INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Ðe Anukwareɖiɖi Zu Tsigãdzinua?
    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míemana)—2016 | No. 1
    • Amegã aɖe do asi ɖe eƒe dɔwɔla ŋkume tsɔ le ŋɔdzi dom nɛ

      NYATI SI LE AKPAA DZI | ÐE WÒNYO BE WOANYE ANUKWAREÐILA?

      Ðe Anukwareɖiɖi Zu Tsigãdzinua?

      Hitoshi nye gakɔntabulawo dometɔ ɖeka le dɔwɔƒe aɖe le Japan. Esi Hitoshi kple eƒe amegã aɖe wonɔ gakɔnta me tom la, amegãa gblɔ nɛ be mele be wòaɖi anukware le gakɔntaa bubu me o. Hitoshi gblɔ nɛ be yeƒe dzitsinya maɖe mɔ na ye be yeada alakpa o. Amegãa gblɔ nɛ be ne mewɔ yeƒe gbe dzi o la, woanyae le dɔa me, eye mlɔeba wova nyae le dɔa me hã vavã.

      Le ɣleti siwo kplɔe ɖo me la, dzi va ɖe le Hitoshi ƒo le esi dɔkpɔkpɔ nɔ sesẽm nɛ ta. Le kpɔɖeŋu me, esi Hitoshi yi dɔ diƒe gbe ɖeka eye wonɔ gbe biamee la, egblɔ be yemadi be yeawɔ nu fitifiti le dɔa me o. Ame si nɔ gbe biamee la gblɔ nɛ be, “Wò nuŋububu to vovo ŋutɔ!” Hitoshi ƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo de dzi ƒo nɛ be wòalé eƒe anukwareɖiɖia me ɖe asi sesĩe, ke hã, eƒe susu va nɔ wɔwɔm eveveve. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ be: “Meva nɔ ɖokuinye biam be nu nyui wònye be maɖi anukwarea?”

      Ewɔ nublanui ŋutɔ be menye ame sia amee dea asixɔxɔ anukwareɖiɖi ŋu o, abe ale si Hitoshi ƒe ŋutinyaa ɖee fia ene. Le nyateƒe me la, ame aɖewo asusu gɔ̃ hã be anukwareɖiɖi meɖea vi o, vevietɔ le asitsanyawo me. Nyɔnu aɖe si le dɔ wɔm le South Africa la gblɔ be: “Anukwaremaɖilawo domee mele, eye nyaƒoɖeamenua nu sẽna ale gbegbe be avu kple kɔe wònyena nam ɣeaɖewoɣi be maɖi anukware.”

      Alakpadada nye anukwaremaɖimaɖi ƒomevi aɖe si bɔ egbea ŋutɔ. Ƒe aɖewoe nye esi va yi la, Robert S. Feldman si nye susuŋutinunyala le Amerika ƒe yunivɛsiti aɖe (University of Massachusetts Amherst) la ƒe numekuku ɖee fia be ame tsitsi 60 le alafa me daa alakpa zi ɖeka ya teti le miniti ewo ƒe dzeɖoɖo me. Feldman gblɔ be: “Esia wɔ nuku ŋutɔ. Míekpɔ mɔ kura be alakpadada axɔ aƒe ɖe gbe sia gbe dzeɖoɖowo me alea gbegbe o.” Ðe mewɔ nuku ŋutɔ be ame akpa gãtɔ medina kura be woable yewo o, evɔ ame geɖe daa alakpa oa?

      Nu ka tae alakpadada, fififi kple anukwaremaɖimaɖi nuwɔnawo bɔ egbea alea gbegbe ɖo? Aleke anukwaremaɖimaɖi le nu gblẽmee? Eye vevietɔ wu la, aleke míawɔ aƒo asa na anukwaremaɖimaɖi nuwɔnawo?

  • Ale Si Anukwaremaɖimaɖi Gblẽa Nu Le Ŋuwò
    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míemana)—2016 | No. 1
    • Nyɔnu eve le nu ƒom na wo nɔewo

      NYATI SI LE AKPAA DZI | ÐE WÒNYO BE WOANYE ANUKWAREÐILA?

      Ale Si Anukwaremaɖimaɖi Gblẽa Nu Le Ŋuwò

      “Zi geɖe la, anukwaremaɖimaɖi vi aɖe koe kpɔa nɔnɔme sesẽ aɖewo gbɔ.”—Samantha, si le South Africa.

      Èlɔ̃ ɖe nya ma dzia? Mí katã míedoa go nɔnɔme sesẽwo ɣeaɖewoɣi abe Samantha ke ene. Ale si míewɔa nu ne anukwaremaɖimaɖi ƒe tetekpɔwo dze ŋgɔ mí la tea ŋu ɖea nu si le vevie na mí la fiana. Le kpɔɖeŋu me, ne asaƒoƒo na ŋukpeɖuɖu ye le vevie na mí wu la, ɖewohĩ míabu anukwaremaɖimaɖi be enye viɖenu. Gake ne míeɖi anukware o eye nyateƒea va dze mlɔeba la, zi geɖe la, emetsonuawo menyona kura o. Bu nya siwo gbɔna ŋu kpɔ.

      ANUKWAREMAÐIMAÐI NANA WOMEKANA ÐE AME DZI O

      Kaka ɖe ame nɔewo dzi ye nana kadodo nyui nɔa ame eve dome. Ne amewo ka ɖe wo nɔewo dzi alea la, wokpɔnɛ be yewole dedie eye woɖea dzi ɖi. Gake kakaɖeamedzi mevana le eɖokui si o. Nuwɔwɔ ɖekae edziedzi, dzeɖoɖo anukwaretɔe kple kpekpe ɖe ame nɔewo ŋu ɖokuitɔmadimaditɔe ye nana amewo va kana ɖe wo nɔewo dzi. Gake anukwaremaɖimaɖinuwɔna ɖeka pɛ ate ŋu awɔe be womagaka ɖe mía dzi o. Eye ne edzɔ alea la, ate ŋu asesẽ ŋutɔ hafi woagava ka ɖe mía dzi ake.

      Ðe ame aɖe si nèbuna xɔ̃wò vevi la flu wò kpɔa? Ne esia dzɔ ɖe dziwò kpɔ la, aleke nèse le ɖokuiwò me? Anɔ eme godoo be ete ɖe dziwò vevie, àkpɔe gɔ̃ hã be enye nuteƒemawɔmawɔ. Esɔ be nàse le ɖokuiwò me nenema. Ðikeke mele eme o be anukwaremaɖimaɖi ate ŋu agblẽ xɔlɔ̃ veviwo dome.

      AKPATƆGBƆNƆLA MESEA AKPA DZENA O

      Numekuku aɖe, si Robert Innes, si nye nufialagã le California ƒe Yunivɛsiti wɔ la ɖee fia be “anukwaremaɖimaɖi kpɔa ŋusẽ ɖe ame bubuwo dzi.” Eya ta woate ŋu atsɔ anukwaremaɖimaɖi asɔ kple dɔxɔleameŋuzi ale si nèle ha dem kple ame aɖe si nye anukwaremaɖila la, zi nenemae wòle bɔbɔe be nàva zu anukwaremaɖila.

      Aleke nàwɔ be anukwaremaɖimaɖi ƒe mɔ̃ nagaɖe wò o? Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. Míade dzi ƒo na wò be nàde ŋugble le Biblia me mɔfiame ʋɛ aɖewo ŋu kpɔ.

      Anukwaremaɖimaɖi Ƒe Nuwɔna Aɖewo

      Alakpadada

      Nyɔnu eve le nu ƒom na wo nɔewo

      NU KAE WÒNYE? Enye nya si mele eteƒe o gbɔgblɔ na ame si wòle be woagblɔ nyateƒea na. Alakpadada ate ŋu afia be woatrɔ gbo nyateƒenyawo kple susu be woaflu ame, alo woamia nu ɖe nyaa ƒe akpa vevi aɖewo dzi kple susu be woable ame, eye agate ŋu afia be woaɖe ami ɖe nyateƒenyaa be gɔmesese bubu nasu amewo si.

      NYA SI BIBLIA GBLƆ: “Yehowa nyɔa ŋu ameflula, ke tsi metoa eya kple nu dzɔdzɔe wɔlawo dome o.” (Lododowo 3:32) “Esi mieɖe amebeble ɖa azɔ la, mia dometɔ ɖe sia ɖe nato nyateƒe na ehavi.”—Efesotɔwo 4:25.

      Ameŋugbegblẽ

      Ŋutsu eve le dalĩ dom esime ŋutsu etɔ̃lia ge ɖe xɔa me

      NU KAE WÒNYE? Enye alakpanya kple ameŋugblẽnya gbɔgblɔ ɖe ame ŋu be wòaƒo ɖi amea ƒe ŋkɔ.

      NYA SI BIBLIA GBLƆ: “Gedila dea dzre aƒe, eye ameŋugblẽla maa xɔlɔ̃wo dome.” (Lododowo 16:28) “Ne nake meli o la, dzo tsina, eye ne ameŋugblẽla meli o la, dzre kena.”—Lododowo 26:20.

      Ametafatafa

      Ŋutsu aɖe le asi fiam gaƒoɖokui siwo wòtsɔ ɣla ɖe eƒe awu me

      NU KAE WÒNYE? Enye amefuflu kple susu be woaxɔ ga alo nunɔamesi aɖe le esi.

      NYA SI BIBLIA GBLƆ: “Mègatafa apadɔwɔla si da ahe la o.” (5 Mose 24:14, 15) “Ame si le ame tsɛ tafam la doa vlo Ewɔla, ke ame si vea ame dahe nu la dea bubu Eŋu.”—Lododowo 14:31.

      Fififi

      Ame aɖe le gakotoku fim le akplo me

      NU KAE WÒNYE? Enye ame aɖe ƒe nunɔamesi tsɔtsɔ amea mabiamabiae.

      NYA SI BIBLIA GBLƆ: “Fiafitɔ la nagafi fi azɔ o; ke boŋ newɔ dɔ sesẽ, netsɔ eƒe asi wɔ dɔ nyui, ale be wòakpɔ nane ana ame si hiã tu.” (Efesotɔwo 4:28) “Migana woaflu mi o. . . . Fiafitɔwo, ŋuklẽlawo, ahamulawo, amedzulawo kple adzodalawo la, womanyi Mawu Fiaɖuƒe la dome o.”—1 Korintotɔwo 6:9, 10.

  • Nu Si Ta Wònyo Be Woanye Anukwareɖila
    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míemana)—2016 | No. 1
    • Ŋutsu aɖe gbugbɔ ame aɖe ƒe gakotoku nɛ

      NYATI SI LE AKPAA DZI | ÐE WÒNYO BE WOANYE ANUKWAREÐILA?

      Nu Si Ta Wònyo Be Woanye Anukwareɖila

      “Míeka ɖe edzi be dzitsinya nyui le mía si, elabena míedina be míaɖi anukware le nuwo katã me.”—Hebritɔwo 13:18.

      Le Biblia me la, Helagbe me nya si gɔme woɖena ɣeaɖewoɣi be “anukwareɖiɖi” la gɔme ɖeɖe tẽe fiaa “nane si nyo si ŋu gbegblẽƒe aɖeke mele o.” Agate ŋu afia nu dzeani si nya kpɔ na ŋku eye wòdzea ame ŋu.

      Nya si Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wògblɔ be, “Míedina be míaɖi anukware le nuwo katã me” la le vevie na Kristotɔwo. Nu kae nya sia dzi wɔwɔ bia?

      AVU SI MÍEWƆNA LE EMEME

      Ame geɖe kpɔa woƒe dzedzeme le ahuhɔ̃e me ŋdi sia ŋdi hafi dona ɖe ame dome. Nu ka tae? Esi wodi be yewoƒe dzedzeme nanya kpɔ tae. Gake nu bubu li si le vevie wu ɖakpakpa alo ɖawɔwɔ wòanya kpɔ kple awu nyuiwo dodo. Le nyateƒe me la, ame si míenye le ememe la ate ŋu ana míaƒe dzedzeme nanyo ame ŋu loo alo atɔ ŋku.

      Mawu ƒe Nya la gblɔe eme kɔ ƒãa be nu gbegblẽ wɔwɔ dzroa mí. Ŋɔŋlɔawo gblɔ le 1 Mose 8:21 be: “Amegbetɔ ƒe dzimesusu nye vɔ̃ tso eƒe ɖevime ke.” Eya ta be míanye anukwareɖilawo la, ele be míawɔ avu kple nu vɔ̃ ƒe dzodzro si le mía me. Apostolo Paulo ɖɔ avu si wòwɔna be yeaɖu nu vɔ̃ dzi la nyuie esi wògblɔ be: “Mekpɔa dzidzɔ le Mawu ƒe se la ŋu ŋutɔ le ame si menye le ememe la gome, ke mekpɔ se bubu aɖe le menye, si le aʋa wɔm kple se si le nye susu me, eye wòléam aboyoe yina na nu vɔ̃ ƒe se si le nye ŋutilã me.”—Romatɔwo 7:22, 23.

      Le kpɔɖeŋu me, ne míaƒe dzi le eƒom ɖe mía nu be míawɔ nu gbegblẽ eye wòle mía dzrom vevie be míawɔ nu anukwaremaɖimaɖitɔe la, ŋutete ganɔa mía ŋu kokoko be míaɖu mía ɖokui dzi. Míate ŋu atiae be míawɔ míaƒe dzi ƒe didia dzi loo alo míawɔe o. Ne míetiae be míaɖu susu gbegblẽ si va ta me na mí dzi la, míate ŋu anye anukwareɖilawo togbɔ be míanɔ anukwaremaɖilawo dome gɔ̃ hã.

      NU SI ANA MÍAÐU AƲA LA DZI

      Be míanye anukwareɖilawo la, ele be agbe nyui nɔnɔ ŋuti mɔfiame si ŋu kakaɖedzi le nafia mɔ mí. Gake nublanuitɔe la, ame geɖe tsia dzi ɖe woƒe gotagomedzedzeme ŋu wu ale si woabu agbe nyui nɔnɔ ŋu. Le esia ta, nɔnɔme si me wole la dzie wonɔa te ɖo nyana afi si woaɖi anukware ase ɖo. Agbalẽ si nye Anukwaremaɖimaɖi Ŋuti Nyateƒenya (Vavãtɔ) ɖe eme ale: “Zi geɖe la, míedaa se dzi va ɖoa afi si míawo ŋutɔwo míekpɔ be esɔ ale be amewo nakpɔtɔ abu mí anukwareɖilawoe.” Gake ɖe mɔfiame aɖe si ŋu kakaɖedzi le la li si akpe ɖe mía ŋu míanya nenye be anukwaremaɖimaɖi vi aɖe teti hã mesɔ oa? Dzidzɔnya lae nye be ɖe li.

      Ame miliɔn geɖe siwo le xexea me godoo la kpɔe be mɔfiame siwo akpe ɖe mía ŋu le go sia me la le Biblia me. Agbe nyui nɔnɔ ŋuti mɔfiame si ƒo ɖe sia ɖe ta la le Biblia me. (Psalmo 19:7) Mɔfiame siwo ku ɖe nyawo, abe ƒomegbenɔnɔ, dɔwɔɖui, agbe nyui nɔnɔ kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ene ŋu le eme. Ele vi ɖem tso keke blema ke. Se kple mɔfiame siwo le eme la nyo na dukɔ sia dukɔ, to sia to kple ame ƒomevi ɖe sia ɖe. Ne míedzroa Biblia me nyuie, dea ŋugble le emenyawo ŋu hewɔa eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míamla míaƒe dzi ale be míanye anukwareɖilawo kple nuteƒewɔlawo.

      Ke hã anukwaremaɖimaɖi dzi ɖuɖu bia nu geɖe wu be Biblia ŋuti sidzedze vavãtɔ nasu mía si ko. Nya lae nye be, xexe gblẽku aɖe mee míele, eye nɔnɔmeawo ƒonɛ ɖe mía nu be míasrɔ̃ xexea ƒe nuwɔna gbegblẽwo. Esia tae wòhiã be míado gbe ɖa abia Mawu ƒe kpekpeɖeŋu. (Filipitɔwo 4:6, 7, 13) Esia akpe ɖe mía ŋu dzi naɖo mía ƒo be míawɔ nu si le eteƒe ahaɖi anukware le nu sia nu me.

      ANUKWAREÐIÐI ƑE VIÐEWO

      Wova nya Hitoshi, si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati gbãtɔa me la be enye dɔwɔla ɖianukware. Fifia ele dɔ wɔm na dɔtɔ aɖe si dea asixɔxɔ eƒe anukwareɖiɖia ŋu. Hitoshi gblɔ be: “Edzɔ dzi nam be meva kpɔ dɔwɔɖui aɖe si ana dzitsinya nyui nakpɔtɔ anɔ asinye.”

      Aleae wòle le ame geɖewo hã gome. Ame siwo hã wɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiame si nye, ‘ɖi anukware le nuwo katã me’ dzi wòɖe vi na wo la ƒe kpɔɖeŋu aɖewoe nye esiwo gbɔna.

      • Dzitsinya Nyui

        Cheryl

        “Esi mexɔ ƒe 13 la, medzudzɔ sukudede heyi ɖanɔ dɔ wɔm kple fiafiwo. Esia ta, ga si mekpɔna katã kloe tsoa nu fitifiti wɔwɔ me. Ƒe aɖewo megbe la, meɖe srɔ̃ eye Yehowa Ðasefowo va nɔ Biblia srɔ̃m kple nye kple srɔ̃nye. Míesrɔ̃e be Yehowaa Mawu lé fu anukwaremaɖimaɖi nuwɔnawo, eya ta míetso nya me be míatrɔ míaƒe agbenɔnɔ. Le ƒe 1990 me la, míetsɔ míaƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa hexɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefowo.—Lododowo 6:16-19.

        “Tsã la, finuwo sɔŋ koe yɔ nye aƒe me, gake fifia, nu mawo dometɔ aɖeke megale nye aƒe me o; eye esia wɔe be dzitsinya nyui su asinye. Ne meɖo ŋku ƒe gbogbo siwo me mewɔ nu anukwaremaɖimaɖitɔe dzi la, ɖeko medaa akpe na Yehowa ɖe eƒe nublanuikpɔkpɔ gã la ta. Ne zã do meyi anyi mlɔ ge eye meɖo ŋku edzi be Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe ŋunye azɔ la, dzidzeme gã aɖee wònyena nam.”—Cheryl, si le Ireland.

        Sonny

        “Esi nye dɔmemegã va nya be megbe zãnuxɔxɔ le ame si ate ŋu ava zu míaƒe asisi si la, egblɔ nam be: ‘Wò Mawu na nènye ame si dzi woate ŋu aka ɖo! Yayra gã aɖee wònye na mí be èle dɔ wɔm kpli mí le afi sia.’ Esi meɖia anukware le nu sia nu me ta la, dzitsinya nyui su asinye le Yehowa Mawu ŋkume. Esia wɔe be metea ŋu kpena ɖe nye ƒomea kple ame bubuwo ŋu be woawɔe nenema ke.”—Sonny, si le Hong Kong.

      • Susu Me Ƒe Akɔdzeanyi

        Tom

        “Dukɔwo dome gadzraɖoƒe aɖe ƒe dɔdzikpɔlawo ƒe amegãa ƒe kpeɖeŋutɔe menye. Le dɔ sia me la, gakpɔkpɔ le vevie na ame geɖe wu anukwareɖiɖi. Eya ta amewo ƒe susu koe nye, ‘Ne anukwaremaɖimaɖi vi aɖe ana woakpɔ ga geɖe eye wòana ganyawo naka ɖe eme la, nu kae wògblẽ?’ Ke hã esi meɖia anukware ta la, nye susu dze akɔ anyi. Eya ta meɖoe be nu ka kee ɖadzɔ o, mayi edzi aɖi anukware. Nye dɔmemegãwo nyae be nyemada alakpa na yewo o alo ada alakpa ɖe yewo nu o.”—Tom, si le United States.

      • Bubunɔameŋu

        Kaori

        “Esi nanewo bu le míaƒe dɔme la, nye dɔdzikpɔla bia tso asinye be mada alakpa, gake megbe. Esi wova nya ame siwo fi nuawo mlɔeba la, míaƒe amegã da akpe nam ɖe nye anukwareɖiɖia ta. Anukwareɖiɖi le xexe maɖianukware me bia dzinɔameƒo. Gake mlɔeba, ewɔnɛ be amewo va kana ɖe mía dzi hedea bubu mía ŋu.”—Kaori, si le Japan.

      Nu siwo dona tso anukwareɖiɖi me, siwo nye dzitsinya nyui, susu me ƒe akɔdzeanyi kple bubunɔameŋu siaa ɖee fia be anukwareɖiɖi ɖea vi vavã. Ðe mèlɔ̃ ɖe edzi oa?

      a Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe