Hadzidzi 70
Kpɔ “Nu Siwo Le Vevie Wu” La Dze Sii
1. Egbea, míehiã ŋuɖɔɖo be míanya
Nu siwo le vevie wu.
Be míanya nu siwo nye nyateƒe,
Anya nu siwo míawɔ;
Alé fu vɔ̃, Alɔ̃ nu nyui
Wòado dzidzɔ
Na mía Mawu; Míasrɔ̃ nu ɣesiaɣi,
Ado gbe ɖa.
Ɛ̃, nu vevi siawoe míawɔ ɖaa.
2. Oo, dɔ bubu kae gale vevie wu
Gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒea?
Míadi Mawu ƒe alẽ siwo bu,
Akpe ɖe wo ŋu woatia
Agbemɔ la; Ana woanya
Nyateƒe la.
Míaɖe lɔlɔ̃ vavãtɔ ’fia wo be
Woakpɔ ɖeɖe.
Gbeƒãɖeɖedɔa nye dɔ xɔasi!
3. Ne míewɔa nu si’o le vevie wu la,
Míaƒe xɔse ali ke.
Míakpɔ ŋutifafa vavã si doa
Ŋusẽ míaƒe mɔkpɔkpɔ.
Lɔlɔ̃ vavã, Xɔlɔ̃ nyuiwo
Adzi ɖe ’dzi.
Dzidzɔtɔwo míanye ne míekpɔa nu
Si’o le vevie
Wu dzea sii, wɔa nu si le ’teƒe.
(Kpɔ Ps. 97:10; Mat. 22:37; Yoh. 21:15-17; Dɔw. 10:42 hã.)