Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
NU KAE kpe ɖe nyɔnu aɖe si to nɔnɔme sesẽwo me le eƒe ɖevime ŋu wòva le dzidzɔ kpɔm fifia? Nu kae kpe ɖe dunyahela aglãdzela sẽŋuta aɖe ŋu wòva zu ame fafa si le Biblia me nyawo gblɔm na amewo? Xlẽ ŋutinya siawo be nàkpɔ ŋuɖoɖoawo.
“Nye Didi Vevi Enye Be Woalɔ̃m Ahatsɔ Ðe Le Eme Nam.”—INNA LEZHNINA
ƑE SI ME WODZII: 1981
DUKƆ SI ME WÒTSO: RUSSIA
AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: ETO NƆNƆME SESẼWO ME LE EƑE ÐEVIME
AGBE SI MENƆ TSÃ: Tokunɔe menye, eye dzinyelawo hã wonye tokunɔwo. Mekpɔ dzidzɔ le nye ɖevimenɔɣi ƒe ƒe ade gbãtɔwo me. Ke dzinyelawo va gbe wo nɔewo. Togbɔ be ɖevi koe menye ɣemaɣi hã la, mese nu si srɔ̃gbegbe nye gɔme, eye wòte ɖe dzinye vevie. Le woƒe srɔ̃gbegbea megbe la, fofonye kple fonye tsi du si nye Troitsk me, eye danye kplɔm ɖe asi heʋu yi du si nye Chelyabinsk me. Emegbe danye ɖe srɔ̃ bubu. Danye srɔ̃ nye aha tsu nola, eye eƒoa mía kple danye siaa.
Le ƒe 1993 me la, tsi lé fonye wòku. Esia te ɖe míaƒe ƒomea dzi ŋutɔ. Esia na be danye va te ahanono, eye eya hã va nɔ ŋuta sẽm le ŋunye. Esia na meva nɔ tame bum le nye agbe ŋu. Nye didi vevi enye be woalɔ̃m ahatsɔ ɖe le eme nam. Mete sɔleme vovovowo dede be nye dzi nadze eme, gake gbeɖea koe.
ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ: Esi mexɔ ƒe 13 la, nye sukuxɔmehati aɖe si nye Yehowa Ðasefo la, gblɔ Biblia me ŋutinya aɖewo nam. Ame siwo ƒe ŋutinyawo do dzidzɔ nam wu le Biblia me lae nye Noa kple Hiob, ame siwo subɔ Mawu togbɔ be woto nɔnɔme sesẽwo me hã. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Ðasefowo dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplim eye mete woƒe kpekpewo dede.
Biblia sɔsrɔ̃ ʋu nye ŋkuwo meva ke ɖe nyateƒenya lédzinamewo ŋu. Edzɔ dzi nam ŋutɔ esi meva nyae be ŋkɔ le Mawu si. (Psalmo 83:19) Esi meva kpɔe be Biblia gblɔ ale si nuwo anɔ le “ŋkeke mamlɛawo me” la ɖi pɛpɛpɛ la, ewɔ nuku nam. (2 Timoteo 3:1-5) Eye ame kukuwo ƒe tsitretsitsia hã wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Esia fia be magakpɔ nɔvinyea ake!—Yohanes 5:28, 29.
Gake menye ame sia amee kpɔ dzidzɔ kplim o. Danye kple srɔ̃a melɔ̃ Yehowa Ðasefowo ƒe nya kura o. Wodze agbagba be yewoana madzudzɔ Biblia sɔsrɔ̃. Gake nu si srɔ̃m menɔ la dzɔ dzi nam, eye medzrom kura be madzudzɔ o.
Nye ƒometɔwo ɖe fu nam ale gbegbe. Kuxi sesẽ bubu aɖe si gado nuxaxa nam ye nye esi tsi lé nɔvinye ŋutsuvi suetɔ si mekplɔna ɖe asi yia Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo hã wòku. Le nɔnɔme sesẽ siawo katã me la, Ðasefoawo megblẽm ɖi o. Mekpɔ lɔlɔ̃ kple ɖetsɔleme si dim mele vevie le agbe me la le wo gbɔ. Meva de dzesii be subɔsubɔha vavãtɔ lae nye esia. Eye le ƒe 1996 me la, mexɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo.
VIÐE SIWO MEKPƆ: Ƒe ade aɖewoe nye esia si mía kple Dmitry míeɖe mía nɔewo—enye srɔ̃ŋutsu nyui aɖe ŋutɔ. Fifia mía kplii míele dɔ wɔm le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le St. Petersburg. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, dzinyelawo ƒe nɔnɔme ɖe Ðasefowo ŋu va trɔ.
Edzɔ dzi nam ŋutɔ be meva nya Yehowa. Esubɔsubɔ na meva le dzidzɔ kpɔm wu le agbe me.
“Nyabiase Geɖewo Ðe Fu Nam.”—RAUDEL RODRÍGUEZ RODRÍGUEZ
ƑE SI ME WODZII: 1959
DUKƆ SI ME WÒTSO: CUBA
AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: DUNYAHELA AGLÃDZELA
AGBE SI MENƆ TSÃ: Wodzim le Cuba ƒe du si nye Havana me, eye míenɔ nuto madeamedzi aɖe si me amewo lɔ̃a kɔdada le ablɔwo dzi la me. Esi menɔ tsitsim la, meva nɔ dzidzɔ kpɔm ɖe kɔdada si woyɔna be judo kple avuwɔɖaŋu bubuwo sɔsrɔ̃ ŋu.
Menya agbalẽ, eya ta dzinyelawo de dzi ƒo nam be made yunivɛsiti. Esi menɔ suku sia la, mekpɔe be ehiã be woawɔ tɔtrɔ aɖewo le míaƒe dukɔa ƒe dunyahenyawo me. Eya ta meɖoe be madze aglã. Mía kple nye sukuxɔmehati aɖe míedze kpovitɔ aɖe dzi be míaxɔ eƒe tu le esi. Ʋiʋli sia wɔe be kpovitɔa xɔ abi vevie ɖe eƒe ta. Wolé mí ame evea de gaxɔ me ɖe nuwɔna ma ta, eye wotso kufia na mí be woada tu mí. Nye, ƒe 20 vi, enye sia dze ŋgɔ ku!
Fifia si metsi akogo le gaxɔa me la, menɔ susuwo ɖem tso ale si mawɔ nui le ame siwo awum la ŋkume. Nyemedi be wòadze abe ɖe mele vɔvɔ̃m ene o. Le ɣeyiɣi ma ke me la, nyabiase geɖewo ɖe fu nam. Mebia ɖokuinye be: ‘Nu ka tae nu madzɔmadzɔ wɔwɔ bɔ ɖe xexea me alea? Agbea katã koe nye esia?’
ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ: Wova trɔ kufiatsotsoa be míanɔ gaxɔ me ƒe 30 boŋ. Ɣeyiɣi sia mee meke ɖe Yehowa Ðasefo siwo wode gaxɔ me le woƒe dzixɔsewo ta la ŋu. Ale si Ðasefoawo wɔa nu dzinɔameƒotɔe, evɔ wonye ame fafawo la wɔ dɔ ɖe dzinye. Togbɔ be womedze agɔ aɖeke hafi le gaxɔa me o hã la, womedo dziku o.
Ðasefoawo fiam be Mawu ɖo tame nyui aɖe ɖe ameƒomea ŋu. Wofiam le Biblia me be atrɔ anyigba la wòazu paradiso, eye nu vlo kple nu madzɔmadzɔ wɔwɔ maganɔ anyi o. Wogafiam hã be ame nyuiwo anɔ anyigba dzi, eye mɔnukpɔkpɔ asu wo si be woanɔ agbe tegbee le nɔnɔme deamedziwo me.—Psalmo 37:29.
Nu siwo srɔ̃m menɔ tso Ðasefoawo gbɔ la do dzidzɔ nam, gake mekpɔe be nye agbenɔnɔ mate ŋu asɔ kple wo tɔ kura o. Mesusui be nyemate ŋu anye ame si medea akpa aɖeke dzi le dunya me, alo anye ame fatu o. Eya ta meɖoe be nye ŋutɔ manɔ Biblia xlẽm ko. Esi mexlẽ Biblia vɔ la, meva de dzesii be Yehowa Ðasefowo ko ƒe nuwɔnae ɖi Kristotɔ siwo nɔ anyi le blema la tɔ.
Biblia sɔsrɔ̃ na meva kpɔe be ele be mawɔ tɔtrɔ gã aɖewo le agbe me. Le kpɔɖeŋu me, ele be matrɔ asi le nye nuƒoƒo ŋu, elabena medzua ame kabakaba. Ele be madzudzɔ atamanono hã. Eye afia hã be maganɔ dunyaheha aɖeke dzi dem o. Tɔtrɔ siawo wɔwɔ menɔ bɔbɔe nam kura o, gake vivivi la, Yehowa kpe ɖe ŋunye mewɔ tɔtrɔ siwo hiã la.
Tɔtrɔ siwo sesẽ nam wu dometɔ ɖekae nye ale si malé nye dziku nu. Megadoa gbe ɖa tso esia ŋu kokoko. Mawunyakpukpuiwo abe Lododowo 16:32 ene kpe ɖe ŋunye ŋutɔ. Afi ma gblɔ be: “Dzigbɔɖitɔ nyo wu kalẽtɔ, eye ame si ɖua eɖokui dzi la, nyo wu duwo xɔla.”
Le ƒe 1991 me la, mexɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo. Gaxɔa mee wonyrɔm le le gago aɖe me. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, woɖe asi le mí gamenɔla aɖewo ŋu, eye woɖo mí ɖe Spain, elabena míaƒe ƒometɔwo le afi ma. Esi menya ɖo Spain teti ko la, medze Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo dede gɔme. Ðasefo siwo le afi ma xɔm atuu abe ɖe menɔ wo dome xoxoxo ene, eye wokpe ɖe ŋunye magadze agbe gɔme.
VIÐE SIWO MEKPƆ: Fifia mele dzidzɔ kpɔm be mía kple srɔ̃nye kpakple mía vinyɔnu eveawo míele Mawu subɔm. Mɔnukpɔkpɔ su asinye be mazã nye ɣeyiɣiawo ƒe akpa gãtɔ atsɔ anɔ Biblia fiam amewo. Ɣeaɖewoɣi la, nye susu yia nye ɖekakpuimenɔɣi, esime wowum kloe la dzi, eye mekpɔa ŋudzedze ɖe yayra siwo su asinye fifia la ŋu ŋutɔ. Menye ɖeko metsi agbe o, ke mɔkpɔkpɔ su asinye hã. Mele mɔ kpɔm na Paradiso si ŋugbe wodo la—ɣeyiɣi si me nu dzɔdzɔe wɔwɔ axɔ aƒe ɖi, eye “ku maganɔ anyi o.”—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 19]
“Edzɔ dzi nam ŋutɔ esi meva nyae be ŋkɔ le Mawu si”
[Nɔnɔmetata si le axa 20]
Edzɔa dzi na mía kple srɔ̃nye be míafia nu amewo le tokunɔgbe me