-
Ðe Nu Sia Dzɔ Ŋutɔŋutɔa?Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míemana)—2016 | No. 2
-
-
NYATI SI LE AKPAA DZI | NU KA TAE YESU KPE FU HEKU?
Ðe Nu Sia Dzɔ Ŋutɔŋutɔa?
Le ƒe 33 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) ƒe adame la, wowu Yesu Nazaretetɔ la. Wotso enu alakpatɔe be ele eƒom ɖe amewo nu be woadze aglã ɖe dziɖuɖua ŋu, woƒoe tagbɔsesẽtɔe, eye woklãe ɖe ati ŋu. Ese veve helĩhelĩ yi ɖe ku me. Gake Mawu fɔ Yesu tso ku me, eye wòyi dziƒo le ŋkeke 40 megbe.
Nudzɔdzɔ wɔdɔɖeamedzi sia ŋuti nya dze le Nyanyuigbalẽ ene siwo le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo, siwo wogayɔna be Nubabla Yeye la me. Ðe nu mawo dzɔ ŋutɔŋutɔa? Biabia sia sɔ eye wòle vevie hã. Ne nu siawo medzɔ ŋutɔŋutɔ o la, ekema Kristotɔwo ƒe xɔse la nye nu dzodzro eye drɔ̃e gbɔlo koe agbenɔnɔ le Paradiso me ƒe mɔkpɔkpɔa hã nye. (1 Korintotɔwo 15:14) Gake ne wodzɔ vavã la, ekema etsɔme nyui aɖe le ŋgɔ na ameƒomea, eye wò hã àte ŋu akpɔ gome le eme. Eya ta biabia lae nye be, nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔwo ŋue Nyanyuigbalẽawo me nuŋlɔɖiawo ƒo nu tsoe loo alo nyakpakpawoe wonye?
NU SI NYATEƑENYAWO ÐE FIA
Nyanyuigbalẽawo me nuŋlɔɖiwo mele abe glitoto siwo woɖe ami ɖo ene o, ke boŋ wonye nudzɔdzɔ siwo woŋlɔ ɖi beléletɔe eye wogblɔ nyawo tsitotsito. Le kpɔɖeŋu me, woyɔ du geɖewo ŋkɔ le wo me, eye duawo dometɔ geɖe li egbea amewo ate ŋu aɖi tsa ayi. Nuŋlɔɖiawo ƒo nu tso ame siwo nɔ anyi kpɔ, siwo ŋu ŋutinyaŋlɔlawo hã ŋlɔ nu tsoe la ŋu.—Luka 3:1, 2, 23.
Ŋutinyaŋlɔla siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ kple evelia me siaa ŋlɔ nu tso Yesu ŋutɔ hã ŋu.a Nya siwo Nyanyuigbalẽawo ŋlɔlawo gblɔ tso ale si wowui ŋu la wɔ ɖeka kple ale si Romatɔwo wua ame siwo wotso kufia na le ɣeyiɣi mawo me. Gakpe ɖe eŋu la, nu siwo dzɔ ŋutɔŋutɔ ŋue woƒo nu tsoe eye woyi nyaawo gbɔ tẽe—woƒo nu tso Yesu ƒe nusrɔ̃la aɖewo gɔ̃ hã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu. (Mateo 26:56; Luka 22:24-26; Yohanes 18:10, 11) Esiawo katã nye kpeɖodzi sẽŋu siwo ɖee fia be nya siwo Nyanyuigbalẽawo ŋlɔlawo gblɔ tso Yesu ŋu la nye nyateƒe eye wode pɛpɛpɛ.
KE YESU ƑE TSITRETSITSIA YA ÐE?
Togbɔ be ame geɖe xɔe se be Yesu nɔ anyi kpɔ heku hã la, ame aɖewo agblɔ be womefɔe ɖe tsitre o. Eƒe apostolowo gɔ̃ hã mexɔe se gbã be wofɔe ɖe tsitre o. (Luka 24:11) Gake esi apostoloawo kple nusrɔ̃la bubuawo ŋutɔ kpɔ Yesu si wofɔ ɖe tsitre la le ɣeyiɣi vovovowo me la, wodzudzɔ ɖikeke. Le nyateƒe me la, ame siwo wu 500 sɔŋ la kpɔe le ɣeyiɣi ɖeka me.—1 Korintotɔwo 15:6.
Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ɖe gbeƒã eƒe tsitretsitsia dzinɔameƒotɔe na amewo katã, woɖe gbeƒãe na ame siwo wui la gɔ̃ hã, togbɔ be wonyae be woate ŋu alé yewo ahawu yewo hã. (Dɔwɔwɔwo 4:1-3, 10, 19, 20; 5:27-32) Ne ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo meka ɖe edzi bliboe be wofɔe ɖe tsitre vavã o la, ɖe dzi aɖo wo ame gbogbo mawo ƒo nenema gbegbea? Le nyateƒe me la, esi wofɔ Yesu ɖe tsitre vavã tae Kristotɔnyenye xɔ aƒe ɖi le blemaxexea kple egbeŋkekea me siaa ɖo.
Nu siwo katã ɖea dzesi le ŋutinya me nuŋlɔɖi si de pɛpɛpɛ ŋu la dze le nya si Nyanyuigbalẽawo gblɔ tso Yesu ƒe ku kple tsitretsitsia ŋu la ŋu. Ne ègbɔ dzi ɖi xlẽ nuŋlɔɖi mawo nyuie la, àva ka ɖe edzi be nu siwo ŋu woƒo nu tsoe la dzɔ ŋutɔŋutɔ. Eye ne èva se nu si tututu tae nu mawo dzɔ ɖo gɔme la, wò kakaɖedzia me agasẽ ɖe edzi wu. Nyati si kplɔe ɖo la aɖe nya sia me.
a Tacitus, si wodzi le ƒe 55 K.Ŋ. me lɔƒo la, ŋlɔ bena “Pontio Pilato, si nye míaƒe nutodziɖulawo dometɔ ɖeka la tso kufia na Kristo, ame si ƒe ŋkɔ me ŋkɔ [Kristotɔwo] dzɔ tso la, le Tiberio ƒe dziɖuɣi.” Ŋutinyaŋlɔla bubu siwo hã ƒo nu tso Yesu ŋue nye Suetonius (ƒe alafa gbãtɔ); Yudatɔ ŋutinyaŋlɔla Josephus (ƒe alafa gbãtɔ); Pliny Suetɔ, si nye Bitinia ƒe nutomefia (ƒe alafa evelia ƒe gɔmedzedze).
-
-
Nu Ka Tae Yesu Kpe Fu Heku?Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míemana)—2016 | No. 2
-
-
NYATI SI LE AKPAA DZI
Nu Ka Tae Yesu Kpe Fu Heku?
“To ame ɖeka [Adam] dzi nu vɔ̃ va xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va.”—Romatɔwo 5:12
“Ðe nàdi be yeanɔ agbe tegbeea?” Ne wobia nya ma wò la, aleke nàɖo eŋui? Ame akpa gãtɔ aɖo eŋu be ɛ̃, gake awɔ na wo be esia manya wɔ o. Wogblɔna be esi míele agbe ko la, míele kuku ge godoo, elabena ku li na ame sia ame.
Gake tsɔe be wogbugbɔ bia wò be, “Èle klalo be yeakua?” Ne nu sia nu le edzi yim nyuie la, ame akpa gãtɔ aɖo eŋu be ao. Nu kae esia ɖe fia? Efia be, togbɔ be míele xaxawo kple kuxi geɖewo me tom hã la, le dzɔdzɔme nu la, míedina be míanɔ agbe. Biblia ɖee fia be esi Mawu wɔ amegbetɔwo la, ede agbenɔnɔ ƒe didi wo me. Biblia gblɔe kɔtɛ be, “ede mavɔmavɔ gɔ̃ hã dzi me na wo.”—Nyagblɔla 3:11.
Gake nyateƒea ye nye be, amegbetɔwo menɔa agbe tegbee o. Nu ka gbɔe wòtso? Ðe Mawu wɔ nane be yeatsɔ akpɔ kuxia gbɔa? Ale si Biblia ɖo nya siawo ŋui la awɔ dɔ ɖe dziwò, eye woana nàse nu si tae Yesu kpe fu heku ɖo la gɔme.
NU SI GBƆ KUXIA TSO
Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ƒe ta etɔ̃ gbãtɔawo gblɔ na mí be Mawu na mɔnukpɔkpɔ atsu kple asi gbãtɔ, siwo nye Adam kple Xawa, be woanɔ agbe tegbee eye wògblɔ nu si wòle be woawɔ be woanɔ agbe tegbee la na wo. Eyome nuŋlɔɖia na míenya be womeɖo to Mawu ƒe gbe o eye mɔnukpɔkpɔ nyui ma bɔ wo. Ale si womeɖe nya sia nya me tsitotsito le nuŋlɔɖia me o la wɔe be ame aɖewo gblɔna be nyakpakpa aɖe koe wònye. Ke hã abe ale si wòle le Nyanyuigbalẽawo gome ene la, edze kɔtɛ le nuŋlɔɖiawo me be Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔa hã nye ŋutinyagbalẽ si me nyawo nye nyateƒe.a
Nu kae do tso Adam ƒe tomaɖomaɖoa me? Biblia ɖo nya sia ŋu ale: “Ale si ko to ame ɖeka [Adam] dzi nu vɔ̃ va xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va, ale ku la kaka ɖe amewo katã dome, esi wo katã wɔ nu vɔ̃ ŋuti.” (Romatɔwo 5:12) Esi Adam meɖo to Mawu o ta la, ewɔ nu vɔ̃. Ale wɔ wòbu mɔnukpɔkpɔ si nɔ ʋuʋu ɖi nɛ be wòanɔ agbe tegbee la, eye wòva ku mlɔeba. Esi míenye eƒe dzidzimeviwo ta la, míenyi nu vɔ̃ ƒe dome tso egbɔ. Esia tae míedzea dɔ, kua amegã hekuna ɖo. Nu si ta míekuna me ɖeɖe alea wɔ ɖeka kple nu si míenya egbea tso ale si ɖeviwo nyia dɔléle aɖewo dome tso wo dzilawo gbɔe ŋu. Gake ɖe Mawu wɔ nane be yeatsɔ akpɔ kuxia gbɔa?
NU SI MAWU WƆ TSO KUXIA ŊU
Ɛ̃, Mawu wɔ ɖoɖo be nu si Adam bu na eƒe dzidzimeviwo, si nye agbe tegbee nɔnɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ, la nagasu wo si ake. Aleke Mawu wɔ esiae?
Biblia gblɔ le Romatɔwo 6:23 be: “Nu vɔ̃ ƒe fetue nye ku.” Esia fia be nu si nu vɔ̃ hena vɛ ye nye ku. Adam wɔ nu vɔ̃, eye esia tae wòku ɖo. Míawo hã míewɔa nu vɔ̃, eye esia tae míawo hã míexɔa nu vɔ̃ ƒe fetu si nye ku la ɖo. Gake ɖe wodzi míawo ya ɖe nu vɔ̃ me, menye míawo gbɔe vodadaa tso o. Eya ta lɔlɔ̃ ʋã Mawu wòdɔ Via, Yesu, ɖa be wòaxɔ ‘nu vɔ̃ ƒe fetu’ si nye ku la ɖe mía nu. Aleke esia anya wɔe?
Yesu ƒe kua ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na mí be míanɔ agbe le dzidzɔ me tegbee
Esi wònye be ame deblibo ɖeka, si nye Adam, ƒe tomaɖomaɖo ye he nu vɔ̃ kple ku va mía dzi ta la, ame deblibo ɖeka, si aɖo to yi ɖe keke ku me, dzie woato aɖe mí tso nɔnɔme wɔnublanui sia me. Biblia ɖe eme ale: “Ale si ko ame ɖeka ƒe tomaɖomaɖo na ame geɖewo zu nu vɔ̃ wɔlawoe la, nenema kee to ame ɖeka ƒe toɖoɖo me hã woana ame geɖewo nazu ame dzɔdzɔewo.” (Romatɔwo 5:19) “Ame ɖeka” mae nye Yesu. Ame debliboeb wònye tso dziƒo va, eye wòva ku ɖe mía ta. Esia ana wòanya wɔ azɔ be Mawu nabu mí abe ame dzɔdzɔewo ene eye agbe tegbee nɔnɔ ƒe mɔnukpɔkpɔa nasu mía si.
NU SI TA YESU KPE FU HEKU
Gake nu ka tae wòhiã kokoko be Yesu naku hafi woaɖe mí tso nu vɔ̃ kple ku si me? Ðe Mawu Ŋusẽkatãtɔ la mate ŋu ade se agblɔ ko be Adam ƒe dzidzimeviwo nanɔ agbe tegbee oa? Ele eme baa be ŋusẽ le Mawu si be wòawɔ esia ya. Gake esia wɔwɔ anye dada le eya ŋutɔ ƒe se si nye be nu vɔ̃ ƒe fetue nye ku la dzi. Menye se tsɛ aɖe si dzi woate ŋu aŋe aɖaba aƒu alo atrɔ be wòade ame dzi ye wònye o. Ke boŋ se si le vevie ŋutɔ le dzɔdzɔenyenye vavãtɔ me ye wònye.—Psalmo 37:28.
Ne ɖe Mawu ŋe aɖaba ƒu nu si dzɔdzɔenyenye bia la dzi le nya sia me la, amewo asusu be ate ŋu awɔ nenema ke le nya bubuwo hã gome. Le kpɔɖeŋu me, ɖe wòatso afia dzɔdzɔe le Adam ƒe dzidzimevi siwo adze na agbe mavɔ nɔnɔ la gomea? Ðe míate ŋu aka ɖe edzi be awɔ eƒe ŋugbedodowo dzia? Esi Mawu lé eƒe dzɔdzɔenyenye me ɖe asi le míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ ƒe nyaa me ta la, esia na míeka ɖe edzi be awɔ nu si le dzɔdzɔe ɣesiaɣi.
Mawu to Yesu ƒe vɔsakua dzi ʋu agbe tegbee nɔnɔ le Paradiso me le anyigba dzi ƒe mɔnukpɔkpɔ ɖi na ameƒomea. De dzesi nya si Yesu ŋutɔ gblɔ le Yohanes 3:16; egblɔ be: “Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, be ame sia ame si xɔa edzi sena la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” Eya ta menye ɖeko Yesu ƒe kua nye kpeɖodzi be Mawu wɔa nu dzɔdzɔe ɣesiaɣi ko o, ke vevietɔ wu la, eɖo kpe ale si gbegbe wòlɔ̃ amegbetɔwoe la dzi.
Gake nu ka tae wòhiã be Yesu nakpe fu ahase veve helĩhelĩ hafi aku abe ale si Nyanyuigbalẽawo gblɔe ene? Esi Yesu lɔ̃ faa to dodokpɔ sesẽtɔ kekeake me gake wòyi edzi wɔ nuteƒe la, eɖee fia zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu be nya si Abosam tsɔ ɖe amegbetɔwo ŋu be womayi edzi awɔ nuteƒe na Mawu le dodokpɔwo me o la nye aʋatso. (Hiob 2:4, 5) Esi Satana na Adam wɔ nu vɔ̃ la, eƒe nutsotso ma adze abe nyateƒee wònye ene. Gake Yesu, ame si de blibo abe Adam ke ene, la yi edzi wɔ nuteƒe, togbɔ be ekpe fu vevie ŋutɔ hã. (1 Korintotɔwo 15:45) Eto esia dzi ɖee fia be ne ɖe Adam ɖoe be yeaɖo to Mawu la, anye ne ate ŋui hafi. Yesu ƒe dzidodo le dodokpɔwo me hã nye kpɔɖeŋu na mí be míasrɔ̃. (1 Petro 2:21) Esi Mawu ƒe Vi, Yesu, ɖo to Fofoa bliboe ta la, Mawu hã tsɔ makumakugbenɔnɔ le dziƒo ɖo eteƒe nɛ.
ALE SI EƑE KUA ATE ŊU AÐE VI NA WÒ
Yesu ƒe kua nye nu si dzɔ ŋutɔŋutɔ. Agbe tegbee nɔnɔ ƒe mɔnukpɔkpɔa le ʋuʋu ɖi. Àdi be yeanɔ agbe tegbeea? Yesu na míenya nu si wòle be míawɔ be esia nava eme na mí esi wògblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo si nèdɔ ɖa la.”—Yohanes 17:3.
Magazine sia talawo le dzi dem ƒo na wò be nàsrɔ̃ nu geɖe wu tso Yehowa, Mawu vavã la, kple Via, Yesu Kristo, ŋu. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me be yewoakpe ɖe ŋuwò nàwɔ esia. Gakpe ɖe eŋu la, àte ŋu asrɔ̃ nu geɖe hã le míaƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe si nye, www.pr2711.com/ee.
a Kpɔ nyati si nye “Ðe Eden Bɔa Nɔ Anyi Kpɔ Vavã?,” si dze le January 1, 2011, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 4 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.
b Mawu trɔ Via ƒe agbe tso dziƒo de Maria ƒe vidzidɔ me, si na wòfɔ fu, eye Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la kpɔ Yesu ta ale be menyi blibomademade aɖeke ƒe dome tso Maria gbɔ o.—Luka 1:31, 35.
-