Hadzidzi 13
Akpedagbedodoɖa
1. Oo Yehowa, míeda akpe na wò.
Oo Amenuvela, míekafu wò.
Wòe nye Gbedodoɖasela Gã la;
Nèwɔa nu siwo míedoa gbe ɖa bia.
Míaƒe nu vɔ̃wo sɔ gbɔ ɖe mía dzi;
Fofo, míeɖe kuku, tsɔ wo ke mí.
Kpɔ ɖa! Viwò ƒe ʋu nètsɔ ƒle mí;
Míedi be nàfia nu mí ɣesiaɣi.
2. Dzidzɔ wònye na mí be nèkpe mí
Be míava xɔ mɔfiame wò’aƒe me.
Fia nu mí ne wò Nya la nakplɔ mí,
’Labe gbɔwò nɔnɔ dzɔa dzi na mí.
Wò ŋusẽ gã la ŋu míeɖoa ŋu ɖo;
Enana míedoa dzi, léa dzi ɖe ƒo.
Wò Fiaɖuƒe la ava xɔ na mí;
Míaɖe gbeƒãe l’anyigba katã dzi.
3. Dzi dzɔa mí be nèléa ŋku ɖe mía ŋu.
Oo, kpe ɖe mía ŋu míasubɔ wò ɖaa.
Míele mɔ kpɔm na wò Fiaɖuƒe la
Be wòava ɖe dɔléle kple ku ɖa.
Viwò atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖi’o katã
Be míakpɔ dzidzɔ kple ŋutifafa.
Míadzi aseyetsoha agblɔ be:
“Ma’u, wòe dze na kafukafu tegbee!”
(Kpɔ Ps. 65:2, 4, 11; Flp. 4:6 hã.)