-
Xexeame Katã Ƒe Kuxi AɖeNyɔ!—2001 | November 8
-
-
Xexeame Katã Ƒe Kuxi Aɖe
“Ameɖokuiwuwu nye dumeviwo ƒe lãmesẽkuxi dziŋɔ aɖe.”—David Satcher, amekolagã si tso United States ye gblɔe le ƒe 1999 me.
NYA mawoe nye gbãtɔ le ŋutinya me si amekolagã si tso United States gblɔ tso ameɖokuiwuwu ŋu wònye nusi ka amesiame. Ame gbogbo siwo wua wo ɖokui le dukɔ ma me sɔ gbɔ wu esiwo ame bubuwo wuna. Mewɔ nuku o be United States ƒe Sewɔha gblɔ be woabu mɔxexe ɖe ameɖokuiwuwu nu be enye nu vevitɔ si ŋu wòle be dukɔa katã nalé ŋku ɖo.
Ke hã ame gbogbo siwo wua wo ɖokui le United States si nye ame 11.4 le 100,000 me le ƒe 1997 mede esiwo ŋu nya Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔa ta le ƒe 2000 me—si nye ame 16 le 100,000 tɔ nu o. Ameɖokuiwuwu dzi ɖe edzi alafa memama 60 le ƒe 45 siwo va yi me le xexeame katã. Fifia le ƒe ɖeka ɖesiaɖe me la, amesiwo ade miliɔn ɖeka ye wua wo ɖokui le xexeame godoo. Esia fia be ame ɖeka ɖesiaɖe kuna le sɛkɛnd 40 me!
Gake akɔntabubu mate ŋu aƒo nu tso kuxia katã ŋu o. Le go geɖe me la, ƒometɔ aɖewo gbena be amesi ku la mewu eɖokui o. Azɔ hã wobu akɔnta be le ameɖokuiwuwu ɖesiaɖe me la, tso 10 vaseɖe 25 ye nye esi wɔwɔ wote kpɔ. Numekuku aɖe ɖee fia be, sukuvi 27 le alafa me le suku kɔkɔ aɖe me le United States gblɔ be le ƒe siwo va yi me la, wobu wo ɖokuiwuwu ŋu kpɔ vevie; eye amesiwo wobia gbee dometɔ 8 le alafa me gblɔ be yewote yewo ɖokui wuwu kpɔ. Numekuku bubu aɖe hã ɖee fia be tso ame tsitsi 5 va ɖo 15 ye bu wo ɖokuiwuwu ŋu kpɔ le ɣeaɖewoɣi me.
Dekɔnuwo ƒe Vovototo
Alesi amewo bua ameɖokuiwuwu to vovo kura. Ame aɖewo bunɛ be enye hlɔ̃nuwɔwɔ, bubuwo bunɛ vɔvɔ̃nɔtɔwo ƒe sisi le nane nu, ke hã ame aɖewo bunɛ mɔ vevi aɖe si dzi woato atsɔ abia tsɔtsɔke le vodada aɖe wɔwɔ ta. Ame aɖewo bunɛ be enye mɔ nyuitɔ si dzi woato azi nane wɔwɔ ɖe ame dzi kura gɔ̃ hã. Nukatae nukpɔsusuawo to vovo? Dekɔnuwo wɔa akpa vevi aɖe le eŋu. Le nyateƒe me, The Harvard Mental Health Letter doe ɖa be dekɔnuwo ate ŋu “ade ameɖokuiwuwu ƒe dzi ƒo.”
Bu dukɔ aɖe si le titina Europa—si nye Hungary ŋu kpɔ. Ðk. Zoltán Rihmer ƒo nu tso ameɖokuiwuwu si bɔ ɖe Hungary ŋu be enye “‘kɔnyinyi’ si gbã dzi na ame.” Béla Buda, si nye Hungary Dukɔ ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ ƒe dɔmemegã de dzesii be, Hungarytɔwo wua wo ɖokui yakayaka le nya sia nya ta. Buda gblɔ be nya si nye, “ele kansa lém—enya alesi wòawɔ aɖe kuxia ɖa,” nye nyagbɔgblɔ si bɔ.
Subɔsubɔkɔnu aɖe nɔ India tsã si woyɔna be sutte. Togbɔ be nuwɔna sia si me ahosiwo tsɔa wo ɖokui ƒua nake babla siwo dzi wotɔ dzo wo srɔ̃wo ɖo nye esi ŋu wode se ɖo xoxo hã la, egakpɔtɔ li koko. Esi woka nyata be nyɔnu aɖe wu eɖokui to mɔ sia dzi la, afimatɔ geɖe kafu afɔku sia. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye India Today gblɔ be le India ƒe akpa ma la: “Nyɔnu siwo ade 25 ye tɔ dzo wo ɖokui le nake xɔxɔ si dzi wotɔ dzo wo srɔ̃ kukuwo le le ƒe 25 me.”
Nukutɔe le Japan la, amesiwo wua wo ɖokui sɔ gbɔ zi gbɔ zi etɔ̃ wu amesiwo kuna le ʋufɔkuwo me! Agbalẽ si nye Japan—An Illustrated Encyclopedia gblɔ be: “Japan ƒe dekɔnu si metsia tre ɖe ameɖokuiwuwu ŋu o la xɔ ŋkɔ le kɔnuwɔwɔ kple nuwɔna (si woyɔ be seppuku alo hara-kiri) si me ame ŋutɔ sia eya ŋutɔ ƒe ƒodo le.
Inazo Nitobel si va zu dɔdzikpɔlagã ƒe kpeɖeŋutɔ na Dukɔwo ƒe Nubabla emegbe ƒo nu tso kɔnu wɔdɔɖeamedzi sia ŋu le eƒe agbalẽ si nye Bushido—The Soul of Japan me. Eŋlɔ be: “Titinaɣeyiɣiwo ƒe nutovɛ [seppuku] sia nye nuwɔna si dzi aʋawɔlawo tona klɔa hlɔ̃ siwo wodo la ɖa, ɖea kuku ɖe woƒe vodadawo ta, ƒoa asa na ŋukpe, tsɔ ɖea wo xɔlɔ̃wo, alo tsɔ ɖea woƒe nuteƒewɔwɔ fiana.” Togbɔ be ameɖokuiwuwu ƒe kɔnuwɔwɔ sia nye blema nuwɔna hã la, ame ʋɛ aɖewo gawɔnɛ esi wòkpɔ ŋusẽ ɖe ame geɖe dzi ta.
Le go bubu me la, wobua ameɖokuiwuwu be enye hlɔ̃dodo le Kristodukɔ me ɣeyiɣi didi enye esia. Le ƒe alafa adelia kple adrelia me la, Roma Katoliko Ha la gbea amesiwo wu wo ɖokui eye womewɔa kusɔleme na wo o. Le teƒe aɖewo la, veviedodo mawusubɔsubɔ na woto kɔnu wɔmoya aɖe si ku ɖe ameɖokuiwuwu ŋu vɛ—siwo dometɔ aɖe enye ŋutilãkuku hehe ɖe ati ŋu kple ati ƒoƒo ɖe woƒe dzi me kura gɔ̃ hã.
Mewɔ nuku be amesiwo te wo ɖokuiwuwu kpɔ ate ŋu ahe ku ava wo ɖokui dzi o. Wohe ƒe alafa 19 lia me England ŋutsu aɖe ɖe ati ŋu esi wòte kpɔ be yeatso vehlo na eɖokui ta. Esia fia be dziɖuŋusẽwo wu nusi ŋutsua ŋutɔ mete ŋu wɔ o nu. Togbɔ be tohehe si wonaa amesiwo te wo ɖokuiwuwu kpɔ va trɔ le ƒe aɖewo megbe hã la, ƒe 1961 mee Britain ƒe Sewɔtakpekpe gblɔ be ameɖokuiwuwu kple esiwo wote kpɔ siaa meganye hlɔ̃dodo o. Ameɖokuiwuwu kpɔtɔ nye hlɔ̃dodo vaseɖe ƒe 1993 me.
Egbea la, agbalẽŋlɔla aɖewo dea ameɖokuiwuwu ƒe dzi ƒo be enye mɔ bubu si woatia. Agbalẽ aɖe si woŋlɔ le ƒe 1991 me be wòakpe ɖe amesiwo le kuba dzi ŋu la kafu ameɖokuiwuwu be enye mɔ si dzi woato aɖe ame ƒe agbe ɖa. Emegbe amesiwo mele kuba dzi o hã zã mɔ siwo wokafu dometɔ ɖeka.
Ðe ameɖokuiwuwu nye ame ƒe kuxiwo gbɔ kpɔnu ŋutɔŋutɔa? Alo susu nyuiwo li si ta woayi edzi anɔ agbea? Hafi míade ŋugble le nyabiabia mawo ŋu la, mina míalé ŋku ɖe nusiwo kplɔa ame dea ameɖokuiwuwu me ŋu.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 21]
Le ƒe ɖeka me la, amesiwo ade miliɔn ɖekae wua wo ɖokui le xexeame godoo. Esia fia be ame ɖeka kuna le sɛkɛnd 40 ɖesiaɖe me!
-
-
Nusita Amewo Ðea Woƒe Agbe ÐaNyɔ!—2001 | November 8
-
-
Nusita Amewo Ðea Woƒe Agbe Ða
“Susu siwo naa amewo wua wo ɖokui nɔa wo tɔxɛ wo tɔxɛe: susu ɣaɣlawo ŋutɔe wonyena, womenɔa nyanya o, eye wodzia ŋɔ ale gbegbe.”—Kay Redfield Jamison, tagbɔdɔdala.
“AGBENƆNƆ wɔ nublanui.” Nya siae Ryunosuke Akutagawa, Japantɔ nuŋlɔla xɔŋkɔ si nɔ anyi le ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze ŋlɔ teti hafi wu eɖokui. Gake eŋlɔ nya siawo do ŋgɔ na nya mawo be: “Nyateƒee, nyemedi be maku o, gake . . .”
Abe Akutagawa ene la, menye ɖe ame geɖe siwo wua wo ɖokui dina be woaku o ke boŋ abe alesi susuŋutinunyafiala aɖe gblɔe ene la, “ɖe wodina be yewoaɖe kuxi siwo le edzi yim ɖa” hafi. Nya siwo dzena le nuŋlɔɖi siwo ameɖokuiwulawo ŋlɔna me ɖo kpe nya sia dzi. Nyagbɔgblɔwo abe ‘Nyemagate ŋui azɔ o’ alo ‘Nukata magayi edzi anɔ agbe?’ ene ɖea didi vevie si le wo me be yewoasi le agbe me fukpekpe sesẽwo nu fiana. Gake dɔdamɔnufiala aɖe ɖɔ ameɖokuiwuwu be enye “nukliabɔmb tsɔtsɔ da wɔɖi ene.”
Togbɔ be susu siwo ta amewo wua wo ɖokui le vovovo hã la, agbemenudzɔdzɔ aɖewoe naa amewo wua wo ɖokui.
Nudzɔdzɔ Siwo Henɛ Vɛ
Mewɔ nuku be susu siwo ta mɔkpɔkpɔ buna ɖe sɔhɛwo eye wowua wo ɖokui la adze nu tsɛe na ame bubuwo ya o. Ne wodze agɔ le sɔhɛwo dzi eye womete ŋu le naneke wɔm tso eŋu o la, wobunɛ be ne yewoku la, ke yewo wɔe ɖe amesiwo dze agɔ ɖe yewo dzi ŋu. Hiroshi Inamura, amesi bi ɖe ameɖokuiwulawo ƒe nyawo gbɔ kpɔkpɔ me le Japan, ŋlɔ be: “Didi dzroame aɖe si le ɖeviwo me enye be yewoaɖo eteƒe na amesi wɔ fu yewo to yewo ŋutɔwo ƒe ku dzi.”
Numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa le Britain ɖee fia be ne wowɔ anyra le ɖeviwo ŋu vevie la, wo ɖokui wuwu tete kpɔ yia dzi zi gbɔ zi adre. Nuteɖeamedzi siwo me ɖevi siawo tona nyea nu ŋutɔŋutɔ. Ŋutsuvi aɖe si xɔ ƒe 13 si de ka ve la gblẽ nuŋlɔɖi kpui aɖe si me wòŋlɔ ame atɔ̃ siwo wɔ funyafunyae hexɔ ga le esi sesẽe la ƒe ŋkɔwo ɖi. Eŋlɔ be, “Taflatse mixɔ na ɖevi bubuawo.”
Ame bubuwo adi be yewoaɖe woƒe agbe ɖa ne woge ɖe kuxiwo me le suku alo wodze se me, ne ahiãdzedze aɖe me gblẽ na wo, ne womekpɔ dzidzedze le suku dodokpɔ me o, ne nu te ɖe wo dzi le dodokpɔ ŋɔŋlɔ me, alo ne dzitsitsi ɖe etsɔme ŋu gba dzi na wo. Le sɔhɛ siwo dzea agbagba vevie le sukudɔwo me siwo bua wo ɖokui dzidzedzekpɔlawoe gɔ̃ hã dome la, megbedede vi aɖe alo dɔ nyui mawɔmawɔ—eɖanye nu ŋutɔŋutɔ alo nu susukpɔ o—ate ŋu ana woate wo ɖokui wuwu kpɔ.
Le ame tsitsiwo gome la, ganyawo alo dɔwɔƒe ƒe kuxiwo nyea nudzɔdzɔ siwo henɛ vɛ. Le Japan la, ameɖokuiwuwu dzi ɖe edzi wu ame 30,000 le ƒe ɖeka me esime ganyawo va nɔ to yim ƒe aɖewoe nye esia. Mainichi Daily News ƒe nyawo ɖee fia be ŋutsu siwo xɔ ƒe blaene vaseɖe blaade siwo wua wo ɖokui dometɔ etɔ̃ le ene ɖesiaɖe kloe me wɔ esia “le kuxi siwo tso fenyinyi, agbaɖuɖu le asitsanyawo me, hiãkame kple dɔmakpɔwɔe gbɔ ta.” Ƒomekuxiwo hã ate ŋu ana amewo nawu wo ɖokui. Finlandtɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ka nya ta be: “Ŋutsu tsitsi siwo ƒe srɔ̃ɖeɖe me gblẽ nyitsɔ laa sia” enye ƒuƒoƒo siwo ɖo afɔku me wu dometɔ ɖeka. Numekuku aɖe si wowɔ le Hungary ɖee fia be wonyi nyɔnuvi siwo dea ŋugble le wo ɖokui wuwu ŋu ƒe akpa gãtɔ le aƒe siwo gbã me.
Dzudzɔxɔxɔledɔme kple lãmegbegblẽ hã nyea nudzɔdzɔ gã siwo naa amewo wua wo ɖokui, vevietɔ le ame tsitsiwo gome. Zi geɖe la, wobua ameɖokuiwuwu be enye kuxia gbɔ kpɔnu, menye esi dɔlélea nye esi womate ŋu ada ta ko o, ke esi dɔnɔa kpɔe be fukpekpea wu tsɔtsɔ na ye ta.
Gake menye amesiamee wɔa nu ɖe nudzɔdzɔ siawo ŋu to wo ɖokui wuwu me o. Ðe ema teƒe la, ne ame akpa gãtɔ do go kuxi sesẽ mawo tɔgbe la, womeɖea woƒe agbe ɖa o. Ekema nukatae ame aɖewo bua ameɖokuiwuwu be enye kuxia gbɔ kpɔnu esime ame akpa gãtɔ ya mebunɛ nenema o?
Nu Vevi Siwo Gbɔ Wòtsona
Kay Redfield Jamison si nye tagbɔdɔléleŋutinunyalagã le Johns Hopkins ƒe Yunivɛsiti Atikewɔwɔ Suku gblɔ be: “Ameɖokuiwuwu ƒe nyametsotso ƒe akpa gãtɔ nɔ te ɖe nusi wobu tso nudzɔdzɔ aɖewo ŋu dzi.” Egagblɔ kpee be: “Ne ame akpa gãtɔ ƒe susu le te la, womebua nudzɔdzɔ aɖeke be edo fievo ale gbegbe be woawu wo ɖokui o.” Eve K. Mościcki, si tso United States Dukɔa ƒe Tagbɔdɔléle Ŋuti Nusrɔ̃ƒe, de dzesii be nu geɖe—siwo dometɔ aɖewo medzena o—ƒoa ƒu nana wowɔa afɔɖeɖe aɖewo ɖe ame ƒe agbe ɖeɖeɖa ŋu. Nu mawo siwo medzena o ƒe ɖewoe nye tagbɔdɔ kple numame ƒe kuxiwo, domenyiŋusẽ, kple ahɔhɔ̃a ƒe dɔwɔwɔ. Mina míade ŋugble le wo dometɔ aɖewo ŋu.
Nusiawo dometɔ vevitɔ enye tagbɔdɔ kple numame ƒe fuɖename siwo tsoa blanuiléle, blanuiléle si nu sẽ, nuŋububu kple seselelãme ƒe tɔtɔ, kple ahatsunono alo atikevɔ̃ɖizazã gbɔ. Numekuku siwo wowɔ le Europa kple United States ɖee fia be dɔléle siawo gbɔe wòtso be amesiwo wu 90 le alafa me wu wo ɖokui. Le nyateƒe me, numekula siwo tso Sweden de dzesii be le ŋutsu siwo ŋu womekpɔ dɔ sia ƒomevi aɖeke le o dome la, ameɖokuiwuwu ƒe dzidziɖedzi nɔ ame 8.3 le 100,000 ɖesiaɖe me, gake le amesiwo lé blanui gome la, edzi ɖe edzi va ɖo 650 le 100,000 me! Eye eŋutinunyalawo gblɔ be susu siwo nana amewo wua wo ɖokui ɖi esiwo le Ɣedzeƒe dukɔwo me. Gake blanuiléle kple nudzɔdzɔ siwo hea ame dea ameɖokuiwuwu me la siaa mate ŋu anye nusi ana ameɖokuiwuwu nanye nusi womate ŋu aƒo asa na o.
Nufialagã Jamison si ŋutɔ te eɖokui wuwu kpɔ gblɔ be: “Amewo te ŋu nɔa te ɖe blanuiléle nu alo doa dzi le eme zi alesi woka ɖe edzi be nuwo ava ɖɔ ɖo.” Gake ede dzesii be ne mɔkpɔkpɔbuɖeame va le dzidzim ɖe edzi eye wòwu tsɔtsɔ la, ŋutete si le ahɔhɔ̃a si be wòaxe mɔ ɖe ameɖokuiwuwu ƒe dzodzrowo nu va gbɔdzɔna vivivi. Etsɔ nɔnɔmea sɔ kple alesi ʋu ƒe brake nyinae wòzua falɛfalɛ to ezazã fũ akpa me.
Ele vevie be woade dzesi nɔnɔme mawo elabena woate ŋu ada blanuiléle. Woate ŋu atrɔ asi le wɔnamanɔameŋu ƒe seselelãmewo ŋu. Ne wokpɔ nɔnɔme vevi siwo nana wowua ame ɖokui gbɔ la, enana amewo te ŋu wɔa nu ɖe dzigbagbã kple nuteɖeamedzi siwo kplɔa ame dea ameɖokuiwuwu me zi geɖe ŋu le mɔ bubu kura nu.
Ame aɖewo susui be domenyiŋusẽ ate ŋu anye nu vevi si gbɔ ameɖokuiwuwu geɖe tsona. Nyateƒee, domenyiŋusẽ ate ŋu awɔ akpa vevi aɖe le ame ƒe amenyenye ŋu, eye numekukuwo ɖee fia be ameɖokuiwuwu bɔ ɖe ƒome aɖewo me wu bubuawo. Ke hã Jamison gblɔ be: “Domenyiŋusẽ ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe ameɖokuiwulawo dzi mefia be womate ŋu aɖu edzi o.”
Ahɔhɔ̃a ƒe dɔwɔwɔ hã ate ŋu anye kuxia gbɔ tsonu vevi aɖe. Le ahɔhɔ̃a me la, ahɔhɔ̃menugbagbevi biliɔn nanewo zãa elektrikŋusẽ kple lãmetsiwo tsɔ ɖoa nyatakakawo ɖae. Mɔ sue aɖewo nɔa ahɔhɔ̃mekawo kpeƒe siwo woyɔna be synapses, afisi ahɔhɔ̃melãmetsiwo tsɔa nyatakakawo tonae. Ahɔhɔ̃melãmetsi ɖeka si nye serotonin ƒe agbɔsɔsɔ ate ŋu awɔ akpa vevi aɖe le alesi ame wɔa nui ɖe ameɖokuiwuwu ŋu me. Agbalẽ si nye Inside the Brain ɖe nu me be: “Serotonin ƒe agbɔsɔsɔ si ɖiɖi . . . ate ŋu ana ame magakpɔ dzidzɔ o, eye wòaɖe didi si le ame si ɖe agbenɔnɔ ŋu dzi akpɔtɔ eye wòadzi blanuiléle kple ameɖokuiwuwu ƒe afɔku ɖe edzi.”
Gake nyateƒea enye be, womeɖoe ɖi na ame aɖeke be wòawu eɖokui o. Ame miliɔn nanewo nɔa te ɖe dzigbagbã kple nuteɖeamedziwo nu. Alesi susu kple dzi wɔa nu ɖe nuteɖeamedziwo nui ye nana ame aɖewo wua wo ɖokui. Menye nusiwo nana amewo wua wo ɖokui ɖeɖe ko gbɔe wòle be woakpɔ o ke nu vevi siwo menya kpɔna dzea sii o hãe.
Ekema nukae woate ŋu awɔ be wòana mɔkpɔkpɔ dodzidzɔname kple dzo yeye naɖo ame me ɖe agbenɔnɔ ŋu?
[Aɖaka si le axa 24]
Ameɖokuiwuwu—Ŋutsuwo Kple Nyɔnuwo
Le numekuku aɖe si wowɔ le United States nu la, togbɔ be nyɔnuwo tea wo ɖokui wuwu kpɔ zi gbɔ zi eve alo zi etɔ̃ wu ŋutsuwo hã la, enɔa bɔbɔe be ŋutsuwo nakpɔ dzidzedze le wo ɖokui wuwu me zi gbɔ zi ene wu. Nyɔnuwo léa blanui zi gbɔ zi eve wu ŋutsuwo, eye anɔ eme be esiae na wotea wo ɖokui wuwu kpɔ geɖe wu. Gake woƒe blanuilédɔwo nu mesẽna nenema gbegbe o, eye esia wɔe be mɔnu siwo wozãna hã nu mesẽna fũ akpa o. Le go bubu me la, ŋutsuwo te ŋu zãa mɔnu sẽŋuwo kple esiwo ŋu kakaɖedzi le be yewoakpɔ dzidzedze.
Gake le China la, nyɔnu geɖewo kpɔa dzidzedze wu ŋutsuwo. Le nyateƒe me la, numekuku aɖe ɖee fia be nyɔnu siwo wua wo ɖokui le xexeame godoo ƒe memama 56 le alafa me dzɔna le China, vevietɔ le kɔƒenutowo me. Wogblɔ be nusiwo na wònɔa bɔbɔe be nyɔnuwo te ŋu tea wo ɖokui wuwu kpɔ eye wowua wo ɖokui le teƒe ma enye alesi wònɔa bɔbɔe be woƒe asi nasu aɖitike wuamewo dzi.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 23]
Ameɖokuiwuwu Kple Akogotsitsi
Nusiwo hea blanuiléle kple ameɖokuiwuwu dometɔ ɖeka enye akogotsitsi. Jouko Lönnqvist, amesi xɔ ŋgɔ le numekuku aɖe si wowɔ le ameɖokuiwuwu ŋu le Finland gblɔ be: “Le ame akpa gãtɔ [siwo wu wo ɖokui gome la], woƒe gbesiagbegbenɔnɔ yɔ fũ kple akogotsitsi. Ɣeyiɣi geɖe le wo si, gake amewo meli woade ha kpli wo o.” Kenshiro Ohara si nye tagbɔdɔléleŋutinunyala le Hamamatsu Atikewɔwɔ Sɔsrɔ̃ Yunivɛsiti si le Japan gblɔ be, “ameɖokui ɖeɖe ɖe aga” gbɔe wòtso be ŋutsu tsitsi geɖe wu wo ɖokui le dukɔ ma me.
[Nɔnɔmetata si le axa 22]
Le ame tsitsiwo gome la, ganyawo alo dɔwɔƒe ƒe kuxiwo nyea nudzɔdzɔ siwo henɛ vɛ
-
-
Àte Ŋu Akpɔ KpekpeɖeŋuNyɔ!—2001 | November 8
-
-
Àte Ŋu Akpɔ Kpekpeɖeŋu
ŊUTSU aɖe si xɔ ƒe 28 si tso Switzerland bia eɖokui be, ‘Alɔ̃dɔtikekui 49 le kplua me. Mami wo loo, alo madzudzɔa?’ Srɔ̃a kple viawo ʋu le egbɔ, eye esia na wòlé blanui vevie. Gake esi wòmi atikekuiawo vɔ la, egblɔ na eɖokui be: ‘Ao. Nyemedi be maku o!’ Dzidzɔtɔe la, etsi agbe eye wògblɔ nudzɔdzɔa ŋu nya. Menye ɣesiaɣie ameɖokuiwuwu ƒe seselelãmewo kplɔa ame dea ku me o.
Alex Crosby si le United States ƒe Dɔlélenutsitsi Kple Mɔxexe Ðe Enu Dɔwɔƒe gblɔ le alesi sɔhɛwo tea wo ɖokui wuwu kpɔe ŋu be: “Ne gaƒoƒo ʋɛ aɖewo koe nàte ŋu alé enu gɔ̃ hã la, ke àte ŋu axe mɔ ɖe enu. Àte ŋu axe mɔ ɖe sɔhɛ geɖe nu be woagawu wo ɖokui o ne ède nu nya la me. Àte ŋu axɔ wo ɖe agbe.”
Nufialagã Hisashi Kurosawa kpe ɖe ame alafa geɖe siwo di be yewoawu yewo ɖokui ŋu be didia va ɖo wo me be yewoanɔ agbe esime wònɔ dɔ wɔm le Agbeléleɖete Kple Nɔnɔme Kpatawo Gbɔkpɔƒe si le Japan ƒe Atikewɔwɔ Sɔsrɔ̃ Suku. Nyateƒee, woate ŋu aɖe ame geɖe ƒe agbe to kpekpeɖeŋu aɖe ƒomevi nana wo me. Kpekpeɖeŋu kae hiã?
Ehiã be Woakpɔ Kuxiawo Gbɔ
Abe alesi wòdze le nyati si do ŋgɔ me ene la, numekulawo gblɔ be tagbɔdɔléle ƒomevi aɖe alo atikemuame zazã ƒe kuxiwoe le ame 90 le alafa me siwo wua wo ɖokui ŋu. Eyatae Eve K. Mościcki, si le dɔ wɔm le United States Dukɔa ƒe Tagbɔdɔléle Ŋuti Nusrɔ̃ƒe, gblɔ be: “Mɔkpɔkpɔ vavãtɔ si li le mɔxexe ɖe ameɖokuiwuwu nu le ame tsitsiwo kple ɖeviwo siaa dome enye mɔxexe ɖe tagbɔdɔwo kple numame gbegblẽwo zazã nu.”
Nublanuitɔe la, ame geɖe siwo le nusiawo ƒe fu kpem medina be yewoaxɔ kpekpeɖeŋu o. Nukatae? Yoshitomo Takahashi si le Tokyo Dugãa ƒe Tagbɔdɔlélawo Dzikpɔƒea ɖo eŋu be, “elabena nazãbubu le amewo me vevie.” Eyi edzi be emetsonu enye be amesiwo dea dzesii be yewomele lãmesẽ me tututu o la hena ɖe megbe le dɔdamɔnu yometiti kaba me.
Gake ame aɖewo meɖea mɔ ŋukpe xea mɔ na wo o. Hiroshi Ogawa, amesi nye television wɔnawo dzikpɔla xɔŋkɔ aɖe si ɖo eya ŋutɔ ƒe fefewo anyi le Japan ƒe 17 sɔŋ gblɔ le dutoƒo be yeléa blanui eye yede ye ɖokui wu ge kloe gɔ̃ hã. Ogawa gblɔ be, “blanuiléle sɔ kple wɔɖi si dze susua dzi.” Eɖe eme be, amesiame ate ŋu axɔe gake woate ŋu ato eme ado.
Gblɔe na Ame Aɖe
Béla Buda, si nye lãmesẽŋutinunyala si tso Hungary si míeyɔ va yi gblɔ be: “Ne ame aɖe le kuxi aɖe me tom la, ekema ebunɛ be elolo wu ye ɖeka ƒe tsɔtsɔ eye naneke manya wɔ le eŋu o.” Nyateƒenya sia ɖo kpe nunya si le blema lododo si le Biblia me dzi be: “Amesi ɖe eɖokui ɖe aga le eya ŋutɔ ƒe dzodzro yome dim la, etsia tre ɖe nunyanyawo katã ŋu.”—Lododowo 18:1.
Lé to ɖe nya ma siwo me nunya le la ŋu. Mèganɔ ɖokuiwò nyamam le wò kuxi gbahoo si le abe atsiaƒu ene me o. Di amesi dzi nàte ŋu aka ɖo si nàte ŋu agblɔ wò kuxiwo na. Àgblɔ be, ‘gake ame aɖeke meli nam si magblɔ nye nyawo na o.’ Susuŋutinunyalagã Ðk. Naoki Sato ƒe nyawo ɖee fia be ame geɖe sena le wo ɖokui me nenema. Sato gblɔ be fukpelawo ate ŋu agbe woƒe nyawo gbɔgblɔ na amewo elabena womedi be yewoaʋu go yewoƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo o.
Afikae woate ŋu atrɔ ɖo akpɔ toɖola nyuitɔ? Le teƒe geɖe la, woate ŋu akpɔ kpekpeɖeŋu tso dɔwɔha si kpɔa ameɖokuiwuwu nutsitsi nyawo gbɔ alo aɖaŋuɖodɔwɔƒe siwo woƒoa ka na to telefon dzi alo adi ɖɔkta bibi aɖe si kpɔa seselelãme ƒe kuxiwo gbɔ. Gake dɔdamɔnufiala bibi aɖewo de dzesi kpekpeɖeŋutsoƒe bubu aɖe—si nye subɔsubɔha. Aleke ema ate ŋu anye kpekpeɖeŋutsoƒee?
Wokpɔ Kpekpeɖeŋu si Hiã
Didi vevie aɖe ɖo Marin si nye wɔametɔ si le Bulgaria me ɖe eɖokuiwuwu ŋu. Gbeɖeka eva ke ɖe Gbetakpɔxɔ, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe magazine si ƒoa nu tso mawusubɔsubɔ ŋu la ŋu. Elɔ̃ ɖe amekpekpe si le magazinea me be woana Yehowa Ðasefo aɖe nava srã exlẽla kpɔ la dzi. Marin gblɔ nusi do tso eme ale: “Mesrɔ̃ tso wo gbɔ be agbe nye nunana si tso Dziƒofofo la gbɔ eye masɔ be míawɔ nuvevi mía ɖokui alo aɖoe koŋ aɖe míaƒe agbe ɖa o. Esia na be metrɔ didi si nɔ asinye ɖe ɖokuinye wuwu ŋu eye megavalɔ̃ agbe ake!” Marin xɔ kpekpeɖeŋu si me lɔlɔ̃ le hã tso Kristo-hamea gbɔ. Togbɔ be egakpɔtɔ nye wɔametɔ hã la, egblɔ be: “Mele dzidzɔ kple dziɖeɖi me fiafia, eye nu nyoameŋuwo nɔa anyi nam be mawɔ gbesiagbe—nu geɖe wu ɣeyiɣi si le asinye kura gɔ̃ hã! Esiawo katã tso Yehowa kple eƒe Ðasefowo ƒe kpekpeɖeŋu gbɔ.”
Switzerland ɖekakpui si míeyɔ va yi le nyatia ƒe gɔmedzedzea hã xɔ kpekpeɖeŋu tso Yehowa Ðasefowo gbɔ. Egaɖoa ŋku “Kristotɔwo ƒe ƒome aɖe ƒe dɔmenyonyo dzi” kokoko, amesiwo xɔe ɖe woƒe aƒeme. Egblɔ kpee be: “Emegbe [Yehowa Ðasefowo ƒe] hamea me tɔwo kpem be meva ɖu nu kpli wo hena ŋkeke geɖe. Menye amedzrowɔwɔ ƒe kpekpeɖeŋu koe wonam o ke wona mete ŋu ƒo nu kple amewo hã.”
Nusi ŋutsu sia srɔ̃ tso Biblia me de dzi ƒo nɛ ale gbegbe, vevietɔ esi wòva srɔ̃ nu tso lɔlɔ̃ si le Mawu vavã, Yehowa, si na ameƒomea ŋu. (Yohanes 3:16) Nyateƒee, Yehowa Mawu aɖo to wò ne ètrɔ ‘wò dzimenyawo ƒo ɖe eŋku me.’ (Psalmo 62:9) Eƒe “ŋku kpɔa anyigba blibo la dzi,” menye be yeadi vodada le amewo ŋu o, ke boŋ be yeado “ŋusẽ amesiwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo.” (Kronika II, 16:9) Yehowa ka ɖe edzi na mí be: “Megavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu, mali ke wò, makpe ɖe ŋuwò, eye matsɔ nye xɔname ƒe nuɖusi alé wò.”—Yesaya 41:10.
Switzerland ɖekakpuia gblɔ le xexe yeye si ƒe ŋugbe Mawu do ŋu be: “Esia ɖe dziɖeleameƒo ƒe agba si le dzinye la dzi kpɔtɔ ale gbegbe.” Mɔkpɔkpɔ sia si woɖɔ be enye “luʋɔ ƒe seke,” la lɔ agbe mavɔ nɔnɔ le Paradiso me le anyigba dzi ɖe eme.—Hebritɔwo 6:19; Psalmo 37:10, 11, 29.
Wò Agbe Le Vevie na Amewo
Nyateƒee, àte ŋu ato nɔnɔme siwo ana nàse le ɖokuiwò me be yeɖe ɖe aga ŋutɔŋutɔ eye be yeƒe ku maka ame aɖeke o. Gake de dzesii be: Vovototo gã aɖe le sese le ameɖokui me be yetsi akogo kple akogotsitsi dome. Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, nyagblɔɖila Eliya to dziɖeleameƒo ƒe nɔnɔme aɖe me kpɔ le eƒe agbe me. Egblɔ na Yehowa be: “Wowu wò nyagblɔɖilawo kple yi, ke nye ɖeka koe kpɔtɔ.” Nyateƒee, Eliya kpɔe be yetsi akogo keŋkeŋ—eye enye nyateƒe hã. Wowu ehati nyagblɔɖila gbogbo aɖewo. Wotsɔ ku do ŋɔdzi na eya ŋutɔ eye wònɔ sisim be yeaɖe yeƒe agbe. Gake ɖe wòtsi akogo vavãa? Ao. Yehowa na wònya be nuteƒewɔla 7,000 bubu aɖewo, siwo nɔ agbagba dzem nuteƒewɔwɔtɔe be yewoasubɔ Mawu vavã la le ɣeyiɣi doblukɔ mawo me abe eya ene la li. (Fiawo I, 19:1-18) Ke wò ya ɖe? Ðe wòanɔ eme be mètsi akogo abe alesi nèsenɛ le ɖokuiwò me ene oa?
Amewo li siwo tsɔa ɖe le eme na wò. Àte ŋu abu dziwòlawo, srɔ̃wò, viwòwo, kple xɔlɔ̃wòwo ŋu. Gake bubu aɖewo gali. Le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me la, àte ŋu akpɔ Kristotɔ tsitsi siwo tsɔ ɖe le eme na wò, amesiwo aɖo to wò, eye woado gbe ɖa kpli wò eye woadoe ɖe tawò. (Yakobo 5:14, 15) Eye ne amegbetɔ madeblibo ɖesiaɖe gblẽ wò ɖi hã la, Ame aɖe li si magblẽ wò ɖi akpɔ gbeɖe o. Fia Dawid si nɔ anyi le blema gblɔ be: “Elabena fofonye kple danye wogblẽm ɖi, ke Yehowa xɔm.” (Psalmo 27:10) Nyateƒee, Yehowa ‘léa be na wò.’ (Petro I, 5:7) Mègaŋlɔ be gbeɖe be èxɔ asi le Yehowa ŋkume o.
Agbe nye nunana si tso Mawu gbɔ. Ele eme baa be ɣeaɖewoɣi la, agbenɔnɔ ate ŋu anɔ abe agba ene, wu nunana. Ke hã àte ŋu abu alesi nàse le ɖokuiwò me ne ètsɔ nunana xɔasi aɖe na ame aɖe eye wòtsɔe ƒu gbe emegbe esi mewɔ eŋudɔ gɔ̃ hã o la ŋua? Mí amegbetɔ madeblibowo míedze agbe ƒe nunana la ŋudɔwɔwɔ gɔme ŋutɔŋutɔ haɖe o. Le nyateƒe me, Biblia ɖee fia be agbe si nɔm míele fifia menye “agbe vavã la” le Mawu ŋkume kura o. (Timoteo I, 6:19) Ẽ, eteƒe madidi o, agbe ɖɔʋu si me dzidzeme, gɔmesese, kple dzidzɔkpɔkpɔ le la asu mía si. Le mɔ ka nu?
Biblia gblɔ be: “Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.” (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Bu alesi wò agbe anɔ ne nya mawo va emee ɖa le susu me ko. Gbɔ dzi ɖi vie. Dze agbagba nàwɔ eŋuti nɔnɔmetata dzeani ɖe susume. Menye nususukpɔ dzro aɖe koe nɔnɔmetata ma nye o. Esi nèle ŋugble dem le alesi Yehowa wɔ nu kple eƒe amewo le blema ŋu la, wò kaka ɖe eyama dzi ade to ɖe edzi eye nɔnɔmetata ma azu nu ŋutɔŋutɔ na wò.—Psalmo 136:1-26.
Ate ŋu axɔ ɣeyiɣi geɖe hafi agbenɔnɔ ƒe didi naganyɔ ɖe mewò. Yi edzi nado gbe ɖa na “akɔfafawo katã ƒe Mawu la, amesi fa akɔ na mí le míaƒe xaxa blibo la katã me.” (Korintotɔwo II, 1:3, 4; Romatɔwo 12:12; Tesalonikatɔwo I, 5:17) Yehowa ado ŋusẽ wò alesi dze. Afia wò be asixɔxɔ le agbe ŋu vavã.—Yesaya 40:29.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 27]
Kpekpeɖeŋu Kae Nàte Ŋu Ana Amesi Di be Yeawu Ye Ðokui?
Nukae nàwɔ ne ame aɖe va gblɔe na wò be yedi be yeawu ye ɖokui? United States ƒe Dɔlélenutsitsi Kple Mɔxexe Ðe Enu Dɔwɔƒe ɖo aɖaŋu be: “Nye toɖola nyui.” Na wòagblɔ alesi wòse le eɖokui me. Gake le go geɖe me la, amesi dina be yeawu ye ɖokui metena ɖe ame ŋu o eye medina be yeaɖo dze kple ame hã o. Lɔ̃ ɖe vevesese alo mɔkpɔkpɔbuɖeame ŋutɔŋutɔ si me tom wòle la dzi. Ne ègblɔ tɔtrɔ yeye aɖewo si nede dzesii le eƒe nɔnɔmewo ŋu nɛ la, ate ŋu ana wòaʋu go nya ɖesiaɖe eye wòagblɔe na wò.
Esi nèle to ɖom la, ɖe veveseseɖeamenu fia. Dɔlélenutsitsi Kple Mɔxexe Ðe Enu Dɔwɔƒea gblɔ be: “Ele vevie be nàte gbe ɖe edzi na amea be eƒe agbe le vevie na ye kple ame bubuwo.” Gblɔ alesi eƒe ku agblẽ nu le ŋuwò kpakple ame bubuwo ŋui nɛ. Kpe ɖe amea ŋu wòakpɔe be Wɔla la tsɔ ɖe le eme nɛ.—Petro I, 5:7.
Eŋutinunyalawo hã ɖo aɖaŋu be woaɖe nusianu si amea ate ŋu atsɔ awu eɖokui ɖa—vevietɔ tuwo. Àte ŋu ade dzi ƒo na amea be wòadi atikewɔwɔ ƒe mɔ ne nɔnɔmea di be yeagblẽ ɖe edzi. Le afisiwo nɔnɔmea do fievo le la, ɖeko wòahia be wò ŋutɔ nàtso kpla adi atikewɔla siwo naa kpekpeɖeŋu o.
[Aɖaka si le axa 28]
Ðe Wò Ame aɖe Wu Eɖokuia?
Ne ame aɖe wu eɖokui la, ƒometɔwo kple xɔlɔ̃ kplikplikpliwoe tɔtɔna vevie. Ame geɖe daa afɔkua ƒe fɔbuame ɖe wo ɖokui dzi. Wogblɔa nya siawo tɔgbe be: ‘Ne ɖe menɔ egbɔ vie gbemagbe la,’ ‘Ne ɖe mekpɔ nye aɖe dzi nyuie le ɣemaɣi me,’ ‘Ne ɖe megadze agbagba kpe ɖe eŋu vie la.’ Nusi wòfiae nye be, ‘Ne ɖe mewɔ esi kple ekemɛ la, anye ne nye lɔlɔ̃tɔa gale agbe.’ Gake ɖe wòasɔ be míaxɔ ame bubu ƒe eɖokui wuwu ƒe fɔbuame atsɔa?
Ðo ŋku edzi be ele bɔbɔe be woade dzesi ameɖokuiwuwu ƒe dzesiwo esime nuwo gblẽ vɔ megbe. Ekpɔkpɔ dze sii do ŋgɔ ya nye nya bubu kura. Biblia gblɔ be: “Dzi nya eya ŋutɔ ƒe nuxaxa, eye ame tutɔ mate ŋu akpɔ dzidzɔ ɖee ti o.” (Lododowo 14:10) Ɣeaɖewoɣi la, manya wɔ be woanya nusi ŋu bum ame bubuwo le alo alesi wosena le wo ɖokui me o. Kpuie ko la, amesiwo dina be yewoawu yewo ɖokui mete ŋu ɖea woƒe seselelãme ememetɔ gblɔna na ame bubuwo wo me kɔna eɖanye woƒe ƒometɔ kekeake gɔ̃ hã o.
Agbalẽ si nye Giving Sorrow Words gblɔ nya sia tso dzesi siwo dzena le amesi di be yeawu ye ɖokui ŋu be: “Nyateƒea enye be menɔa bɔbɔe be woakpɔ dzesi mawo adze sii o.” Agbalẽ ma ke gblɔ kpee be ne èkpɔ dzesi aɖewo hã la, esia ɖeɖe meɖoa kpe edzi be àte ŋu axe mɔ na ameɖokuiwuwua o. Le esi teƒe be nànɔ fu wɔm ɖokuiwò la, àte ŋu akpɔ akɔfafa tso nunyala Fia Salomo ƒe nya siawo me be: “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o.” (Nyagblɔla 9:5) Womele fu wɔm wò lɔlɔ̃tɔa le dzomavɔ me o. Eye susu kple seselelãme ɖefuname siwo na wòwu eɖokui hã nu yi. Megale fu kpem o; kpuie ko la, ele ɖiɖim ɖe eme.
Anyo ŋutɔ fifia be nàtrɔ susu ɖe agbagbeawo ŋu, ɖe wò ŋutɔ hã ŋu. Salomo yi edzi be: “Nusianu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ” esi nègakpɔtɔ le agbe. (Nyagblɔla 9:10) Kakaɖedzi nenɔ asiwò be amesiwo wu wo ɖokui ƒe etsɔmegbenɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le Yehowa, “si nye dɔmetɔtrɔ Fofo kple akɔfafawo katã ƒe Mawu” la, si me.—Korintotɔwo II, 1:3.a
[Aɖaka si le axa 29]
‘Ðe Mawu Atsɔ Fɔbuame ƒe Seselelãme Siawo Akema?’
Hadede kple Yehowa Ðasefowo kpe ɖe ame geɖe ŋu woɖu wo ɖokui wuwu ƒe seselelãmewo dzi. Ke hã ame aɖeke meli egbea si do le nudzɔdzɔ siwo hea nuteɖeamedzi alo blanuiléle vɛ si me o. Fɔbuameɖokui ƒe seselelãmewo ɖea fu na Kristotɔ siwo bu wo ɖokui wuwu ŋu kpɔ zi geɖe. Ðeko fɔbuameɖokui sia agate ŋu ado agba na wo ake. Eyata aleke woate ŋu akpɔ seselelãme ma tɔgbe gbɔe?
Enyo be míade dzesii be ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔla geɖe siwo nɔ anyi le Biblia ŋlɔɣi ɖe fɔbuameɖokui ƒe seselelãme si nu sẽ gblɔ. Rebeka, si nye blemafofo Isak srɔ̃, hã lé blanui vevie ɣeaɖeɣi le ƒomenya aɖe ta eye wògblɔ be: “Agbenɔnɔ tim.” (Mose I, 27:46) Hiob, amesi ƒe viwo ku, eƒe lãme gblẽ, eye wòbu eƒe nunɔamesiwo, kple bubu si nɔ eŋu la gblɔ be: “Nye agbe le ŋu nyɔm na nye luʋɔ.” (Hiob 10:1) Mose hã do ɣli gblɔ na Mawu kpɔ be: “Wum zi ɖeka.” (Mose IV, 11:15) Eliya si nye Mawu ƒe nyagblɔɖila hã gblɔ kpɔ be: “Esɔ gbɔ! Azɔ, Yehowa, xɔ nye luʋɔ.” (Fiawo I, 19:4) Eye nyagblɔɖila Yona gblɔ enuenu be: “Ne meku la, enyo wu esi manɔ agbe.”—Yona 4:8.
Ðe Yehowa gbe amesiawo esi wose le wo ɖokui me alea ta? Ao. Ena woŋlɔ woƒe nyawo ɖe Biblia me gɔ̃ hã. Gake ele vevie be míade dzesii be nuteƒewɔla mawo dometɔ aɖeke mena woƒe seselelãme kplɔ wo de wo ɖokui wuwu me o. Yehowa de asixɔxɔ wo ŋu; edi be woanɔ agbe. Nyateƒea enye be, Mawu tsɔ ɖe le ame vɔ̃ɖiwo ƒe agbe kura gɔ̃ hã me. Exlɔ̃a nu wo be woatrɔ le woƒe mɔwo dzi eye ‘woayi edzi anɔ agbe.’ (Xezekiel 33:11) Aleke gbegbe wòdi be amesiwo tsia dzi ɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔɖeameŋu ŋu nàyi edzi anɔ agbe enye si!
Mawu na Via si wòtsɔ xe tafee, Kristo-hamea, Biblia, kple gbedodoɖa ƒe mɔnukpɔkpɔa mí. Nuƒoƒo kple Mawu to kadodomɔnu sia—si nye gbedodoɖa—dzi megbea dɔwɔwɔ gbeaɖekegbe o. Mawu ate ŋui eye wòle klalo be yeaɖo to amesiwo katã tsɔa ɖokuibɔbɔ kple dzi blibo tena ɖe eŋu. “Eyata minɛ míatsɔ dzideƒo ate va eƒe amenuvevezikpui la gbɔ, bene míaƒe asi nasu nublanuikpɔkpɔ dzi, eye míakpɔ amenuveve hena mía xɔxɔ le hiahiãgbe.”—Hebritɔwo 4:16.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Àkpɔ etsɔmemɔkpɔkpɔ ŋuti nukpɔsusu si da sɔ ku ɖe amesiwo wu wo ɖokui ŋu le nyati si nye “Biblia Ƒe Nukpɔsusu: Ameɖokuiwulawo—Tsitretsitsi Li na Woa?” le Eŋlisigbe me Nyɔ!, September 8, 1990 ƒe tata me.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 25]
Wò agbe le vevie na ame bubuwo
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Gblɔe na ame aɖe
-