-
Tenɔnɔ Kae Anɔ Asiwò Le Ʋɔnudrɔ̃zikpui La Ŋgɔ?Gbetakpɔxɔ—1995 | October 15
-
-
viviti ƒe ŋusẽ la me, eye wòtsɔ mí ɖo eƒe lɔlɔ̃vi ƒe fiaɖuƒe la me.”—Kolosetɔwo 1:13; 3:1.
15, 16. (a) Nukata míegblɔ be Yesu mezu Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe Fia le ƒe 33 M.Ŋ. me o? (b) Ɣekaɣie Yesu dze fiaɖuɖu le Mawu ƒe Fiaɖuƒea me gɔme?
15 Gake Yesu mezu Fia kple Ʋɔnudrɔ̃la ɖe dukɔwo dzi ɣemaɣi o. Enɔ Mawu ƒe nuɖusime nɔ ɣeyiɣi si me wòazu Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe Fia la lalam. Paulo ŋlɔ tso eŋu be: “Mawudɔlawo dome ameka wògblɔ na kpɔ bena: ‘Bɔbɔ nɔ nye nuɖusi me, vaseɖe esime matsɔ wò futɔwo awɔ wò afɔɖodzinui’ mahã?”—Hebritɔwo 1:13.
16 Yehowa Ðasefowo ta nya geɖe siwo ɖo kpe edzi be ɣeyiɣi si Yesu nɔ lalam la wu enu le ƒe 1914 me, esime wòva zu Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe dziɖula le dziƒonuto makpɔmakpɔa me. Nyaɖeɖefia 11:15, 18 gblɔ be: “Xexemefiaɖuƒe la trɔ zu mía Aƒetɔ kple eƒe Kristo la tɔ, eye wòaɖu fia tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.” Gake “dzi ku dukɔwo, eye wò dziku va.” Ẽ, dukɔwo do dziku ɖe wo nɔewo ŋu le Xexemeʋa I me. (Luka 21:24) Aʋawɔwɔ, anyigbaʋuʋu, dɔvɔ̃wo, nuɖuɖu ƒe veve, kple nu mawo tɔgbe siwo teƒe míekpɔ tso ƒe 1914 me ke la ɖo kpe edzi be Yesu le dzi ɖum le Mawu ƒe Fiaɖuƒea me, eye xexeame ƒe nuwuwu mamlea gogo.—Mateo 24:3-14.
17. Nya vevi kawo gɔmee míese vaseɖe fifia?
17 Mítsɔ nya siawo wɔ numetoto kpui aɖe: Míate ŋu agblɔ be Mawu nɔ fiazikpui dzi hezu Fia, gake le gɔmesese bubu nu la, ate ŋu anɔ eƒe fiazikpui dzi adrɔ̃ ʋɔnu. Le ƒe 33 M.Ŋ. me la, Yesu nɔ Mawu ƒe nuɖusime, eye wònye Fiaɖuƒea ƒe Fia fifia. Gake ɖe Yesu si nye Fia si le dzi ɖum fifia la ganye Ʋɔnudrɔ̃la hã? Eye nukata wòle be míatsɔ ɖe le esia me, vevietɔ le ɣeyiɣi sia me?
18. Kpeɖodzi kae li be Yesu ava zu Ʋɔnudrɔ̃la hã?
18 Yehowa, amesi si gome le be wòatia ʋɔnudrɔ̃lawo la, tia Yesu be wòanye Ʋɔnudrɔ̃la si ɖo Eƒe dzidzenuwo gbɔ. Yesu ɖe esia fia esime wònɔ nu ƒom tso alesi wogbɔa agbe amewo le gbɔgbɔ me ŋu be: “Fofo la medrɔ̃a ʋɔnu ame aɖeke o, ke boŋ etsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ la katã de asi na Via.” (Yohanes 5:22) Gake Yesu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ yi ŋgɔ wu ʋɔnu ma tɔgbe dɔdrɔ̃, elabena eyae nye agbagbeawo kple kukuawo ƒe ʋɔnudrɔ̃la. (Dɔwɔwɔwo 10:42; Timoteo II, 4:1) Paulo gblɔ ɣeaɖeɣi be: “[Mawu ɖo] ŋkeke, si dzi wòle ʋɔnu drɔ̃ ge xexeame godoo le dzɔdzɔenyenye nu to ŋutsu [Yesu], si woɖo la dzi; eye wòle xɔse dom ɖe amewo katã, le esi wòfɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ŋuti.”—Dɔwɔwɔwo 17:31; Psalmo 72:2-7.
19. Nukata wòsɔ be míagblɔ le Yesu ŋu be enɔ anyi hezu Ʋɔnudrɔ̃la?
19 Eyata ɖe míate ŋu aƒo nya ta wòasɔ be Yesu bɔbɔ nɔ ŋutikɔkɔefiazikpui aɖe dzi eye wònye Ʋɔnudrɔ̃la tɔxɛa? Ẽ. Yesu gblɔ na apostoloawo be: “Le nuwo ƒe gbugbɔgadzi me la, gbesigbe ke Amegbetɔvi la abɔbɔ nɔ eƒe ŋutikɔkɔezikpui la dzi la, miawo hã miabɔbɔ nɔ zikpui wuive dzi, eye miadrɔ̃ ʋɔnu Israel ƒome wuieveawo.” (Mateo 19:28) Togbɔ be Fiaɖuƒea ƒe Fiae Yesu nye fifia hã la, anyinɔnɔ ɖe fiazikpui dzi adrɔ̃ ʋɔnu Ƒe Akpe Ðeka hã kpe ɖe dɔ siwo wòagawɔ siwo ŋu woƒo nu tsoe le Mateo 19:28 la ŋu. Ɣemaɣi la, adrɔ̃ ʋɔnu ameƒomea katã, ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa. (Dɔwɔwɔwo 24:15) Anyo be esia nanɔ susu me na mí ne míatrɔ ɖe Yesu ƒe lododoawo dometɔ ɖeka si ku ɖe míaƒe ɣeyiɣia kple míaƒe agbe ŋu la ŋuti.
Nya Kae Lododoa Gblɔ?
20, 21. Nya kae Yesu ƒe apostolowo bia si ku ɖe míaƒe ɣeyiɣia ŋu, eye nyabiabia kae wòfɔ ɖe te?
20 Do ŋgɔ teti na Yesu ƒe ku la, eƒe apostolowo biae be: “Ɣekaɣie nusiawo ava? Eye ka enye wò vava kple xexeame ƒe nuwuwu la ƒe dzesii?” (Mateo 24:3) Yesu gblɔe ɖi be nu ɖedzesiwo adzɔ le anyigba dzi hafi ‘nuwuwua nava.’ Do ŋgɔ teti na nuwuwu ma la, dukɔwo “[akpɔ] Amegbetɔvi la le dziƒolilikpowo dzi gbɔna kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe geɖe.”—Mateo 24:14, 29, 30.
21 Gake aleke wòanɔ na amesiwo le dukɔ mawo me ne Amegbetɔvi la va le eƒe ŋutikɔkɔe me? Mina míakpɔe ɖa le alẽwo kple gbɔ̃wo ŋuti lododoa me, si dze egɔme kple nya siawo be: “Ne Amegbetɔvi la ava le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye dɔlawo katã akpe ɖe eŋuti la, ekema abɔbɔ nɔ eƒe ŋutikɔkɔezikpui la dzi; eye woaƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe eƒe ŋku me.”—Mateo 25:31, 32.
22, 23. Nya kawoe ɖee fia be alẽwo kple gbɔ̃wo ŋuti lododoa medze emevava gɔme tso ƒe 1914 me o?
22 Ðe lododo sia va eme esime Yesu bɔbɔ nɔ anyi le fiaɖuɖuŋusẽ me le ƒe 1914 me, abe alesi míese egɔmee ɣeyiɣi didi aɖe enye sia enea? Mateo 25:34 ƒo nu tso eŋu be ezu Fia, eyata esɔ be míagblɔ be lododoa le eme vam tso esime Yesu zu Fia le ƒe 1914 me ke. Gake ʋɔnu kae wòdrɔ̃ le ema megbe kpuie? Medrɔ̃ ʋɔnu “dukɔwo katã” o. Ke boŋ etrɔ eƒe susu ɖe amesiwo gblɔ be “Mawu ƒe aƒe me” tɔwoe yewonye la ŋu. (Petro I, 4:17) Yesu si nye Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃la la va lé ŋku ɖe Kristotɔ amesiamina siwo susɔ ɖe anyigba dzi la ŋu be yeadrɔ̃ ʋɔnu wo, si wɔ ɖeka kple Maleaxi 3:1-3. Ɣemaɣie wodrɔ̃ ʋɔnu Kristodukɔa hã, amesi gblɔna alakpatɔe be ‘Mawu ƒe aƒe mee’ yele.c (Nyaɖeɖefia 17:1, 2; 18:4-8) Gake naneke meɖee fia be ɣemaɣi, alo tso ɣemaɣi la, Yesu nɔ anyi be yeadrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo katã me tɔwo abe alẽwo alo gbɔ̃wo ene o.
23 Ne míedzro dɔ si Yesu wɔ le lododoa me me la, míakpɔe be adrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo katã mlɔeba. Lododoa meɖee fia be ʋɔnudɔdrɔ̃ sia ayi edzi ƒe geɖe, abe ɖe wodrɔ̃ ʋɔnu amesiwo ku le ƒe geɖe siwo va yi me be wodze na ku mavɔ alo agbe mavɔ ene, o. Edze abe amesiwo ku le nyitsɔ laa ƒewo me ƒe akpa gãtɔ yi ameƒomea ƒe yɔdo me ene. (Nyaɖeɖefia 6:8; 20:13) Gake lododoa fia ɣeyiɣi si Yesu adrɔ̃ ʋɔnu “dukɔwo katã” me tɔ siwo anɔ agbe ɣemaɣi eye woadze ŋgɔ eƒe afiatsotso.
24. Ɣekaɣie alẽwo kple gbɔ̃wo ŋuti lododoa ava eme?
24 Le mɔ bubu nu la, lododoa fia asi etsɔme esime Amegbetɔvi la ava le eƒe ŋutikɔkɔe me. Anɔ anyi adrɔ̃ ʋɔnu amesiwo anɔ agbe ɣemaɣi. Atu eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃a ɖe amesiwo ƒomevi woɖee fia be yewonye dzi. Ɣemaɣi la, woaɖe “vovo, si le ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi dome” afia wòadze ƒã. (Maleaxi 3:18) Ɣeyiɣi kpui aɖe koe ʋɔnudrɔ̃nyawo gbɔgblɔ kple emetsonua hehe va wo dzi la ŋutɔ axɔ. Yesu adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe si anɔ te ɖe nusi dze le amewo ŋu la dzi.—Kpɔ Korintotɔwo II, 5:10 hã.
25. Nuka fiam Mateo 25:31 le esi wòƒo nu tso Amegbetɔvi la ŋu be enɔ ŋutikɔkɔezikpui dzi?
25 Eyata esia fia be etsɔmeɣeyiɣi si me Yesu anɔ anyi adrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo eye wòahe emetsonua ava wo dzi la ŋue Fia ŋusẽtɔ sia ƒe ‘anyinɔnɔ ɖe eƒe ŋutikɔkɔezikpui dzi’ hena ʋɔnudɔdrɔ̃, si ŋu woƒo nu tsoe le Mateo 25:31 la, ku ɖo. Ẽ, Yesu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si ŋu Mateo 25:31-33, 46 ƒo nu tsoe la sɔ kple esi le Daniel ta 7, afisi Fia, Amegã Ðeɖi si le dzi ɖum, la nɔ anyi be yeawɔ yeƒe Ʋɔnudɔdrɔ̃dɔ le.
26. Lododoa ŋuti numeɖeɖe yeye ka ŋue míeke ɖo?
26 Alẽwo kple gbɔ̃wo ŋuti lododoa gɔme sese le mɔ sia nu ɖee fia be ʋɔnudɔdrɔ̃ alẽawo kple gbɔ̃awo le ŋgɔ gbɔna. Ava eme ne “xaxa gã” si woyɔ le Mateo 24:29, 30 la dze egɔme eye Amegbetɔvi la ‘va ɖo eƒe ŋutikɔkɔe me.’ (Tsɔe sɔ kple Marko 13:24-26.) Ɣemaɣi, esime nuɖoanyi vɔ̃ɖi bliboa aɖo eƒe nuwuwu la, Yesu aɖi ʋɔnu eye wòadrɔ̃ ʋɔnu amewo ahahe emetsonua ava wo dzi.—Yohanes 5:30; Tesalonikatɔwo II, 1:7-10.
27. Nukae wòle be míadi be míanya le Yesu ƒe lododo mamlea ŋu?
27 Esia kɔ alesi míese ɣeyiɣi si me Yesu ƒe lododoa ava eme la gɔmee la me, si fia ɣeyiɣi si me woadrɔ̃ ʋɔnu alẽawo kple gbɔ̃awo. Gake aleke esia ka mí amesiwo tsɔ veviedodo le gbeƒã ɖem Fiaɖuƒenyanyui lae? (Mateo 24:14) Ðe wòna míaƒe dɔa megale vevie tututu oa, alo ɖe wògada agba si kpe wu boŋ ɖe mía dzia? Mina míakpɔ alesi wòka míi ɖa le nyati si kplɔe ɖo me.
-
-
Etsɔme Kae Li Na Alẽawo Kple Gbɔ̃awo?Gbetakpɔxɔ—1995 | October 15
-
-
Etsɔme Kae Li Na Alẽawo Kple Gbɔ̃awo?
“[Amã amewo] me atso wo nɔewo gbɔ, abe alesi alẽkplɔla mãa alẽwo kple gbɔ̃wo mee ene.”—MATEO 25:32.
1, 2. Nukata wòle be míatsɔ ɖe le alẽwo kple gbɔ̃wo ŋuti lododo la me?
EDZE ƒã be Yesu Kristoe nye Nufiala gãtɔ kekeake si nɔ anyigba dzi. (Yohanes 7:46) Eƒe nufiamɔnuwo dometɔ ɖekae nye lododowo, alo kpɔɖeŋuwo, zazã. (Mateo 13:34, 35) Wonɔa bɔbɔe gake wonaa gbɔgbɔ me kple nyagblɔɖi me nyateƒe goglowo me kɔna nyuie.
2 Le Yesu ƒe lododo le alẽwo kple gbɔ̃wo ŋu me la, efia asi ɣeyiɣi si me wòawɔ dɔ tɔxɛ aɖe be: “Ne Amegbetɔvi la ava le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye . . . ” (Mateo 25:31) Ele be míatsɔ ɖe le esia me elabena enye kpɔɖeŋu si Yesu wɔ tsɔ ƒo biabia si nye: “Ka enye wò vava la kple xexeame ƒe nuwuwu la ƒe dzesii?” la ŋu ɖoɖo ta. (Mateo 24:3) Gake nukae esia fia na mí?
3. Le Yesu ƒe nuƒoa ƒe gɔmedzedze la, nukae wògblɔ be adzɔ ne xaxa gã la dze egɔme teti?
3 Yesu gblɔ nudzɔdzɔ ɖedzesi siwo ava “enumake” ne xaxa gã la dze egɔme la ɖi, siwo míele mɔ kpɔm na. Egblɔ be ekema “Amegbetɔvi la ƒe dzesi” ado. Esia akpɔ ŋusẽ ɖe “anyigba dzi ƒomeawo katã” siwo “[akpɔ] Amegbetɔvi la le dziƒolilikpowo dzi [wògbɔna] kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe geɖe” la dzi vevie. Amegbetɔvi la ‘ƒe dɔlawo’ akpe ɖe eŋu. (Mateo 24:21, 29-31)a Ke alẽwo kple gbɔ̃wo
-