INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Prophecy—A Perfect Record
    Gbetakpɔxɔ—2012 | June 1
    • Aleksanda Gãtɔ

      Nyagblɔɖiwo Va Eme Pɛpɛpɛ

      “Nya aɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa, mia Mawu la, gblɔ na mi la me o.”​—YOSUA 23:14.

      MƆ KA NUE BIBLIA TO VOVO LE? Wonya blema afakalawo nyuie be woƒe nyawo metoa mɔ ɖeka o, womate ŋu aka ɖe wo dzi o, eye nenema kee wòle le egbegbe ɣletivimefakalawo hã gome. Ame siwo be yewogblɔa etsɔme ɖi la tua woƒe nyawo ɖe nu siwo le dzɔdzɔm egbea dzi, eye ƒãa ŋutɔ hafi wodzea agbagba be yewoagblɔ nu siwo ava dzɔ ƒe alafawo megbe la ɖi. Gake Biblia ya gblɔa nyawo ɖi tsitotsito, eye wovaa eme hã, ne keke ‘blema kee wògblɔ nu si gbɔna dzɔdzɔ ge la fia’ gɔ̃ hã.—Yesaya 46:10.

      ESIA ƑE KPƆÐEŊU: Le ƒe alafa adelia Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli la, nyagblɔɖila Daniel kpɔ ŋutega aɖe si ɖe ale si Helatɔwo aɖu Medo-Persia fiaɖuƒea dzi le ɣeyiɣi kpui aɖe me la fia. Egblɔ ɖi hã be ne “ŋusẽ ɖo” Hela fia aʋadziɖulaa ŋu la, eƒe fiaɖuɖua ‘aŋe,’ si nye kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ si fia be enu ayi. Ame kawoe axɔ ɖe eteƒe? Daniel ŋlɔ bena: “Fiaɖuƒe ene atso dukɔ la me, ke womasesẽ ade eya nu o.”—Daniel 8:5-8, 20-22.

      NU SI ŊUTINYAŊLƆLAWO GBLƆ: Ƒe 200 kple edzivɔ le Daniel ƒe ɣeyiɣiawo megbe la, Aleksanda Gãtɔ va zu Hela fia. Aleksanda ɖu Medo-Persia fiaɖuƒea dzi, eye wòkeke Hela Fiaɖuƒea ɖe nu va se ɖe keke Indus Tɔsisia (si le Pakistan egbea) nu le ƒe ewo pɛ ko me. Gake eku kpata esime wòxɔ ƒe 32 pɛ ko. Mlɔeba, aʋa aɖe si wowɔ le afi si te ɖe Ipsus ŋu le Asia Sue la na eƒe fiaɖuƒea ma. Ame ene siwo ɖu aʋa ma dzi la va ma Hela Fiaɖuƒea ɖe wo nɔewo dome. Ke hã, wo dometɔ aɖeke mete ŋu kpɔ ŋusẽ abe Aleksanda ene o.

      NU KAE NYE WÒ SUSU? Ðe agbalẽ bubu aɖe li si hã ƒe nyagblɔɖiwo vaa eme ɣesiaɣia? Alo Biblia gome ko wòle nenema?

      “Biblia ƒe nyagblɔɖiwo . . . sɔ gbɔ ale gbegbe be manya wɔ be wo me vava nanye nudogoɖenunu aɖe ko o.”—A LAWYER EXAMINES THE BIBLE, SI IRWIN H. LINTON ŊLƆ

  • Ŋutinya, Ke Menye Nyakpakpa O
    Gbetakpɔxɔ—2012 | June 1
    • Ŋutinya, Ke Menye Nyakpakpa O

      “Meku nuwo katã me tsitotsito tso gɔmedzedzea me.”​—LUKA 1:3.

      MƆ KA NUE BIBLIA TO VOVO LE? Nya wɔdɔɖeamedziwo nɔa glitotowo kple nyakpakpawo me, ke hã womeƒoa nu tso afi si tututu nuwo dzɔ le, ɣeyiɣi si me wodzɔ, kple ame siwo nɔ anyi kpɔ la ŋu o. Gake Biblia ya gblɔ ŋutinya me nya vevi geɖe siwo naa exlẽlawo kana ɖe edzi be “emenyawo nye nyateƒe matrɔmatrɔ.”​—Psalmo 119:160, The Psalms for Today, R. K. Harrison ƒe gɔmeɖeɖe.

      ESIA ƑE KPƆÐEŊU: Biblia gblɔ be “Babel-fia Nebukadnezar . . . [kplɔ Yuda Fia] Yoyaxin yi Babel.” Emegbe “Babel-fia Ewil Merodax ɖe Yuda-fia Yoyaxin tso gaxɔ me le ƒe si me wòzu fia.” Eye wògblɔ kpee be, “[Yoyaxin xɔ] gbe sia gbe nuɖuɖu, si wòhiã gbe sia gbe la, tso Babel-fia gbɔ le eƒe agbe me ŋkekewo katã me.”​—2 Fiawo 24:11, 15; 25:27-30.

      NU SI ŊU TOMENUKULAWO KE ÐO: Le nu siwo ŋu tomenukulawo ke ɖo le blema Babilon glikpowo domee me la, wokpɔ dziɖuɖu ƒe nuŋlɔɖi siwo wobu akɔnta be wonɔ anyi tso Nebukadnezar II ƒe dziɖuɣi. Woŋlɔ nuɖuɖu siwo wonana gamenɔlawo kple ame bubu siwo nɔ fiaa ƒe dzikpɔkpɔ te la ɖe wo dzi. Wo dometɔ aɖewoe nye “Yaukin [Yoyaxin],” ame si nye “Yahud (Yuda) nyigba ƒe fia” kple eƒe aƒemetɔwo. Ke Ewil Merodax, ame si va xɔ ɖe Nebukadnezar teƒe, ƒe anyinɔnɔ kpɔ ŋu nyaa ya ɖe? Wokpɔ seƒoƒoze aɖe le afi si te ɖe dugã Susa ŋu si dzi woŋlɔ ɖo be: “Babilon Fia Amil-Marduk [Ewil Merodax], si nye Babilon Fia Nebukadnezar ƒe vi la, ƒe fiasã.”

      NU KAE NYE WÒ SUSU? Ðe blema subɔsubɔ ŋuti gbalẽ aɖe gali si gblɔ ŋutinyawo pɛpɛpɛ alea? Alo Biblia gome ko wòle nenema?

      [Nya si ɖe dzesi si le axa 5]

      “[Biblia] ƒe ɣeyiɣi ŋuti kɔntabubuwo kple nya siwo wògblɔ tso teƒewo ŋu la de pɛpɛpɛ, eye kakaɖedzi le wo ŋu wu blemagbalẽ bubuawo katã.”​—A SCIENTIFIC INVESTIGATION OF THE OLD TESTAMENT, SI ROBERT D. WILSON ŊLƆ

      [Nɔnɔmetata si le axa 5]

      Babilontɔwo ƒe nuŋlɔɖi si dzi Yuda Fia Yoyaxin ƒe ŋkɔ le

      [Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 5]

      © bpk, Berlin/Vorderasiatisches Museum, SMB/Olaf M. Tessmer/Art Resource, NY

  • Ede Pɛpɛpɛ Le Dzɔdzɔmeŋutinunya Gome
    Gbetakpɔxɔ—2012 | June 1
    • Ame aɖe le asi klɔm

      Ede Pɛpɛpɛ Le Dzɔdzɔmeŋutinunya Gome

      “Ðe nyemeŋlɔ nya vevi, siwo me aɖaŋuɖoɖo kple sidzedze le la, na wò, ne mafia wò be, nyateƒenyawo le eteƒe . . . oa?”​—LODODOWO 22:20, 21.

      MƆ KA NUE BIBLIA TO VOVO LE? Nya totro geɖewo kple aɖaŋuɖoɖo siwo ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu la dze le blemagbalẽwo me, ke hã egbegbe dzɔdzɔmeŋutinunya ɖee fia be nya mawo nye aʋatso. Egbea gɔ̃ hã la, agbalẽŋlɔlawo gbugbɔ trɔa asi le nusrɔ̃gbalẽwo ŋu be woawɔ ɖeka kple gɔmesese yeyewo. Gake Biblia ya ɖee fia be Wɔla lae nye eŋlɔla, eye be eƒe Nya la “nɔa anyi tegbee.”​—1 Petro 1:25.

      ESIA ƑE KPƆÐEŊU: Wode se na Israel viwo le Mose ƒe Sea me be woaɖi nugodo ɖe do me le “asaɖa godo.” (5 Mose 23:13, 14) Ne Israel vi aɖe ka asi lã alo ame kuku aɖe ŋu la, ele be wòatsɔ tsi aklɔ ɖia le eɖokui ŋu. (3 Mose 11:27, 28; 4 Mose 19:14-16) Le Israel viwo ŋɔli la, womeɖea mɔ na ame si ŋu anyi, alo kpodɔ le la be wòanɔ ame dome o, va se ɖe esime wolé ŋku ɖe eŋu hekpɔe be ame bubuwo magate ŋu axɔ dɔa le eŋu o ko hafi.​—3 Mose 13:1-8.

      NU SI EGBEGBE ATIKEWƆNYAWO ÐE FIA: Nugodo gbɔ kpɔkpɔ nyuie, asikɔklɔ, kple ame siwo ŋu dɔxɔleameŋu le ɖeɖe ɖe aga gakpɔtɔ nye mɔ nyui siwo dzi woato aƒo asa na dɔléle. United States ƒe habɔbɔ aɖe (Centers for Disease Control and Prevention) ɖo aɖaŋu be ne agboti alo nugododeƒe mete ɖe ŋuwò o la, “ele be afi si nàde nugodo ɖo la nadidi tso afi si tsidzɔƒe le meta 30 ya teti, eye nàɖe do aɖii ɖe eme.” Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔ ka nya ta be ne nutoa me tɔwo ɖia nugodo nyuie la, eɖea mitsinyenyedɔ dzi kpɔtɔna ŋutɔ. Le ƒe siwo mede 200 o siwo va yi me la, Ðɔktawo de dzesii be asimaklɔmaklɔ le asikaka ame kuku ŋu vɔ megbe na yewode dɔ lã me na ame geɖe. United States habɔbɔa gblɔ be, asikɔklɔ nye “mɔnu aɖe si dzi wotona ƒoa asa na dɔléle geɖewo.” Ke kpodɔ, alo dɔ bubu lélawo ɖeɖe ɖe aga ya ɖe? Lãmesẽnyawo ŋuti gbalẽ aɖe gblɔ nyitsɔ laa be: “Ne dɔvɔ̃ aɖe do mo ɖa teti la, ameɖeɖe ɖe aga koe nye mɔ nyuitɔ si dzi woato alé enu.”​—Saudi Medical Journal.

      NU KAE NYE WÒ SUSU? Ðe nàkpɔ mɔ be blema agbalẽ kɔkɔe bubu aɖe me nyawo nawɔ ɖeka kple egbegbe dzɔdzɔmeŋutinunya alea? Alo Biblia gome ko wòle nenema?

      “Dzadzɛnyenye ŋuti mɔfiame nyui siwo ŋu dɔ wowɔ le Mose ŋɔli la wɔa dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ.”​—MANUAL OF TROPICAL MEDICINE, SI ÐƆKTA ALDO CASTELLANI KPLE ÐƆKTA ALBERT J. CHALMERS ŊLƆ

  • Emenyawo Wɔ Ðeka
    Gbetakpɔxɔ—2012 | June 1
    • Biblia la ŋlɔla

      Emenyawo Wɔ Ðeka

      “Nyagblɔɖi aɖeke metso ame ƒe lɔlɔ̃nu me ɣeaɖekeɣi kpɔ o, ke boŋ gbɔgbɔ kɔkɔe ye ʋã amewo wogblɔ Mawu ƒe nyawo ɖi.”​—2 PETRO 1:21.

      MƆ KA NUE BIBLIA TO VOVO LE? Blemagbalẽ siwo woŋlɔ le ɣeyiɣi ɖeka me la gɔ̃ hã me nyawo tsia tre ɖe wo nɔewo ŋu zi geɖe. Ƒãa ŋutɔ hafi agbalẽ siwo ame vovovowo ŋlɔ, le teƒe vovovowo kple ɣeyiɣi vovovowo me la dea nu wo nɔewo me nyuie. Ke hã le Biblia ƒe nya nu la, Ame ɖeka koe nye agbalẽ 66 siwo katã le eme la ŋlɔla, si wɔe be emenyawo de nu wo nɔewo me hewɔ ɖeka.​—2 Timoteo 3:16.

      ESIA ƑE KPƆÐEŊU: Mose, si nye alẽkplɔla le ƒe alafa 16 lia Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli la, ŋlɔ ɖe Biblia ƒe agbalẽ gbãtɔ me be ‘dzidzimevi’ aɖe ava na ɖeɖe ameƒomea. Eŋlɔ le agbalẽ ma ke me emegbe be dzidzimevia ava nye Abraham, Isak, kple Yakob ƒe dzidzimevi. (1 Mose 3:15; 22:17, 18; 26:24; 28:14) Abe ƒe 500 ene megbe la, nyagblɔɖila Natan gblɔe ɖi be dzidzimevia ado tso David ƒe fiaƒomea me. (2 Samuel 7:12) Ƒe akpe ɖeka le esia megbe la, Apostolo Paulo ɖe eme be Yesu kple eyomedzela tiatia aɖewoe anye dzidzimevi la. (Romatɔwo 1:1-4; Galatiatɔwo 3:16, 29) Mlɔeba le ƒe alafa gbãtɔ Mía Ŋɔli ƒe nuwuwu lɔƒo la, Biblia gbalẽ mamlɛtɔ gblɔe ɖi be dzidzimevia me tɔwo aɖi ɖase tso Yesu ŋu le anyigba dzi, woafɔ wo ɖe tsitre woayi dziƒo, eye woaɖu fia kplii ƒe 1,000. Ame siwo ƒo ƒu nye dzidzimevi la atsrɔ̃ Abosam ahaɖe ameƒomea.​—Nyaɖeɖefia 12:17; 20:6-10.

      NYA SI BIBLIA ŊUTI NUMEÐELAWO GBLƆ: Esi Louis Gaussen dzro Biblia gbalẽ 66-awo me tsitotsito vɔ la, eŋlɔ bena nu si wɔ mo yaa na yee nye ale si “agbalẽ sia si ame gbogbo mawo gbegbe ŋlɔ le ƒe akpe ɖeka alafa atɔ̃ me la me nyawo wɔ ɖekae, . . . azɔ hã wo katã wozɔ ɖe ɖoɖo ɖeka dzi, woƒe nu sɔ abe ke ɖe woɖoe ɖi ene, eye woɖo nyataƒonya vevi ɖeka gbɔ, si nye ameƒomea ƒe ɖeɖekpɔkpɔ to Mawu ƒe Via dzi la ƒe ŋutinya.”​—Theopneusty—The Plenary Inspiration of the Holy Scriptures.

      NU KAE NYE WÒ SUSU? Ðe nàkpɔ mɔ be agbalẽ si ame abe 40 ene tsɔ ƒe 1,500 kple edzivɔ ŋlɔ la me nyawo nade nu wo nɔewo me bliboea? Alo Biblia gome ko wòle nenema?

      “Ne wotsɔ nuŋlɔɖi siawo ƒo ƒu la, edzena ƒãa be agbalẽ ɖeka ko wònye . . . Agbalẽ bubu aɖeke meli si le abe eya ene pɛpɛpɛ, alo de eɖi ge gɔ̃ hã o.”​—THE PROBLEM OF THE OLD TESTAMENT, SI JAMES ORR ŊLƆ

  • Eɖea Vi Egbea
    Gbetakpɔxɔ—2012 | June 1
    • Eɖea Vi Egbea

      “Wò nya enye akaɖi na nye afɔ kple kekeli na nye toƒe.”​—PSALMO 119:105.

      MƆ KA NUE BIBLIA TO VOVO LE? Agbalẽ aɖewo me nyawo nya se ŋutɔ, gake womabu wo be wonye agbalẽ siwo ate ŋu afia mɔ nyuitɔ ame le agbe me o. Eye ehiãna be woanɔ asi trɔm le egbegbe mɔfiamegbalẽwo ŋu edziedzi. Ke hã, Biblia ya gblɔ be “nu siwo katã woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔ wo ɖi le míaƒe nufiafia ta.”​—Romatɔwo 15:4.

      ESIA ƑE KPƆÐEŊU: Togbɔ be menye atikewɔgbalẽe Biblia nye o hã la, aɖaŋuɖoɖo nyui siwo ate ŋu akpe ɖe ame ŋu wòanɔ lãmesẽ me le ŋutilã kple seselelãme gome le eme. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ be “dzi nyodɔme enye agbe le lã me.” (Lododowo 14:30) Biblia xlɔ̃ nu hã be: “Ame si ɖe eɖokui ɖe aga le eya ŋutɔ ƒe dzodzro yome dim la, etsia tre ɖe nunyanyawo katã ŋu.” (Lododowo 18:1) Egagblɔ hã be, “dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.”​—Dɔwɔwɔwo 20:35.

      NU SI NUMEKUKUWO ÐE FIA: Tufafa, xɔlɔ̃kadodo kplikplikpliwo, kple dɔmenyowɔwɔ ate ŋu ana nànɔ lãmesẽ me. Agbalẽ aɖe (The Journal of the American Medical Association) gblɔ be: “Gbagbadɔ dzea ŋutsu siwo doa dziku helĩhelĩ la dzi bɔbɔe wu ŋutsu siwo ɖua woƒe dziku dzi.” Numekuku si wowɔ ƒe ewo le Australia ɖee fia be ame tsitsi siwo si “xɔlɔ̃ kplikplikpliwo le, eye ame le wo si wogblɔa woƒe dzimenyawo na la,” nɔa agbe didi wu. Le ƒe 2008 me la, numekula siwo le Canada kple United States de dzesii be “gazazã ɖe ame bubuwo ŋu hea dzidzɔ vanɛ wu be woazãe ɖe ame ɖokui ŋu.”

      NU KAE NYE WÒ SUSU? Ne agbalẽ bubu aɖe si woŋlɔ ƒe 2,000 kloe ye nye esi va yi ɖo aɖaŋu ku ɖe lãmesẽnyawo ŋu la, àka ɖe edzia? Alo Biblia gome ko wòle nenema?

      [Nɔnɔmetata ŋu nya si le axa 8]

      “Biblia me nyawo wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe . . . elabena atikewɔwɔ ŋuti aɖaŋuɖoɖo nyuiwo le eme.”​—HOWARD KELLY, M.D., SUKU KƆKƆ SI NYE JOHNS HOPKINS UNIVERSITY SCHOOL OF MEDICINE ƑE AKAMETIWO DOMETƆ ÐEKA

  • “Esiae Nye Agbe Mavɔ La”
    Gbetakpɔxɔ—2012 | June 1
    • “Esiae Nye Agbe Mavɔ La”

      “Esiae nye agbe mavɔ la: be woanɔ wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la, ŋuti sidzedze xɔm.”​—YOHANES 17:3.

      SIDZEDZE ate ŋu axɔ ame ɖe agbe. Esi Nouhou, si xɔ ɣleti ewo, ƒe lãme gblẽ la, dadaa si nye kɔdzidɔwɔla le Niger la nya nu si wòle be yeawɔ. Ede dze kple sukli tsi nyui me hekpe na via, bene tsi nagaɖo lãme nɛ. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ðeviwo Ŋu Nyagbɔkpɔha (UNICEF) ka nya ta be, esi wòtso ɖe via ŋu “kaba, eye wònye kɔdzidɔwɔla hã ta la, via ƒe lãme sẽ kaba.”

      Biblia ŋuti sidzedze hã xɔa ame ɖe agbe. Mose, si nye Biblia ŋlɔla gbãtɔ, gblɔ be: “Menye nya gbɔlo wonye na mi o, ke boŋ miaƒe agbee; eye nya sia ana mianɔ agbe didie.” (5 Mose 32:47) Ðe Biblia ate ŋu adidi míaƒe agbenɔƒewo ɖe edzi vavã? Mɔ ka nue wòate ŋu anye míaƒe agbe le?

      Nyati atɔ̃ siwo do ŋgɔ ɖee fia be Biblia nye agbalẽ si ɖeke mesɔ kplii o le ale si kakaɖedzi le eƒe nyagblɔɖiwo ŋu, ale si wòde pɛpɛpɛ le ŋutinya kple dzɔdzɔmeŋutinya gome, ale si emenyawo wɔ ɖeka, kpakple ale si eƒe mɔfiamewo ɖea vii gome. Esia ɖo kpe edzi be Biblia le etɔxɛ. Eya ta ne wogblɔ le eme be afia ale si míawɔ anɔ agbe tegbee mí la, ke ɖe mele be míadzro eme nyuie oa?

      Míade dzi ƒo na wò be nàsrɔ̃ nu tso ale si Biblia ŋuti sidzedze vavãtɔ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be wò susu nadze akɔ anyi fifia, eye nàkpɔ dzidzɔ le etsɔme la ŋu. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò be sidzedze ma nasu asiwò.

      [Aɖaka/​Nɔnɔmetata si le axa 9]

      Nu si hã na Biblia le etɔxɛ ye nye be, ena míekpɔ ŋuɖoɖo na biabia veviwo abe:

      • Nu ka tae míele afi sia?

      • Nu ka tae fukpekpe bɔ alea gbegbe ɖo?

      • Ðe mɔkpɔkpɔ aɖe li na nye ame vevi siwo kua?

      Àte ŋu akpɔ ale si Biblia ɖo biabia siawo ŋui le agbalẽ sia, Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? Yehowa Ðasefowoe tae.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe