-
Nu Ka Tae Maganɔ Agbe Ðo?Nyɔ!—2014 | April
-
-
NYATI SI LE AKPAA DZI
Nu Ka Tae Maganɔ Agbe Ðo?
DIANAa nye ɖetugbui si ƒe tagbɔ kɔ, edoa vivi ɖe ame ŋu eye wòwɔa xɔlɔ̃. Togbɔ be nɔnɔme lédziname siawo le Diana si hã la, seselelãme ɖefuname aɖe ɖe kpe nɛ si nana wòsena le eɖokui me be yemele ɖeke me o. Ɣeaɖewoɣi la, seselelãme sia ɖea fu nɛ ŋkekewo, kwasiɖawo kple ɣletiwo. Egblɔ be: “Ku dzroam gbe sia gbe. Mexɔe se be xexea me anya nɔ na amewo wu ne meku.”
“Numekukuwo ɖee fia be ne ame ɖeka wu eɖokui la, ke ame 200 aɖewo ya tee kpɔ be yewoawu yewo ɖokuiwo eye ame 400 hã bu eŋu.”—THE GAZETTE, MONTREAL, CANADA.
Diana gblɔ be yemawu ye ɖokui gbeɖe ya o. Gake ɣeaɖewoɣi la, menyaa nu si koŋ tae wòagayi edzi anɔ agbe ɖo o. Egblɔ be: “Medina vevie be afɔku aɖe nadzɔ ɖe dzinye maku. Ku va zu nye velia, ke menye nye futɔ o.”
Ame geɖe sena le wo ɖokuiwo me abe Diana ene, eye wo dometɔ aɖewo hã susui alo tee kpɔ be yewoawu yewo ɖokui. Ke hã, numekulawo gblɔ be le ame siwo tee kpɔ be yewoawu yewo ɖokui ƒe akpa gãtɔ gome la, menye ɖe wodi ŋutɔŋutɔ be yewoaɖe yewoƒe agbe ɖa o. Ðeko wodi be yewoatsi yewoƒe fukpekpewo nu. Kpuie ko la, wokpɔe be susu aɖe le yewo si si ta wòle be yewoawu yewo ɖokui ɖo. Eya ta nu si hiã koe nye be woakpe ɖe wo ŋu woakpɔe be susu aɖewo li siwo tae wòle be woayi edzi anɔ agbe.
Nu ka tae wòle be nàyi edzi anɔ agbe ɖo? Kpɔ susu etɔ̃ siwo tae la ɖa.
a Míetrɔ ŋkɔa.
-
-
Elabena Nuwo Va TrɔnaNyɔ!—2014 | April
-
-
NYATI SI LE AKPAA DZI | NU KA TAE MAGANƆ AGBE ÐO?
1 Elabena Nuwo Va Trɔna
“Womimi mí ɖo le mɔ sia mɔ nu, gake menye ale gbegbe be míedo kpo ʋaʋã o; míetɔtɔ, gake menye be míenya nu si míawɔ kura o.”—2 KORINTOTƆWO 4:8.
Ameɖokuiwuwu le ko abe “ale si vuvɔ nawɔ ame wòati kpo adze dzo me” ene. Togbɔ be asesẽ na wò be nàxɔe ase hã la, ate ŋu adzɔ be nɔnɔme sesẽ si wu tsɔtsɔ na wò la manɔ anyi ɖaa o. Le nyateƒe me la, nuwo ate ŋu aɖɔ ɖo kpata.—Kpɔ aɖaka si nye “Woƒe Nɔnɔmeawo Trɔ.”
Ne nɔnɔmea meva trɔ o gɔ̃ hã la, anyo be nànɔ wò kuxiwo gbɔ kpɔm vivivi, gbe sia gbe kple etɔ. Yesu gblɔ be: “Migatsi dzimaɖi gbeɖe le etsɔ si gbɔna la ŋu o, elabena etsɔ si gbɔna la kple ye ŋutɔ ƒe dzimaɖitsitsiwoe. Ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe vɔ̃ la sɔ gbɔ nɛ.”—Mateo 6:34.
Ke ne wò nɔnɔmea mate ŋu atrɔ o, ɖewohĩ èle dɔ mavɔleameŋu aɖe lém ya ɖe? Ke ne wò nɔnɔmea nye esi ŋu màte ŋu awɔ naneke le o, ate ŋu anye be srɔ̃wò gbe wò alo wò ame vevi aɖe ku si tae dzi ɖe le ƒowò ɖo ya ɖe?
Ne ele alea gɔ̃ hã la, nane li si nàte ŋu atrɔ: eyae nye ale si nèbua wò nɔnɔmeae. Ne èse egɔme be agbea adoglomie wònye ɣi megbea enu nɔnɔ o eya ta nanewo li yemate ŋu atrɔ o la, ana nàda asɔ le ale si nèbua nɔnɔmeawoe me. (Lododowo 15:15) Ana hã be nàdi mɔ nyuitɔ si dzi nàto anɔ te ɖe kuxia nu tsɔ wu be nàɖe wò agbe ɖa. Vi kae esia aɖe na wò? Ana nànɔ te ɖe nɔnɔme siwo dze abe ɖe wowu tsɔtsɔ na wò ene la nu.—Hiob 2:10.
ÐO ŊKU NYA SIA DZI: Màte ŋu alia to gã nyadri aɖe zi ɖeka o, ke hã àte ŋu aliae vivivi. Aleae wòle le kuxi sesẽ siwo míedoa goe siwo le abe to gã nyadriwo ene la hã gome.
NU SI NÀTE ŊU AWƆ EGBEA: Ƒo nu tso wò kuxia ŋu na ame aɖe, ate ŋu anye xɔ̃wò alo wò ƒometɔ aɖe. Ðewohĩ ame ma ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàbu wò nɔnɔmeawo ŋu le mɔ si da sɔ nu.—Lododowo 11:14.
-
-
Elabena Kpekpeɖeŋu LiNyɔ!—2014 | April
-
-
NYATI SI LE AKPAA DZI | NU KA TAE MAGANƆ AGBE ÐO?
2 Elabena Kpekpeɖeŋu Li
‘Midro miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe Mawu dzi, elabena eléa be na mi.’—1 PETRO 5:7.
Ne ewɔ na wò be naneke meli yeate ŋu awɔ tso wò nɔnɔmea ŋu o la, ɖewohĩ àse le ɖokuiwò me be ne yekua enyo wu. Gake kpɔ nu siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò la dometɔ aɖewo ɖa.
Gbedodoɖa. Menye nuwɔna dzro aɖe si nana be ame kpɔa gbɔdzɔe alo ame siwo nu glo ƒe nuwɔna dzro aɖe koe gbedodoɖa nye o. Enye nuƒoƒo ŋutɔŋutɔ kple Yehowa Mawu, ame si tsɔa ɖe le eme na wò. Yehowa di be nàgblɔ wò dzimenyawo na ye. Biblia ŋutɔ hã gblɔ be: “Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔ tawò.”—Psalmo 55:23.
Ðe manyo be nàdo gbe ɖa na Mawu egbea oa? Yɔ eŋkɔ Yehowa eye nàgblɔ wò dzimenyawo nɛ. (Psalmo 62:9) Yehowa di be nànya ye abe ale si xɔlɔ̃wo nyaa wo nɔewo ene. (Yesaya 55:6; Yakobo 2:23) Àte ŋu ado gbe ɖa nɛ ɣesiaɣi le afi sia afi.
Le Amerikatɔwo Ƒe Mɔxexe Ðe Ameɖokuiwuwu Nu Habɔbɔ ƒe nyatakakawo nu la, “numekukuwo ɖee fia enuenu be ame siwo wua wo ɖokui ƒe akpa gãtɔ, anɔ abe 90 le alafa me alo esi wu ema ene, nɔ susumedɔ lém le ɣeyiɣi si me wowu wo ɖokui. Zi geɖe la, womenyana be dɔa le ameawo ŋu kaka woahayi eda ge o”
Ame siwo lɔ̃ wò. Amewo tsɔ ɖe le eme na wò. Ame siawo dometɔ aɖewoe nye wò ƒometɔwo alo xɔ̃wòwo, siwo ɖee fia xoxo be yewotsɔ ɖe le eme na wò. Ame siwo tsɔ ɖe le eme na wò la dometɔ aɖewo hã nye ame siwo menya tsã o. Le kpɔɖeŋu me, ne Yehowa Ðasefowo le gbeƒã ɖem ɣeaɖewoɣi la, wodoa go ame siwo ƒo dzi ɖe le, eye ameawo dometɔ aɖewo gblɔna na wo be yewodi kpekpeɖeŋu ʋuu wòglo eya ta yewodi be yewoawu yewo ɖokui. Gbeƒãɖeɖe tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu na mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ Yehowa Ðasefowo wokpe ɖe ame siawo tɔgbi ŋu. Yehowa Ðasefowo srɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋua eye woawo hã wotsɔa ɖe le eme na wo haviwo. Wotsɔ ɖe le eme na wò hã.—Yohanes 13:35.
Ðɔktawo. Zi geɖe la, susumedɔlélewo, abe blanuiléledɔ sesẽ ene, ye nana be ameɖokuiwuwu ƒe dzodzro nyɔna ɖe amewo me. Abe ale si ko ne wò lãme gblẽ mekpea ŋu na wò o ene la, mele be susumedɔléle hã nakpe ŋu na wò o. Le nyateƒe me la, blanuiléledɔ le abe kpeƒoame ene. Ate ŋu aƒo ame sia ame ƒomevi faa, eye woate ŋu adae hã.a
ÐO ŊKU NYA SIA DZI: Zi geɖe la, blanuiléledɔ le abe do globo aɖe ene, màte ŋu ado le eme le ɖokuiwò si o. Gake ne ame aɖe kpe ɖe ŋuwò la, àte ŋu ado le eme bɔbɔe.
NU SI NÀTE ŊU AWƆ EGBEA: Di ɖɔkta aɖe si bi ɖe susumedɔlélewo, abe blanuiléledɔ ene, dada me wòakpe ɖe ŋuwò.
a Ne ameɖokuiwuwu ƒe dzodzroa nu sẽ ɖe mewò eye wògbe dzodzo la, di kpekpeɖeŋu, ate ŋu anye tso dɔwɔƒe alo kɔdzi siwo kpena ɖe ame siwo di be yewoawu yewo ɖokuiwo la ŋu la gbɔ nenye be ɖe li. Dɔwɔla bibi siwo wona hehee nyuie la le teƒe mawo akpe ɖe ŋuwò.
-
-
Elabena Mɔkpɔkpɔ LiNyɔ!—2014 | April
-
-
NYATI SI LE AKPAA DZI | NU KA TAE MAGANƆ AGBE ÐO?
3 Elabena Mɔkpɔkpɔ Li
“Ke ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”—PSALMO 37:11.
Biblia gblɔ be amegbetɔwo ƒe agbe me yɔ fũu kple “fuɖeɖe” sɔŋ. (Hiob 14:1) Egbea nya vɔ̃wo dzɔna ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe dzi. Esia nana be mɔkpɔkpɔ buna ɖe ame aɖewo keŋkeŋ abe ɖe etsɔme nyui aɖeke megali na wo o ene. Aleae nèsena le ɖokuiwò mea? Ne nenemae la, ke ka ɖe edzi be mɔkpɔkpɔ vavã aɖe le Biblia me na wò kple ameƒome bliboa siaa. Le kpɔɖeŋu me:
Biblia fia nu be Yehowa ɖo tame nyui aɖe ɖe mía ŋu.—1 Mose 1:28.
Yehowa do ŋugbe be yeana míaƒe anyigba nazu paradiso.—Yesaya 65:21-25.
Ŋugbedodo ma ava eme godoo. Nyaɖeɖefia 21:3, 4 gblɔ be:
“Mawu ƒe agbadɔ la le amegbetɔwo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woanye eƒe dukɔwo. Eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo. Eye wòatutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.”
Menye drɔ̃e dzro aɖe ko mɔkpɔkpɔ sia nye o. Yehowa Mawu ɖoe kplikpaa be yeana esia nava eme, eye ŋusẽ le esi wòate ŋu awɔ esia eye edi hã be yeawɔe. Kakaɖedzi le mɔkpɔkpɔ si le Biblia me la ŋu. Eye àte ŋu akpɔ biabia si nye, “Nu ka tae maganɔ agbe ɖo?” ƒe ŋuɖoɖo fakɔnamewo le eme.
ÐO ŊKU NYA SIA DZI: Togbɔ be wò seselelãmewo ate ŋu anyama wò abe ale si ƒu dzeagbo nyamaa tɔdziʋu ene hã la, mɔkpɔkpɔgbedeasi si le Biblia me la le abe seke si ana nàli ke sesĩe ene.
NU SI NÀTE ŊU AWƆ EGBEA: Dze agbagba nàsrɔ̃ nu tso etsɔmemɔkpɔkpɔ vavã si ŋu Biblia ƒo nu tsoe la ŋu. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò. Àte ŋu ate ɖe wo ŋu le miaƒe nutoa me alo àte ŋu ake ɖe nyatakaka vevi aɖewo ŋu le woƒe nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org.a
a Aɖaŋuɖoɖo: Ʋu jw.org, eye nàyi ɖe AGBALẼWO > INTERNET DZI AGBALẼDZRAÐOƑE. Ne èɖo afi ma la, ŋlɔ nya siwo nye “blanuiléledɔ” alo “ameɖokuiwuwu” ɖe nyadiƒea ne nàkpɔ nyatakaka geɖe.
-