-
Mègana Naneke Nate Wò Ðe Aga Tso Yehowa Gbɔ OGbetakpɔxɔ—2013 | January 15
-
-
Mègana Naneke Nate Wò Ðe Aga Tso Yehowa Gbɔ O
‘Mitia ame si subɔ ge miala, egbea.’—YOS. 24:15.
1-3. (a) Nu ka tae Yosua nye kpɔɖeŋu nyui aɖe na mí? (b) Nu ka dzie wòle be míaɖo ŋkui ne wòva hiã be míawɔ nyametsotso vevi aɖewo?
TIATIA siwo míewɔna la le vevie ŋutɔ. Tiatia ɖe sia ɖe si dze ŋgɔ mí la naa mɔnukpɔkpɔ mí be míatia ale si míedi be míanɔ agbee. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Tsɔe be ame aɖe le mɔ aɖe dzi ɖo ta teƒe aɖe eye wòva ɖo mɔ dzevee aɖe nu. Mɔ kae wòatsɔ? Ðikekemanɔmee la, atia mɔ si ana wòate ɖe afi si yim wòle ŋu, ke menye esi akplɔe atra o.
2 Ame siwo wòva hiã be woawɔ nyametsotso siawo tɔgbi le blema la ƒe kpɔɖeŋu geɖewo le Biblia me. Le kpɔɖeŋu me, eva hiã be Kain natiae nenye be awɔ nu dzikutɔe loo alo aɖu eɖokui dzi. (1 Mose 4:6, 7) Nenema kee wòva hiã be Yosua natiae nenye be asubɔ Mawu vavã la loo alo asubɔ alakpamawuwo. (Yos. 24:15) Yosua ƒe taɖodzinue nye be yeate ɖe Yehowa ŋu; eya ta ewɔ tiatia si akpe ɖe eŋu wòaɖo eƒe taɖodzinua gbɔ. Taɖodzinu ma menɔ Kain ya si o, eye esia wɔe be tiatia si wòwɔ la tee ɖa le Yehowa ŋu.
3 Ɣeaɖewoɣi la, eva hiãna be míawɔ tiatia vevi aɖewo ale be míakpɔtɔ anɔ mɔ nyuitɔa dzi. Ne èva ɖo nɔnɔme sia tɔgbi me la, ɖo ŋku wò taɖodzinua dzi—eyae nye be nàhe kafukafu avae na Yehowa le nu sia nu si nàwɔ me ahaƒo asa na nu sia nu si ate wò ɖe aga tso eyama gbɔ. (Mixlẽ Hebritɔwo 3:12.) Le nyati sia kple esi kplɔe ɖo me la, míadzro nu adre aɖewo siwo me mele be míaɖe mɔ naneke nate mí ɖe aga tso Yehowa gbɔ o la me.
DƆWƆÐUIA KPLE AGBEMEDƆ SI NÀWƆ
4. Nu ka tae wòle vevie be míawɔ dɔ?
4 Agba le Kristotɔwo dzi be woakpɔ woawo ŋutɔwo kple woƒe ƒomea ƒe agbemenuhiahiãwo gbɔ. Biblia ɖee fia be ne ame aɖe medi be yeakpɔ yeƒe ƒemetɔa ƒe nuhiahiãwo gbɔ o la, evɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ. (2 Tes. 3:10; 1 Tim. 5:8) Eme kɔ ƒãa be dɔwɔɖui wɔa akpa vevi aɖe le ame ƒe agbe me, gake ne mèkpɔ nyuie o la, dɔwɔɖuia alo agbemedɔ si nàwɔ la ate ŋu ate wò ɖa tso Yehowa gbɔ. Aleke esia ate ŋu adzɔe?
5. Nu vevi kawo ŋu wòle be míabu hafi míayi dɔ aɖe si wotsɔ ɖo mía ŋkume la xɔ ge?
5 Tsɔe be èle dɔ dim awɔ. Ne èle dukɔ aɖe si me wòsesẽna le be woakpɔ dɔ awɔ me la, ate ŋu aƒoe ɖe nuwò be nàdi be yeaxɔ dɔ ɖe sia ɖe si wotsɔ ɖo ŋkuwòme. Gake nu kae nàwɔ ne nu siwo dɔa bia la tsi tre ɖe Biblia me gɔmeɖosewo ŋu? Ke ne dɔa axɔ ɣeyiɣi geɖe le asiwò ale gbegbe be màte ŋu akpɔ vovo ɖe hamea me dɔwo alo wò ƒomea ŋu o ɖe? Ðe nàlɔ̃ axɔ dɔa le esi wogblɔna be afi aɖe kpɔkpɔ nyo wu yamekpɔkpɔ ta? Ðo ŋku edzi be, ne èwɔ tiatia gbegblẽ la, ate ŋu ate wò ɖe aga tso Yehowa gbɔ. (Heb. 2:1) Èɖale dɔ dim awɔ loo alo èdi be yeaɖe asi le esi wɔm yele fifia ŋu ahawɔ dɔ bubu aɖe o, aleke nàte ŋu awɔ nyametsotso si me nunya le?
6, 7. (a) Taɖodzinu eve kawo tae ame aɖe adi be yeawɔ dɔ ɖo? (b) Taɖodzinu kae ate ŋu ana nàte ɖe Yehowa ŋu, eye nu ka tae?
6 Taɖodzinu si le asiwò le agbe mee afia tiatia si ƒomevi nàwɔ. Bia ɖokuiwò be, ‘Susu ka tae mele dɔ dim ɖo?’ Ne susu vevi si tae nèle dɔ dim ɖoe nye be nàkpɔ wò ŋutɔ kple wò ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ ale be nàte ŋu ayi Yehowa subɔsubɔ dzi la, Yehowa akpe ɖe ŋuwò. (Mat. 6:33) Ne dɔ ge le asiwò alo wò ganyawo tɔtɔ kpata la, nyae be Yehowa ƒe asi meto ɖe eme o. (Yes. 59:1) “Yehowa nya ale si wòaɖe ame siwo tsɔ wo ɖokui na Mawu la tso tetekpɔ me.”—2 Pet. 2:9.
7 Gake ne susu vevi si tae nèle dɔ dim ɖoe nye be yeakpɔ ga geɖe ya ɖe? Ðewohĩ àva kpɔ gaa ya. Gake nyae be ne ame aɖe ƒe taɖodzinu koe nye be yeawɔ dɔ ne yeazu gatɔ la, afɔku le eme. (Mixlẽ 1 Timoteo 6:9, 10.) Ne ga alo dɔwɔɖui ye nye nu vevitɔ na wò le agbe me la, ava te wò ɖe aga tso Yehowa gbɔ godoo.
8, 9. Nya kawoe wòle be dzilawo nabia wo ɖokuiwo ku ɖe woƒe dɔwɔɖui ŋu? Eye nu ka tae?
8 Ne dzilae nènye la, de ŋugble tso ŋusẽ si kpɔɖeŋu si nèɖona kpɔna ɖe viwòwo dzi ŋu kpɔ. Nu kae wokpɔna be eyae nye nu vevitɔ na wò—wò dɔwɔɖui ye loo alo wò xɔlɔ̃dzedze Yehowa yea? Ne wokpɔe be ɖoƒe gã nɔnɔ, ŋkɔxɔxɔ kple ga geɖe kpɔkpɔ ye nye nu vevitɔ na wò le agbe me la, ɖe woawo hã woava wɔ tiatia gbegblẽ ma ne wova tsia? Ðe wòaɖe bubu si wodea wò si nye wo dzila ŋu dzi kpɔtɔa? Ðetugbui Kristotɔ aɖe gblɔ be: “Nu si dzi mate ŋu aɖo ŋkui ye nye be dɔwɔɖuia ŋu koe fofonye ƒe susu nɔna. Gbã la, edze abe esi medi be naneke nahiã míaƒe ƒomea o tae wòwɔa dɔ sesĩe ɖo ene. Edi be yeakpɔ mía dzi nyuie. Gake le ƒe ʋɛ siwo va yi me la, nɔnɔmea trɔ. Dɔ dzi ko wònɔna zã kple keli, eye emegbe wòƒlea nu xɔasiwo vaa aƒe me tsɔ wu be wòaƒle nu siwo míehiã la avɛ. Esia wɔe be amewo va nya míaƒe ƒomea be ga geɖe le mía si tsɔ wu be woanya míaƒe ƒomea be míedea dzi ƒo na ame bubuwo be woati gbɔgbɔmenuwo yome. Gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu si fofonye anam la le vevie nam wu eƒe ga kura.”
9 Dzilawo, mikpɔ egbɔ be miagaɖe mɔ miaƒe dɔwɔɖuia nate mi ɖe aga tso Yehowa gbɔ o. Mito kpɔɖeŋu si mieɖona dzi miana mia viwo nakpɔe be mieka ɖe edzi bliboe be gbɔgbɔmenuwoe nye kesinɔnu gãtɔ kekeake si ate ŋu asu ame si, ke menye ŋutilãmenuwoe o.—Mat. 5:3.
10. Ne ɖekakpui alo ɖetugbui aɖe le agbemedɔ si wòawɔ tiam la, nu ka ŋue wòle be wòabu?
10 Ne ɖekakpui alo ɖetugbuie nènye eye nèle agbemedɔ si nàwɔ ŋu bum la, aleke nàwɔ awɔ tiatia nyuitɔa? Abe ale si míesrɔ̃e ene la, ele be nànya nu si nye wò agbemetaɖodzinu. Ðe hehe si xɔm nèle kple dɔ si ŋu bum nèle be yeava wɔ la aɖe mɔ na wò be nàti Fiaɖuƒea ƒe nuwo yome nyuie wua, alo ɖe wòate wò ɖe aga tso Yehowa gbɔa? (2 Tim. 4:10) Ðe wò taɖodzinue nye be yeanɔ agbe abe xexea me tɔ siwo kpɔa dzidzɔ ne ga geɖe le gadzraɖoƒe na wo alo xaa nu ne woƒe ganyawo yi to la enea? Alo ɖe nàtiae be yeaɖe kakaɖedzi si nɔ David si esi wòŋlɔ be, “Menɔ ɖevime tsã, eye azɔ metsi, ke nyemekpɔ be, wogblẽ ame dzɔdzɔe ɖi, eye viawo ɖo abologbe kpɔ o” la afia? (Ps. 37:25) Ðo ŋku edzi be, tiatia aɖe ate wò ɖa tso Yehowa gbɔ, gake tiatia bubu ana nànɔ agbe nyuitɔ kekeake. (Mixlẽ Lododowo 10:22; Maleaxi 3:10.) Tiatia kae nàwɔ?a
MODZAKAÐEÐE KPLE DZIDZƆDONAMENUWO
11. Nya kae Biblia gblɔ tso modzakaɖeɖe kple dzidzɔdonameɖokui ŋu, gake nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí?
11 Biblia metsi tre ɖe dzidzɔkpɔkpɔ ŋu o, eye nenema kee megblɔ be modzakaɖeɖe kple dzidzɔdonameɖokui nye ɣeyiɣi gbegblẽ o. Paulo ŋlɔ na Timoteo be: “Ŋutilã me kamedede nyo na nu vi aɖe.” (1 Tim. 4:8) Biblia gblɔ gɔ̃ hã be “nukoɣi li” eye “ɣeɖuɣi li,” eye wòde dzi ƒo be ame nagbɔ ɖe eme ale si dze. (Nyagb. 3:4; 4:6) Gake ne mèkpɔ nyuie o la, modzakaɖeɖe kple dzidzɔdonamenuwo ate ŋu ate wò ɖe aga tso Yehowa gbɔ. Aleke wòate ŋu adzɔe? Nu eve aɖewo koŋ gbɔe afɔkua tsona—woawoe nye modzakaɖenu si ƒomevi nètia kple ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si nèzã ɖe eŋu.
Modzakaɖeɖe si sɔ kple ɣeyiɣi si sɔ zazã ɖe eŋu nana wokpɔa dzidzɔ
12. Nu vevi kawo ŋu wòle be nàde ŋugble le ne èle modzakaɖeɖe alo dzidzɔdonamenu aɖe tiam?
12 Gbã la, bu esiwo ƒomevi nàtia ŋu. Kakaɖedzi nenɔ asiwò be àte ŋu ake ɖe modzakaɖenu ɖɔʋuwo kple dzidzɔdonamenu nyuiwo ŋu. Gake nyateƒea ye nye be nu siwo le modzakaɖenu akpa gãtɔ me la nye nu siwo Mawu lé fui, siwo dometɔ aɖewoe nye ŋutasẽnuwɔwɔ, gbɔgbɔyɔyɔ kple gbɔdɔnuwɔna manɔsenuwo. Eya ta ele be nàlé ŋku ɖe esiwo ƒomevi doa dzidzɔ na wò la ŋu nyuie. Ŋusẽ kae wòkpɔna ɖe dziwò? Ðe wòƒãa ŋutasẽnuwɔwɔ, hoʋiʋli sẽŋu alo dulɔlɔ̃ ƒe gbɔgbɔ ɖe mewòa? (Lod. 3:31) Ðe wònaa ga vɔna le kotoku me na wòa? Ðe wòate ŋu aɖia ame bubuwo nua? (Rom. 14:21) Ame kawo ƒomevie nèdea ha kplii le wò modzakaɖeɖea me? (Lod. 13:20) Ðe wòƒãa nu gbegblẽ wɔwɔ ƒe dzodzro ɖe mewòa?—Yak. 1:14, 15.
13, 14. Nu ka ŋu wòle be nàde ŋugble le ku ɖe ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si wòle be nàzã ɖe modzakaɖeɖe ŋu ŋuti?
13 Azɔ bu ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si nèzãna ɖe modzakaɖeɖea ŋuti ŋu. Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe mezãa ɣeyiɣi geɖe akpa ɖe modzakaɖeɖe ŋu ale gbegbe be ɣeyiɣi ʋɛ aɖe koe susɔna nam matsɔ akpɔ gome le gbɔgbɔmedɔwo mea?’ Ne ètiae be yeazã ɣeyiɣi geɖe fũu akpa ɖe modzakaɖeɖe kple dzidzɔdonamenuwo ŋu la, àkpɔe be wò gbɔɖemeɣia mado dzidzɔ na wò ale si dze o. Le nyateƒe me la, ame siwo mezãa ɣeyiɣi fũu akpa ɖe modzakaɖeɖe ŋu o lae sea vivi nɛ wu. Nu ka tae? Nu si tae nye be wonyae be yewowɔ “nu siwo le vevie wu la” do ŋgɔ na modzakaɖeɖea, eya ta ne wole modzaka ɖem la, woƒe dzi dzea eme bɔkɔɔ.—Mixlẽ Filipitɔwo 1:10, 11.
14 Togbɔ be ate ŋu adzro wò vevie be yeazã ɣeyiɣi geɖe wu ɖe modzakaɖeɖe ŋu hã la, ne èwɔ tiatia ma la, ate ŋu ate wò ɖe aga tso Yehowa gbɔ. Nu si me nɔvinyɔnu aɖe si xɔ ƒe 20, si ŋkɔe nye Kim, to la na wòkpɔ esia dze sii. Egblɔ be: “Tsã la, medea kplɔ̃ɖoƒe ɖe sia ɖe. Kwasiɖanuwuwu ɖe sia ɖe la, nu tɔxɛ aɖe yia edzi godoo—Fiɖa, Memleɖa kple Kwasiɖagbe siaa. Gake fifia, mekpɔe be, nu geɖe siwo le vevie wu la li mawɔ. Le kpɔɖeŋu me, esi menye mɔɖela ta la, mefɔna ŋdi ga 6:00 yia gbeadzi, eya ta nyemate ŋu aganɔ kplɔ̃ɖoƒe ʋuu wòaƒo zã ga ɖeka alo zã ga eve o. Menyae be kplɔ̃ɖoƒewo yiyi menye nu gbegblẽ o, gake woate ŋu anye susuhenu siwo doa kplamatsɛ ame ŋutɔ. Ele be woatsɔ wo aɖo nɔƒe si dze, abe ale si wòle le nu bubu ɖe sia ɖe gome ene.”
15. Aleke dzilawo ate ŋu ana wo viwo nase vivi le modzakaɖeɖe tuameɖowo me?
15 Agba le dzilawo dzi be woakpɔ woawo ŋutɔwo kple wo viwo ƒe ŋutilãme, gbɔgbɔme kple seselelãme nuhiahiãwo gbɔ. Esia bia be woawɔ ɖoɖo ɖe modzakaɖeɖe tuameɖowo ŋu. Ne dzilae nènye la, mègabui be modzakaɖeɖe ɖe sia ɖee gblẽ o. Le ɣeyiɣi ma ke me la, ele be nànɔ ŋudzɔ ɖe modzakaɖeɖe siwo kpɔa ŋusẽ gbegblẽ ɖe ame dzi ŋu. (1 Kor. 5:6) Ne èbu nuwo ŋu nyuie do ŋgɔ la, àte ŋu awɔ ɖoɖo ɖe modzakaɖeɖe kple dzidzɔdonamenu tuameɖowo ŋu na wò ƒomea.b Ne èwɔe alea la, awɔe be wò ŋutɔ kple viwòwo miatia mɔ si ate mi ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli.
ƑOMEKADODOWO
16, 17. Nɔnɔme gbãdziname ka mee dzila geɖewo le, eye aleke míewɔ nya be Yehowa sea woƒe vevesesea gɔme?
16 Le dzɔdzɔme nu la, ƒomedodo si nɔa dzila kple via dome sẽna ŋutɔ, esia tae Yehowa zã ƒomedodo ma tsɔ wɔ kpɔɖeŋu na lɔlɔ̃ si le esi na eƒe dukɔa. (Yes. 49:15) Eya ta ne ƒomea me tɔ aɖe dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ la, esɔ le dzɔdzɔme nu be dzilawo naxa nu le eta. Nɔvinyɔnu aɖe si vinyɔnu woɖe le hamea me la gblɔ be: “Nye dzi lólo ɖe dɔ me nam. Mebia ɖokuinye be, ‘Nu ka tae wòdzo le Yehowa gbɔ?’ Ete ɖe dzinye ale gbegbe, eye mebu fɔ ɖokuinye.”
17 Yehowa sea wò vevesesea gɔme. ‘Eɖu dzi na’ eya ŋutɔ hã esime eƒe ƒomea me tɔ siwo nye amegbetɔwo la dometɔ gbãtɔ dze aglã ɖe eŋu; nenema kee wòse le eɖokui me esime amegbetɔwo dze aglã do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa. (1 Mose 6:5, 6) Ate ŋu asesẽ na ame siwo dzi nu sia medzɔ ɖo kpɔ o be woase ale si gbegbe nɔnɔme sia doa nuxaxa na amee la gɔme. Ke hã nunya manɔ eme be nàɖe mɔ agbe maɖɔʋu si nɔm viwò si woɖe le hamea me le la nate wò ɖa tso Yehowa gbɔ o. Ke aleke nàwɔ ado dzi ne wò ƒomea me tɔ aɖe dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ?
18. Nu ka tae mele be dzilawo nabu fɔ wo ɖokuiwo ne wo vi aɖe dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ o?
18 Mègabu fɔ ɖokuiwò ɖe nu si dzɔ la ta o. Yehowa tsɔ tiatia aɖe ɖo amegbetɔwo ŋkume, eye ƒomea me tɔ ɖeadzɔgbe xɔnyɔnyrɔ ɖe sia ɖe ‘atsɔ ye ŋutɔ ƒe agba.’ (Gal. 6:5) Nu vɔ̃ wɔla lae Yehowa abia akɔntae le tiatia si wòwɔ ta, ke menye wòe wòabia akɔntae o. (Eze. 18:20) Gakpe ɖe eŋu la, mègabu fɔ ame bubuwo o. De bubu amehehe ƒe ɖoɖo si Yehowa wɔ la ŋu. Ele be nànɔ tsitre sesĩe ɖe Abosam ŋu—ke menye ɖe alẽkplɔla siwo ɖea afɔ tsɔ kpɔa hamea ta la ŋu o.—1 Pet. 5:8, 9.
Megblẽ be nànɔ mɔ kpɔm be viwòa atrɔ va Yehowa gbɔ o
19, 20. (a) Nu kae dzila siwo ƒe viwo woɖe le ha me la ate ŋu awɔ be woado dzi le vevesese si esia dona na ame la me? (b) Nu kae wòsɔ be dzila siawo nanɔ mɔ kpɔm na?
19 Gake ne viwò dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ eye nèdo dziku ɖe Yehowa ŋu la, nu kae adzɔ? Esia ate ŋu ate wò ɖe aga tso Yehowa gbɔ. Le nyateƒe me la, ehiã be viwò lɔlɔ̃a nakpɔe be èlɔ̃ Yehowa wu nu sia nu—ele be wòakpɔe be èlɔ̃e wu wò ƒometɔ kplikplikpli gɔ̃ hã. Eya ta be nàte ŋu ado dzi le nɔnɔme sia me la, ele be nàna mia kple Yehowa dome ƒomedodoa me nasẽ. Mègaɖe ɖokuiwò ɖe aga tso nɔviwò Kristotɔwo gbɔ o. (Lod. 18:1) Ðe wò seselelãmewo gblɔ na Yehowa le gbedodoɖa me. (Ps. 62:8, 9) Mèganɔ naneke dim be nàtsɔ ado taflatsɛ be nàde ha kple wò ƒomea me tɔ si woɖe le ha me la o, eɖanye to telefon dzi loo alo to e-mail dzi o. (1 Kor. 5:11) Ƒo ɖokuiwò ɖe gbɔgbɔmedɔwo me bliboe. (1 Kor. 15:58) Nɔvinyɔnu si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gblɔ be, “Menyae be ele be malé fɔ ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu eye mana mía kplii dome ƒomedodoa me nasẽ ale be ne vinyenyɔnua trɔ gbɔ va Yehowa gbɔ la, masu te nyuie akpe ɖe eŋu.”
20 Biblia gblɔ be lɔlɔ̃ ‘kpɔa mɔ na nuwo katã.’ (1 Kor. 13:4, 7) Menye nu gbegblẽe wònye be nànɔ mɔ kpɔm be viwò lɔlɔ̃a atrɔ agbɔ va Yehowa gbɔ o. Ƒe sia ƒe la, nu gbegblẽ wɔla geɖewo trɔa dzi me eye wotrɔna vaa Yehowa ƒe habɔbɔa me. Yehowa menɔa dziku dom ɖe wo ŋu ɖaa le woƒe dzimetɔtrɔ vɔ megbe o. Ke boŋ ‘elɔ̃a tsɔtsɔke.’—Ps. 86:5.
WƆ TIATIA SIWO ME NUNYA LE
21, 22. Aleke nèɖoe be yeawɔ tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖe si le asiwò la ŋu dɔe?
21 Yehowa na ablɔɖe eƒe nuwɔwɔ siwo nye amegbetɔwo be woawɔ tiatia. (Mixlẽ 5 Mose 30:19, 20.) Gake agbanɔamedzi vevi aɖe kpe ɖe ablɔɖe ma ŋu. Ele be Kristotɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be: ‘Mɔ ka dzi mele? Ðe meɖe mɔ nye dɔwɔɖuia alo agbemedɔ si medi be mawɔ, modzakaɖeɖe kple dzidzɔdonamenuwo, alo ƒomekadodowo le teyem ɖa tso Yehowa gbɔa?’
22 Lɔlɔ̃ si le Yehowa si na eƒe amewo la nu metsina gbeɖe o. Nu si ko ate ŋu ate mí ɖe aga tso Yehowa gbɔe nye ne míawo ŋutɔwo míetia mɔ gbegblẽ aɖe. (Rom. 8:38, 39) Gake mele be esia nadzɔ kura o! Ðoe kplikpaa be màɖe mɔ naneke nate wò ɖe aga tso Yehowa gbɔ o. Nyati si kplɔe ɖo la adzro nu ene bubu siwo hã me wòle be nàwɔ esia le la me.
-
-
Yi Edzi Nànɔ Tetem Ðe Yehowa ŊuGbetakpɔxɔ—2013 | January 15
-
-
Yi Edzi Nànɔ Tetem Ðe Yehowa Ŋu
“Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.”—YAK. 4:8.
1, 2. (a) Nu kawoe nye Satana ƒe ‘ayemɔwo’? (b) Nu kae akpe ɖe mía ŋu míate ɖe Mawu ŋu?
YEHOWA MAWU wɔ amegbetɔwo kple dzɔdzɔmedidi be woate ɖe ye ŋu. Ke hã Satana di be míabu nuwo ŋu abe ye ene—edi be míasusui be míehiã Yehowa o. Ema nye alakpanya aɖe si te wòƒlɔ dzo ɖo tso keke Eden bɔa me ke, elabena nya mae wòtsɔ ble Xawa. (1 Mose 3:4-6) Le ŋutinya katã me la, amegbetɔƒomea ƒe akpa gãtɔ susui vodadatɔe be amegbetɔwo mehiã Mawu o.
2 Gake dzidzɔtɔe la, mehiã be míawo ya míage ɖe Satana ƒe mɔ̃ me o. ‘Eƒe ayemɔwo mele ɣaɣla ɖe mí o.’ (2 Kor. 2:11) Satana tea mí kpɔ ne míawɔ tiatia gbegblẽ ale be yeate mí ɖe aga tso Yehowa gbɔ. Gake abe ale si nyati si do ŋgɔ la ɖee fia ene la, míate ŋu awɔ tiatia nyuiwo le dɔwɔɖui, modzakaɖeɖe kple ƒome nyawo me. Nyati sia aƒo nu tso nu ene bubu siwo Satana zãna tsɔ tea mí kpɔ la ŋu: woawoe nye elektrɔnikmɔ̃wo, lãmesẽnyawo, ga kple dada. Ne míewɔ tiatia nyuiwo le nu siawo me la, míate ŋu ‘ate ɖe Mawu ŋu.’—Yak. 4:8.
ELEKTRƆNIKMƆ̃WO
3. Aleke woate ŋu awɔ elektrɔnikmɔ̃wo ŋu dɔ le mɔ nyui alo mɔ gbegblẽ nu?
3 Elektrɔnikmɔ̃ deŋgɔwo va bɔ le xexea me katã egbea. Ne míewɔ wo ŋu dɔ nyuie la, woate ŋu aɖe vi na mí. Gake ne míewɔ wo ŋu dɔ nyuie o la, woate ŋu aklã mí ɖa tso mía Fofo si le dziƒo la gbɔ. Bu kɔmpiuta ŋu sẽe kpɔ. Kɔmpiutae wotsɔ ŋlɔ nya siwo le magazine si xlẽm nèle la me, eye eya kee wotsɔ tae. Woate ŋu azã kɔmpiuta atsɔ awɔ numekukui, ate ŋu anye kadodomɔnu nyui aɖe, eye woate ŋu atsɔe aɖe modzakae hã. Gake ate ŋu adzɔ hã be kɔmpiutazazã nava zu numame gbegblẽ na mí. Boblodolawo tsɔa ayedzedze nana míesusuna be ele be míaƒle nutovɛ yeye ɖe sia ɖe. Ðekakpui aɖe di vevie be asikɔmpiuta (tablet alo tablette) yeye aɖe nasu ye si ale gbegbe be wòdzra eƒe ayiku ɖeka le adza me tsɔ ƒlee. Nublanuinya ka gbegbee nye esi!
4. Aleke nɔviŋutsu aɖe wɔ ɖu kɔmpiutazazã fũu akpa ƒe numamea dzi?
4 Esi gavɔ̃ɖi wue nye be míaɖe mɔ elektrɔnikmɔ̃wo zazã le mɔ gbegblẽ nu alo wo zazã fũu akpa nagblẽ ƒomedodo kplikplikpli si le mía kple Yehowa dome la me. Jon, si nye Kristotɔ aɖe si wòsusɔ vie wòaxɔ ƒe 30a la, gblɔ be: “Menyae be Biblia be ‘míaƒle ɣeyiɣi si sɔ’ be míakpɔ gome le gbɔgbɔmenuwo me. Gake le kɔmpiutazazã gome la, nye ŋutɔe zu futɔ vɔ̃ɖi le ɖokuinye ŋu.” Jon kpɔe be zi geɖe la, yenɔa Internet zãm ʋuu zã tsina. Egblɔ be: “Ne ɖeɖi te ŋunye aleke gbegbe hã la, esesẽna nam be madzudzɔ dzeɖoɖo kple xɔ̃nyewo alo video kpuikpuiwo kpɔkpɔ—evɔ menye ɣesiaɣi hãe wonyea nu ɖɔʋuwo o.” Nu si Jon wɔ hafi te ŋu ɖe asi le numame gbegblẽ sia ŋue nye be, eda eƒe kɔmpiutaa ƒe gaƒoɖokuia ɖe game si wòayi anyimlɔƒe la dzi ale be ne ɣeyiɣia de ko la, kɔmpiutaa ŋutɔ natsi le eɖokui si.—Mixlẽ Efesotɔwo 5:15, 16.
Dzilawo, mikpe ɖe mia viwo ŋu woazã elektrɔnikmɔ̃wo nunyatɔe
5, 6. (a) Nu kae wòle be dzilawo nawɔ na wo viwo? (b) Aleke dzilawo ate ŋu akpɔ egbɔ be wo viwo nakpɔ gome le hadede tuameɖowo me?
5 Dzilawo, togbɔ be mehiã be miake ŋku ɖe nu sia nu si mia viwo wɔna me o hã la, ehiã be mialé ŋku ɖe ale si wozãa kɔmpiutae ya ŋu. Migaɖe asi le wo ŋu ne woawo ɖeɖe nanɔ Internet zãm ne woayi gbɔdɔnuwɔnawo, fefe siwo me wowɔa ŋutasẽnuwo le, alo gbɔgbɔyɔyɔ kpɔ ge alo akpɔ gome le hadede vɔ̃wo me o. Ne mieɖe mɔ na wo be woawɔ nu sia nu si wodi ale be woagaɖe fu na mi o la, woasusu be naneke megblẽ le nu siawo ŋu o. Dzilawo, miaƒe dɔe wònye be miakpɔ mia viwo ta tso nu sia nu si ate ŋu ate wo ɖe aga tso Yehowa gbɔ la me—mia vi siwo le woƒe ƒewuiwo me hã le eme. Lãwo kura gɔ̃ hã kpɔa wo viwo ta tso afɔku me. Bu ale si sisiblisinɔ awɔ nui ne ame aɖe di be yealé viawo adzoe ŋu kpɔ!—Tsɔe sɔ kple Hosea 13:8.
6 Mikpe ɖe mia viwo ŋu woade ha kple Kristotɔ kpɔɖeŋu nyui ɖola siwo nye ɖeviwo kple tsitsiawo siaa. Eye miɖo ŋku edzi, mia viwo hiã mi; wodi be miakpɔ vovo ɖe yewo ŋu! Eya ta midi ɣeyiɣi miaɖo dze ako nu kpli wo, afe fefe kpli wo, awɔ dɔ kpli wo, eye ‘miate ɖe Mawu ŋu’ ɖekae.b
LÃMESẼNYAWO
7. Nu ka tae mí katã míedina be míanɔ lãmesẽ me ɖo?
7 “Èfɔa?” Nya sia si míebiana edziedzi la ɖea nyateƒenya ɖefuname aɖewo ɖe go. Esi mía dzila gbãtɔwo ɖe mɔ Satana te wo ɖe aga tso Yehowa gbɔ ta la, esia wɔe be mí katã míedzea dɔ. Ne míedze dɔ la, Satana kpɔa dzidzɔ, elabena dɔléle nana Yehowa subɔsubɔ sesẽna na mí. Eye ne míeku la, míate ŋu asubɔ Yehowa kura o. (Ps. 115:17) Eya ta le dzɔdzɔme nu la, míedina be míawɔ nu sia nu si míate ŋui be míanɔ lãmesẽ me.c Eye ehiã be míatsɔ ɖe le mía nɔviwo ƒe lãmesẽ kple dedienɔnɔ me.
8, 9. (a) Aleke míate ŋu aƒo asa na dzimaɖitsitsi ɖe lãmesẽnyawo ŋu fũu akpa? (b) Viɖe kae dzidzɔkpɔkpɔ nyena?
8 Gake ele vevie be míagatsi dzi ɖe lãmesẽnyawo ŋu wòagbɔ eme o. Ame aɖewo kafua nuɖuɖu aɖewo ƒomevi, dɔyɔmɔnuwo, alo ami sisi aɖewo dzonɔamemetɔe—wotsɔa dzo ɖe nu siawo ŋu wu gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia gɔ̃ hã. Woate ŋu aka ɖe edzi be yewole kpekpem ɖe amewo ŋu. Ne aleae wòle hã la, mesɔ be míanɔ dze ɖom tso atikewo alo ami sisiwo kple lãmesẽnya ŋuti mɔfiamewo ŋu le Fiaɖuƒe Akpata me do ŋgɔ na kpekpeawo alo le kpakpã vɔ megbe, alo le takpekpe suewo alo takpekpe gãwo me o. Nu ka tae mesɔ o?
9 Nu si tae míekpena ɖoe nye be míadzro gbɔgbɔmenuwo me eye míakpɔ dzidzɔ, si Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nana la, geɖe wu. (Gal. 5:22) Ne míeɖoa aɖaŋu na amewo tso lãmesẽnyawo ŋu le teƒe siawo, eɖanye ɖe wobia mí alo míawo ŋutɔwoe kpɔe be ehiã o, ate ŋu ahe míaƒe susu ɖa le gbɔgbɔmetaɖodzinu si tae míekpe ta ɖo la dzi, eye ate ŋu ana ame bubuwo makpɔ dzidzɔ o. (Rom. 14:17) Ale si ame sia ame awɔ akpɔ eƒe lãmesẽnyawo gbɔe la nye eya ŋutɔ ƒe nyametsotso. Gakpe ɖe eŋu la, ame aɖeke mate ŋu akpɔ atike na dɔlélewo katã o. Ðɔkta bibiwo kekeake hã dzea dɔ, wokua amegã eye wokuna mlɔeba. Eye ne míele dzimaɖi tsim ɖe lãmesẽnyawo ŋu alekeleke hã, míate ŋu atsɔ abɔklugui ɖeka akpe ɖe míaƒe agbenɔƒe ŋu o. (Luka 12:25) Ke boŋ ‘dzi kpɔdzidzɔ nana lãme hayana.’—Lod. 17:22.
10. (a) Nɔnɔme nyui kawoe nya kpɔna na Yehowa? (b) Ɣekaɣie míanɔ lãmesẽ deblibo me?
10 Nenema kee esɔ be míatsɔ ɖe le míaƒe dzedzeme hã me. Gake mele be míadze agbagba vevie be míaɖe tsitsi ƒe dzesi ɖe sia ɖe ɖa le mía ɖokui ŋu o. Dzesi mawo nye nunya, bubu kple atsyɔ̃ɖoɖo ememetɔ ƒe kpeɖodziwo. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be: “Atsyɔ̃fiakuku enye ta ƒowɔ, dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi wokpɔnɛ lena.” (Lod. 16:31) Nenemae Yehowa bua míi, eye ele be míadze agbagba abu mía ɖokuiwo abe ale si wòbua mí ene. (Mixlẽ 1 Petro 3:3, 4.) Eya ta ɖe nunya le eme be míadi atikewɔwɔ alo amekokomɔnu siwo me afɔku le la yome mɔ be woana míaƒe dzedzeme nanyo ɖe edzi eye míatsɔ mía ɖokuiwo ade afɔku me madzemadzea? Ƒe ka kee míeɖaxɔ o, alo aleke kee míaƒe lãmesẽ ɖale o, “dzidzɔkpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu” ye nye nyonyo vavãtɔ, si tsoa ememe ke la, tsoƒe. (Neh. 8:10) Xexe yeyea me koe míate ŋu ava nɔ lãmesẽ deblibo me le eye míagazu ɖekakpui dzeɖekɛwo kple ɖetugbui dzetugbewo. (Hiob 33:25; Yes. 33:24) Va se ɖe esime xexe yeyea nava la, nunya vavãtɔ kple xɔse akpe ɖe mía ŋu míakpɔtɔ anɔ Yehowa ŋu kplikplikpli esime míeyi edzi le vivi sem na agbea fifia le ale si míaƒe nɔnɔmewo le nu.—1 Tim. 4:8.
GA
11. Aleke ga ate ŋu ate mí ɖe aga tso Yehowa gbɔ?
11 Menye nu gbegblẽe ga nye o, eye megblẽ hã be ame aɖe natsa asi anukwaretɔe o. (Nyagb. 7:12; Luka 19:12, 13) Gake “galɔlɔ̃” ate mí ɖe aga tso Yehowa gbɔ godoo. (1 Tim. 6:9, 10) “Nuɖoanyi sia me dzimaɖitsitsi,” alo dzitsitsi ɖe agbemenuhiahiã veviwo ŋu fũu akpa, ate ŋu axe mɔ na mí be míagatse ku le gbɔgbɔ me o. “Kesinɔnuwo ƒe amebleŋusẽ,” alo ebubu vodadatɔe be kesinɔnuwoe nana ame kpɔa dzidzɔ eye wònɔa dedie, hã ate ŋu awɔe be míatse ku o. (Mat. 13:22) Yesu na eme kɔ ƒãa be “ame aɖeke” mate ŋu asubɔ Mawu kple kesinɔnuwo siaa o.—Mat. 6:24.
12. Gadimɔnu ƒe mɔ̃ kawo ƒomevie va bɔ egbea, eye aleke míate ŋu aƒo asa na woe?
12 Ga ŋuti nukpɔsusu gbegblẽ ate ŋu ana míaɖe afɔ gbegblẽwo. (Lod. 28:20) Ame aɖewo di be yewoakpɔ ga kaba, eya ta woƒle lotogbalẽviwo. Nɔvi aɖewo ƒo wo ɖokuiwo ɖe asitsamɔnu si me wosusu be yewoakpɔ ga le kaba la me, eye wodo ŋugbe na hamea me tɔ bubuwo be woawo hã woate ŋu akpɔ ga geɖe ne woƒo wo ɖokuiwo ɖe eme. Nɔvi aɖewo do ga le nɔvi bubuwo gbɔ le hamea me be yewoatsɔ atsa asi eye wodo ŋugbe na wo be yewoaxee na wo kple deme gbogbo aɖe. Mègaɖe mɔ ŋukeklẽ nana woato ayemɔ dzi afi wò o. Bu nuwo ŋu nyuie. Ne gadimɔnu aɖe nyo kakaka hegbɔ eme la, zi geɖe la, menyea nyateƒe o.
13. Ga ŋuti nukpɔsusu kae Yehowa di be wòanɔ mía si?
13 Ne míetsɔ “fiaɖuƒe la kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye” ɖo nɔƒe gbãtɔ la, Yehowa yrana ɖe agbagba siwo míedzena le mɔ si sɔ nu be agbemenuhiahiã veviwo nasu mía si la dzi. (Mat. 6:33; Ef. 4:28) Yehowa medi be míanɔ akɔlɔ̃e dɔm le kpekpewo me le esi míewɔ dɔ fũu akpa ɖeɖi te mía ŋu ta alo míanɔ anyi ɖe Fiaɖuƒe Akpata me anɔ ganyawo ŋu bum o. Ke hã ame siwo dome míele le xexea me la dometɔ geɖe xɔe se be ne yewovu ɖe dɔ ŋu wɔ hedi ga geɖe la, eya ko hafi yewoate ŋu anɔ dedie le etsɔme ale be ne yewova tsi la, yewoate ŋu aɖe dzi ɖi le agbe me. Eye zi geɖe la, wodea dzi ƒo na wo viwo be woati ŋutilãmenudidi ƒe taɖodzinu mawo ke yome. Gake Yesu ɖee fia be susu mele nuŋububu alea me o. (Mixlẽ Luka 12:15-21.) Esia ate ŋu ana míaɖo ŋku Gexazi, ame si susu be yeate ŋu ati nane yome ŋukeklẽtɔe gake aganɔ ƒomedodo nyui me kple Yehowa la, dzi.—2 Fia. 5:20-27.
14, 15. Nu ka tae mele be míaɖo ŋu ɖe nuɖoanyi sia me gaŋutiɖoɖowo ŋu o? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖe.
14 Woka nya ta be tsi lé hɔ̃ aɖewo woku le esi womedi be yewoaɖe asi le akpa aɖe si wolé kple woƒe fewo wòle kpekpem akpa la ŋu o ta. Ðe nu sia tɔgbi ate ŋu adzɔ ɖe Kristotɔ aɖe dzia? Hamemetsitsi aɖe si ŋkɔe nye Alex la gblɔ be: “Meléa be na nu sia nu si le asinye la ŋutɔ. Ne meku adzalẽ wòsɔ gbɔ wu esi mehiã vie gɔ̃ hã la, megbugbɔa esi gbɔ edzi la kɔna ɖe adzalẽgoea me.” Ke hã Alex va ƒo eɖokui ɖe gasitsatsa ƒe ɖoɖo aɖe si yia edzi le gadzraɖoƒewo la me, elabena esusui be ne yeate ŋu anɔ ga kpɔm to gadimɔnu bubu aɖe dzi la, yeaɖe asi le yeƒe dɔwɔɖuia ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa. Eƒe susu katã va ku ɖe nu vovovo siwo wodoa bobloe le gasitsatsa sia ƒomevi me la ŋu kple susu be yeate ŋu awɔ esiwo aɖe vi na ye la ŋu dɔ. Etsɔ eƒe ga si wòdzra ɖo la katã ƒo ɖe eme eye wòdo ga le ame bubuwo si gɔ̃ hã tsɔ de asitsaɖoɖo siwo asitsaɖaŋuɖola bibiwo gblɔ be woana woakpɔ viɖe gbogbo aɖe le ɣeyiɣi kpui aɖe me la me! Gake nuwo meva yi abe ale si wogblɔe ene o, ke boŋ eƒe ga ŋe ɖe eme vlo. Alex gblɔ be: “Meɖoe kplikpaa be magbugbɔ akpɔ nye gaa godoo. Mesusui be ne meyi asitsaɖoɖo sia dzi la, nuwo ava ka ɖe eme.”
15 Alex ƒe susu katã va nɔ eƒe ganyawo ŋu ɣleti geɖe. Esesẽ nɛ be wòatsɔ susu aɖo gbɔgbɔmenuwo ŋu, eye wòtsia zãdomadɔlɔ̃e. Ke hã to ko yim eƒe ganyawo nɔ. Ga si Alex dzra ɖo la katã fiã eye wòva hiã be wòadzra eƒe aƒe. Egblɔ be: “Medo nuxaxa gã aɖe na nye ƒomea.” Gake esrɔ̃ nu vevi aɖe tso esia me; egblɔ be: “Fifia mekpɔe be ame sia ame si aɖo ŋu ɖe Satana ƒe nuɖoanyi sia ŋu la aɖu ŋukpe godoo.” (Lod. 11:28) Nyateƒee, ne míetsɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ ɖo ga si le mía si, míaƒe asitsatsa, alo ŋutete si le mía si be míadi ga le nuɖoanyi sia me dzi la, afia be míetsɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ ɖo “nuɖoanyi sia ƒe mawu,” si nye Satana, dzi. (2 Kor. 4:4; 1 Tim. 6:17) Tso esime nu ma dzɔ ɖe Alex dzi la, etso nya me be yeanɔ agbe tsɛ ‘le nya nyui la ta.’ Ne èbiae la, agblɔ na wò be esia wɔwɔ na ye ŋutɔ kple yeƒe ƒomea yewole dzidzɔ geɖe wu kpɔm eye wòna yewote ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wu tsã.—Mixlẽ Marko 10:29, 30.
DADA
16. Aleke dada nyuitɔ to vovo na dada gbegblẽtɔ?
16 Ele be nyateƒe si wònye be míenye Yehowa Ðasefowo la nanye dada na mí. (Yer. 9:24) Ne míedea bubu mía ɖokui ŋu va se ɖe afi aɖe la, ekpena ɖe mía ŋu míewɔa nyametsotso nyuiwo eye míekpɔa egbɔ be míawɔ naneke ada le Mawu ƒe dzidzenu kɔkɔwo dzi o. Gake ele be míakpɔ nyuie be míaganɔ dadam ahasusui be míenya nu wu Yehowa o, elabena esia ate ŋu ate mí ɖe aga tso egbɔ.—Ps. 138:6; Rom. 12:3.
Esi nànɔ dzimaɖi tsim be ɖoƒe aɖe nasu ye si le hamea me teƒe la, se vivi na wò subɔsubɔdɔa boŋ!
17, 18. (a) Yɔ ɖokuibɔbɔla kple dadala siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la dometɔ aɖewo. (b) Nu kae nɔviŋutsu aɖe wɔ be meɖe mɔ dada tee ɖe aga tso Yehowa gbɔ o?
17 Dadalawo kple ɖokuibɔbɔlawo siaa ƒe kpɔɖeŋu geɖewo le Biblia me. Fia David bɔbɔ eɖokui hekpɔ mɔ be Yehowa nafia mɔ ye, eye Yehowa yrae. (Ps. 131:1-3) Gake Yehowa bɔbɔ Fia Nebukadnezar kple Fia Belsazar siwo nye dadalawo ɖe anyi. (Dan. 4:27-34; 5:22-30) Egbea hã, nanewo dzɔna siwo doa míaƒe ɖokuibɔbɔ kpɔ. Ryan, si xɔ ƒe 32 eye wònye subɔsubɔdɔwɔla la, ʋu yi hame yeye aɖe me. Ryan gblɔ be: “Menɔ mɔ kpɔm be eteƒe madidi o, woakafum mazu hamemetsitsi, gake ƒe ɖeka va yi, esia meva eme o.” Ðe Ryan ado dziku alo anɔ veve sem, ahanɔ susum be hamemetsitsiwo mede bubu si dze ye ŋu oa? Ðe wòadzudzɔ kpekpewo dede ahana dada natee ɖe aga tso Yehowa kple Eƒe amewo gbɔa? Nenye wòe ɖe, nu kae nàwɔ?
18 Ryan gblɔ be: “Mexlẽ nyati ɖe sia ɖe si mekpɔ le míaƒe agbalẽwo me siwo ƒo nu tso lala vivivo ŋu.” (Lod. 13:12) Egblɔ kpee be: “Meva kpɔe dze sii be ehiã be masrɔ̃ dzigbɔɖi kple ɖokuibɔbɔ. Ehiã be maɖe mɔ Yehowa nana hehem.” Ryan ɖe susu ɖa le eɖokui dzi eye wòlé fɔ ɖe ame bubuwo subɔsubɔ ŋu—le hamea me kple gbeadzi siaa. Eteƒe medidi o, eva nɔ Biblia srɔ̃m kple ame geɖe siwo nɔ ŋgɔyiyi wɔm. Egblɔ be: “Esi wova ɖom hamemetsitsi le ƒe ɖeka kple afã megbe la, ewɔ nuku nam. Nu si tae nye be medzudzɔ dzimaɖitsitsi le eŋu, elabena menɔ dzidzɔ kpɔm le nye subɔsubɔdɔa me ale gbegbe.”—Mixlẽ Psalmo 37:3, 4.
NƆ YEHOWA ŊU KPLIKPLIKPLI!
19, 20. (a) Aleke míate ŋu akpɔ egbɔ be míaƒe gbe sia gbe dɔ aɖeke nagate mí ɖa tso Yehowa gbɔ o? (b) Ame siwo nɔ Yehowa ŋu kplikplikpli kawo ƒe kpɔɖeŋue míate ŋu asrɔ̃?
19 Nu siwo katã me míedzro le nyati sia kple esi do ŋgɔ nɛ me la wɔa akpa vevi aɖe le míaƒe agbe me. Enyea dada na mí be míenye Yehowa subɔlawo. Ƒome kpɔdzidzɔ kple lãmesẽmenɔnɔ siaa kpe ɖe nunana nyuitɔ siwo Yehowa na mí ŋu. Míenyae be dɔwɔɖui kple ga ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ. Míenyae hã be modzakaɖeɖe ate ŋu ana míakpɔ dzidzɔ eye elektrɔnikmɔ̃wo ate ŋu aɖe vi na mí. Gake nu siawo yome titi le ɣeyiɣi si mesɔ o me, wo yome titi fũu akpa alo le mɔ si awɔe be míate ŋu akpɔ gome le gbɔgbɔmenuwo me o nu ate ŋu ate mí ɖe aga tso Yehowa gbɔ.
Mègana naneke nate wò ɖe aga tso Yehowa gbɔ gbeɖe o!
20 Le nyateƒe me la, Satana adi be nu sia nadzɔ ɖe mía dzi. Gake àte ŋu aƒo asa na vɔ̃ sia be wòagadzɔ ɖe wò ŋutɔ alo wò ƒomea dzi o! (Lod. 22:3) Te ɖe Yehowa ŋu, eye nànɔ eŋu kplikplikpli. Biblia ƒo nu tso ame geɖe siwo ɖo kpɔɖeŋu ɖi na mí le esia me la ŋu. Henox kple Noa ‘wozɔ kple Mawu.’ (1 Mose 5:22; 6:9) Mose “yi edzi nɔ te sesĩe, abe ɖe wònɔ Ame si womekpɔna o la kpɔm ene.” (Heb. 11:27) Mawu nɔ anyi kple Yesu ɣeawokatãɣi, elabena ewɔa nu si dzea Fofoa si le dziƒo la ŋu ɣesiaɣi. (Yoh. 8:29) Srɔ̃ ame siawo ƒe kpɔɖeŋu. ‘Nɔ dzidzɔkpɔkpɔ dzi ɖaa. Nɔ gbe dom ɖa madzudzɔmadzudzɔe. Da akpe le nu sia nu ŋuti.’ (1 Tes. 5:16-18) Eye mègana naneke nate wò ɖe aga tso Yehowa gbɔ gbeɖe o!
a Míetrɔ ŋkɔawo.
b Kpɔ “Ale Si Nàhe Viwò Be Wòaɖɔ Ʋu” si dze le January 2012 ƒe Nyɔ! (yevugbe me tɔ October 2011) me.
c Kpɔ “Nu Vevi Atɔ̃ Siwo Ana Nànɔ Lãmesẽ Nyui Me” si dze le March 2011 ƒe yevugbe me Nyɔ! me.
-