2, 3, 12, 13, 17.

9, 10. Nu ka tae Asaf te ŋu gblɔ tso Mawu ŋu be enye yeƒe “gome tegbee”?

9 Esi Asaf yi kɔkɔeƒea la, eva te nuwo ŋu bubu abe ale si Mawu bua woe ene. Ðewohĩ nu sia tɔgbi dzɔ ɖe dziwò kpɔ. Ðewohĩ ɣeaɖeɣi la, wò susu dzo le ale si gbegbe subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ siwo le asiwò la le vevie la dzi, eye nèva nɔ ŋutilãmenu siwo mele asiwò o la ŋu bum. Gake to Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ kple Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede me la, èva te nuwo ŋu bubu abe ale si Yehowa bua woe ene. Asaf va kpɔ nu si adzɔ ɖe ame vɔ̃ɖiwo dzi mlɔeba la dze sii. Ebu nɔnɔme si me wòle la ŋu, eye wòkpɔe be Yehowa alé yeƒe nuɖusi ɖe asi ahakplɔ ye. Eya ta Asaf gblɔ na Yehowa be: “Nyemele naneke dim le anyigba dzi kpe ɖe ŋuwò o.” (Ps. 73:23, 25) Le ema yome la, egblɔ be Mawue nye yeƒe gome. (Mixlẽ Psalmo 73:26.) Ne hakpalaa ƒe ‘ŋutilã kple dzi nu yi’ gɔ̃ hã la, Mawu anye eƒe “gome tegbee.” Hakpalaa ka ɖe edzi be Yehowa aɖo ŋku ye dzi le esi yenye exɔlɔ̃ ta. Mawu maŋlɔ ale si wòsubɔ nuteƒewɔwɔtɔe la be o. (Nyagb. 7:1) Aleke gbegbe esia anya de dzi ƒo na Asaf enye esi! Edzi ha be: “Ke nye la, Mawu ƒe gbɔnyenɔnɔ enye nye dzidzɔ; meɖo ŋu ɖe Aƒetɔ Yehowa ŋu.”—Ps. 73:28.

10 Esi Asaf na Yehowa nye eƒe gome la, esia ɖeɖe sɔ gbɔ nɛ wu ŋutilãmenu siwo sua ye si le esi yenye Lewi vi ta. Nu si koŋ dzi wòhe susu yi ye nye subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ si nɔ esi kple ƒomedodo si nɔ woa kple Yehowa dome, alo xɔlɔ̃wɔwɔ si nɔ woa kple Dziƒoʋĩtɔ la dome. (Yak. 2:21-23) Be xɔlɔ̃wɔwɔ ma nanɔ anyi ɖaa la, ele be hakpalaa nalé Yehowa dzi xɔxɔ se me ɖe asi, eye wòaɖo ŋu ɖe eŋu. Ele be Asaf naka ɖe edzi be eme ava nyo na ye mlɔeba ne yenɔ agbe ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo nu. Wò hã àte ŋu aka ɖe Ŋusẽkatãtɔ la dzi nenema ke.

11. Nya kae Yeremiya bia, eye aleke woɖo eŋu nɛ?

11 Nyagblɔɖila Yeremiya nye Lewi vi bubu si gblɔ be Yehowa nye yeƒe gome. Na míadzro nu si wòwɔnɛ esi wògblɔ nya ma la me kpɔ. Anatot, si nye Lewi viwo ƒe du aɖe si te ɖe Yerusalem ŋu, mee Yeremiya nɔ. (Yer. 1:1) Ɣeaɖeɣi la, Yeremiya tɔtɔ le nya aɖe ta: Nu ka tae nu nɔ edzi dzem na ame vɔ̃ɖiwo le esime ame dzɔdzɔewo ya nɔ fu kpem? (Yer. 12:1) Esi wòlé ŋku ɖe nu siwo nɔ edzi yim le Yerusalem kple Yuda ŋu la, esia na ‘wòhe nya’ le nu siwo wòkpɔ ŋu. Yeremiya nyae be dzɔdzɔetɔe Yehowa nye. Nya siwo Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋã Yeremiya wògblɔ ɖi le ema yome kpakple ale si Yehowa na nyagblɔɖinya mawo va emee la na nyagblɔɖilaa kpɔ eƒe nyabiasea ƒe ŋuɖoɖo si ŋu kakaɖedzi le. Abe ale si Mawu gblɔe ɖi ene la, ame siwo wɔ Yehowa ƒe mɔfiame dzi la tsi agbe eye ‘woƒe agbe zu aboyonu na wo,’ ke ame vɔ̃ɖi siwo nu dze edzi na, siwo do toku Mawu ƒe nuxlɔ̃amewo ya tsrɔ̃.—Yer. 21:9.

12, 13. (a) Nu kae ʋã Yeremiya wògblɔ be: “Nye gome enye Yehowa,” eye aleke wòwɔ nui? (b) Nu ka tae wòhiã be Israel toawo katã nakpɔ Mawu sinu?

12 Emegbe esi Yeremiya kpɔ ale si wotsrɔ̃ wo denyigbae la, ese le eɖokui me be yele zɔzɔm le blukɔ me. Ewɔ nɛ abe ɖe Yehowa na yele “abe ame siwo ku gbe aɖe gbe ke [la] ene.” (Kony. 1:1, 16; 3:6) Yeremiya xlɔ̃ nu dukɔ dzeaglã la be woatrɔ ɖe wo Fofo si le dziƒo la ŋu, gake woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖia va ɖo afi si wòhiã be Mawu naɖe mɔ woatsrɔ̃ Yerusalem kple Yuda. Esia te ɖe Yeremiya dzi, togbɔ be menye eya gbɔe vodadaa tso o hã. Esi nyagblɔɖilaa ɖo xaxa me la, eɖo ŋku Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ dzi. Egblɔ be: “Mía nu meyi o (NW).” Nyateƒee, Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ nɔa yeye ŋdi sia ŋdi! Ɣemaɣie Yeremiya gblɔ be: “Nye gome enye Yehowa.” Yehowa na mɔnukpɔkpɔe wògayi edzi nye eƒe nyagblɔɖila.—Mixlẽ Konyifahawo 3:22-24.

13 Israel viwo meganɔ wo denyigba dzi o ƒe 70 sɔŋ, elabena ezu aƒedo. (Yer. 25:11) Ke hã, nya si Yeremiya gblɔ be “nye gome enye Yehowa” la fia be eka ɖe edzi be Mawu akpɔ nublanui na yewo, eye esia kpe ɖe eŋu be wòte ŋu ‘kpɔ esinu.’ Israel toawo katã bu woƒe domenyinu, eya ta ehiã be woawo hã nakpɔ Mawu sinu abe ale si nyagblɔɖilaa wɔe ene. Yehowa koe nye woƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia. Le ƒe 70 megbe la, Mawu ƒe amewo trɔ yi wo denyigba dzi, eye mɔnukpɔkpɔ su wo si wosubɔe le afi ma.—2 Kron. 36:20-23.

Ame Bubuwo Hã Ate Ŋu Ana Yehowa Nanye Woƒe Gome

14, 15. To vovo na Lewi viwo la, ame ka hãe na Yehowa nye eƒe gome, eye nu ka tae?

14 Asaf kple Yeremiya siaa tso Lewi toa me. Ke ɖe wòfia be Lewi viwo si koe mɔnukpɔkpɔa su be woasubɔ Yehowa? Kura o! Ðekakpui David, si ava nye Israel fia la, gblɔ be Mawu nye yeƒe “gome le agbagbeawo ƒe anyigba dzi.” (Mixlẽ Psalmo 142:2, 6.) Esime David kpa psalmo sia la, menye fiasã alo aƒe aɖe gɔ̃ hã mee wònɔ o. Agado mee wònɔ, elabena enɔ sisim le eƒe futɔwo nu. David di sitsoƒe le agadowo me zi eve ya teti. Ewɔ esia zi gbãtɔ le teƒe aɖe si te ɖe Adulam ŋu, eye zi eveliae nye En-Gedi gbedzi. Anɔ eme godoo be ekpa Psalmo 142 lia le agado mawo dometɔ ɖeka me.

15 Ne aleae wòle la, ke Fia Saul ye nye ame si nɔ David yome tim be yeaɖe eƒe agbe ɖa. David si yi ɖabe ɖe agado aɖe si le teƒe aɖe si yiyi sesẽ la me. (1 Sam. 22:1, 4) Esi David nɔ teƒe tsoabo sia la, anya se le eɖokui me be xɔlɔ̃ aɖeke mele ye si ne wòakpɔ ye ta o. (Ps. 142:5) Ɣeyiɣi sia mee David do ɣli yɔ Mawu le.

16, 17. (a) Susu kawo tae David se le eɖokui me be yenye wɔnamanɔŋutɔ? (b) Ame ka ŋue David ate ŋu atrɔ ɖo hena kpekpeɖeŋu?

16 Kaka David nakpa Psalmo 142 lia la, anya se nu si dzɔ ɖe Nunɔlagã Aximelex, ame si tsɔ dzi faa kpe ɖe eŋu esime wònɔ sisim le Saul nu, la dzi. Fia Saul ŋuʋãla la na wowu Aximelex kple eƒemetɔwo. (1 Sam. 22:11, 18, 19) David se le eɖokui me be ye tae woku ɖo. Ðeko wòwɔ nɛ abe eya ŋutɔe wu nunɔla si kpe ɖe eŋu la ene. Ne wòe nye David ɖe, ɖe nàse le ɖokuiwò me nenema? Nu si gadzi David ƒe xaxawo ɖe edzie nye be mekpɔ gbɔdzɔe o, le esi Saul kpɔtɔ nɔ eyome tim ta.

17 Ema megbe kpuie la, nyagblɔɖila Samuel, ame si si ami na David be wòava zu fia la hã ku. (1 Sam. 25:1) Ðewohĩ esia hã gawɔe be David se le eɖokui me be wɔna vɔ le ye ŋu. Ke hã, David nya ame si ŋu wòate ŋu atrɔ ɖo hena kpekpeɖeŋu—eyae nye Yehowa. Subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ si nɔ Lewi viwo si la menɔ David si o, ke hã, wosi ami nɛ ɖe dɔ bubu aɖe wɔwɔ ta, si nye be wòava nye Mawu ƒe amewo ƒe fia mlɔeba. (1 Sam. 16:1, 13) Eya ta David gblɔ eƒe dzimenyawo na Yehowa, eye wòyi edzi nɔ Mawu sinu kpɔm be wòafia mɔ ye. Wò hã àte ŋu ana Yehowa nanye wò gome kple wò sitsoƒe, esi nèle kutri kum le eƒe subɔsubɔdɔa me; eye ele be nàwɔe hã.

18. Gɔmesese kawo nue ame siwo ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia me la na Yehowa nye woƒe gome le?

18 Gɔmesese si nu Yehowa nye ame siwo ŋu míeƒo nu tsoe la ƒe gome lee nye be ede dɔ wo si le eƒe subɔsubɔdɔa me. Woɖo ŋu ɖe Mawu ŋu be wòakpɔ yewoƒe hiahiãwo gbɔ na yewo esime yewole esubɔm. Lewi viwo kple Israel to bubuawo me tɔwo, abe David ene, te ŋu na Mawu nye woƒe gome. Aleke wò hã nàte ŋu ana Yehowa nanye wò gome? Míadzro esia me le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Ne èdi be yeaxlẽ nu geɖe tso ɖoɖo si wowɔ be woatsɔ akpɔ nunɔlawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ ŋu la, kpɔ Insight on the Scriptures, Babla 2, axa 684 (Étude perspicace des Écritures, Babla 2, axa 655).

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Mɔ ka nue Yehowa nye Lewi viwo ƒe gome le?

• Nu kae Asaf, Yeremiya, kple David wɔ si fia be Yehowae nye woƒe gome?

• Be Mawu nanye wò gome la, nɔnɔme kawoe wòle be wòanɔ asiwò?

[Nya si ɖe dzesi si le axa 8]

Womena domenyinu si nye anyigba Lewi viwo o. Ke boŋ, Yehowae nye woƒe gome, elabena mɔnukpɔkpɔ gã su wo si be woawɔ subɔsubɔdɔ nɛ

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Mɔ ka nue Yehowa nye nunɔlawo kple Lewi viwo ƒe gome le?

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Nu kae kpe ɖe Asaf ŋu wòyi edzi na Yehowa nye eƒe gome?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe