Hadzidzi 124
Miwɔ Amedzro Na Wo
Tatatɔ
1. Yehowa wɔa amedzro na mí katã,
’Labena enyoa dɔme na ’me sia ’me.
Enaa eƒe ɣe kple tsidzadza ’me’o katã,
Tsɔ nu nyuiwo yɔ míaƒe dzi me.
Ne míekpe ɖe ame dahewo ŋu la,
Míasrɔ̃ Ma’u abe via lɔlɔ̃awo ene.
Mawu aɖo nyui si’o míewɔ teƒe na mí.
Míaɖe dɔmenyo vavãtɔ fia.
2. Míenya be yayra geɖewo ado tso
Nyui siwo míawɔ na amewo la me.
Togbɔ be woanye amedzrowo gɔ̃ hã la,
Míana nu siwo hiã wo la wo.
Míasrɔ̃ Lidia ana woadze mía gbɔ faa.
Ne wovaa, míana woakpɔ tomefafa.
Mía Mawu gã la nya ame siwo katã
Srɔ̃a eƒe nublanuikpɔkpɔ la.