Hadzidzi 64
Wɔ Nyateƒea Tɔwòe
1. Nyateƒemɔa nye agbenɔnɔmɔ nyuitɔ,
Gake wò ŋutɔe atia mɔ sia.
’Ya ta se Yehowa ƒe aɖaŋuɖoɖo,
Nàxɔ eƒe nyawo dzi se.
(HAXE)
Wɔ nya la tɔwòe,
Nànɔ nyateƒea me ɖaa.
Be nàkpɔ dzidzɔ
Si Ma’u ana wò
Ne èwɔ nya la tɔwòe.
2. Wò’agbagbadzedze kple ɣeyiɣi si nàzã
Le Mawu ƒe Fiaɖuƒedɔa me
Mazu dzodzro o, agbe mavɔ ye nàkpɔ;
Nu nyui geɖewo nàva kpɔ.
(HAXE)
Wɔ nya la tɔwòe,
Nànɔ nyateƒea me ɖaa.
Be nàkpɔ dzidzɔ
Si Ma’u ana wò
Ne èwɔ nya la tɔwòe.
3. Ðevi’o ko míenye le mía Mawu la ŋkume;
Míehiã eƒ’aɖaŋuɖoɖowo.
’Ya ta zɔ kple mía Fofo si le dziƒo la;
Be nàxɔ eƒe yayrawo.
(HAXE)
Wɔ nya la tɔwòe,
Nànɔ nyateƒea me ɖaa.
Be nàkpɔ dzidzɔ
Si Ma’u ana wò
Ne èwɔ nya la tɔwòe.
(Kpɔ Ps. 26:3; Lod. 8:35; 15:31; Yoh. 8:31, 32 hã.)