Hadzidzi 77
Lɔ̃ Tsɔtsɔke
Tatatɔ
1. Lɔlɔ̃ ʋã Yehowa Wòtsɔ Via na ɖe mía ta
Be míakpɔ nu vɔ̃ tsɔtsɔke,
Eye wòaɖe ku hã ɖa.
Ne míetrɔ dzi me vavã la,
Atsɔ nu vɔ̃ ake mí.
To Kristo ƒe tafea dzi la,
Etsɔa vodada kea mí.
2. Mawu kpɔa nublanui
Na ’me siwo srɔ̃a ’yama,
Tsɔa nu vɔ̃ kea wo nɔviwo,
Ðea nublanuikpɔkpɔ fia.
Ne míelɔ̃ ŋutifafa la,
Míaɖe dzikudodo ɖa,
Ade bubu ’me sia ’me ŋu,
Aɖe lɔlɔ̃ vavã ’fia.
3. Nublanuikpɔkpɔ nye
Nɔnɔme nyui míaɖe fia.
Akpe ɖe mía ŋu be míaɖu
Dziku kple fuléle dzi.
Ne míesrɔ̃ Yehowa Mawu,
Si ɖea lɔlɔ̃ gã fiana,
Míatsɔ ake amewo faa;
Be míaɖi mía Fofo la.
(Kpɔ Mat. 6:12; Ef. 4:32; Kol. 3:13 hã.)