-
Nukae Nye Mawu ƒe Tameɖoɖo na Anyigba La?Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
-
-
TA ETƆ̃LIA
Nukae Nye Mawu ƒe Tameɖoɖo na Anyigba La?
Nukae nye Mawu ƒe tameɖoɖo na ameƒomea?
Aleke futɔ aɖe tsi tre ɖe Mawu ŋui?
Aleke agbenɔnɔ anɔ le anyigba dzi le etsɔme?
1. Nukae nye Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba?
TAMEÐOÐO nyui ŋutɔ aɖee le Mawu si na anyigba la. Yehowa di be amewo nayɔ anyigba dzi anɔ dzidzɔ kpɔm ahanɔ lãmesẽ me. Biblia gblɔ be “Mawu tso abɔ ɖe Eden” eye wòna “ati vovovo, siwo nya kpɔna, siwo ƒe tsetse nyo na ɖuɖu la, mie.” Esi Mawu wɔ ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔ, Adam kple Xawa vɔ la, eda wo ɖe abɔ dzeani si nye woƒe aƒe me eye wògblɔ na wo be: “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi.” (Mose I, 1:28; 2:8, 9, 15) Eyata Mawu ƒe tameɖoɖoe nye be amegbetɔwo nadzi vi, woakeke woƒe paradisoƒea ɖe enu wòaxɔ anyigba bliboa dzi, eye woakpɔ lãwo dzi.
2. (a) Aleke míewɔ nya be Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba ava eme? (b) Nukae Biblia gblɔ tso agbe tegbee nɔnɔ ŋu?
2 Èbu be Yehowa Mawu ƒe tameɖoɖo be amewo nanɔ paradiso me le anyigba dzi la ava eme gbaɖegbea? Mawu gblɔ be: “Megblɔ nya . . . eye mawɔe hã.” (Yesaya 46:9-11; 55:11) Vavãe, Mawu awɔ nusi ƒe tame wòɖo la godoo! Egblɔ hã be ‘menye ɖe yewɔ anyigba la be wòatsi ƒuƒlu o, ke boŋ ɖe yewɔe be woanɔ edzi.’ (Yesaya 45:18) Amekawo ƒomevie Mawu di be woanɔ anyigba la dzi? Eye ɣeyiɣi didi kae wòdi be woanɔ afisia ase ɖo? Biblia ɖo eŋu be: ‘Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.’—Psalmo 37:29; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
3. Nɔnɔme wɔnublanui kawoe le anyigba dzi egbea, eye biabia kawoe esia fɔ ɖe te?
3 Edze ƒã be tameɖoɖo sia meva eme haɖe o. Egbea amewo dzea dɔ eye wokuna; amewo wɔa aʋa gɔ̃ hã hewua wo nɔewo. Nane meva yi edzi nyuie o. Gake menye nusiwo kpɔm míele egbeae nye alesi Mawu ɖoe be anyigba la nanɔ kura o! Ke nukae dzɔ? Nukata Mawu ƒe tameɖoɖo meva eme o? Amegbetɔwo ƒe ŋutinyagbalẽ aɖeke mate ŋu agblɔe na mí o elabena dziƒoe kuxia dze egɔme tso.
ALESI AME AÐE WƆ VA ZU FUTƆ
4, 5. (a) Amekae to da dzi ƒo nu na Xawa? (b) Aleke wòate ŋu adzɔe be ame nyui aɖe si nye anukwareɖila tsã nava zu fiafitɔ?
4 Biblia ƒe agbalẽ gbãtɔ gblɔ na mí be ame aɖe si tsi tre ɖe Mawu ŋu la va do ɖe Eden-bɔ me. Woyɔe be “da,” gake menye lã aɖe koe tsitretsiɖeŋula sia nye o. Biblia ƒe agbalẽ mamlɛtɔ ɖee fia be eyae nye amesi “woyɔna be: Abosam kple Satana, amesi nye xexeame katã blela.” Wogayɔe hã be ‘da xoxo la.’ (Mose I, 3:1; Nyaɖeɖefia 12:9) Mawudɔla alo gbɔgbɔmenuwɔwɔ sẽŋu sia si míate ŋu akpɔ kple ŋku o la to da aɖe dzi ƒo nu na Xawa, abe alesi ko aɖaŋuwɔla aɖe ate ŋu atrɔ eƒe gbe anɔ nu ƒom wòadze abe fefenu alo nu maƒonu aɖee le nua ƒom ene. Ðikeke mele eme o be gbɔgbɔmenuwɔwɔ ma kpɔ eteƒe esime Mawu dzra anyigba la dzi ɖo be amegbetɔwo nanɔ edzi.—Hiob 38:4, 7.
5 Gake esi Yehowa ƒe nuwɔwɔwo katã de blibo ɖe, ke amekae wɔ “Abosam,” si nye “Satana” sia? Kpuie ko la, Mawu ƒe gbɔgbɔmevi sẽŋuawo dometɔ ɖekae trɔ eɖokui zu Abosam. Aleke wòwɔ esiae? Míenya be egbea ame aɖe si nye ame nyui kple anukwareɖila ate ŋu atrɔ azu fiafitɔ. Aleke wòdzɔnae? Amea ate ŋu ana dzodzro vɔ̃wo nava ɖo eƒe dzi me. Ne eyi edzi le eŋu bum la, dzodzro vɔ̃a nu ate ŋu ava sẽ ɖe eme. Ekema ne mɔnukpɔkpɔa ʋu ɖi nɛ la, awɔ ɖe dzodzro vɔ̃ si ŋu bum wònɔ la dzi.—Yakobo 1:13-15.
6. Aleke wòdzɔe be Mawu ƒe gbɔgbɔmevi sẽŋuawo dometɔ ɖeka va zu Satana Abosam?
6 Esiae nye nusi dzɔ le Satana Abosam gome. Anya see esi Mawu gblɔ na Adam kple Xawa be woadzi vi eye woƒe dzidzimeviwo nayɔ anyigba la dzi. (Mose I, 1:27, 28) Edze ƒã be Satana bu eŋu be: ‘Anyo be amegbetɔwo katã natsɔ subɔsubɔ si wòle be woatsɔ ana Mawu la anam!’ Eyata dzodzro vɔ̃ ɖo eƒe dzi me. Mlɔeba eyi va ble Xawa to alakpanyawo gbɔgblɔ nɛ tso Mawu ŋu me. (Mose I, 3:1-5) Esia na wòva zu “Abosam,” si gɔmee nye “Amegɔmezɔla.” Egava zu “Satana” hã, si gɔmee nye “Tsitretsiɖeŋula.”
7. (a) Nukae na Adam kple Xawa ku? (b) Nukatae Adam ƒe dzidzimeviwo katã tsina kua amegã hekuna?
7 Satana Abosam gblɔ alakpanyawo tsɔ ble Adam kple Xawa heflu wo wogbe toɖoɖo Mawu. (Mose I, 2:17; 3:6) Nusi do tso emee nye be wova ku mlɔeba, abe alesi tututu Mawu gblɔ do ŋgɔ be adzɔ ne wogbe toɖoɖo ene. (Mose I, 3:17-19) Esi Adam va zu ame madeblibo le esi wòwɔ nuvɔ̃ ta la, vi siwo katã wòdzi la hã nyi nuvɔ̃ dome tso egbɔ. (Romatɔwo 5:12) Míate ŋu azã abolomegba atsɔ awɔ alesi nɔnɔmea le la ƒe kpɔɖeŋui. Ne abolomegba ƒe akpa aɖe nyè ɖe eme la, nukae adzɔ ɖe abolo siwo katã woame le agba ma me dzi? Aboloawo dometɔ ɖesiaɖe ƒe akpa aɖe anyè ɖe eme wòanye dzesi anɔ eŋu, si fia be mesɔ blibo o. Nenema ke amegbetɔ ɖesiaɖe xɔ blibomademade ƒe “dzesi” tso Adam gbɔe. Esia tae amegbetɔ ɖesiaɖe tsina kua amegã hekuna ɖo.—Romatɔwo 3:23.
8, 9. (a) Edze ƒã be nya kawoe Satana fɔ ɖe te? (b) Nukatae Mawu metsrɔ̃ aglãdzelaawo enumake o?
8 Aglãdzedze ye Satana to vɛ koŋ esi wòna Adam kple Xawa wɔ nuvɔ̃ ɖe Mawu ŋu. Enɔ tsitre tsim ɖe alesi Yehowa ɖua dzii ŋu. Míagblɔ be nya si gblɔm Satana nɔ enye: ‘Dziɖula vɔ̃ɖie Mawu nye. Eblea ame eye wògbea nu nyuiwo nana eteviwo. Amegbetɔwo mehiã Mawu ƒe dziɖuɖu o. Woate ŋu atso nya me na wo ɖokui le nusi nye nyui kple vɔ̃ ŋu. Eye eme anyo na wo wu ne nyee le wo dzi ɖum.’ Aleke Mawu awɔ akpɔ vlodoame sia gbɔe? Ame aɖewo susui be ɖe wòle be Mawu nawu aglãdzela mawo enumake hafi. Gake ɖe ema wɔwɔ akpɔ nya si Satana fɔ ɖe te gbɔa? Ðe ema wɔwɔ aɖo kpe edzi be alesi Mawu ɖua dzii ye nye nyuitɔa?
9 Esi Yehowa wɔa nu le dzɔdzɔenyenye deblibo me ta la, mewu aglãdzelaawo enumake o. Etso nya me be ehiã ɣeyiɣi be woatsɔ akpɔ ŋuɖoɖo na Satana ƒe gbetɔamea le mɔ si sɔ nyuie nu ahaɖo kpe edzi be aʋatsokalae Abosam nye. Eyata Mawu tiae be yeaɖe mɔ na amegbetɔwo woaɖu wo ɖokui dzi hena ɣeyiɣi aɖe le Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te. Míadzro susu si ta Yehowa wɔ esia kple nusita wòɖe mɔ ɣeyiɣi didi alea gbegbe be wòatsɔ akpɔ nya siawo gbɔe la me le agbalẽ sia ƒe Ta 11 lia me. Gake fifia anyo be nàde ŋugble le nya sia ŋu: Ðe Adam kple Xawa tɔ dzɔ be woaxɔ Satana, amesi mewɔ nu nyui aɖeke na wo kpɔ o la, dzi asea? Ðe wòsɔ be woaxɔe ase be Yehowa, amesi tsɔ nusianu si le wo si la na wo, nye ameblela tagbɔsesẽtɔa? Nenye wòe ɖe, nukae nàwɔ?
10. Aleke nàwɔ ava nɔ Yehowa ƒe akpa dzi le nya si Satana fɔ ɖe te me?
10 Anyo be míabu nya siawo ŋu elabena mía dometɔ ɖesiaɖe dze ŋgɔ nɔnɔme mawo tɔgbe egbea. Ẽ, mɔnukpɔkpɔ su asiwò be nànɔ Yehowa ƒe akpa dzi akpɔ ŋuɖoɖo na Satana ƒe gbetɔamea. Àte ŋu alɔ̃ ava nɔ Yehowa ƒe dziɖuɖu te ahaɖee afia be aʋatsokalae Satana nye. (Psalmo 73:28; Lododowo 27:11) Nublanuitɔe la, ame biliɔn geɖe siwo le xexeame egbea dometɔ ʋɛ aɖewo koe lɔ̃ wɔ tiatia ma. Esia fɔ biabia vevi aɖe ɖe te be, Ðe Biblia fia ŋutɔŋutɔ be Satanae le xexe sia dzi ɖuma?
AMEKAE LE XEXE SIA DZI ÐUM?
Aleke Satana agblɔ be yeatsɔ xexe sia me fiaɖuƒewo katã ana Yesu ne menye etɔe wonye o?
11, 12. (a) Aleke tetekpɔ aɖe si me Yesu to ɖee fia be Satanae nye xexe sia dzi ɖula? (b) Kpeɖodzi bubu kawoe fia be Satanae nye xexe sia dzi ɖula?
11 Yesu meke ɖi gbeɖe be Satanae nye xexe sia dzi ɖula o. Ɣeaɖeɣi Satana to nukumɔ aɖe dzi ɖe “xexeame fiaɖuƒewo katã kple woƒe ŋutikɔkɔe” fia Yesu. Satana do ŋugbe na Yesu be: “Matsɔ nusiawo katã ana wò, ne èdze klo de ta agu nam.” (Mateo 4:8, 9; Luka 4:5, 6) Wò ya bu eŋu kpɔ. Ðe nusi Satana tsɔ ɖo Yesu ŋkume anye tetekpɔ nɛ ne menye Satana ŋutɔe nye fiaɖuƒe siawo dzi ɖula oa? Yesu megblɔ be xexeme dziɖuɖu siawo katã menye Satana tɔ o. Ne ɖe menye Satanae nye ŋusẽ si le megbe na wo o la, anye ne Yesu agblɔe godoo.
12 Nyateƒee wònye be Yehowae nye Mawu ŋusẽkatãtɔ la, amesi nye xexeme bliboa Wɔla. (Nyaɖeɖefia 4:11) Gake Biblia megblɔ le teƒe aɖeke be Yehowa Mawu loo alo Yesu Kristo ye nye xexe sia dzi ɖula o. Le nyateƒe me la, Yesu yɔ Satana kaŋ be “xexe sia me fia.” (Yohanes 12:31; 14:30; 16:11) Biblia gayɔ Satana Abosam gɔ̃ hã be “xexe sia me mawu.” (Korintotɔwo II, 4:3, 4) Kristotɔ apostolo Yohanes ŋlɔ tso tsitretsiɖeŋula sia si nye Satana ŋu be: “Xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.”—Yohanes I, 5:19.
ALESI WOAVA TSRƆ̃ XEXE SI DZI ÐUM SATANA LE
13. Nukatae míehiã xexeme yeye?
13 Gbegblẽm koe xexeame le ɖe edzi ƒe sia ƒe. Eme yɔ fũ kple aʋawɔlawo, dunyahela maɖianukwarewo, subɔsubɔhakplɔla alakpanuwɔlawo, kple nuvlowɔla sẽŋutawo. Manya wɔ be amegbetɔwo naɖɔ xexeme bliboa ɖo o. Biblia ɖee fia be ɣeyiɣia de vɔ be Mawu nato eƒe Harmagedon-ʋa dzi aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa le xexeame. Esia aʋu mɔ be xexe yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ la nava xɔ ɖe eteƒe.—Nyaɖeɖefia 16:14-16.
14. Amekae Mawu tia be wòanye Dziɖula le Eƒe Fiaɖuƒea me, eye aleke wogblɔ esia ŋu nya ɖii?
14 Yehowa Mawu tia Yesu Kristo wònye Eƒe Fiaɖuƒe, alo dziɖuɖu, si le dziƒo la ƒe Dziɖula. Biblia gblɔe ɖi tso blema ke be: “Wodzi vi na mí, eye wona ŋutsuvi mí, dziɖuɖu le abɔta nɛ, eye wotsɔ ŋkɔ nɛ be . . . ŋutifafafia, ne eƒe dziɖuɖu nakeke ta, eye seɖoƒe manɔe na ŋutifafa . . . o.” (Yesaya 9:5, 6) Yesu fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa le dziɖuɖu sia ŋu be: “Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” (Mateo 6:10) Abe alesi míava kpɔe emegbe le agbalẽ sia me ene la, eteƒe madidi o, Mawu ƒe Fiaɖuƒea aɖe xexe sia me dziɖuɖuwo katã ɖa, ke eya ŋutɔ ava xɔ ɖe wo teƒe. (Daniel 2:44) Eyome Mawu ƒe Fiaɖuƒea ahe anyigba dzi paradiso vɛ.
XEXEME YEYE TU AƑE!
15. Nukae nye “anyigba yeye” la?
15 Biblia na kakaɖedzi mí be: “Míele dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le [Mawu ƒe] ŋugbedodo la nu.” (Petro II, 3:13; Yesaya 65:17) Ɣeaɖewoɣi ne Biblia ƒo nu tso “anyigba” ŋu la, nusi wòfia enye amegbetɔ siwo le anyigba dzi. (Mose I, 11:1) Eyata “anyigba yeye” si le dzɔdzɔe la fia amegbetɔƒome siwo ŋu Mawu kpɔ ŋudzedze ɖo.
16. Nunana xɔasi kae Mawu ana amesiwo ŋu wòkpɔ ŋudzedze ɖo, eye nukae wòle be míawɔ be míaƒe asi nasu edzi?
16 Yesu do ŋugbe be le xexe yeye si gbɔna me la, amesiwo ŋu Mawu kpɔ ŋudzedze ɖo la axɔ “agbe mavɔ” ƒe nunana. (Marko 10:30) Taflatse ʋu Yohanes 3:16 kple 17:3 le wò Biblia me, ne nàxlẽ nya si Yesu gblɔ tso nusi wòle be míawɔ be agbe mavɔ nasu mía si ŋu. Azɔ bu yayra siwo Biblia gblɔ be amesiwo dze axɔ Mawu ƒe nunana nyui ma le anyigba dzi Paradiso si gbɔna me akpɔ la ŋu kpɔ.
17, 18. Aleke míawɔ aka ɖe edzi be ŋutifafa kple dedienɔnɔ axɔ aƒe ɖe anyigba ƒe afisiafi?
17 Ŋutasẽnuwɔwɔ, aʋawɔwɔ, nuvlowɔwɔ, kple ʋunyaʋunyawɔwɔ nu ayi tegbee. “Ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o . . . Ke ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome.” (Psalmo 37:10, 11) Ŋutifafa axɔ aƒe elabena ‘Mawu atsi aʋawɔwɔwo nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.’ (Psalmo 46:10; Yesaya 2:4) “Ekema ame dzɔdzɔe la amie le eƒe ŋkekewo me, eye ŋutifafa axɔ aƒe, vaseɖe esime dzinu maganɔ anyi o”—si fia be ŋutifafa anɔ anyi yi ɖe mavɔmavɔ me!—Psalmo 72:7.
18 Yehowa subɔlawo anɔ anyi le dedienɔnɔ me. Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, zi alesi Israel-viwo yi edzi ɖo to Mawu ko la, wonɔa anyi le dedienɔnɔ me. (Mose III, 25:18, 19) Avivi ame nu ŋutɔ be woanɔ anyi le dedienɔnɔ ma tɔgbe me le Paradiso me!—Yesaya 32:18; Mixa 4:4.
19. Nukae na míenya be nuɖuɖu abɔ ɖe Mawu ƒe xexe yeyea me?
19 Dɔwuame maganɔ anyi o. Hakpala la dzi ha be: “Bli ado kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame.” (Psalmo 72:16) Yehowa Mawu ayra ame dzɔdzɔewo, eye ‘anyigba ŋutɔ amie eƒe nukuwo.’—Psalmo 67:7.
20. Nukata míate ŋu aka ɖe edzi be anyigba bliboa azu paradiso?
20 Anyigba bliboa azu paradiso. Woatso aƒe dzeaniwo kple abɔ dzeaniwo ɖe anyigba si ŋu amegbetɔ nuvɔ̃mewo gblẽ nu le tsã la dzi. (Yesaya 65:21-24; Nyaɖeɖefia 11:18) Ne ɣeyiɣiwo va le yiyim la, anyigba ƒe teƒe siwo wodzra ɖo nyuie xoxo la akeke ɖe enu vaseɖe esime xexeme bliboa nazu teƒe dzeani si nuwo bɔ ɖo abe Eden-bɔ ene. Eye ɣeawokatãɣi Mawu ayi edzi ‘aʋu asi me ahatsɔ nu gbagbewo katã ƒe nudidi aɖi ƒo na wo.’—Psalmo 145:16.
21. Nukae ɖee fia be ŋutifafa anɔ amegbetɔwo kple lãwo dome?
21 Ŋutifafa anɔ amegbetɔwo kple lãwo dome. Lã wɔadawo kple aƒemelãwo siaa aɖu nu ɖekae. Ðevi suewo gɔ̃ hã mavɔ̃ kura na lã siwo ŋu vɔvɔ̃ le fifia la o.—Yesaya 11:6-9; 65:25.
22. Nukae woawɔ tso dɔléle ŋu?
22 Woaɖe dɔléle ɖa kura. Yesu, Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea ƒe Dziɖula, ada dɔ na ame geɖe wu alesi wòwɔe esime wònɔ anyigba dzi. (Mateo 9:35; Marko 1:40-42; Yohanes 5:5-9) Ekema “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.”—Yesaya 33:24; 35:5, 6.
23. Nukatae tsitretsitsia ahe dzidzɔ manyagblɔ vɛ na mí?
23 Woafɔ míaƒe ame vevi siwo ku la ɖe tsitre eye mɔnukpɔkpɔ asu wo si be womagaku akpɔ gbeɖe o. Woagbɔ agbe amesiwo katã dɔ alɔ̃ le ku me siwo le Mawu ƒe susu me. Le nyateƒe me la, “tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.”—Dɔwɔwɔwo 24:15; Yohanes 5:28, 29.
24. Aleke nèse le ɖokuiwò me tso agbenɔnɔ le anyigba dzi Paradiso me ŋu?
24 Etsɔme nyui ka gbegbee nye si le amesiwo katã atiae be yewoasrɔ̃ nu tso mía Wɔla Gã, Yehowa Mawu, ŋu ahasubɔe la lalam! Anyigba dzi Paradiso si gbɔna ŋue Yesu nɔ nu ƒom tso esi wòdo ŋugbe na nuvɔ̃wɔla si woklã ɖe exa bena: ‘Ànɔ Paradiso la me kplim.’ (Luka 23:43) Ehiã vevie be míasrɔ̃ nu geɖe wu tso Yesu Kristo, amesi dzi woato ahe yayra siawo katã vɛ na mí, ŋu.
-
-
Nukae Nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe La?Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
-
-
TA ENYILIA
Nukae Nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe La?
Nukae Biblia gblɔ na mí tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu?
Nukae Mawu ƒe Fiaɖuƒea awɔ?
Ɣekaɣie Fiaɖuƒea ana woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi?
1. Gbedodoɖa xɔŋkɔ ka mee míadzro fifia?
AME miliɔn geɖe siwo le xexeame nya gbedodoɖa si ame geɖe yɔna be Mía Fofo si Le Dziƒo, alo Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa, la nyuie. Enye gbedodoɖa xɔŋkɔ aɖe si Yesu Kristo ŋutɔ fia be wòanye kpɔɖeŋu na mí. Gɔmesese nyui aɖee le gbedodoɖa ma ŋu, eye eme nubiabia etɔ̃ gbãtɔawo me dzodzro akpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ nu geɖe le nusi tututu Biblia fia ŋu.
2. Nusiwo Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo be woado gbe ɖa abia dometɔ etɔ̃ enye kawo?
2 Le kpɔɖeŋugbedodoɖa sia ƒe gɔmedzedze la, Yesu fia eƒe nyaselawo be: “Miawo mido gbe ɖa ale: Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ! Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” (Mateo 6:9-13) Gɔmesese kae le nubiabia etɔ̃ mawo ŋu?
3. Nukawoe wòle be míanya ku ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu?
3 Míesrɔ̃ nu geɖe ku ɖe Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa ŋu xoxo. Eye míedzro Mawu ƒe lɔlɔ̃nu—nusiwo wòwɔ kple nusiwo wòava wɔ na ameƒomea—ƒe akpa aɖewo hã me. Gake nukae Yesu wɔnɛ esi wòfia mí be míado gbe ɖa abia be: “Wò fiaɖuƒe nava”? Nukae nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe la? Aleke eƒe vava akɔ Mawu ƒe ŋkɔ ŋu, alo awɔe kɔkɔe? Eye aleke Fiaɖuƒea ƒe vava do ƒome kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔe?
NUSI MAWU ƑE FIAÐUƑEA NYE
4. Nukae nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe la, eye amekae nye eƒe Fia?
4 Mawu ƒe Fiaɖuƒea nye dziɖuɖu si Yehowa Mawu ɖo anyi eye wòtia amesi nye eƒe Fia. Ke amekae nye Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe Fia? Eyae nye Yesu Kristo. Yesu nye Fia si de ŋgɔ kura wu amegbetɔ dziɖula ɖesiaɖe, eye eyae woyɔ be “fiawo dzi fia, aƒetɔwo dzi Aƒetɔ.” (Timoteo I, 6:15) Eya sie ŋusẽ le be wòawɔ nu nyuiwo na ameƒomea wòayi ŋgɔ kura wu nusi amegbetɔwo ƒe dziɖula ɖesiaɖe, woƒe dziɖula nyuitɔ kekeake gɔ̃ hã, ate ŋu awɔ.
5. Afikae Mawu ƒe Fiaɖuƒea anɔ hafi aɖu dzi, eye nuka dzie wòaɖu?
5 Afikae Mawu ƒe Fiaɖuƒea anɔ hafi aɖu dzi? Enyo, afikae Yesu le? Àɖo ŋku edzi be míesrɔ̃e va yi be wowui le fuwɔameti ŋuti, eye wofɔe ɖe tsitre emegbe. Le ema megbe kpuie la, elia yi dziƒo. (Dɔwɔwɔwo 2:33) Eyata afimae Mawu ƒe Fiaɖuƒea le—le dziƒo. Esia tae Biblia la yɔe be “dziƒofiaɖuƒe” ɖo. (Timoteo II, 4:18) Togbɔ be dziƒoe Mawu ƒe Fiaɖuƒea le hã la, aɖu anyigba bliboa dzi.—Nyaɖeɖefia 11:15.
6, 7. Nukae na Yesu nye Fia si to vovo kura?
6 Nukae na Yesu nye Fia si to vovo kura? Susu ɖekae nye be maku akpɔ gbeɖe o. To vovo na amegbetɔ siwo nye fiawo la, Biblia la yɔ Yesu be “amesi ko si makumakunyenye le, amesi nɔa anyi le kekeli, si ŋu womate ŋu ate ɖo o la me.” (Timoteo I, 6:16) Esia fia be nu nyui siwo katã Yesu wɔna la anɔ anyi ɣesiaɣi. Eye míenya nyuie be nu gã wɔnukuwoe wòawɔ na amewo.
7 De ŋugble le Biblia ƒe nyagblɔɖi sia si ku ɖe Yesu ŋu kpɔ, esi gblɔ be: “Yehowa ƒe gbɔgbɔ, si nye nunya kple gɔmesese ƒe gbɔgbɔ, adaŋudede kple ŋusẽ ƒe gbɔgbɔ, sidzedze kple Yehowa vɔvɔ̃ ƒe gbɔgbɔ la, anɔ edzi. Yehowa vɔvɔ̃ ƒe nu anyo eŋu, madrɔ̃ ʋɔnu ɖe nusi eƒe ŋku le kpɔkpɔm la nu o, eye matso afia ɖe nusi eƒe to le sesem la nu o. Adrɔ̃ ʋɔnu na ame dahewo le dzɔdzɔenyenye me, eye wòatso afia na anyigba dzi hiãtɔwo ɖe eteƒe.” (Yesaya 11:2-4) Nya mawo na kakaɖedzi mí be Yesu anye Fia dzɔdzɔe kple nublanuikpɔla si aɖu amewo dzi le anyigba dzi. Àdi be yeanɔ dziɖula nyui sia ƒe fiaɖuɖu tea?
8. Amekawoe aɖu fia kple Yesu?
8 Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒenya bubu aɖe hãe nye si: Menye Yesu ɖeka koe aɖu fia o. Hatidziɖulawo anɔ esi. Le kpɔɖeŋu me, apostolo Paulo gblɔ na Timoteo be: “Ne míedo dzi la, míaɖu fia hã kpakplii.” (Timoteo II, 2:12) Ẽ, Paulo, Timoteo, kple nuteƒewɔla bubu siwo Mawu tia la aɖu fia kple Yesu le Dziƒofiaɖuƒea me. Ame neni sie mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ ma asu?
9. Ame nenie aɖu fia kple Yesu, eye ɣekaɣie Mawu dze wo tiatia gɔme?
9 Abe alesi míekpɔe le agbalẽ sia ƒe Ta 7 lia me ene la, woɖe ŋutega aɖe fia apostolo Yohanes si me wòkpɔ “alẽvi la [Yesu Kristo] le tsitre ɖe Zion-to la dzi [eƒe ŋutikɔkɔe nɔƒe le dziƒo], eye ame akpe alafa ɖeka blane vɔ ene, siwo ƒe ŋgonu woŋlɔ eƒe ŋkɔ kple Fofoa ƒe ŋkɔ ɖo la, le eŋu.” Amekawoe nye ame 144,000 mawo? Yohanes ŋutɔ yi edzi ɖe amesiwo wonye la fia mí esi wògblɔ be: “Amesiawo dzea Alẽvi la yome yia afisiafi, si wòyina. Amesiawo la, woƒle wo tso amewo dome, be woanye ŋgɔgbetɔwo na Mawu kple alẽvi la.” (Nyaɖeɖefia 14:1, 4) Ẽ, woawoe nye Yesu Kristo yomedzela wɔnuteƒe siwo wotia etɔxɛe be woayi ava ɖu fia kplii le dziƒo. Ne wofɔ wo ɖe tsitre tso ku me yi dziƒo la, woa kple Yesu “woaɖu fia [ɖe] anyigba la dzi.” (Nyaɖeɖefia 5:10) Tso apostoloawo ƒe ŋkekeawo me kee Mawu dze Kristotɔ wɔnuteƒewo tiatia gɔme be woƒe xexlẽme nade ame 144,000.
10. Nukatae ɖoɖo si wowɔ be Yesu kple ame 144,000 la naɖu ameƒomea dzi nye ɖoɖo si me lɔlɔ̃ le?
10 Ðoɖo si wowɔ be Yesu kple ame 144,000 la naɖu ameƒomea dzi nye ɖoɖo si me lɔlɔ̃ le ŋutɔ. Susu siwo tae dometɔ ɖekae nye be Yesu ŋutɔ nye amegbetɔ kpɔ hekpe fu hã kpɔ. Paulo gblɔ le Yesu ŋu be menye amesi “mate ŋu anya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo na mí o lae le mía si o, ke boŋ enye amesi wote kpɔ le nuwo katã me, abe míawo ke ene, negbe nuvɔ̃ koe mele eŋu o.” (Hebritɔwo 4:15; 5:8) Amesiwo aɖu fia kplii hã nye amegbetɔ siwo do dzi to fukpekpewo me. Hekpe ɖe eŋu la, blibomademade ƒe nɔnɔmewo ɖe fu na wo eye wokpe dɔléle ƒomevi vovovowo ƒe fu. Eyata míate ŋu aka ɖe edzi be woase kuxi siwo katã me tom amegbetɔwo le la gɔme godoo!
NUKAE MAWU ƑE FIAÐUƑEA AWƆ?
11. Nukatae Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woado gbe ɖa be woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu bliboe le dziƒo?
11 Esime Yesu nɔ nu fiam eƒe nusrɔ̃lawo be woado gbe ɖa abia be Mawu ƒe Fiaɖuƒea nava la, egblɔ hã be woado gbe ɖa abia be woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu “le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” Dziƒoe Mawu le, eye eƒe dɔla wɔnuteƒewo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu ɣesiaɣi le afima. Gake le agbalẽ sia ƒe Ta 3 lia me la, míesrɔ̃e be dɔla vɔ̃ɖi aɖe dzudzɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ eye wòna Adam kple Xawa wɔ nuvɔ̃. Le Ta 10 lia me la, míava srɔ̃ nu geɖe le nusi Biblia fia ku ɖe dɔla vɔ̃ɖi ma, si woyɔna be Satana Abosam, ŋu. Woɖe mɔ na Satana kple mawudɔla bubu siwo tiae be yewoadze eyome—siwo woyɔna be gbɔgbɔ vɔ̃wo—be woanɔ dziƒo vaseɖe ɣeyiɣi aɖe. Eyata menye nuwɔwɔ siwo katã le dziƒoe nɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm ɣemaɣi o. Gake nɔnɔmea ava trɔ ne Mawu ƒe Fiaɖuƒea dze dziɖuɖu gɔme. Yesu Kristo, si nye Fia yeye si woɖo zi dzi, awɔ aʋa kple Satana.—Nyaɖeɖefia 12:7-9.
12. Nudzɔdzɔ vevi eve kawo ŋue woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia 12:10?
12 Nyagblɔɖinya siwo gbɔna la ɖɔ nusi adzɔ, be: “Mese gbe gã aɖe le dziƒo le gbɔgblɔm bena: Azɔ xɔname kple ŋusẽ kpakple fiaɖuƒe la zu mía Mawu la tɔ, eye ŋusẽ la zu eƒe Kristo la tɔ; elabena wotsɔ mía nɔviwo nutsola [Satana], si nɔa wo nu tsom le Mawu ƒe ŋku me zã kple keli la, ƒu gbe.” (Nyaɖeɖefia 12:10) Ède dzesi nudzɔdzɔ vevi eve aɖewo le mawunyakpukpui ma mea? Gbã, Mawu ƒe Fiaɖuƒe si le Yesu Kristo si me la dze dziɖuɖu gɔme. Evelia, wonyã Satana ɖa le dziƒo ɖo ɖe anyigba dzi.
13. Nukae do tso Satana nyanya ɖa le dziƒo me?
13 Nukae do tso nudzɔdzɔ eve mawo me? Ku ɖe nusi dzɔ le dziƒo ŋu la, míexlẽ be: “Eyata dzi nedzɔ mi, mi dziƒowo kple amesiwo nɔ wo me la!” (Nyaɖeɖefia 12:12) Ẽ, mawudɔla wɔnuteƒe siwo le dziƒo tso aseye elabena wonyã Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa, ale be azɔ la, amesiame si le dziƒo nye nuteƒewɔla na Yehowa Mawu. Ŋutifafa blibo si me magblẽ o kple ɖekawɔwɔ ye va xɔ afima azɔ. Wole Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm le dziƒo azɔ.
Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo nyanyã tso dziƒo he fukpekpe va anyigba dzi. Fukpekpe siawo nu ayi kpuie
14. Nukae dzɔ esi wonya Satana ɖo ɖe anyigba dzi?
14 Gake aleke nuwo le le anyigba dzi? Biblia gblɔ be: “Baba na anyigba kple atsiaƒu; elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum ŋutɔ; elabena enyae be, vovoɣi vi aɖe ko yekpɔ.” (Nyaɖeɖefia 12:12) Satana do dziku heliheli be wonyã ye ɖa le dziƒo eye be ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ na ye. Etsɔ eƒe dzikua he fukpekpe alo nɔnɔme siwo na wodo “baba” na anyigba la vɛ. Míava srɔ̃ nu geɖe tso “baba” si wodo na mí ŋu le ta si kplɔe ɖo me. Gake esi ema le susu me na mí la, míate ŋu abia be, Aleke Fiaɖuƒea ana woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzii?
15. Nukae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ku ɖe anyigba la ŋu?
15 Ðo ŋku Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na anyigba la dzi. Èsrɔ̃ nu tso esia ŋu le Ta 3 lia me. Mawu ɖee fia le Eden-bɔa me be yeƒe lɔlɔ̃nu na anyigba sia enye be wòazu paradiso si me yɔ kple amegbetɔƒome dzɔdzɔe siwo maku akpɔ o. Satana na Adam kple Xawa wɔ nuvɔ̃, eye emae na Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na anyigba la me vava he ɖe megbe vie, ke hã eƒe tameɖoɖo metrɔ o. Eganye Yehowa ƒe tameɖoɖo kokoko be “ame dzɔdzɔewo [nanyi] anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” (Psalmo 37:29) Mawu ƒe Fiaɖuƒeae ana ema nava eme. Aleke wòawɔe?
16, 17. Nukae Daniel 2:44 na míenya ku ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu?
16 De ŋugble le nyagblɔɖi si le Daniel 2:44 ŋu kpɔ. Míexlẽ le afima be: “Le fia mawo ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.” Nukae nya siawo fia mí tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu?
17 Gbã, ena míenya be woaɖo Mawu ƒe Fiaɖuƒea anyi “le fia mawo ŋɔli,” alo esime fiaɖuƒe bubuwo kpɔtɔ li. Evelia, ena míenya be eƒe Fiaɖuƒea anɔ anyi tegbee. Dziɖuɖu bubu aɖeke mamui ƒu anyi ava xɔ ɖe eteƒe gbeɖe o. Etɔ̃lia, míekpɔe be aʋa adzɔ le Mawu ƒe Fiaɖuƒea kple xexe sia me fiaɖuƒewo dome. Mawu ƒe Fiaɖuƒeae aɖu dzi. Mlɔeba la, eya koe anye dziɖuɖu ɖeka kolia si aɖu ameƒomea katã dzi. Ekema amegbetɔwo ase vivi le dziɖuɖu nyuitɔ kekeake te.
18. Aleke woyɔa aʋa mamlɛtɔ si adzɔ ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea kple xexe sia me dziɖuɖuwo dome?
18 Biblia gblɔ nya geɖe tso aʋa mamlɛtɔ si adzɔ ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea kple xexe sia me dziɖuɖuwo dome ŋu. Le kpɔɖeŋu me, efia mí be ne nuwuwua le aƒe tum la, gbɔgbɔ vɔ̃wo akaka alakpanyawo ale be woable “xexeame katã ƒe fiawo.” Ðe susu ka ta? “Bena woaƒo wo [fia siawo] nu ƒu hena Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ.” Woaƒo anyigba dzi fiawo nu ƒu ɖe afisi “woyɔna le Hebri-gbe me bena Harmagedon.” (Nyaɖeɖefia 16:14, 16) Nya si wogblɔ le mawunyakpukpui eve mawo mee na woyɔa ʋiʋli mamlɛtɔ si ayi edzi le amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo kple Mawu ƒe Fiaɖuƒea dome la be Harmagedon-ʋa.
19, 20. Nukawoe na Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ mexɔ anyigba la dzi fifia o?
19 Viɖe kae Mawu ƒe Fiaɖuƒea ahe vɛ to Harmagedon-ʋa la wɔwɔ me? Gade ŋugble le nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na anyigba sia ŋu ake. Yehowa Mawu ƒe tameɖoɖoe nye be anyigba dzi nayɔ kple ameƒomea me tɔ dzɔdzɔe siwo de blibo, siwo subɔa ye le Paradiso me. Nukae na tameɖoɖo ma meva eme fifia o? Gbã la, míenye nuvɔ̃mewo, eye míedzea dɔ hekuna. Gake míesrɔ̃e le Ta 5 lia me be Yesu va ku ɖe mía ta ale be míate ŋu anɔ agbe tegbee. Ðewohĩ èɖo ŋku Yohanes ƒe Nyanyuia me nya siawo si wòŋlɔ la dzi, be: “Ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.”—Yohanes 3:16.
20 Kuxi bubu si li enye be ame geɖe le ŋutasẽnu vɔ̃ɖiwo wɔm. Wodaa alakpa, tafaa ame, henɔa agbegbegblẽ. Womedi be yewoawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu o. Woatsrɔ̃ amesiwo katã wɔa nu vɔ̃ɖiwo le Harmagedon-ʋa si Mawu awɔ la me. (Psalmo 37:10) Azɔ hã susu bubu si ta Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ mexɔ anyigba la dzi o enye be dziɖuɖu siwo li la mele kpekpem ɖe amewo ŋu be woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu o. Ŋusẽ mele dziɖuɖu geɖe ŋu o, wowɔa ŋutasẽnu, alo nufitifiti. Biblia la gblɔ nyateƒea tẽ, be: “Amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.”—Nyagblɔla 8:9.
21. Aleke Fiaɖuƒea ana woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzii?
21 Le Harmagedon megbe la, dziɖuɖu ɖeka, si nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe la, ko tee ameƒomea anɔ. Fiaɖuƒe mae ana Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ naxɔ aƒe ɖi eye wòahe yayra manyagblɔwo vɛ. Le kpɔɖeŋu me, aɖe Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa. (Nyaɖeɖefia 20:1-3) Woawɔ ŋusẽ si le Yesu ƒe vɔsaa ŋu la ŋudɔ ale be amegbetɔ wɔnuteƒewo magalé dɔ alo aku akpɔ o. Ke boŋ woanɔ agbe tegbee le Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te. (Nyaɖeɖefia 22:1-3) Woatrɔ anyigba la wòazu paradiso. Eyata Fiaɖuƒea ana woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi eye wòakɔ Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti. Nukae esia fia? Efia be mlɔeba le Mawu ƒe Fiaɖuƒea te la, amesiame si le agbe ade bubu Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu.
ƔEKAƔIE MAWU ƑE FIAÐUƑEA ANA EƑE LƆLƆ̃NU NAVA EME?
22. Nukae na míenya be Mawu ƒe Fiaɖuƒea meva esime Yesu nɔ anyigba dzi alo esime wofɔe ɖe tsitre megbe teti o?
22 Esi Yesu gblɔ na eyomedzelawo be woado gbe ɖa abia be “Wò fiaɖuƒe nava” la, edze ƒã be Fiaɖuƒea meva ɣemaɣi o. Ðe Fiaɖuƒea va esime Yesu lia yi dziƒoa? Ao, elabena Petro kple Paulo siaa gblɔ be esi wofɔ Yesu ɖe tsitre megbe la, nyagblɔɖi si le Psalmo 110:1 va eme ɖe eyama dzi, si gblɔ be: “Yehowa gblɔ na nye Aƒetɔ be: Bɔbɔ nɔ nye nuɖusi me, vaseɖe esime matsɔ wò futɔwo awɔ wò afɔɖodzinui!” (Dɔwɔwɔwo 2:32-35; Hebritɔwo 10:12, 13) Ele be wòalala vaseɖe ɣeyiɣi aɖe.
Le Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te la, woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi abe alesi wòle le dziƒo ene
23. (a) Ɣekaɣie Mawu ƒe Fiaɖuƒea dze dziɖuɖu gɔme? (b) Nuka mee míadzro le ta si kplɔ esia ɖo me?
23 Ɣeyiɣi didi kae wòalala ase ɖo? Le ƒe alafa 19 lia kple 20 lia me la, Biblia nusrɔ̃vi ɖianukwarewo bu akɔnta kpɔe be ɣeyiɣi si wònɔ lalam la awu enu le ƒe 1914 me. (Kpɔ Megbenyawo le axa 215-18 hena numeɖeɖe ku ɖe ƒe sia ŋu.) Nusiwo te dzɔdzɔ le xexeame tso ƒe 1914 me la ɖo kpe edzi be gɔmesese si nɔ Biblia nusrɔ̃vi ɖianukware siawo si la sɔ ɖe enu pɛpɛpɛ. Biblia ƒe nyagblɔɖiwo me vava ɖee fia be le ƒe 1914 me la, wotsɔ Kristo ɖo Fiae le Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea me eye wòdze dziɖuɖu gɔme. Eyata “vovoɣi vi” si susɔ na Satana la mee míele tso ɣemaɣi. (Nyaɖeɖefia 12:12; Psalmo 110:2) Míate ŋu agblɔe kple kakaɖedzi hã be eteƒe madidi kura o, Mawu ƒe Fiaɖuƒea awɔ afɔɖeɖe siwo hiã bene woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi. Ðe nya siawo medo dzidzɔ na wò oa? Èxɔe se be wonye nyateƒea? Ta si kplɔ esia ɖo akpe ɖe ŋuwò nàkpɔe be esiawoe nye nusi tututu Biblia la fia.
-