Hadzidzi 22
“Yehowae Nye Kplɔlanye”
1. Yehowa ye nye Kplɔlanye;
Eya ta nyemavɔ̃ o.
Eléa be na eƒe alẽwo;
Maŋlɔ etɔwo be o.
Gbɔɖemeƒe wòkplɔam yina,
Naa nye luʋɔ kpɔa yayra.
Ekplɔnam to toƒe dzɔdzɔewo
Le eƒe ŋkɔ nyui la ta.
Ekplɔnam to toƒe dzɔdzɔewo
Le eƒe ŋkɔ nyui la ta.
2. Nye ɖeka mezɔa blukɔ me,
Nyemevɔ̃a naneke o.
Elabena nye Kplɔla li kplim,
Magblẽm ɖi ’kpɔ gbeɖe o.
Esi ami ɖe tame nam,
Ena nye kplu yɔ banaa.
Anyo dɔme nam yi mavɔ me,
Ne manɔ eƒe me ɖaa.
Anyo dɔme nam yi mavɔ me,
Ne manɔ eƒe me ɖaa.
3. Alẽkplɔla nyui kae nye ’si!
Madzi ha akafui ɖaa.
Maɖe gbeƒã eƒe dɔmenyo
Na ’me fafawo katã.
Eƒe sewo dzi ko mawɔ;
Mazɔ eƒe mɔ dzi ɖaa.
Dzidzɔ le esubɔsubɔ me;
Esia dzi ko manɔ ɖaa.
Dzidzɔ le esubɔsubɔ me;
Esia dzi ko manɔ ɖaa.