Hadzidzi 21
Dzidzɔtɔwoe Nye Nublanuikpɔlawo!
Tatatɔ
1. Nublanuikpɔla’o kpɔa dzidzɔ.
Wowɔa ŋkɔ nyui le Mawu gbɔ.
Wogblɔna na nu nyui lɔ̃la’o
Be Ma’u lɔ̃a nublanuikpɔkpɔ.
Mawu kpɔ nublanui na mí
To Via ƒe tafevɔsa dzi;
Elabena enyae nyuie be
Gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo míenye.
2. Woayra nublanuikpɔlawo.
Wotsɔa woƒe nu vɔ̃ kea wo.
Nublanui sia wokpɔ na wo
Tso ’sime Kristo yi dziƒo.
Nublanuikpɔkpɔ sia ʋãa wo
Woɖea gbeƒã na amewo.
Wogblɔna be: “Lé dzi ɖe ƒo
’Labe Fiaɖuƒe la ɖo vɔ.”
3. Nublanuikpɔkpɔ dzena le
Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ me.
Ame si kpɔa nublanui la,
Eyae wòakpɔ nublanui na.
Mina míakpɔ nublanui ɖaa.
Míaɖe nɔnɔme sia afia,
Ne míaɖi Mawu kple Kristo,
Be míaxɔ yayra geɖewo.
(Kpɔ Luka 6:36; Rom. 12:8; Yak. 2:13 hã.)