-
Mí Katã Míehiã AkɔfafaGbetakpɔxɔ (Tata Si Míemana)—2016 | No. 5
-
-
NYATI SI LE AKPAA DZI | ALEKE NÀWƆ AKPƆ AKƆFAFA?
Mí Katã Míehiã Akɔfafa
Èɖo ŋku edzi be èdze anyi kpɔ le ɖevime eye nu vevi wɔ wòa? Ðewohĩ esia wɔe be nu vevi wɔ asi na wò alo wò klonu bebe. Àte ŋu aɖo ŋku ale si dawò fa akɔ na wòe la dzia? Anɔ eme be eklɔ abia heblae na wò. Ènɔ avi fam, ke hã esi wòkɔ wò ɖe akɔnu henɔ akɔfanyawo gblɔm na wò la, wò dzi dze eme. Ɣemaɣi la, enɔa bɔbɔe be nàkpɔ akɔfafa.
Gake ne míele tsitsim la, agbea va sesẽna wu. Kuxiawo nɔa sesẽm ɖe edzi, eye nenema kee wòsesẽna be míakpɔ akɔfafa. Nublanuitɔe la, womate ŋu akpɔ ame tsitsiwo ƒe kuxiwo gbɔ abe ale si vidada blaa abi na via hekɔnɛ ɖe akɔnu ene o. Bu eƒe kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo ŋu kpɔ.
Dzigbãnyae wònyena ne dɔ ge le ame si. Ðe esia dzɔ ɖe dziwò kpɔa? Julian gblɔ be esi dɔ ge le ye si la, ete ɖe ye dzi ale gbegbe be ɖeko yetɔtɔ. Enɔ eɖokui biam be, ‘Aleke mawɔ akpɔ nye ƒomea dzi? Esi mewɔ dɔ sesĩe ƒe geɖe megbe la, nu ka tae dɔtɔawo susu be viɖe aɖeke megale ŋunye o?’
Ðewohĩ esi wò srɔ̃ɖeɖe me gblẽ la, wò dzi gbã gudugudu. Raquel gblɔ be: “Esi srɔ̃nye gblẽm ɖi kpata ƒe ɖeka kple afãe nye esi va yi la, melé blanui ŋutɔ. Ðeko wòwɔ abe ɖe nye dzi ma ɖe eve ene. Nye dzi nɔ veyem, mexa nu ale gbegbe, eye vɔvɔ̃ ɖom.”
Ðewohĩ lãmesẽkuxi sesẽ aɖe le fu ɖem na wò eye mele kakam ɖe eme vie gɔ̃ hã o. Ɣeaɖewoɣi la, àse le ɖokuiwò me abe Hiob si nɔ anyi le blema ene. Efa konyi be: “Menyɔ ŋu nye agbe; nyemegadi be manɔ agbe o.” (Hiob 7:16) Alo ɖewohĩ èse le ɖokuiwò me abe Luis, si nye ŋutsu aɖe si le eƒe ƒe 80-awo la ene. Egblɔ be, “Ɣeaɖewoɣi la, ewɔna nam abe nye kugbe ko lalam mele ene.”
Alo anɔ eme be wò ame vevi aɖe ƒe ku na nèle akɔfafa dim abe ya ene. Robert gblɔ be: “Esi vinyeŋutsua nɔ yameʋu me wòge eye wòku la, gbã la, nyemexɔe se o. Eyome mese veve le ememe ale gbegbe. Enɔ abe vevesese si Biblia tsɔ sɔ kple ale si ame ase le eɖokui me ne wotsɔ yi legbee ƒo ɖee ene.”—Luka 2:35.
Robert, Luis, Raquel kple Julian siaa kpɔ akɔfafa le nɔnɔme sesẽ mawo gɔ̃ hã me. Ame nyuitɔ kekeake si ate ŋu akpe ɖe wo ŋu lae fa akɔ na wo—eyae nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la. Aleke Mawu faa akɔ na amee? Ðe wòafa akɔ na wò hã abe ale si wòfa akɔ na wo enea?
-
-
Ale Si Mawu Faa Akɔ Na MíGbetakpɔxɔ (Tata Si Míemana)—2016 | No. 5
-
-
NYATI SI LE AKPAA DZI | ALEKE NÀWƆ AKPƆ AKƆFAFA?
Ale Si Mawu Faa Akɔ Na Mí
Apostolo Paulo gblɔ be Yehowaa nye “akɔfafawo katã ƒe Mawu, ame si faa akɔ na mí le míaƒe tetekpɔwo katã me.” (2 Korintotɔwo 1:3, 4) Aleae Biblia ka ɖe edzi na mí be ame aɖeke meli si Mawu mate ŋu afa akɔ na o, eye mía Fofo si le dziƒo la ate ŋu afa akɔ na mí le nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe me.
Gake hafi Mawu nafa akɔ na mí la, ele be míaɖe afɔ aɖe. Ne mímeyi ɖɔkta aɖe gbɔ be wòado mí akpɔ o la, ɖe ɖɔktaa ate ŋu akpe ɖe mía ŋua? Nyagblɔɖila Amos bia be: “Ðe ame eve dzea mɔ ɖekae ne womeɖo gbe ɖi oa?” (Amos 3:3) Eya ta Ŋɔŋlɔawo de dzi ƒo na mí be: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.”—Yakobo 4:8.
Aleke míawɔ aka ɖe edzi be Mawu ate ɖe mía ŋu? Gbã, ye ŋutɔ gblɔe na mí zi gbɔ zi geɖe be yedi be yeakpe ɖe mía ŋu. (Kpɔ aɖaka si kpe ɖe nyati sia ŋu.) Evelia, ame siwo Mawu fa akɔ na le ɣeyiɣi siawo me kple blema siaa la ƒe ŋutinya geɖewo li akpe ɖe mía ŋu míaka ɖe edzi be Mawu ate ɖe mía ŋu.
Egbea, nɔnɔme sesẽwo ɖe kpe na ame gbogbo siwo le didim be Mawu nakpe ɖe yewo ŋu, abe ale si wònɔ le Fia David gome ene. Eɖe kuku na Yehowa gbe ɖeka be: “Se nye kokoƒogbe ne medo ɣli na wò.” Ðe Mawu ɖo eŋu nɛa? Ɛ̃. David yi edzi gblɔ be: “Exɔ nam, eya ta nye dzi le aseye tsom.”—Psalmo 28:2, 7.
AKPA SI YESU WƆNA LE AKƆFAFA NA KONYIFALAWO ME
Mawu ɖoe be Yesu nawɔ akpa vevi aɖe le akɔfafa na amewo me. Hekpe ɖe dɔ bubu siwo Mawu de asi na Yesu be wòawɔ ŋu la, ele hã be Yesu nada “gbe le ame siwo ƒe dzi gbã la ŋu” eye wòafa “akɔ na konyifalawo katã.” (Yesaya 61:1, 2) Abe ale si wogblɔe ɖi ene la, Yesu tsɔ ɖe le eme na ame siwo nɔ ‘dagbadagbam, eye agba nɔ wo wum la.’—Mateo 11:28-30.
Yesu ɖo aɖaŋu nyuiwo na amewo tsɔ fa akɔ na wo; nenema kee wòfa akɔ na amewo esi wòwɔ nu ɖe wo ŋu dɔmenyotɔe, eye le go aɖewo gɔ̃ hã me la, eda woƒe dɔlélewo na wo. Gbe ɖeka, anyidzela aɖe ɖe kuku na Yesu be: “Ne èlɔ̃ ko la, àte ŋu ana ŋutinye nakɔ.” Eƒe nu wɔ nublanui na Yesu eye wògblɔ nɛ be: “Melɔ̃! Ŋutiwò nekɔ.” (Marko 1:40, 41) Eye anyidzela la ƒe anyia vɔ nɛ.
Egbea, Mawu ƒe Vi la mele anyigba dzi afa akɔ na mí o. Gake Fofoa, Yehowa, “akɔfafawo katã ƒe Mawu” la gakpɔtɔ le akɔ fam na ame siwo hiã akɔfafa. (2 Korintotɔwo 1:3) De ŋugble le mɔ vevi ene siwo dzi wòtona faa akɔ na amewo ŋu kpɔ.
Biblia La. “Nu siwo katã woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔ wo ɖi be woatsɔ afia nu mí, ale be to míaƒe dzidodo kple akɔfafa si míekpɔ tso Ŋɔŋlɔawo me dzi la, mɔkpɔkpɔ nasu mía si.”—Romatɔwo 15:4.
Mawu Ƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe La. Le Yesu ƒe ku megbe kpuie la, Kristo hame blibo la ƒe tome fa. Nu ka tae? “Le esi woyi edzi zɔ le Yehowa vɔvɔ̃ me eye gbɔgbɔ kɔkɔe na akɔfafa wo ta.” (Dɔwɔwɔwo 9:31) Gbɔgbɔ kɔkɔe la, si nye Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ la, nye ŋusẽ triakɔ aɖe. Mawu ate ŋu azãe atsɔ afa akɔ na ame ɖe sia ɖe le nɔnɔme ɖe sia ɖe ƒomevi me.
Gbedodoɖa. Biblia xlɔ̃ nu mí be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o.” Ke egblɔ be le esia teƒe la, “[mina] Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo; eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu.”—Filipitɔwo 4:6, 7.
Hati Kristotɔ siwo dome míenɔa dedie le la nye xɔlɔ̃ vavã siwo faa akɔ na mí. Apostolo Paulo gblɔ tso eƒe zɔhɛwo ŋu be ‘wozu akɔfafa gã aɖe’ na ye le “hiãkame kple xaxawo” me.—Kolosetɔwo 4:11; 1 Tesalonikatɔwo 3:7.
Gake ɖewohĩ èle ɖokuiwò biam be, aleke wòdzɔna ŋutɔŋutɔ be Mawu toa mɔ mawo dzi faa akɔ na amewo egbea? Na míalé ŋku ɖe ame siwo to kuxi siwo ŋu míeƒo nu tsoe le nyati gbãtɔa me la me ƒe ŋutinyawo ŋu kpɔ. Abe woawo ke ene la, wò hã àva kpɔe be Mawu gakpɔtɔ le eƒe ŋugbedodo lédziname si nye, “Ale si vidada faa akɔ na via la, nenemae manɔ akɔ fam na mi” la dzi wɔm.—Yesaya 66:13.
a Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.
-
-
Ale Si Nàkpɔ Akɔfafa Le XaxaɣiwoGbetakpɔxɔ (Tata Si Míemana)—2016 | No. 5
-
-
NYATI SI LE AKPAA DZI | ALEKE NÀWƆ AKPƆ AKƆFAFA?
Ale Si Nàkpɔ Akɔfafa Le Xaxaɣiwo
Xaxa ƒomevi vovovowo vaa mía dzi. Míate ŋu aƒo nu tso xaxa ɖe sia ɖe ŋu le nyati sia me o, gake na míalé ŋku ɖe xaxa ƒomevi ene siwo ŋu míeƒo nu tsoe va yi ŋu. Xaxa siwo me ameawo dometɔ ɖe sia ɖe to la le vovo, gake de dzesi ale si wo katã wokpɔ akɔfafa vavã tso Mawu gbɔ.
NE DƆ GE LE AME SI
“Mewɔa dɔ ɖe sia ɖe si menya kpɔ ko, eye nu siwo hiã mí ŋutɔŋutɔ koe míeƒlena.”—Jonathan
Setha gblɔ be: “Dɔ ge le nye kple srɔ̃nye si le ɣeyiɣi ɖeka me. Ƒometɔwo ƒe dɔmenyonunanawo kple dɔ vivivi siwo mewɔna la nue míenɔ agbe ɖo ƒe eve sɔŋ. Esia wɔe be srɔ̃nye Priscilla lé blanui vevie, eye nye hã mese le ɖokuinye me be viɖe aɖeke mele ŋunye o.
“Nu kae kpe ɖe mía ŋu le nɔnɔme ma me? Priscilla nɔa ŋku ɖom Yesu ƒe nya si le Mateo 6:34 la dzi na eɖokui edziedzi. Yesu gblɔ be míagatsi dzimaɖi le etsɔ ŋu o, elabena etsɔ si gbɔna la kple eya ŋutɔ ƒe dzimaɖitsitsiwoe. Eye Priscilla ƒe gbedodoɖa tso dzi blibo me kpe ɖe eŋu wòdo dzi. Le gonyeme la, Psalmo 55:22 ye fa akɔ nam. Nye hã medro nye agbawo ɖe Yehowa dzi abe ale si hakpalaa wɔe ene, eye mekpɔe be Yehowa lém ɖe te. Togbɔ be mekpɔ dɔ le wɔwɔm fifia hã, míetia kesinɔnuwo yome o, le ɖekawɔwɔ me kple Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo si dze le Mateo 6:20-22. Gawu la, míeva te ɖe Mawu ŋu geɖe wu eye nye kple srɔ̃nye dome va le kplikplikpli wu tsã.”
Ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Jonathan la gblɔ be: “Esi asitsadɔwɔƒe sue si míaƒe ƒomea ɖo ɖu agba la, metsi dzimaɖi ɖe etsɔme ŋu. Ganyawo ƒe sesẽ le dukɔa me wɔe be dɔ siwo katã míeku kutri wɔ ƒe 20 sɔŋ la dome gblẽ. Nye kple srɔ̃nye míeva te nyahehe le ganyawo ta. Míegatea ŋu tsɔa míaƒe agbananuƒlegbalẽvi ƒlea nu o, elabena míenɔ vɔvɔ̃m be womaxɔe o.
“Gake Mawu ƒe Nyaa kple eƒe gbɔgbɔa kpe ɖe mía ŋu míetso nya me nyuie. Mewɔa dɔ ɖe sia ɖe si menya kpɔ ko, eye nu siwo hiã mí ŋutɔŋutɔ koe míeƒlena. Esi míenye Yehowa Ðasefowo ta la, míaƒe haxɔsetɔwo hã kpena ɖe mía ŋu. Wona míese le mía ɖokui me be asixɔxɔ le mía ŋu eye wodoa alɔ mí ne nɔnɔmeawo sesẽ.”
NE SRƆ̃ÐEÐE ME GBLẼ
Raquel gblɔ be: “Esi srɔ̃nye dzo le gbɔnye gbe ɖeka kple eƒe zãdodo la, nye dzi gbã eye dzi kum vevie. Melé blanui ale gbegbe. Gake nu si kpe ɖe ŋunyee nye be mete ɖe Mawu ŋu, eye eya hã fa akɔ nam. Medoa gbe ɖa na Mawu gbe sia gbe eye eƒe ŋutifafa kpɔ nye dzi ta. Ðeko wòwɔ abe ɖe wòɖɔ nye dzi si gbã gudugudu la ɖo ene.
“Eye dzidzɔtɔe la, eƒe Nya, Biblia, kpe ɖe ŋunye medzudzɔ dzikudodo. Metsɔ apostolo Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo si le Romatɔwo 12:21 la wɔ dɔe. Afi ma gblɔ be: ‘Mègaɖe mɔ nu vɔ̃ɖi naɖu dziwò o, ke boŋ yi edzi nàtsɔ nu nyui anɔ nu vɔ̃ɖi dzi ɖum.’
“Ɣeaɖewoɣi la, ele be míalɔ̃ ɖe edzi be ‘nu vevi aɖe bu’ na mí eye míaɖe asi le eŋu. . . . Fifia, mele taɖodzinu bubuwo minyam.”—Raquel
“Xɔ̃nye aɖe ɖo aɖaŋu nyui aɖe nam si kpe ɖe ŋunye mekpɔe be ehiã be maɖe susu ɖa le nu si dzɔ la ŋu. Etsɔ nya si le Nyagblɔla 3:6 la fiam eye wògblɔ nam tufafatɔe be, ɣeaɖewoɣi la, ele be míalɔ̃ ɖe edzi be ‘nu vevi aɖe bu’ na mí eye míaɖe asi le eŋu. Aɖaŋuɖoɖoa nu sẽ, gake ema tututue mehiã ɣemaɣi. Fifia, mele taɖodzinu bubuwo minyam.”
Elizabeth gblɔ be: “Ne wò srɔ̃ɖeɖe me gblẽ la, èhiã na amewo ƒe kpekpeɖeŋu. Xɔ̃nye vevi aɖe na kpekpeɖeŋu mam gbe sia gbe. Ne mele avi fam la, efaa avi kplim, eye wòna mese le ɖokuinye me be ame aɖe lɔ̃m, ke menye be asixɔxɔ aɖeke mele ŋunye o. Meka ɖe edzi be Yehowa ye to xɔ̃nye sia dzi fa akɔ nam.”
DƆLÉLE KPLE TSITSIMEKUXIWO
“Ne medo gbe ɖa na Mawu ko la, mesena le ɖokuinye me be eƒe gbɔgbɔa le ŋusẽ domem.”—Luis
Dzidɔ sesẽ aɖe le Luis, si ŋu nya míegblɔ le nyati siawo ƒe gbãtɔ me la ŋu, eye wòde kuku ge kloe zi eve sɔŋ. Fifia, ehiã be woanɔ ɔksidzin-ya namee wòanɔ gbɔgbɔm to ŋɔti me gaƒoƒo 16 gbe sia gbe. Egblɔ be: “Medoa gbe ɖa na Yehowa madzudzɔmadzudzɔe. Eye ne medo gbe ɖa na Mawu ko la, mesena le ɖokuinye me be eƒe gbɔgbɔa le ŋusẽ domem. Gbedodoɖa nana dzi ɖoa ƒonye, elabena mexɔ eyama dzi se eye menyae be eléa be nam.”
Petra si xɔ ƒe 80 kple edzivɔ la gblɔ be: “Nu geɖe li madi be mawɔ, gake nyemate ŋui o. Ne mekpɔ ale si ŋusẽ le vɔvɔm le ŋunye la, etena ɖe dzinye ŋutɔ. Ðeɖi tea ŋunye belibeli eye ele be manɔ atikenono dzi. Enuenu la, medea ŋugble le ale si Yesu bia tso Fofoa si be, ne anya wɔ la, wòana nɔnɔme sesẽ aɖe nato ye ŋu la ŋu. Gake Yehowa meɖe nɔnɔme sesẽa ɖa o, ke boŋ edo ŋusẽ Yesu, eye edoa ŋusẽ nye hã. Gbedodoɖa léam ɖe te gbe sia gbe. Ne menya do gbe ɖa na Mawu ko la, nye dzi dzea eme.”—Mateo 26:39.
Nenema kee Julian hã sena le eɖokui me. Dɔléle si gblẽa nu le lãmekawo ŋu eye wònana ameti bliboa nɔa gbɔdzɔgbɔdzɔm la le fu ɖem nɛ ƒe 30 kloe ye nye esia. Egblɔ be: “Dɔmemegã ƒe zikpui mee menɔna tsã, gake fifia, meva tsi bunɔkeke me. Ke hã viɖe le nye agbe ŋu, elabena meléa fɔ ɖe kpekpeɖeŋunana amewo ŋu. Nunana amewo tea ŋu ɖea vevesese dzi kpɔtɔna, eye Yehowa wɔa ŋugbe si wòdo be yeado ŋusẽ mí le xaxaɣi la dzi. Nye hã mate ŋu agblɔ abe ale si apostolo Paulo gblɔ ene be: ‘Metea ŋu wɔa nuwo katã to ame si doa ŋusẽm la dzi.’”—Filipitɔwo 4:13.
NE MÍAƑE AME VEVI AÐE KU
Antonio gblɔ be: “Esi fofonye ku le ʋufɔku aɖe me la, gbã la, nyemexɔe se o. Ewɔ nam be mesɔ kura be nu ma nadzɔ ɖe edzi o, elabe afɔzɔla ko wònye va yina. Gake naneke meli mawɔ o. Eyi ɖi me ŋkeke atɔ̃ hafi ku. Medze agbagba ɖe sia ɖe be magafa avi le danye ŋkume o, gake ne nye ɖeɖe meli la, mewóa avi henɔa biabiam be, ‘Nu ka tae? Nu ka tae?’
“Le ɣeyiɣi sesẽ mawo me la, menɔ Yehowa biam enuenu be wòakpe ɖe ŋunye maɖu nye seselelãmewo dzi eye wòana dzidzemem. Eye vivivi la, nye dzi va dze eme. Meɖo ŋku edzi be Biblia gblɔ be ‘nuɖiɖeame’ ate ŋu adzɔ ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe dzi. Esi wònye be Mawu mekaa aʋatso o ta la, meka ɖe edzi be magava kpɔ fofonye ake le tsitretsitsia me.”—Nyagblɔla 9:11; Yohanes 11:25; Tito 1:2.
“Togbɔ be yameʋu si ge la ɖe mía viŋutsua ƒe agbe ɖa hã la, míegakpɔa dzidzɔ ne míeɖo ŋku ɣeyiɣi nyui siwo me mí katã míese vivi le va yi la dzi.”—Robert
Nenema kee Robert, si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati gbãtɔ me la hã se le eɖokui me. Egblɔ be: “Ŋutifafa si ŋu woƒo nu tsoe le Filipitɔwo 4:6, 7 la su nye kple srɔ̃nye Maribel si. Gbedodoɖa na Yehowa ye na wòva eme na mí nenema. Ŋutifafa sia si sua ame si le ememe la wɔe be míete ŋu ƒo nu tso tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu na nyadzɔdzɔgblɔlawo. Togbɔ be yameʋu si ge la ɖe mía viŋutsua ƒe agbe ɖa hã la, míegakpɔa dzidzɔ ne míeɖo ŋku ɣeyiɣi nyui siwo me mí katã míese vivi le va yi la dzi. Míedzea agbagba be míana míaƒe susu nanɔ ɣeyiɣi mawo dzi.
“Esi mía nɔvi Ðasefowo gblɔ na mí be yewokpɔe be míeɖe dzi ɖi nɔ míaƒe dzixɔse me ɖem le television dzi la, míegblɔ na wo be ɖikeke mele eme o be gbe gbogbo siwo dom wole ɖa ɖe mía ta lae wɔe be wòva eme nenema. Meka ɖe edzi bliboe be Yehowa to woƒe akɔfanya gbogboawo dzi lé mí ɖe te.”
Kpɔɖeŋu siwo me míedzro fifia la ɖee fia be Mawu faa akɔ na ame siwo le xaxa kple kuxi ƒomevi vovovowo me tom. Ðe wòate ŋu afa akɔ na wò hã? Xaxa ka kee ɖava dziwò o, àte ŋu akpɔ akɔfafa le ɣeyiɣi sesẽwo me.b Eya ta, ɖe manyo be nàna Yehowa nakpe ɖe ŋuwò oa? Eyae nye “akɔfafawo katã ƒe Mawu” la.—2 Korintotɔwo 1:3.
-