INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Èle Ta Kpɔm Na Wò Agbea?
    Nyɔ!—2015 | July
    • Ŋutsu aɖe si dzi mele dzɔdzɔm o la le tame bum le dɔ gbɔ

      NYATI SI LE AKPAA DZI

      Èle Ta Kpɔm Na Wò Agbea?

      TAÐODZINU kawoe nɔ asiwò esime nènye sɔhɛ? Ðewohĩ èɖoe be yeava ɖe srɔ̃ alo asrɔ̃ dɔ aɖe aɖu tu nɛ nyuie loo alo yeava kpɔ dɔ gbagbe aɖe awɔ. Gake menye ɣesiaɣie nuwo va yina na mí le agbe me abe ale si míeɖoe ene o. Nu siwo míele mɔ kpɔm na o la ate ŋu adzɔ si ana míaƒe agbe natɔtɔ kura. Aleae wòdzɔ ɖe Anja, Delina kple Gregory dzi.

      Anja, Delina, kple Gregory
      • Wokpɔ kansa le Anja si le Germany la ŋu esime wòxɔ ƒe 21 eye fifia etsi teƒe ɖeka kura.

      • Delina si le United States le lãmekadɔ aɖe lém. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ekpɔa nɔvia etɔ̃ siwo nye wɔametɔwo la dzi.

      • Dzimaɖitsitsidɔ vɔ̃ɖi aɖe ɖe kpe na Gregory si le Canada.

      Togbɔ be Anja, Delina kple Gregory le nɔnɔme sesẽ mawo me hã la, wote ŋu le ta kpɔm na woƒe agbe. Aleke wowɔe?

      Biblia me lododo aɖe gblɔ be: “Ne dzi ɖe le ƒowò le xaxagbe la, ekema wò ŋusẽ dzi aɖe kpɔtɔ.” (Lododowo 24:10) Nya sia me kɔ: Ale si míebua nuwo ŋui le vevie. Ame siwo ɖea mɔ dzi ɖena le wo ƒo keŋkeŋ la ɖea asi le ŋusẽ vi si susɔ ɖe wo si la ŋu. Gake ame siwo kpɔa mɔ na nu nyuiwo togbɔ be wole nɔnɔme sesẽwo me tom hã la, ya tea ŋu doa ŋusẽ nu nɔa te ɖe nɔnɔmeawo nu.

      Kpɔ ale si esia nye nyateƒe le Anja, Delina kple Gregory gome la ɖa.

  • Kuxia: Nɔnɔme Siwo Ŋu Màte Ŋu Awɔ Naneke Le O
    Nyɔ!—2015 | July
    • Anja le dze ɖom kple exɔlɔ̃wo le internet dzi

      NYATI SI LE AKPAA DZI | ÈLE TA KPƆM NA WÒ AGBEA?

      Kuxia: Nɔnɔme Siwo Ŋu Màte Ŋu Awɔ Naneke Le O

      ÐE DƆ mavɔleameŋu, srɔ̃gbegbe alo wò ame vevi aɖe ƒe ku na wò agbe tɔtɔ kura? Ne èɖo nɔnɔme siwo me màte ŋu awɔ naneke le o me la, àdi vevie be nɔnɔmea natrɔ gake àse le ɖokuiwò me hã be naneke meli yeawɔ o. Aleke nàwɔ anɔ te ɖe nɔnɔmea nu?

      BIBLIA ME KPƆÐEŊU: PAULO

      Apostolo Paulo nye Kristotɔ dutanyanyuigblɔla dovevienu si zɔ mɔ geɖe le ƒe alafa gbãtɔ me. Gake eƒe mɔzɔzɔa va tɔ kpe esi wolée madzemadzee sikae ɖe aƒe me heɖo dzɔlawo eŋu ƒe eve sɔŋ. Dzi meɖe le Paulo ƒo o, ke boŋ etsɔ susu ɖo nu siwo wòate ŋu awɔ le nɔnɔme ma me la ŋu. Egblɔ Biblia me nyawo na ame siwo katã va kpɔnɛ ɖa. Eŋlɔ lɛta geɖe siwo le Biblia me egbea gɔ̃ hã.—Dɔwɔwɔwo 28:30, 31.

      NU SI ANJA WƆ

      Abe ale si míegblɔe le nyati si do ŋgɔ me ene la, Anja tsi teƒe ɖeka. Egblɔ be: “Kansa na be nye agbenɔnɔ trɔ kura. Nyemedi be dɔléle bubuwo nagava kpe esia nam o, eya ta nyemegawɔa dɔ aɖeke alo kpɔa gome le hadomewɔna aɖeke me o.” Aleke Anja wɔ te ŋu nɔ te ɖe nɔnɔme sesẽ sia nu? Egblɔ be: “Asitɔtrɔ le nu siwo mewɔna ŋu kpe ɖe ŋunye ŋutɔ. Meléa fɔ ɖe nu siwo le vevie nam wu la ŋu eye mewɔa ɖoɖo ɖe wo ŋu le ale si wòanya wɔ nam la nu. Esia na mese le ɖokuinye me be mete ŋu le te nɔm ɖe nɔnɔmea nu.”

      “Mesrɔ̃e be le nɔnɔme ɖe sia ɖe me la, nu siwo le asinye la nadze ŋunye.”—Nya si Paulo gblɔ le Filipitɔwo 4:11

      NU SI NÀTE ŊU AWƆ

      Ne ewɔ abe nɔnɔme siwo ŋu màte ŋu awɔ naneke le o ɖe kpe na wò le agbe me ene la, wɔ nu siwo gbɔna:

      • Tsɔ susu ɖo nu siwo nàte ŋu awɔ ŋu. Le kpɔɖeŋu me, anɔ eme be màte ŋu awɔ naneke tso wò dɔlélea ŋu o, gake ɖe nàte ŋu ade kame, aɖu nu nyuie ahadɔ alɔ̃ nyuiea?

      • Tso nya me le nu si nàdi be yeawɔ le agbe me la ŋu. Di mɔ siwo dzi nàto anɔ taɖodzinu sia gbɔ ɖom vivivi la. Dze agbagba nàzã ɣeyiɣi vi aɖe gbe sia gbe nàtsɔ anɔ nu siwo nàwɔ be nàɖo wò taɖodzinua gbɔ la wɔm.

      • Wɔ dɔ siwo ana nàse le ɖokuiwò me be yele te nɔm ɖe nɔnɔmea nu, nenye dɔ suesue aɖewoe gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu adzra nuɖukplɔ̃ dzi ɖo eye nàklɔ agbawo. Do awu nyuie. Wɔ dɔ siwo le vevie gbã le ŋdi me.

      • De dzesi nu nyui siwo kpɔm nèle le nɔnɔme sia me. Le kpɔɖeŋu me, ɖe wò nɔnɔmea na nèva nya nu geɖe wu tso ale si nànɔ te ɖe nɔnɔme sesẽwo nu ŋua? Ðe nàte ŋu azã nunya sia atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋua?

      Nya Vevitɔ: Anɔ eme be màte ŋu akpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe wò nɔnɔmea dzi o, gake àte ŋu àkpɔ ŋusẽ ɖe ale si nànɔ te ɖe nɔnɔmea nui la ya dzi.

  • Kuxia: Nuwo Do Agbogbo Ðe Dziwò
    Nyɔ!—2015 | July
    • Delina le abɔdɔ wɔm

      NYATI SI LE AKPAA DZI | ÈLE TA KPƆM NA WÒ AGBEA?

      Kuxia: Nuwo Do Agbogbo Ðe Dziwò

      VIWÒWO be wɔ esi, wò dɔtɔ be wɔ ekemɛ, eye srɔ̃wò hã be hee. Evɔ wò kee gale dziwòla si le dɔ lém hã gbɔ kpɔm. Èxaxa le go sia go me, menye aleae nèkpɔ mɔ be nuwo nanɔ na ye le agbe me hafi o. Ègblɔ na ɖokuiwò be: “Nu kae wòle be mawɔ? Amewo hiã na nye kpekpeɖeŋu ɖe!” Ne èdzea tre me dzea agba me be yeaɖi kɔ na ame sia ame la, made dziwò o eye made woawo hã wo dzi o. Aleke nàwɔ anɔ te ɖe nɔnɔmea nu?

      BIBLIA ME KPƆÐEŊU: MOSE

      Esi Mose ɖeka nye ʋɔnudrɔ̃la le Israel le Biblia-ŋlɔɣiwo la, anya susui be nu si hiã la koe nye ema wɔm yele. Gake toa gblɔ nɛ be: “Nu si wɔm nèle la menyo o. Nu ati kɔ na wò.” Eɖo aɖaŋu na Mose be wòatia ŋutsu zazɛ̃wo ale be woanɔ ʋɔnudrɔ̃nya akpa gãtɔ gbɔ kpɔm, ke nya sesẽwo ko woatsɔ va eya ŋutɔ gbɔ. Nu kae ado tso eme ne Mose wɔe alea? Toa ka ɖe edzi nɛ be: “Àte ŋu anɔ te ɖe dɔ sesẽ la nu, eye ame sia ame atsɔ dzidzeme ayi aƒe me.”—2 Mose 18:17-23.

      NU SI DELINA WƆ

      Abe ale si míegblɔe le nyati gbãtɔa me ene la, Delina le lãmekadɔ aɖe lém. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ekpɔa nɔvia etɔ̃ siwo nye wɔametɔwo la dzi. Egblɔ be: “Meva kpɔe be nu si ŋkeke ɖe sia ɖe bia la ko wɔwɔ kple asaƒoƒo na megbelelehehe ɖea nuteɖeamedzi dzi kpɔtɔna. Esi meƒoa nu tso nye dɔlélea ŋu na amewo ta la, wotea ŋu naa kpekpeɖeŋum eye srɔ̃nye hã naa kpekpeɖeŋum. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, mezãa ɣeyiɣi ʋɛ aɖe tsɔ wɔa abɔdɔ ŋdi sia ŋdi, eye esia nana nye dzi dzea eme ŋutɔ.”

      “Ɣeyiɣi li na nu sia nu.”—Nyagblɔla 3:1

      NU SI NÀTE ŊU AWƆ

      Ne nuwo do agbogbo ɖe dziwò le agbe me la, te mɔnu siawo kpɔ:

      • Kpɔe ɖa be àte ŋu akpɔ ame aɖewo woakpe ɖe ŋuwò mahã. Le kpɔɖeŋu me, ɖe ɖeviwo le aƒea me ate ŋu akpe ɖe ŋuwòa? Ðe ƒometɔwo alo xɔlɔ̃ aɖewo te ɖe mia ŋu akpe ɖe ŋuwòa?

      • Na woanya kpekpeɖeŋu siwo nèhiã. Le kpɔɖeŋu me, ɖo dze kple wò dɔtɔ ne èkpɔe be dɔ siwo wòɖo na ye la sɔ gbɔ akpa. Esia mefia be nàdo ŋɔdzi nɛ be yeaɖe asi le dɔa ŋu ne egbe o. Nu si ko hiãe nye be nàgblɔ kuxi si nèle go domee la nɛ. Ðewohĩ alɔ̃ faa atrɔ asi le wò dɔwo ŋu na wò.

      • De dzesi nu siwo gbegbe nèwɔna le kwasiɖa ɖeka me. Ðe nàte ŋu ade wo dometɔ aɖewo ame bubuwo si woawɔ na wòa?

      • Mègayi hadomewɔna ɖe sia ɖe si wokpe wò na o. Ne ɣeyiɣi alo ŋusẽ mele ŋuwò nàte ŋu ayi wo dometɔ aɖe o la, gblɔ na amea tufafatɔe be yemate ŋui o.

      Nya Vevitɔ: Ne èdi be yeawɔ nu sia nu la, ke màte ŋu awɔ ɖeke koŋ o.

  • Kuxia: Seselelãme Ðefunamewo
    Nyɔ!—2015 | July
    • Gregory le teƒe nyakpɔ aɖe

      NYATI SI LE AKPAA DZI | ÈLE TA KPƆM NA WÒ AGBEA?

      Kuxia: Seselelãme Ðefunamewo

      ÐE SESELELÃME ɖefunamewo, abe blanuiléle, dzikudodo alo dzikuléleɖedɔme ene ɖe kpe na wòa? Ne nenemae la, ke ŋusẽ alo ɣeyiɣi boo manɔ asiwò be nàwɔ nu siwo le vevie ŋutɔŋutɔ o. Nu kae nàte ŋu awɔ tso eŋu?a

      BIBLIA ME KPƆÐEŊU: DAVID

      Seselelãme vovovowo ɖe fu na Fia David, wo dometɔ aɖewoe nye dzimaɖitsitsi kple nuxaxa. Nu kae kpe ɖe eŋu wòte ŋu nɔ te ɖe wo nu? David gblẽ eƒe nyawo ɖe Mawu si me. (1 Samuel 24:12, 15) Eŋlɔ eƒe seselelãmewo hã ɖi. Esi wònye ŋutsu si si xɔse le ta la, edoa gbe ɖa edziedzi.b

      NU SI GREGORY WƆ

      Abe ale si míegblɔe le nyati gbãtɔa me ene la, dzimaɖitsitsidɔ vɔ̃ɖi aɖe ɖe kpe na Gregory. Egblɔ be: “Nye dzimaɖitsitsia gbɔ eme eye wògbɔ asi me hã.” Aleke Gregory wɔ nɔ te ɖe eƒe dɔlélea nu? Egblɔ be: “Be mada asɔ la, melɔ̃ xɔ kpekpeɖeŋu si srɔ̃nye kple xɔ̃nyewo nam dɔmenyotɔe. Meyi ɖakpɔ atikewɔlawo eye mesrɔ̃ nu geɖe hã tso nye dɔlélea ŋu. Esi metrɔ asi le nye agbemenuwɔna aɖewo ŋu vɔ la, meva kpɔe be mete ŋu le te nɔm ɖe nye nɔnɔmea nu. Togbɔ be megatsia dzimaɖi vevie ɣeaɖewoɣi hã la, meva nya nu siwo gbɔ wòtsona, eye mete ŋu le asi trɔm le eŋu.”

      “Dzi kpɔdzidzɔ nye atike nyui.”—Lododowo 17:22

      NU SI NÀTE ŊU AWƆ

      Ne seselelãme ɖefunamewo ɖe kpe na wò le agbe me la, te mɔnu siawo kpɔ:

      • Ŋlɔ wò seselelãmewo ɖe agbalẽ me.

      • Gblɔ ale si nèle sesem le ɖokuiwò me la na wò ƒometɔ kplikplikpli alo xɔ̃wò vevi aɖe.

      • Da wò seselelãmeawo kpɔ be wole eteƒe mahã. Le kpɔɖeŋu me, bia ɖokuiwò be, ‘Ðe kpeɖodziwo li be ale si mebua ɖokuinyee la le eteƒea?’

      • Ðe asi le dzimaɖitsitsi, dzikudodo alo dzikuléle ɖe dɔme ŋu kaba. Zã wò ŋusẽ ɖe nu siwo aɖe vi la ŋu boŋ.c

      Nya Vevitɔ: Zi geɖe la, menye nɔnɔme siwo me tom míele gbɔe seselelãme ɖefunamewo tsona o, ke boŋ ale si míebua nɔnɔmeawo gbɔe wòtsona.

      a Seselelãme ɖefuname aɖewo ate ŋu anye dɔléle siwo gbɔ wòahiã be atikewɔlawo nakpɔ. Nyɔ! mekafua dɔdamɔnu aɖe koŋ be eyae nyo wu o. Ele be ame sia ame ŋutɔ nada dɔdamɔnuawo kpɔ nyuie hafi atso nya me.

      b Psalmo siwo le Biblia me la dometɔ geɖe nye David ƒe gbedodoɖa siwo wòŋlɔ ɖi.

      c Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le July 1, 2015 ƒe Gbetakpɔxɔ ƒe nyati si nye “Dzimaɖitsitsi—Ale Si Nàwɔ Aɖu Edzi” me.

  • Àte Ŋu Akpɔ Ta Na Wò Agbea?
    Nyɔ!—2015 | July
    • NYATI SI LE AKPAA DZI | ÈLE TA KPƆM NA WÒ AGBEA?

      Àte Ŋu Akpɔ Ta Na Wò Agbea?

      Ŋutsu aɖe te ŋu le eƒe tɔdziʋu kum nyuie

      LODODO aɖe gblɔ be, dzata le gbe me hã ahlɔ̃e tsina. Ame aɖeke meli egbea si nu sia nu sɔ nɛ pɛpɛpɛ le agbe me o. Zi geɖe la, nu vevi si kpena ɖe ame ŋu wòtea ŋu nɔa te ɖe nɔnɔme sesẽ nue nye be wòalɔ̃ ɖe nɔnɔmea dzi eye wòawɔ nu siwo wòate ŋu awɔ le nɔnɔmea me. Ne àte ŋu anɔ te ɖe nɔnɔmea nu va se ɖe afi aɖe ya teti la, ke enyo. Ne wò nɔnɔmea ka ɖe eme la, ke eya ganyo ŋutɔ. Gake nyae be nu nyuitɔwo le etsɔme gbɔna.

      Biblia do ŋugbe be ɣeyiɣi li gbɔna esime amewo katã ate ŋu aɖo woƒe taɖodzinuwo gbɔ le agbe me bliboe. Woate ŋu awɔ woƒe ŋutete katã le agbe me, eye nɔnɔme sesẽwo, gbe sia gbe ƒe hloloetsotsowo kple seselelãme ɖefunamewo magado kplamatsɛ wo o. (Yesaya 65:21, 22) Biblia yɔ esia be “agbe vavã la.”—1 Timoteo 6:19.

      “Woatu xɔ anɔ eme, eye woade waingble aɖu eme kutsetse. Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o, womaƒã nu ame bubu naɖu o. Elabena ale si ati tsinae la, nenemae nye amewo ƒe agbemeŋkekewo anɔ, eye nye ame tiatiawo ase vivi na woawo ŋutɔwo ƒe asinudɔwɔwɔwo bliboe.”—Yesaya 65:21, 22.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe