Hadzidzi 27
Nɔ Yehowa Ƒe Akpa Dzi!
1. Míetɔtɔ le mía ɖokuiwo me tsã;
Alakpasubɔsubɔ kplɔ mí tra.
Ke dzidzɔ yɔ míaƒe dzi me fifia;
Fiaɖuƒenya la míese.
(HAXE)
Nɔ Mawu ƒ’akpa dzi
Be nàkpɔ dzidzɔ.
Magblẽ wò ɖi kura o.
Zɔ kekeli me.
Gblɔ ŋutifafa kple
Ablɔɖe nya la.
Kristo ƒe dziɖuɖu
Akeke ta ɖaa.
2. Dzidzɔ le Mawu subɔsubɔ me;
Nyateƒea ƒe nukuwo wum míele.
Míawɔ dɔ kple mía nɔviwo ɖekae
Akafu Ma’u ƒe ŋkɔ gãa.
(HAXE)
Nɔ Mawu ƒ’akpa dzi
Be nàkpɔ dzidzɔ.
Magblẽ wò ɖi kura o.
Zɔ kekeli me.
Gblɔ ŋutifafa kple
Ablɔɖe nya la.
Kristo ƒe dziɖuɖu
Akeke ta ɖaa.
3. Ne Abosam do ŋɔdzi na mí hã,
Míenyae be Yehowa akpɔ mía ta.
Togbɔ be wosɔ gbɔ wu mí hã la,
Mawue nye míaƒe ŋusẽ.
(HAXE)
Nɔ Mawu ƒ’akpa dzi
Be nàkpɔ dzidzɔ.
Magblẽ wò ɖi kura o.
Zɔ kekeli me.
Gblɔ ŋutifafa kple
Ablɔɖe nya la.
Kristo ƒe dziɖuɖu
Akeke ta ɖaa.
(Kpɔ Ps. 94:14; Lod. 3:5, 6; Heb. 13:5 hã.)