Hadzidzi 92
“Ðe Gbeƒã Nya La”
1. Mawu de dɔ asi na mí;
Mina míatso aɖe gbeƒã nya la.
Míanɔ dzadzraɖoɖi ɣesiaɣi
Be míaʋli míaƒe mɔkpɔkpɔ la ta.
(HAXE)
Ta ɖe gbeƒã,
Ehiã kpata be woasee!
Ðe gbeƒã,
’Labe nuwuwua ɖo vɔ!
Ðe gbeƒã,
Kpe ɖ’ame fafawo ŋu.
Ðe gbeƒã,
L’afi sia ’fi.
2. Nɔnɔme madeamedziwo,
Vlodoamewo kple tsitretsiɖeŋu,
Maɖe dzi mía ƒo míagbɔdzɔ o.
Míaɖo dzi ɖe mía Mawu gã la ŋu.
(HAXE)
Ta ɖe gbeƒã,
Ehiã kpata be woasee!
Ðe gbeƒã,
’Labe nuwuwua ɖo vɔ!
Ðe gbeƒã,
Kpe ɖ’ame fafawo ŋu.
Ðe gbeƒã,
L’afi sia ’fi.
3. Nɔnɔme deamedziwo me,
Míakpe ɖ’ame siwo xɔ nya la ŋu,
Afia nu wo be woakpɔ ɖeɖe.
Be míakɔ Yehowa ƒe ŋkɔ la ŋu.
(HAXE)
Ta ɖe gbeƒã,
Ehiã kpata be woasee!
Ðe gbeƒã,
’Labe nuwuwua ɖo vɔ!
Ðe gbeƒã,
Kpe ɖ’ame fafawo ŋu.
Ðe gbeƒã,
L’afi sia ’fi.
(Kpɔ Mat. 10:7; 24:14; Dɔw. 10:42; 1 Pet. 3:15 hã.)