INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Ne Wò Ame Vevi Aɖe Ku
    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míemana)—2016 | No. 3
    • Nyɔnu aɖe si le nu xam

      NYATI SI LE AKPAA DZI

      Ne Wò Ame Vevi Aɖe Ku

      “Bebe, Mawu nya nu si nyo na mí. . . . Èseea?  . . . Mègafa avi o.”

      Nya mawoe ame aɖe gblɔ ɖe to me na nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Bebe, si fofo ku le ʋufɔku aɖe me la, le kua teƒe.

      Tsi metoa Bebe kple fofoa dome o. Wo xɔlɔ̃ aɖe si nya ƒomea nyuie lae gblɔ nya mawo be yeatsɔ afa akɔ nɛ, gake nya mawo mefa akɔ na Bebe o, ke boŋ ɖeko wogado nuxaxa nɛ. Bebe nɔ egbɔgblɔ dzi be, “Eƒe kua menye nu si nyo nam o.” Nu si Bebe ŋlɔ ɖe agbalẽ aɖe me tso nudzɔdzɔa ŋu le ƒe aɖewo megbe la ɖee fia kɔtɛ be egakpɔtɔ nɔ fofoa ƒe ku fam kokoko.

      Abe ale si Bebe kpɔe dze sii ene la, etea ŋu xɔa ƒe geɖe hafi ame si dzi ku dzɔ ɖo la dzudzɔa nuxaxa, vevietɔ ne woa kple ame si ku la dome nɔ kplikplikpli. Esɔ nyuie be woyɔ ku le Biblia me be “futɔ mamlɛtɔ.” (1 Korintotɔwo 15:26) Ðeko wòva dzea mí kpoyi le vo me, míetea ŋu wɔa naneke le eŋu o, eye wòkplɔa míaƒe ame veviwo dzonɛ. Mía dometɔ aɖeke mate ŋu asi le nu si ku gblẽna le ame ŋu la nu o. Eya ta mewɔ nuku o be ne ku dzɔ ɖe mía dzi la, míetɔtɔna, eye míegaxaa nu kokoko ne ɣeyiɣiawo va le yiyim gɔ̃ hã.

      Ðewohĩ àbia be: ‘Ne ku dzɔ ɖe ame dzi la, ɣeyiɣi didi kae wòxɔna hafi wodzudzɔa nuxaxa? Aleke ame awɔ ado dzi ne ku dzɔ ɖe edzi? Aleke mate ŋu afa akɔ na ame siwo dzi ku dzɔ ɖo? Ðe mɔkpɔkpɔ aɖe li na míaƒe ame vevi siwo kua?’

  • Ðe Wògblẽ Be Woaxa Nua?
    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míemana)—2016 | No. 3
    • NYATI SI LE AKPAA DZI | NE WÒ AME VEVI AÐE KU

      Ðe Wògblẽ Be Woaxa Nua?

      Ðe nèdze dɔ aɖe eye eteƒe medidi o wò lãme gasẽ kpɔa? Ðewohĩ èhaya kaba ale gbegbe be èŋlɔ ale si dɔa te ɖe dziwòe la be gɔ̃ hã. Gake ne ku dzɔ ɖe ame dzi la, eƒe nuxaxa nu meyina kaba nenema o. Agbalẽnyalagã Alan Wolfelt ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ si ƒo nu tso ale si aho alo ahosi awɔ akpɔ akɔfafae ŋu me be: “Nuxaxaa ‘nu meyina’ gbeɖe o.” Gake egaŋlɔ hã be, “Ne ɣeyiɣiawo va le yiyim eye amewo le akɔ fam na wò la, màgava nɔ nu xam fũu akpa o.”—Healing a Spouse’s Grieving Heart.

      Le kpɔɖeŋu me, bu ale si blemafofo Abraham wɔ nui esime srɔ̃a ku ŋu kpɔ. Biblia gblɔ be “Abraham xa nu vevie eye wòfa Sara ŋutɔ.” Nyagbɔgblɔ si nye “xa nu vevie” ɖee fia be exa nu eteƒe didi hafi wòva ka ɖe eme nɛ.a Kpɔɖeŋu bubue nye Yakob. Woblee wòxɔe se be lã wɔadã aɖe vuvu ye vi Yosef wòku. Eya ta efa konyi le via ƒe ku ta “ŋkeke geɖe,” eye viawo fa akɔ nɛ ʋuu do kpoe. Ƒe geɖe megbe la, Yakob ganɔ via, Yosef, si ku la fam kokoko.—1 Mose 23:2; 37:34, 35; 42:36; 45:28.

      Abraham le Sara si ku la gbɔ le avi fam

      Abraham xa nu vevie le srɔ̃a Sara si gbɔ melɔ̃a nu le o ƒe ku ta

      Nenema kee wòle le ame siwo le woƒe ame malɔ̃nugbɔawo siwo ku fam egbea la hã gome. Bu kpɔɖeŋu eve siwo gbɔna ŋu kpɔ.

      • “Srɔ̃nye Robert ku le July 9, 2008, dzi. Gbe si gbe afɔkua dzɔ ƒe ŋdi me la, míedze ŋkekea gɔme abe ale si ko míewɔnɛ gbe sia gbe ene. Esi míeɖu ŋdinu vɔ eye wòle mɔ dze ge ayi dɔme la, míegbugbɔ nu na mía nɔewo, míekpla asi kɔ na mía nɔewo hegblɔ na mía nɔewo be ‘melɔ̃ wò,’ abe ale si ko míewɔnɛ ɖaa ene. Ƒe ade ye nye esi va yi, gake vevesesea gakpɔtɔ li. Nyemeka ɖe edzi be vevesese si Rob ƒe kua do nam la nu ava yi o.”—Gail, si xɔ ƒe 60.

      • “Togbɔ be ƒe 18 aɖewoe nye esia srɔ̃nye lɔlɔ̃a ku hã la, megasusunɛ kokoko eye megaxaa nu le eƒe kua ta. Ɣesiaɣi si mekpɔ Mawu ƒe nuwɔwɔ aɖe si nya kpɔ ŋutɔ la, meɖoa ŋku edzi, eye megblɔna na ɖokuinye be ne ɖe wòle agbe le nu si kpɔm mele la kpɔm la, akpɔ dzidzɔ ŋutɔ.”—Etienne, si xɔ ƒe 84.

      Eme kɔ ƒãa be vevesese kple nuxaxa ɣeyiɣi didi alea sɔ le dzɔdzɔme nu. Ame sia ame kple ale si wòxaa nui, eye masɔ be woaƒo nu atsi tre ɖe ale si ame aɖe wɔ nui esime afɔku dzɔ ɖe edzi la ŋu o. Eye le ɣeyiɣi ma ke me la, mele be míanɔ fɔ bum mía ɖokui ne ewɔ na mí be míele nu xam akpa le kua ta o. Ke aleke míawɔ ado dzi ne ku dzɔ ɖe mía dzi?

      a Abraham viŋutsu Isak hã fa konyi eteƒe didi. Abe ale si wòdze le magazine sia me nyati si nye “Srɔ̃ Woƒe Xɔse” me ene la, Isak kpɔtɔ nɔ nu xam le dadaa, Sara, ƒe ku ta ƒe etɔ̃ megbe gɔ̃ hã.—1 Mose 24:67.

  • Ale Si Nàwɔ Ado Dzi Ne Èle Nu Xam
    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míemana)—2016 | No. 3
    • NYATI SI LE AKPAA DZI | NE WÒ AME VEVI AÐE KU

      Ale Si Nàwɔ Ado Dzi Ne Èle Nu Xam

      Aɖaŋuɖoɖo siwo ku ɖe nya sia ŋu la sɔ gbɔ. Ke hã menye wo katãe ɖea vi o. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ ame aɖewo aɖo aɖaŋu na wò be nàgafa avi o, alo manyo be nàwɔ esi kple ekemɛ o. Ame bubuwo agblɔ na wò be enyo be nàfa avi eye manyo be nàzi wò seselelãmewo dzi o. Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo ya da sɔ le nya sia me, eye egbeŋkekea me numekukuwo ɖo kpe edzi.

      Le xexea ƒe teƒe aɖewo la, amewo xɔe se be gbɔdzɔgbɔdzɔe wònye be ŋutsu nafa avi. Gake ɖe wòle be wòakpe ŋu na ame be wòafa avi le amewo dome gɔ̃ hã? Susuŋutinunyalawo lɔ̃ ɖe edzi be esɔ le dzɔdzɔme nu be ame nafa avi ne ele nu xam. Eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, avifafa ana wò dzi nadze eme nàyi wò gbe sia gbe dɔwo dzi togbɔ be amea ƒe ku gbã dzi na wò vevie hã. Gake ame ɖokui dzi zizi be yemafa avi o ate ŋu agblẽ nu la ame ŋu. Biblia meda asi ɖe nya si amewo gblɔna be gbɔdzɔgbɔdzɔe wònye be woafa avi ne ame ku na ame la dzi o. Le kpɔɖeŋu me, bu Yesu ŋu kpɔ. Esi Yesu yi exɔlɔ̃ vevi, Lazaro, ƒe ku teƒe la, efa avi le amewo ŋkume, togbɔ be ŋusẽ le esi be wòafɔ ame siwo la ku ɖe tsitre gɔ̃ hã!—Yohanes 11:33-35.

      Zi geɖe la, dzikudodo hã kpena ɖe nuxaxa ŋu, vevietɔ ne kua dzɔ kpata le vo me. Susu geɖewo li siwo tae dzi naku ame si dzi kua dzɔ ɖo la ɖo; esia ƒe kpɔɖeŋue nye ne ame aɖe si ŋu wòdea bubui la gblɔ nya aɖe si ŋu mebu nyuie o alo esi mele eteƒe o. Mike, si le South Africa la gblɔ be: “Ƒe 14 koe mexɔ esime fofonye ku. Le kua teƒe la, Anglikan nunɔlaa gblɔ be Mawu hiã ame nyuiwo, eya tae wòkplɔa wo dzonae kaba ɖo.a Nya sia ku dzi nam ŋutɔ, elabena míehiã mía fofoa vevie. Ƒe 63 ye nye esi va yi, gake egaveam kokoko.”

      Ke fɔbubu ame ɖokui ya ɖe? Esia dzɔna zi geɖe nenye be kua dzɔ kpata. Eye le go sia me la, ame si dzi kua dzɔ ɖo la ate ŋu anɔ susum be, ‘Ne ɖe mewɔ esi kple ekemɛ la, anye ne amea meku o.’ Alo ɖewohĩ, zi mamlɛtɔ si mia kplii miedo go la, miehe nya. Esia ana nàgabu fɔ ɖokuiwò geɖe wu.

      Ne èbua fɔ ɖokuiwò alo doa dziku le amea ƒe ku ta la, manyo be nàmia nu ɖe edzi o. Ke boŋ ele vevie ŋutɔ be nàgblɔ ale si nèle sesem le ɖokuiwò me la na xɔ̃wò aɖe si ase wò nyawo na wò ahaka ɖe edzi na wò be nenemae ame siwo dzi ku dzɔ ɖo la dometɔ geɖe sena le wo ɖokui me. Biblia ɖo ŋku edzi na mí be: “Xɔlɔ̃ vavã lɔ̃a ame ɣeawokatãɣi, eye ame nɔvi wònye wodzi ɖe xaxagbe ŋu.”—Lododowo 17:17.

      Mía Wɔla Yehowa Mawue nye Ame nyuitɔ kekeake si ame si le nu xam la ate ŋu adze xɔlɔ̃e. Do gbe ɖa nàgblɔ wò dzimenyawo nɛ, elabena ‘eléa be na wò.’ (1 Petro 5:7) Gawu la, edo ŋugbe be “Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la” ana ame siwo katã wɔe alea la ƒe dzi nadze eme eye woƒe susu nadze akɔ anyi. (Filipitɔwo 4:6, 7) Gakpe ɖe eŋu la, na Mawu nada gbe le ŋuwò to eƒe Nya, Biblia, si me nyawo faa akɔ na ame la dzi. Ŋlɔ mawunyakpukpui siwo faa akɔ na ame la ɖi na ɖokuiwò. (Kpɔ aɖaka si le ete.) Ðewohĩ àdi be yealé wo dometɔ ʋɛ aɖewo ɖe susu me. Ne mawunyakpukpui mawo le susu me na wò la, woate ŋu anye kpekpeɖeŋu gã aɖe na wò, vevietɔ le zã me ne wò ɖeɖe nèli eye alɔ̃dɔdɔ zu dɔ na wò.—Yesaya 57:15.

      Ŋutsu aɖe si míayɔ be Jack, si xɔ ƒe 40 la, srɔ̃ ku nyitsɔ laa le dɔdzẽ (alo kansa) ta. Jack gblɔ be ɣeaɖewoɣi la, yetsi akogo vevie. Ke hã gbedodoɖa kpe ɖe eŋu. Egblɔ be: “Ne medo gbe ɖa na Yehowa la, nyemegasea akogotsitsi ŋkɔ o. Zi geɖe la, menyɔna tso alɔ̃ me eye alɔ̃ meganya dɔna nam o. Gake ne mexlẽ mawunyakpukpui siwo faa akɔ nam hede ŋugble le wo ŋu eye medo gbe ɖa hegblɔ nye dzimenyawo na Mawu la, mekpɔa ŋutifafa le ememe, esia nana nye dzi dzea eme bɔkɔɔ eye nye susu dzea akɔ anyi, si wɔnɛ be megayia alɔ̃ me.”

      Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Vanessa la dada dze dɔ eye wòku. Eya hã kpɔ ale si gbegbe gbedodoɖa kpena ɖe ame ŋui. Egblɔ be: “Ne nuxaxa wu tsɔtsɔ nam la, ɖeko meyɔa Mawu ƒe ŋkɔ hedea asi avifafa me. Yehowa se nye gbedodoɖawo eye wòdo ŋusẽm.”

      Agbalẽnyala siwo srɔ̃ nu tso nuxaxa ŋu la dometɔ aɖewo ɖo aɖaŋu na ame siwo kpɔtɔ le nu xam le woƒe ame vevi aɖe ƒe ku ta la be woawɔ nu siwo aɖe vi na ame bubuwo alo woatsɔ wo ɖokuiwo ana faa akpɔ gome le kpekpeɖeŋunanadɔ aɖe me. Esia wɔwɔ ana amea nakpɔ dzidzɔ eye eƒe nuxaxa dzi naɖe akpɔtɔ. (Dɔwɔwɔwo 20:35) Kristotɔ siwo le woƒe ame vevi siwo ku fam la dometɔ geɖe kpɔe be kpekpeɖeŋunana ame bubuwo wɔnɛ be yewokpɔa dzidzeme geɖe.—2 Korintotɔwo 1:3, 4.

      a Esia menye Biblia ƒe nufiafia o. Biblia na míenya nu etɔ̃ siwo tae amewo kuna ɖo.—Nyagblɔla 9:11; Yohanes 8:44; Romatɔwo 5:12.

      MAWUNYAKPUKPUI SIWO FAA AKƆ NA AME

      • Mawu sea veve ɖe nuwò ne èle nu xam.—Psalmo 55:22; 1 Petro 5:7.

      • Mawu sea esubɔlawo ƒe gbedodoɖawo dzigbɔɖitɔe.—Psalmo 86:5; 1 Tesalonikatɔwo 5:17.

      • Mawu di vevie be yeagakpɔ ame siwo ku la ake.—Hiob 14:13-15.

      • Mawu do ŋugbe be yeafɔ ame siwo ku la ɖe tsitre.—Yesaya 26:19; Yohanes 5:28, 29.

  • Akɔfafa Na Ame Siwo Le Nu Xam
    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míemana)—2016 | No. 3
    • NYATI SI LE AKPAA DZI | NE WÒ AME VEVI AÐE KU

      Akɔfafa Na Ame Siwo Le Nu Xam

      Vifofo aɖe kple viaŋutsuvi dzaa wole ameɖibɔ me

      Ðe wòdzɔ ɖe dziwò kpɔ be mènya nu si nàwɔ atsɔ akpe ɖe wò lɔlɔ̃tɔ aɖe si le eƒe ame vevi aɖe si ku fam la ŋu oa? Ɣeaɖewoɣi la, míanya nya si míagblɔ alo nu si tututu míawɔ o, si wɔnɛ be míenɔa anyi kpoo naneke mawɔmawɔe. Ke hã nu ŋutɔŋutɔwo li míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe amea ŋu.

      Zi geɖe la, nu si hiã koe nye amea gbɔ nɔnɔ kple akɔfanya kpui aɖe abe, “Baba na wò seea,” gbɔgblɔ ene. Le teƒe geɖewo la, asikpakpla kɔ na amea alo eƒe alɔnu léle ɖetsɔlemetɔe hã aɖee afia be èle veve sem ɖe enu. Ne ame si dzi kua dzɔ ɖo la di be yeaƒo nu tso nudzɔdzɔa ŋu na wò la, ɖo toe veveseɖeamenutɔe. Esi ganyo wue nye be, nàwɔ nane atsɔ akpe ɖe ƒome si dzi kua dzɔ ɖo ŋu, ɖewohĩ ate ŋu anye aƒemedɔwo, abe nuɖaɖa, ɖeviawo gbɔ kpɔkpɔ, alo asikpekpe ɖe kunuwɔwɔa ƒe ɖoɖowo ŋu ene, ne wolɔ̃. Kpekpeɖeŋu siawo ate ŋu aɖe vi geɖe wu nya wɔdɔɖeamedziwo gbɔgblɔ gɔ̃ hã.

      Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, àdi be yeaƒo nu tso ame si ku la ŋu, ɖewohĩ àƒo nu tso eƒe nɔnɔme nyui aɖewo alo nu dodzidzɔname siwo miewɔ va yi ŋu. Esia ate ŋu ana ame si le nu xam la nako alɔgbɔnu gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, Pam si srɔ̃ŋutsu Ian ku ƒe ade ye nye esi va yi la gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, amewo gblɔa nu nyui siwo Ian wɔ siwo ŋu nyemenya naneke tsoe o la nam, eye esia doa dzidzɔ nam.”

      Numekulawo ka nya ta be amewo kpena ɖe ame siwo dzi ku dzɔ ɖo la ŋu le gɔmedzedzea me, gake ema megbe kpuie la, wo xɔlɔ̃awo ƒe susu dzona le wo dzi, elabena wogatrɔna ɖe woawo ŋutɔwo ƒe gbe sia gbe dɔwɔnawo ŋu. Eya ta le kua wɔwɔ vɔ megbe la, ɖoe wò taɖodzinu be yeanɔ xɔ̃wò si dzi kua dzɔ ɖo la srãm kpɔ edziedzi.a Ame siwo le woƒe ame vevi aɖe si ku fam la kpɔa ŋudzedze ɖe sasrãkpɔ siawo ŋu ŋutɔ, elabena ekpena ɖe wo ŋu wokpɔa gbɔdzɔe vie tso woƒe nuxaxaa me.

      Bu Japan ɖetugbui si ŋkɔe nye Kaori ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Eƒe dzi gbã gudugudu esime dadaa ku eye ɣleti 15 megbe ko nɔvianyɔnu tsitsitɔ hã ku. Gake dzidzɔtɔe la, xɔlɔ̃ vavãwo yi edzi nɔ kpekpeɖeŋu namee. Wo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Ritsuko, si tsi wu Kaori sãsãsã la, gblɔ nɛ be yeanye exɔlɔ̃ kplikplikpli. Kaori gblɔ be: “Ne mato nyateƒea, nyemekpɔ dzidzɔ ɖe eƒe susua ŋu o. Nyemedi be ame aɖeke nava xɔ ɖe danye teƒe o, eye nyemexɔe se be ame aɖe ate ŋu axɔ ɖe eteƒe hã o. Ke hã esi Mama Ritsuko wɔa nu ɖe ŋunye lɔlɔ̃tɔe ta la, nye kplii dome va le kplikplikpli. Kwasiɖa sia kwasiɖa la, nye kplii míewɔa nya nyui gbɔgblɔ dɔa ɖekae eye míeyia Kristotɔwo ƒe kpekpewo hã ɖekae. Ekpeam meva noa tii le egbɔ, eɖaa nu vɛ nam eye wòŋlɔa akɔfanyawo kple nyuidinamegbalẽwo nam enuenu. Nɔnɔme nyui siwo le Mama Ritsuko si la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ.”

      Ƒe wuieve ye nye esi va yi tso esime Kaori dada ku, eye egbea eya kple srɔ̃a wozãa woƒe ɣeyiɣi akpa gãtɔ tsɔ ɖea gbeƒã nya nyuia. Kaori gblɔ be: “Mama Ritsuko gakpɔtɔ tsɔ ɖe le eme nam kokoko. Ɣesiaɣi si metrɔ yi aƒe la, meyina ɖasrãnɛ kpɔna eye míekpɔa dzidzɔ le hadede tuameɖowo me.”

      Ame bubu si ŋu wokpe ɖo nenema ke lae nye Poli, si nye Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka, si le Cyprus. Sozos si nye Poli srɔ̃ la nye dɔmenyotɔ kple Kristotɔ dzikpɔla si ɖo kpɔɖeŋu nyui le beléle na hamea me tɔwo me. Ekpea tsɔ̃eviwo kple ahosiwo vaa eƒe me zi geɖe be yewoaɖu nu ahakpɔ gome le hadede tuameɖowo me. (Yakobo 1:27) Nublanuitɔe la, esi Sozos xɔ ƒe 53 la, nu te ahɔhɔ̃ me nɛ eye wòku. Poli gblɔ be: “Srɔ̃nye wɔnuteƒea si mía kplii míeli ƒe 33 la ku gblẽm ɖi.”

      Atsu kple asi aɖe tsɔ nuɖuɖu vɛ na vifofo aɖe kple viaŋutsuvi

      Di mɔ siwo dzi nàto akpe ɖe ame siwo dzi ku dzɔ ɖo la ŋu

      Esi wowɔ kua vɔ la, Poli kple viaŋutsuvi suetɔ Daniel, si xɔ ƒe 15 la, ʋu yi Canada. Esi woyi la, wowɔ ɖeka kple Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖe le afi ma. Poli gblɔ be: “Mía xɔlɔ̃ siwo le hame yeye sia me la menya naneke tso nu siwo dzɔ ɖe mía dzi va yi kple nɔnɔme sesẽ siwo me tom míenɔ ŋu o. Ke hã wodoa vivi ɖe mía ŋu hegblɔa dzideƒonyawo na mí, eye wonaa kpekpeɖeŋu siwo míehiã la mí. Woƒe ɖetsɔlemea kpe ɖe mía ŋu ŋutɔ, vevietɔ le ɣeyiɣi ma si me vinyeŋutsua hiã fofoa vevie wu! Ame siwo xɔa ŋgɔ le hamea me la tsɔ ɖe le eme na Daniel ale gbegbe. Wo dometɔ ɖeka ya kpɔa egbɔ be Daniel wɔ ɖeka kpli yewo kpakple xɔlɔ̃ bubuwo le hadede tuameɖowo me alo ɣesiaɣi si wodi be yewoaƒo bɔl vie.” Nuwo le edzi yim nyuie na vidada sia kple viaŋutsua siaa egbea.

      Nyateƒeae nye be, míate ŋu ato mɔ vovovowo dzi ana kpekpeɖeŋu ame siwo le woƒe ame vevi siwo ku fam la ahafa akɔ na wo. Biblia hã faa akɔ na mí kple etsɔmemɔkpɔkpɔ nyui aɖe.

      a Ame aɖewo dea dzesi kugbea ɖe woƒe ɣletigbalẽ dzi gɔ̃ hã be wòanye ŋkuɖodzi na yewo, ale be yewoate ŋu afa akɔ na ƒometɔawo le ɣeyiɣi si me wohiã nɛ wu, si nye kugbea loo alo ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ.

  • Ame Siwo Ku La Agava Nɔ Agbe Ake!
    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míemana)—2016 | No. 3
    • NYATI SI LE AKPAA DZI | NE WÒ AME VEVI AÐE KU

      Ame Siwo Ku La Agava Nɔ Agbe Ake!

      Àɖo ŋku edzi be Gail, nyɔnu si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati siwo do ŋgɔ dometɔ ɖeka me la, gblɔ be yemesusui be yeate ŋu ava dzudzɔ vevesese le ye srɔ̃, Rob, ƒe ku ta gbeɖe o. Ke hã ele mɔ kpɔm be yeagava kpɔe ake le xexe yeye si ƒe ŋugbe Mawu do la me. Egblɔ be: “Mawunyakpukpui si faa akɔ nam wue nye Nyaɖeɖefia 21:3, 4.” Afi ma gblɔ be: “Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo. Eye atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.”

      Gail gblɔ be: “Akɔfafa gã aɖee ŋugbedodo sia nye nam. Mesea veve ɖe ame siwo ƒe ame veviwo ku evɔ womenya naneke tso mɔkpɔkpɔ si nye be woagate ŋu ava kpɔ woƒe lɔlɔ̃tɔwo ake ŋu o la nu.” Le ɖekawɔwɔ me kple Gail ƒe dzixɔsewo la, etsɔ eɖokui na faa le gome kpɔm le nya nyui gbɔgblɔ dɔa me hele nu ƒom tso Mawu ƒe ŋugbedodo si nye be “ku maganɔ anyi akpɔ o” la ŋu na amewo.

      Hiob si nu te ŋuti na keŋ

      Hiob ka ɖe edzi be yeagava nɔ agbe ake

      Ðewohĩ asesẽ na wò be nàxɔe se be ku maganɔ anyi o. Gake bu ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Hiob ŋu kpɔ. Eva dze dɔ vevie ŋutɔ. (Hiob 2:7) Togbɔ be ku dzro Hiob hã la, exɔe se be ŋusẽ le Mawu si be wòafɔ ye ɖe tsitre yeaganɔ agbe le anyigba dzi ake. Egblɔ kakaɖedzitɔe be: “Oo, ne ɖe nàɣlam ɖe Tsiẽƒe . . . ɖe! Àyɔm, eye matɔ na wò. Wò asinudɔwɔwɔ ƒe nu [adzro wò] vevie.” (Hiob 14:13, 15) Hiob ka ɖe edzi be yeƒe Mawu asusu ye eye wòadi vevie be yeafɔ ye ɖe tsitre.

      Nu sia tututu wɔ ge Mawu le na Hiob kple ame gbogbo siwo xexlẽme meli na o la kpuie esime wòava trɔ anyigbaa wòazu paradiso. (Luka 23:42, 43) Biblia ɖo kpe edzi le Dɔwɔwɔwo 24:15 be “tsitretsitsi li” na kukuawo. Eye Yesu ka ɖe esia dzi na mí esi wògblɔ be: “Esia megawɔ mo yaa na mi o, elabena gaƒoƒo la gbɔna, esi me ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ase eƒe gbe, eye woado go.” (Yohanes 5:28, 29) Hiob akpɔ ŋugbedodo ma me vava teƒe. Mɔnukpɔkpɔ asu esi be “eƒe ɖekakpuimeŋusẽ [nagaɖo] eŋu,” eye eƒe ŋutilã ‘azu yeye wu ale si wònɔ le eƒe ɖevime’ yi ɖe mavɔmavɔ me. (Hiob 33:24, 25) Esi Mawu kpɔ nublanui na ameƒomea ta la, nenema kee wòava eme na ame siwo katã akpɔ ŋudzedze ɖe ɖoɖo si Mawu wɔ be yeafɔ ame siwo ku la ɖe tsitre woava nɔ agbe le anyigba dzi la ŋu.

      Ne èle nu xam le wò ame vevi aɖe ƒe ku ta la, ɖewohĩ nya siwo me míedzro la maɖe wò nuxaxaa ɖa keŋkeŋ ya o. Ke hã ne wò susu le Mawu ƒe ŋugbedodo siwo le Biblia me dzi la, mɔkpɔkpɔ vavã asu asiwò eye wòana ŋusẽ yeye nàɖo ŋuwò.—1 Tesalonikatɔwo 4:13.

      Àdi be yeasrɔ̃ nu geɖe wu tso ale si nàwɔ ado dzi ne èle wò ame vevi aɖe si ku fam ŋua? Alo ɖe nyabiase bubu siwo do ƒome kple nya sia abe, “Nu ka tae Mawu ɖe mɔ vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe li ɖo?” ene le asiwòa? Ekema míeɖe kuku, yi míaƒe Internet nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org/ee be nàkpɔ Biblia ƒe ŋuɖoɖo fakɔnamewo le afi ma.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe