INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • January 24 Ƒe Kwasiɖa
    Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011 | January
    • January 24 Ƒe Kwasiɖa

      JANUARY 24 ƑE KWASIÐA

      Hadzidzi 53 Kple Gbedodoɖa

      □ Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃:

      ol ta 6 mm. 1-6 (25 min)

      □ Teokrasi Subɔsubɔ Suku:

      Biblia xexlẽ: Ezra 6-10 (10 min)

      No. 1: Ezra 7:1-17 (4 min alo made o)

      No. 2: Ale Si Yesu Ðee Fia Be Yedze Aɖu Fia (5 min)

      No. 3: Mawue Yesu Kristo Nye Nyateƒea?—rs-E axa 212 mm. 1-2; +w05 9/15 axa 7 aɖaka (5 min)

      □ Subɔsubɔ Kpekpe:

      Hadzidzi 30

      5 min: Gbeƒãɖeɖewo. Yɔ agbalẽ si míana le February me, eye nàna woawɔ enana ƒe wɔwɔfia ɖeka.

      20 min: “Ðoɖo Aɖe Si Le Kpekpem Ðe Ƒomewo Ŋu.”—Akpa 1. (Midzro memama 1-6 kple aɖaka si le axa 6 lia me.) Nyabiabia kple ŋuɖoɖo. De dzi ƒo na nyaselawo be woadze agbagba awɔ aɖaŋuɖoɖo siwo le aɖaka si le axa 6 lia me la ŋu dɔ le Ƒometadedeagu si woagawɔ la me. Gblɔ na wo be, mɔnukpɔkpɔa asu wo si be woagblɔ ale si esia wɔwɔ ɖe vi na woƒe ƒomea, ne míedzro nyatia ƒe akpa susɔea me le kwasiɖa si gbɔna me.

      10 min: Dzra Ðo Ðe Magazinewo Nana Le February Me Ŋu. Numedzodzro. Tsɔ miniti ɖeka alo eve dzro magazineawo me nyawo me. Eyome tia nyati eve alo etɔ̃, eye nàkpe nyaselawo woagblɔ nyabiase kple mawunyakpukpui siwo wokpɔ be woate ŋu azã le magazineawo nana me. Na woawɔ ale si woate ŋu ana magazineawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe wɔwɔfiawo.

      Hadzidzi 32 Kple Gbedodoɖa

  • Ðoɖo Aɖe Si Le Kpekpem Ðe Ƒomewo Ŋu
    Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011 | January
    • Ðoɖo Aɖe Si Le Kpekpem Ðe Ƒomewo Ŋu

      1. Alekee kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Sabat la ɖe vi na Israel viwo ƒe ƒomewo?

      1 Sabat la ɖuɖu nye ɖoɖo si me lɔlɔ̃ le, si Yehowa wɔ, si ɖe vi na ƒomewo le blema. Israel viwo ɖina ɖe eme tso woƒe gbe sia gbe dɔwo me eye wokpɔa ɣeyiɣi dea ŋugble le Yehowa ƒe nyuiwɔwɔwo kple wo kplii dome ƒomedodo ŋu. Ɣemaɣi la, dzilawo tea ŋu wɔa mɔnukpɔkpɔ sia ŋu dɔ tsɔ ƒãa Se la ɖe dzi me na wo viwo. (5 Mose 6:6, 7) Sabat la na mɔnukpɔkpɔ Yehowa ƒe amewo kwasiɖa sia kwasiɖa, be woatsɔ woƒe susu aɖo gbɔgbɔmenuwo ŋu.

      2. Nu kae Sabat la fia mí tso Yehowa ŋu?

      2 Enye nyateƒe be Yehowa megabia tso ƒomewo si egbea be woaɖu Sabat o. Gake se ma fia nane mí tso Mawu ŋu. Eyae nye be, etsɔa ɖe le eƒe amewo ƒe gbɔgbɔmededienɔnɔ me vevie ɣesiaɣi. (Yes. 48:17, 18) Egbea la, mɔ ɖeka si dzi Yehowa ɖea ɖetsɔleme sia si me lɔlɔ̃ le la fiana le ye nye to Ƒometadedeagu fiẽsi ƒe ɖoɖoa dzi.

      3. Nu ka tae wowɔ Ƒometadedeagu fiẽsi ƒe ɖoɖo la ɖo?

      3 Nu Ka Tae Wowɔ Ƒometadedeagu Fiẽsi Ƒe Ðoɖo La? Le January 2009 me la, wodze Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ wɔwɔ le ɣetrɔ si me míewɔa Teokrasi Subɔsubɔ Suku kple Subɔsubɔ Kpekpea la ke dzi. Susu ɖeka aɖe si tae wowɔ tɔtrɔ sia ɖoe nye be woana mɔnukpɔkpɔ ƒomewo be woaɖo ɣetrɔ aɖe koŋ ɖi kwasiɖa sia kwasiɖa hena ƒometadedeagu ahato esia dzi atu woƒe gbɔgbɔmemenyenye ɖo. Wode dzi ƒo na ƒome ɖe sia ɖe be, ne anya wɔ la, woawɔ woƒe ƒomenusɔsrɔ̃ le zã si me wowɔa agbalẽ me nusɔsrɔ̃ le tsã eye woazã ɣeyiɣi ma atsɔ awɔ Biblia nusɔsrɔ̃ le dziɖeɖi me eye nusɔsrɔ̃ la nasɔ ɖe ƒomea ƒe nuhiahiãwo nu.

      4. Gaƒoƒo ɖeka tututu koe wòle be ƒomea nazã atsɔ awɔ woƒe nusɔsrɔ̃a? Ðe eme.

      4 Tsã la, hafi míayi Hame ƒe Agbalẽ me Nusrɔ̃ƒe la, ehiãna be míazã ɣeyiɣi atsɔ adzra ɖo, azɔ mɔ, kple bubuawo. Le mí ame akpa gãtɔ gome la, míezãa gaƒoƒo geɖe ɖe dzadzraɖo ŋu hafi tea ŋu dea kpekpe sia si xɔa gaƒoƒo ɖeka ko la. Fifia la, esi wotrɔ asi le míaƒe kpekpewo dede ƒe ɖoɖowɔɖia ŋu alea ta la, míate ŋu asubɔ Yehowa abe ƒome ene le fiẽ sia si zu mía tɔ la me. Eya ta, mele be míaɖoe be gaƒoƒo ɖeka koe míaƒe Ƒometadedeagu la axɔ o. Ke boŋ, ele be míade ŋugble tso míaƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo kple ŋutetewo ŋu nyuie ahaɖo ɣeyiɣi si asɔ la.

      5. Ðe wòle be ƒomea nazã ɣeyiɣi la katã atsɔ asrɔ̃ nu ɖekaea? Ðe eme.

      5 Ðe Wòle Be Woazã Ɣeyiɣi La Katã Atsɔ Asrɔ̃ Nu Ðekaea? Ne atsu kple asiwo kpakple srɔ̃tɔ siwo si viwo le dzro Ŋɔŋlɔawo me nyawo me ɖekae la, wodea dzi ƒo na wo nɔewo. (Rom. 1:12) Enana be ƒomea wɔa ɖeka. Eya ta, ele be Ŋɔŋlɔawo me nyawo me dzodzro nawɔ akpa vevitɔ le míaƒe Ƒometadedeagu me. Ke hã, ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe agate ŋu asrɔ̃ nu le eɖokui si faa. Le kpɔɖeŋu me, le nusɔsrɔ̃ ɖekae vɔ megbe la, ƒomea ate ŋu aganɔ du esime ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe anɔ nu srɔ̃m le eɖokui si, ɖewohĩ anɔ kpekpeawo ƒe akpa si susɔ nɛ la dzram ɖo alo anɔ magazinewo xlẽm. Ƒome aɖewo tiae be yewomasi television le fiẽ ma katã me o.

      6. Aleke wòle be woawɔ nusɔsrɔ̃ lae?

      6 Aleke Wòle Be Woawɔ Nusɔsrɔ̃ Lae? Menye nyabiabia kple ŋuɖoɖo ƒe numedzodzro koe wòhiã be wòanye ɣesiaɣi o. Be agbe nanɔ Ƒometadedeagua me eye wòavivi la, ɖoɖowɔɖi si sɔ kple míaƒe kwasiɖa domedome kpekpe si míedena la tɔ le ƒome geɖe si. Womaa woƒe numedzodzroa me ɖe akpa vovovowo me eye wowɔa wo le mɔ vovovowo nu. Le kpɔɖeŋu me, wotea ŋu xlẽa Biblia la ɖekae, dzraa kpekpeawo ƒe akpa aɖe ɖo, eye wowɔa wɔwɔfia siwo woazã le gbeadzi la hã. Wona esia ŋuti aɖaŋuɖoɖo aɖewo le axa 6 lia.

      7. Nɔnɔme ka mee wòle be dzilawo nawɔ nusɔsrɔ̃a le?

      7 Nɔnɔme Ka Me Wòle Be Dzilawo Nawɔ Nusɔsrɔ̃a Le? Miaƒe ƒomea asrɔ̃ nu geɖe wu ŋutɔ ne miewɔ Ƒometadedeagua le lɔlɔ̃ kple dziɖeɖi me. Miate ŋu asrɔ̃ nua le xexe ɣeaɖewoɣi ne yame ƒe nɔnɔmewo de ame dzi. Miate ŋu agbɔ ɖe eme faa zi ale si nu miedi ne ehiã. Ƒome aɖewo noa nu fafɛwo le nusɔsrɔ̃a megbe. Togbɔ be mele be dzilawo nazã Ƒometadedeagu fiẽsi la atsɔ ahe nya ɖe ɖeviawo ŋu alo ahe to na wo o hã la, ate ŋu ahiã be woazã ɣeyiɣi aɖe atsɔ aƒo nu tso nɔnɔme aɖe alo kuxi aɖe koŋ si wode dzesii la ŋu. Gake anyo wu be woadzro nya sesẽ siwo ku ɖe ɖevi aɖe ɖeɖe ko ŋu la me le ŋkeke bubu dzi le kwasiɖaa me bene ŋu nagakpe ɖevia le nɔviawo ŋkume o. Mele be Ƒometadedeagu fiẽsi ƒe wɔnaa nanɔ kplalaa eye vivisese aɖeke manɔ eme o, ke boŋ ele be wòaɖe Mawu dzidzɔtɔ si míesubɔna la ƒe nɔnɔme afia.—1 Tim. 1:11.

      8, 9. Nu kae dzadzraɖo ɖe ƒomenusɔsrɔ̃ ŋu bia tso ƒome ƒe tawo si?

      8 Aleke Ƒomea Ƒe Ta Ate Ŋu Adzra Ðo? Ƒomea akpɔ viɖe geɖe ne ƒomea ƒe ta dzra ɖo ɖe Ƒometadedeagu la ŋu do ŋgɔ, le mɔ sia nu be, atia nyati si me woate ŋu adzro ahatso nya me le mɔ nyuitɔ si nu woadzro eme le. (Lod. 21:5) Srɔ̃ŋutsu awɔe nyuie ne ebia srɔ̃a ƒe nukpɔsusu le esia ŋu. (Lod. 15:22) Ƒome ƒe tawo, ɖe manyo be mianɔ mia viawo hã ƒe nukpɔsusu biam ɣeaɖewoɣi le nu siwo me miadzro la ŋu oa? Ne miewɔe alea la, mianya nu siwo me wotsɔa ɖe le kple woƒe dzimedidiwo.

      9 Menye kwasiɖa ɖe sia ɖee ƒomea ƒe ta azã ɣeyiɣi didi atsɔ anɔ dzadzram ɖo ɖe ƒomenusɔsrɔ̃a ŋu o. Ðewohĩ ado dzidzɔ na ƒomea me tɔwo be yewoanɔ nanewo koŋ wɔm kwasiɖa sia kwasiɖa, eye mahiã be ƒomea ƒe ta nanɔ nu yeyewo tom vae ɣesiaɣi o. Ate ŋu akpɔe be dzadzraɖo ɖe ƒometadedeagu si akplɔe ɖo ŋu le nusɔsrɔ̃a megbe teti esi ƒomea ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gale susu me nɛ nyuie la ade ye dzi ŋutɔ. Ƒome ƒe ta aɖewo ŋlɔa nu siwo me woava dzro la ƒe ɖoɖo sue aɖe eye woklãnɛ ɖe afi si ƒomea ate ŋu akpɔe le bɔbɔe, abe nufamɔ̃ ŋu ene. Esia wɔnɛ be ƒomea tsɔa dzidzɔ nɔa mɔ kpɔm na nusɔsrɔ̃a vevie, eye wònaa mɔnukpɔkpɔ wo be woadzra ɖo ne ehiã.

      10. Aleke ame siwo le wo ɖokui si azã woƒe Ƒometadedeagu fiẽsi lae?

      10 Ne Nye Ðeka Koe Le Nyateƒea Me Alo Mele Ðokuinye Si Ðe? Ame siwo le wo ɖokui si hã ate ŋu azã Ƒometadedeagu fiẽsi la atsɔ awɔ ɖokuisinusɔsrɔ̃. Ele be ɖokuisinusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖowɔɖi nyui nalɔ Biblia xexlẽ, dzadzraɖo ɖe kpekpewo ŋu, kple Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! xexlẽ ɖe eme. Gbeƒãɖela aɖewo tsɔa ɖokuisinusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo bubu aɖe kpena ɖe esia ŋu. Ɣeaɖewoɣi la, woadi be yewoakpe gbeƒãɖela bubu alo ƒome aɖe be wòava kpe ɖe yewo ŋu hena Ŋɔŋlɔawo me numedzodzro tuameɖowo.

      11, 12. Gomekpɔkpɔ le Ƒometadedeagu me ƒe viɖe aɖewo ɖe?

      11 Viɖe Kawoe Dona Tso Gomekpɔkpɔ Le Ƒometadedeagu Me Edziedzi Me? Ame siwo ƒoa wo ɖokuiwo ɖe tadedeagu vavãtɔ me kple dzi blibo la tena ɖe Yehowa ŋu wu. Gakpe ɖe eŋu la, ƒome siwo dea ta agu ɖekae la ƒe ƒomekadodoa me gasẽna ɖe edzi wu. Atsu kple asi aɖe gblɔ yayra siwo wokpɔ la ale: “Abe mɔɖela siwo si vi mele o ene la, míekpɔa mɔ na zã siwo me míewɔa míaƒe Ƒometadedeagua le la vevie. Míesena le mía ɖokui me be míele tetem ɖe mía nɔewo ŋu wu eye míele tetem ɖe mía Fofo si le dziƒo la hã ŋu wu. Fifia la, ne míefɔ le ŋkeke si míeɖo ɖi be míanɔ nu srɔ̃m ɖekae dzi la, míegblɔna na mía nɔewo be: ‘Nu kae le edzi fiẽ sia? Ƒometadedeagu!’”

      12 Ðoɖo si wowɔ be ƒomewo naɖo fiẽ aɖe koŋ ɖi atsɔ awɔ ƒometadedeagu la kpena ɖe ƒome siwo ŋu vovo mele hã ŋu. Vidadaɖekɛ aɖe si le viŋutsuvi eve nyim eye wòganye gbesiagbe mɔɖela la gblɔ be: “Tsã la, míaƒe ƒomenusɔsrɔ̃a kpea fu. Míewɔnɛ edziedzi o eye nusɔsrɔ̃a metoa mɔ ɖeka hã o, elabena ɖeɖi tea ŋunye ale gbegbe. Nyemenya ale si tututu mawɔe o. Eya ta, mele nu ŋlɔm na mi be mada akpe na mi kakaka ɖe Ƒometadedeagu fiẽsi ƒe ɖoɖoa ta. Míele dzidzedze kpɔm le ƒomenusɔsrɔ̃ me edziedzi eye míele viɖe geɖewo hã kpɔm tso eme.”

      13. Nu ka gbɔe wòatso be ƒometadedeagu ƒe ɖoɖoa naɖe vi geɖe na míaƒe ƒomea?

      13 Abe Sabat la ene la, Ƒometadedeagu fiẽsi ƒe ɖoɖoa nye nunana tso mía Fofo si le dziƒo la gbɔ si ate ŋu akpe ɖe ƒomewo ŋu. (Yak. 1:17) Zi ale si ƒome siwo nɔ Israel la kpɔ gome le Sabat la me la, zi nenemae wo kple Yehowa dome ƒomedodoa ganyona ɖe edzi. Nenema ke zi ale si míewɔ fiẽ sia si wotsɔ na mí be míawɔ ƒometadedeagu la ŋu dɔ nyuie la, zi nenemae wòaɖea vi geɖe na míaƒe ƒomea. (2 Kor. 9:6; Gal. 6:7, 8; Kol. 3:23, 24) Ne míewɔ ɖoɖo sia ŋu dɔ nyuie la, míaƒe ƒomewo ate ŋu agblɔ abe hakpalaa ene be: “Ke nye la, Mawu ƒe gbɔnyenɔnɔ enye nye dzidzɔ; meɖo ŋu ɖe Aƒetɔ Yehowa ŋu.”—Ps. 73:28.

      [Nya si ɖe dzesi si le axa 5]

      Mele be Ƒometadedeagu fiẽsi ƒe wɔnaa nanɔ kplalaa eye vivisese aɖeke manɔ eme o, ke boŋ ele be wòaɖe Mawu dzidzɔtɔ si míesubɔna la ƒe nɔnɔme afia

      [Aɖaka si le axa 6]

      DZRAE ÐO

      Nu Siwo Woate Ŋu Awɔ Le Ƒometadedeagu Ƒe Fiẽsiwo Me

      Biblia:

      • Mixlẽ kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Biblia xexlẽa ƒe akpa aɖe ɖekae. Ne ame vovovowoe le ŋutinya si le akpa ma la me la, ke mima woƒe nyawo axlẽ.

      • Miwɔ ale si nuwo yi edzi le Biblia xexlẽa ƒe akpa aɖe me la ƒe wɔwɔfia.

      • De dɔ asi na ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe be wòaxlẽ Biblia ƒe ta aɖewo do ŋgɔ eye wòaŋlɔ biabia ɖeka alo eve siwo le esi ku ɖe nu si wòxlẽ ŋu la ɖi. Emegbe miawɔ numekuku le ame sia ame ƒe nyabiasewo ŋu ɖekae.

      • Kwasiɖa sia kwasiɖa la, miŋlɔ mawunyakpukpui aɖe ɖe agbalẽ kakɛ aɖe dzi, eye miadze agbagba be mialé emenyawo kple ale si woɖe emee la ɖe susu me. Miƒo agbalẽ kakɛawo nu ƒu ɖi, eye mianɔ wo me tom kwasiɖa sia kwasiɖa ahakpɔe ɖa be mawunyakpukpui neni dzie miate ŋu aɖo ŋkui hã.

      • Miate ŋu aɖo to Biblia si woxlẽ lé mɔ̃ dzi ahanɔ edzi kpɔm le miaƒe Biblia me.

      Kpekpewo:

      • Midzra kpekpea ƒe akpa aɖewo ɖo ɖekae.

      • Misrɔ̃ Fiaɖuƒeha siwo woadzi le kpekpe si miawɔ le kwasiɖa si gbɔna me.

      • Ne dɔdeasi le ƒomea me tɔ aɖe si le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me, alo awɔ wɔwɔfia aɖe le Subɔsubɔ Kpekpea me la, midzro ale si wòate ŋu awɔe la me alo wòawɔe afia ƒome bliboa.

      Ƒomea Ƒe Nuhiahiãwo:

      • Midzro nyati aɖewo me le Young People Ask alo Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ gbalẽa me.

      • Miwɔ nɔnɔme siwo ɖeviawo ate ŋu ado goe le suku la ƒe wɔwɔfiawo.

      • Miwɔ wɔwɔfia siwo me dzilawo nawɔ ɖeviawo ƒe akpa dzi eye ɖeviawo hã nawɔ dzilawo ƒe akpa dzi le. Ðeviawo nawɔ numekuku le nya aɖe ŋu eye dzilawo nanɔ nya biam wo woanɔ nu me ɖem na wo.

      Subɔsubɔdɔa:

      • Miwɔ ale si miaɖi ɖase le kwasiɖanuwuwu la ƒe wɔwɔfiawo.

      • Midzro taɖodzinu siwo ƒomea ate ŋu aɖo be woakeke woƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu le Ŋkuɖodzia ɖuɣi alo mɔkeɣiwo la me.

      • Na ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe nazã miniti ʋɛ aɖewo atsɔ awɔ numekuku ku ɖe ale si wòaɖo nyabiase aɖewo siwo ate ŋu afɔ ɖe te ne ele gbeadzi la ŋu, eyome miawɔ woƒe wɔwɔfiawo.

      Aɖaŋuɖoɖo Bubuwo:

      • Mixlẽ nyati aɖe tso magazine yeye aɖe me.

      • Mina ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe naxlẽ nyati aɖe si do dzidzɔ nɛ le magazine yeyeawo dometɔ aɖe me, eye emegbe miana wòaƒo nu tso nu si wòxlẽ la ŋu.

      • Ɣeaɖewoɣi la, mikpe gbeƒãɖela alo atsu kple asi aɖe woava wɔ ɖeka kpli mi le miaƒe Ƒometadedeagua me, eye ɖewohĩ miabia gbe wo.

      • Mikpɔ míaƒe videowo dometɔ ɖeka eye miadzro eme.

      • Midzro nyati siwo nye, “Sɔhɛwo Biana Be” alo “Ƒomea Nadzro Eme” la me ɖekae le Nyɔ! magazinea me.

      • Midzro nyati si nye, “Fia Nu Viwòwo” alo “Na Ðeviwo” la me ɖekae le Gbetakpɔxɔ me.

      • Mixlẽ Yearbook alo agbalẽ yeye siwo míexɔ le nutome gã takpekpe me nyitsɔ laa la ƒe akpa aɖe eye miadzro eme.

      • Le takpekpe gã alo takpekpe sue aɖe dede megbe la, midzro nya veviawo me.

      • Milé ŋku ɖe Yehowa ƒe asinudɔwɔwɔwo ŋu, eye miadzro nu si wofia mi ku ɖe Yehowa ŋu la me.

      • Miwɔ dɔ aɖe ɖekae, abe nuwo ƒe nɔnɔmewo wɔwɔ, abe Noa ƒe aɖakaʋua ene, anyigbatata, kple ɣeyiɣi si me nuwo dzɔ la ɖoɖo ɖe ɖoɖo nu ene.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe