-
Vevesese Si Ku Dona Na AmeNyɔ!—2018 | No. 3
-
-
NU SI AKPE ÐE AME SIWO LE NU XAM LA ŊU
Vevesese Si Ku Dona Na Ame
“Nye kple Sophiaa míeɖe srɔ̃ wòwu ƒe 39 gake eva lé dɔ ɣeyiɣi didi aɖe eye wòku. Mía xɔlɔ̃ geɖewo de dzi ƒo nam eye mewɔ nu geɖe siwo aɖe nye susu ɖa le eƒe kua dzi. Gake mese veve hena ƒe ɖeka blibo. Sẽ kple sẽ ko megate nuxaxa. Fifia gɔ̃ hã, togbɔ be ƒe etɔ̃ kloe nye esia wòku hã la, ɣeaɖewoɣi le vo mea megaxaa nu.”—Kostas.
Ðe wò ame vevi aɖe kua? Ne nenemae la, ke àse le ɖokuiwò me abe Kostas ene. Nu siwo nana míesea veve vevie dometɔ aɖee nye ne mía srɔ̃, míaƒe ƒometɔ alo xɔlɔ̃ vevi aɖe ku. Ame siwo srɔ̃a nu tso veve si ame sena ne eƒe ame vevi aɖe ku ŋu la, alɔ̃ ɖe nya ma dzi. Nyati aɖe si dze le agbalẽ si nye The American Journal of Psychiatry me gblɔ be “ɖikeke mele eme o be ame vevi aɖe ƒe kue nye nu si vena wu nu bubu ɖe sia ɖe eye mefana na ame o.” Ne ku dzɔ ɖe ame dzi eye wòwu tsɔtsɔ nɛ la, amea anɔ biabiam be: ‘Ɣekaɣie nu sia afa nam? Ðe magate ŋu akpɔ dzidzɔa? Nu kae ana nye akɔ nafa?’
Woɖo nya mawo ŋu le Nyɔ! sia me. Nyati si kplɔ esia ɖo aƒo nu tso nu si nàte ŋu akpɔ mɔ na ne wò ame aɖe ku eteƒe medidi o. Nyati bubu siwo akplɔe ɖo la aƒo nu tso nu siwo akpe ɖe ŋuwò be màxa nu agbɔ eme o la ŋu.
Míeka ɖe edzi vevie be nyati siwo akplɔe ɖo la afa akɔ na ame si le nu xam eye wòakpe ɖe eŋu wòanɔ te ɖe vevesese si ku do nɛ la nu.
a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia kple esiwo akplɔe ɖo la me.
-
-
Nu Si Nàte Ŋu Akpɔ Mɔ NaNyɔ!—2018 | No. 3
-
-
NU SI AKPE ÐE AME SIWO LE NU XAM LA ŊU
Nu Si Nàte Ŋu Akpɔ Mɔ Na
Togbɔ be ame siwo srɔ̃a nu tso nuxaxa ŋu gblɔna be evana le mɔ vovovowo nu hã la, ame sia ame kple ale si wòxaa nui. Ðe ale si amewo xaa nu le mɔ vovovowo nu fia be ku metena ɖe ame aɖewo dzi boo o alo be wole woƒe nuxaxa “dzi zima”? Mefia nenema kokoko o. Togbɔ be ne woxa nu le ame aɖe ƒe ku ta la, etea ŋu nana vevesese dzi ɖena kpɔtɔ hã la, mɔ ɖeka aɖeke koŋ meli si dzi ame ato axa nu, si míagblɔ be eyae “sɔ wu” o. Zi geɖe la, afi si míetso, nɔnɔme si le mía si kple nu siwo me míeto le agbe me kpakple ƒomedodo si le mí kple ame si ku dome lae kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi.
ÐE NUXAXAA AVA DO GÃ ÐE EDZIA?
Ame siwo ame ku na la menyana nu si me woava to emegbe o. Ke hã, zi geɖe la, seselelãme kple kuxi aɖewo ya ava godoo. Kpɔ wo dometɔ aɖewo ɖa:
Àse le ɖokuiwò me be ewu tsɔtsɔ na ye. Ànɔ avi fam, ànɔ ame si ku la susum, eye ɣesiaɣi si nèɖo ŋku edzi koa àse veve. Nyaa ate ŋu agblẽ ɖe edzi ne èɖo ŋku nanewo dzi alo ku drɔ̃e tso amea ŋu. Ðewohĩ le gɔmedzedzea la, àtsi yaa, màxɔ edzi ase o. Tiina ɖo ŋku ale si wòse le eɖokui me esime srɔ̃a Timo ku kpata la dzi. Egblɔ be: “Gbãa, metsi yaa. Avi bu ɖem. Nu bliboa wu tsɔtsɔ nam ale gbegbe be ɣeaɖewoɣia gbɔgbɔ mesuam o. Mewɔna nam be eku o.”
Àtsi dzi, ànɔ dziku dom, eye ànɔ fɔ bum ɖokuiwò. Ivan gblɔ be: “Ɣeyiɣi aɖe le mía vi Eric si xɔ ƒe 24 ƒe ku megbe la, nye kple srɔ̃nye Yolanda míedo dziku vevie! Ewɔ nuku na mí elabe míesusu be míedoa dziku o. Míebu fɔ mía ɖokuiwo hã elabe míesusu be ele be míaku kutri akpe mía via ŋu wu ale si míewɔe.” Alejandro, si srɔ̃ dze dɔ ɣeyiɣi didi aɖe hafi ku hã va nɔ fɔ bum eɖokui be: “Gbãa mebu be ne Mawu ɖe mɔ mele fu kpem alea la, ke efia be ame vɔ̃ɖie menye. Emegbe meva nɔ fɔ bum ɖokuinye be meda fɔbubua ɖe Mawu dzi.” Eye Kostas, si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati si do ŋgɔ me gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, medoa dziku ɖe Sophia ŋu be eku. Emegbe mebua fɔ ɖokuinye be mebu nuwo ŋu nenema. Menye eyae wɔe hafi o.”
Nuwo ŋu bubu tramatrama. Ate ŋu adzɔ be ame nava nɔ nuwo ŋu bum tramatrama. Le kpɔɖeŋu me, ame si dzi kua dzɔ ɖo ate ŋu asusu be ame kukua ate ŋu aƒo nu yease, yeate ŋu aka asi eŋu alo akpɔe. Alo asesẽ na ame si dzi kua dzɔ ɖo la be eƒe susu nanɔ nu ɖeka ŋu alo aɖo ŋku nu dzi. Tiina gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, nye kple ame aɖe míate ŋu anɔ dze ɖom gake nye susu le afi bubu kura! Nye susu nɔa tsatsam le Timo ƒe kua kple nu siwo katã dzɔa ŋu. Ale si nye susu megatea ŋu nɔa nu ɖeka ŋu o la hã doa nuxaxa nam.”
Àdi be yeaɖe ye ɖokui ɖe aga. Ame si le nu xam ate ŋu ado dziku eye wòatsi mavo le amewo dome. Kostas gblɔ be: “Ne mele srɔ̃tɔwo alo trewo dome la, ɖeko meva zua abe agutɔ ene, nyemele lãwo dome loo alo xewo dome o.” Ivan srɔ̃ Yolanda gblɔ be: “Esesẽna na mí be míanɔ ame siwo toa nyatoƒoe le woƒe kuxi siwo mede mía tɔ nu o la dome! Azɔ hã ame aɖewo ƒoa nu tso ale si nu le edzi dzem na wo viwo ŋu na mí. Mekpɔa dzidzɔ kplii wo, ke hã, esesẽna nam be manɔ woƒe nyaawo sem. Nye kple srɔ̃nye míenya be ele be míaɖe susu ɖa le nu si dzɔa ŋu, gake menya wɔna o.”
Lãmesẽnyawo. Nuɖuɖu megadzroa ame o, àte ŋu aɖi ku, eye nàtsi zãdomadɔlɔ̃e. Aaron ɖo ŋku nu si dzɔ ƒe ɖeka le fofoa ƒe ku megbe la dzi be: “Nyemegadɔa alɔ̃ nyuie o. Menyɔna le ɣeyiɣi aɖe koŋ dzi zã sia zã eye menɔa fofonye ƒe kua ŋu bum.”
Alejandro ɖo ŋku edzi be yeva nɔ dɔ lém kabakaba. Egblɔ be: “Ðɔkta aɖe dom kpɔ zi geɖe eye wòka ɖe edzi nam be mele lãmesẽ me. Meva kpɔe be nuxaxa gbɔe nye dɔlélea tso.” Gake nu mawo nu va yi. Ke hã, esɔ be Alejandro yi kɔdzi. Nuxaxa ate ŋu ana míanɔ dɔ lém kabakaba, ana míaƒe dɔ xoxo aɖe naho alo ana míaxɔ dɔléle yeye aɖe kura gɔ̃ hã.
Asesẽ be nàwɔ dɔ siwo hiã. Ivan ɖo ŋku edzi be: “Esi Eric ku la, menye ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo koe wòle be míana woasee o, ke ele be míana ame gbogbo bubu aɖewo abe eƒe dɔtɔ kple eƒe aƒetɔ ene hã nasee. Azɔ hã, ele be míakpe segbalẽ gbogbo aɖewo ɖo. Eye ele be míatsa Eric ƒe nuwo me. Esiawo katã bia be ame ƒe susu nanɔ nu ŋu, evɔ le ɣeyiɣi sia katã mea nu te mía ŋu le susu me, ŋutilã me kple seselelãme gome.”
Gake le ame aɖewo gome la, kuxiae nye ne wòva hiã be woadze ŋgɔ nane si amea wɔna tsã la awɔ. Nu ma mee Tiina to. Egblɔ be: “Timo ye kpɔa míaƒe ga si le gadzraɖoƒea kple míaƒe dɔwɔɖui ƒe nyawo gbɔ. Fifia esia va zu nye agba, si na nu gate ŋunye wu. Ðe mate ŋu akpɔ esiawo katã gbɔ nyuiea?”
Kuxi siwo ŋu míeƒo nu tsoe, na míekpɔe be mele bɔbɔe kura be woanɔ te ɖe nuxaxa nu o. Nya lae nye be veve si ame sena ne eƒe ame vevi aɖe ku la, nu ate ŋu asẽ, gake ne míenya esia do ŋgɔ la, akpe ɖe ame siwo ame ku na eteƒe medidi o la ŋu woanɔ te ɖe vevesesea nu. Ðo ŋku edzi hã be menye ame sia ame ŋue dzesi siawo katã dzena le o. Azɔ hã ne ame siwo le nu xam nyae be ate ŋu adzɔ be ame nase le eɖokui me nenema la, esia afa akɔ nɛ.
ÐE MAGATE ŊU AKPƆ DZIDZƆA?
Nu si ame ate ŋu akpɔ mɔ na: Nuxaxa menɔa anyi ɖaa o; enu ava yi godoo. Esia mefia be amea magaxa nu kura alo aŋlɔ eƒe ame vevia be o. Ke hã, vivivi la, vevesese si nu sẽ la nu abɔbɔ. Seselelãme mawo agate ŋu atrɔ ava ne ame ɖo ŋku nanewo dzi alo ne eɖo azã aɖewo dzi. Gake mlɔebaa, ame geɖe ƒe susu me va dzea akɔ anyi eye wogatrɔna ɖe nu siwo wowɔna gbe sia gbe la ŋu. Edzɔna alea vevietɔ ne ame si le nu xam la ƒe ƒomea me tɔwo alo xɔlɔ̃wo wɔ nanewo tsɔ kpe ɖe eŋu be wòate ŋu anɔ te ɖe nɔnɔmea nu.
Ɣeyiɣi didi kae wòaxɔ? Le ame aɖewo gome la, ne edidi ƒãae nye dzinu aɖewo. Le ame akpa gãtɔ gome la, axɔ ƒe ɖeka alo eve hafi woakpɔ be vevesesea dzi ɖe kpɔtɔ. Eye le ame bubuwo gome la, egadidina vie wu.a Alejandro gblɔ be: “Le gonyemea, mexa nu vevie hena ƒe etɔ̃ sɔŋ.”
Gbɔ dzi ɖi na ɖokuiwò. Ŋkeke ɖe sia ɖe kple eƒe kuxiwoe, mègatsi dzi na ɖokuiwò o, eye ɖo ŋku edzi be nuxaxaa manɔ anyi ɖaa o. Esi nyaa le alea, ɖe nanewo li nàte ŋu awɔ atsɔ aɖe wò nuxaxa dzi akpɔtɔ fifia ale be wòaganɔ anyi eteƒe nadidi oa?
Ne ame si le nu xam nyae be ate ŋu adzɔ be ame nase le eɖokui me nenema la, esia afa akɔ nɛ
a Le ame ʋɛ aɖewo gome la, woxaa nu vevie wòdidina ale gbegbe be nuxaxa va zua “dɔléle” na wo. Le ame siawo gome la, ele be susuŋutinunyala bibi aɖe nakpe ɖe wo ŋu.
-
-
Ale Si Nàwɔ Anɔ Te Ðe Nuxaxa Nu—Nu Si Nàte Ŋu Awɔ EgbeaNyɔ!—2018 | No. 3
-
-
NU SI AKPE ÐE AME SIWO LE NU XAM LA ŊU
Ale Si Nàwɔ Anɔ Te Ðe Nuxaxa Nu—Nu Si Nàte Ŋu Awɔ Egbea
Ne èdi aɖaŋuɖoɖo tso ale si nàwɔ anɔ te ɖe nuxaxa nu ŋu la, ɖewohĩ àke ɖe gbogbo aɖewo ŋu, eye ɖewo aɖe vi wu bubuwo. Ðewohĩ susu si tae nye be, abe ale si míegblɔe va yi ene la, amewo xaa nu le mɔ vovovowo nu. Mɔnu aɖe si wɔ dɔ na ame aɖea, mawɔ dɔ na ame bubu o.
Togbɔ be ele alea hãa, aɖaŋuɖoɖo mawo ƒe ɖewo ɖe vi na ame geɖe. Zi geɖea wonye esiwo ame siwo ɖoa aɖaŋu tso nuxaxa ŋu la ɖona, eye wowɔ ɖeka kple mɔfiame si dze le blemagbalẽ aɖe si nye Biblia, si me nyawo gaɖea vi la me.
1: NA WÒ ƑOMETƆWO KPLE XƆLƆ̃WO NAKPE ÐE ŊUWÒ
Aɖaŋuɖola bibi aɖewo bui be esia nye mɔ vevi siwo dzi woato anɔ te ɖe nuxaxa nu la dometɔ ɖeka. Ke hã ɣeaɖewoɣia màdi be ame aɖeke nanɔ ye ŋu o. Àte ŋu ado dziku ɖe ame siwo le agbagba dzem be yewoakpe ɖe ŋuwò la ŋu gɔ̃ hã. Naneke megblẽ le eŋu o.
Mègasusu be ele be amewo nanɔ ye ŋu ɣesiaɣi o, gake mèganya wo ɖa keŋkeŋ le ɖokuiwò ŋu hã o. Àva hiã woƒe kpekpeɖeŋu emegbe. Gblɔ nu si nèdi be woawɔ na ye kple nu si mèdi o la na wo.
Togbɔ be àdi be amewo nawɔ nanewo na ye alo woagawɔ nanewo na ye o hã, ele be nàda asɔ be nàte ŋu akpɔ ɣeyiɣi na amewo hã.
MƆFIAME: “Ne ame le eve la, enyo wu ame ɖeka, . . . Elabena ne wo dometɔ ɖeka dze anyi la, evelia afɔe ɖe tsitre.”—Nyagblɔla 4:9, 10.
2: LÉ ŊKU ÐE WÒ NUÐUÐU ŊU, EYE NÀDI ƔEYIƔI ADE KAME
Ne èɖua nu nyuie la, akpe ɖe ŋuwò nàte ŋu anɔ te ɖe nuxaxa nu. Dze agbagba be yeanɔ atikutsetsewo, amagbewo kple nuɖuɖu siwo me protein le la ɖum.
No tsi sɔgbɔ eye nàno nunono bubu siwo dea lãmesẽ dzi hã.
Ne nu menya le ɖuɖum na wò o la, ekema ɖui vivivi edziedzi. Azɔ hã, àte ŋu agblɔ na wò ɖɔkta be wòana nunyiametikewo wò.a
Azɔlizɔzɔ atsɔ ade kame kple kamedede bubuwo ate ŋu ana ame matsi dzi fũu o. Kamedede ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàde ŋugble le ale si nuwo trɔ na wò fifia la ŋu alo ana nàɖe susu ɖa le nu si dzɔa dzi vie.
MƆFIAME: “Ame aɖeke melé fu eya ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o, ke boŋ enyinɛ, eye wòléa be nɛ nyuie.”—Efesotɔwo 5:29.
3: DƆ ALƆ̃ NÀÐI ÐE EME NYUIE
Alɔ̃dɔdɔ le vevie, gake egale vevie na ame siwo le nu xam ya wu elabena nuxaxa naa nu tia kɔ na ame.
Mègano nu siwo me caffeine le fũu o eye mèganɔ aha hã nom fũu o elabe woate ŋu agblẽ alɔ̃ me na wò.
MƆFIAME: “Gbɔɖeme asiʋlo ɖeka nyo wu dɔ sesẽ wɔwɔ kple dagbadagba ɖe yame asiʋlo eve.”—Nyagblɔla 4:6.
4: DA SƆ
Nenɔ susu me na wò be ame sia ame kple ale si wòxaa nui. Ele be nàte ŋu anya esi ade dziwò wu.
Ame geɖe kpɔe be ne yewoƒo nu tso yewoƒe nuxaxa ŋu na ame bubuwo la, ekpena ɖe yewo ŋu yewonɔa te ɖe enu, gake ame bubuwo ya medina be yewoaƒo nu tso eŋu o. Eŋuti aɖaŋuɖolawo ƒe susu mesɔ le nya sia ŋu o. Ne èdi be yegblɔ yeƒe dzimenya na ame aɖe gake wòle sesẽm na wò la, ɖewohĩ anɔ bɔbɔe na wò wu be nàgblɔ ale si nèle sesem le ɖokuiwò me ƒe sue aɖe na xɔ̃wò vevi aɖe.
Le ame aɖewo gome la, wokpɔe be ne yewofa avi la, ekpena ɖe yewo ŋu yewonɔa te ɖe nuxaxa nu, gake ame bubuwo ya tea ŋu nɔa te ɖe enu ne womefa avi boo o hã.
MƆFIAME: “Ame ƒe dzi nya eya ŋutɔ ƒe vevesese.”—Lododowo 14:10.
5: TSRI NU SIWO AGBLẼ NU LE ŊUWÒ LA WƆWƆ
Ame aɖewo siwo ame ku na nɔa aha mum eye wonɔa atike vɔ̃ɖiwo zãm be yewoatsɔ atsi yewoƒe vevesesea nu. Nuwɔna sia gblẽa nu le ame ŋu. Ðeko aha kple atike vɔ̃wo nana ame kpɔa gbɔdzɔe hena ɣeyiɣi vi aɖe ko, gake emegbe emetsonuawo gblẽa nu vevie. Di mɔ siwo dzi nàto anɔ te ɖe nuxaxa nu evɔ magblẽ nu le ŋuwò o.
MƆFIAME: “Mina míakɔ mía ɖokui ŋu tso . . . ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me.”—2 Korintotɔwo 7:1.
6: ZÃ WÒ ƔEYIƔIWO NYUIE
Ame geɖe kpɔe be eɖea vi ne yewowɔ nanewo be yewoaɖe susu ɖa le nuxaxaa ŋu ahawɔ nu siwo ana yewoƒe susu nadze akɔ anyi ale be wòaɖe yewoƒe vevesesea dzi akpɔtɔ vie.
Wò dzi adze eme vie ne èdze xɔlɔ̃ nyuiwo, srɔ̃ asinudɔ yeye aɖe alo ɖe modzaka.
Ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, àva trɔ ɖe nɔnɔmea ŋu. Àva kpɔe be wò nuxaxaa maganɔ abe tsã ene o, edzi anɔ ɖeɖem kpɔtɔ eye esia akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe kuxia nu.
MƆFIAME: “Ɣeyiɣi li na nu sia nu, . . . avifaɣi li, eye nukoɣi li; konyifaɣi li, eye ɣeɖuɣi li.”—Nyagblɔla 3:1, 4.
7: YI NU SIWO NÈWƆNA DZI
Ne anya wɔa, yi nu siwo nèwɔna dzi.
Ne èmlɔa anyi ɖe game dzi, wɔa dɔ, eye nèwɔa nu bubuwo la, nuwo ava nɔ na wò abe tsã ene.
Ne ètrɔ ɖe dɔ bubuwo ŋu la, ana nàɖe veve si kua do na wò la dzi akpɔtɔ.
MƆFIAME: “Ƒãa hafi wògabua eƒe agbemeŋkekewo ƒe yiyi ŋu, le esi Mawu vavã la na eƒe susu katã le eƒe dzi ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ŋu ta.”—Nyagblɔla 5:20.
8: MÈGATSƆ DZITSITSI WƆ NYAMETSOTSOWO O
Ame siwo tsɔ dzitsitsi wɔ nyametsotsowo le woƒe ame vevi aɖe ƒe ku megbe kpuie la va kpɔnɛ be yewowɔ vodada.
Ne anya wɔ la, lala ɣeyiɣi aɖe hafi aʋu, adi dɔ yeye alo atsɔ wò ame vevi si ku la ƒe nanewo aƒu gbe.
MƆFIAME: “Veviedola ƒe ɖoɖowo hea dzidzedzekpɔkpɔ vanɛ, ke ame sia ame si tsia klokloklo la, hiã atui.”—Lododowo 21:5.
9: MÈGAŊLƆ WÒ AME VEVI SI KU LA BE O
Ame geɖe siwo ame ku na kpɔe be eɖea vi ne yewowɔa nu siwo akpe ɖe yewo ŋu be yewoaɖo ŋku yewoƒe ame si ku la dzi.
Àkpɔe be wò dzi adze eme ne èdzra foto alo ŋkuɖodzinu aɖewo ɖo loo alo ŋlɔ nudzɔdzɔ vevi aɖewo siwo màdi be yeaŋlɔ be o la ɖi.
Dzra nu siwo ana nàɖo ŋku nuwo dzi kple dzidzɔ la ɖo, eye ne dzi ɖe le ƒowò la, tsɔ wo eye nàlé ŋku ɖe wo ŋu.
MƆFIAME: “Ðo ŋku tsãŋkekewo dzi.”—5 Mose 32:7.
10: YI MƆKEKE
Àte ŋu atiae be yeayi mɔkeke.
Ne manya wɔ be nàyi mɔkeke didi oa, ɖewohĩ àte ŋu awɔ nane si doa dzidzɔ na wò la ŋkeke ɖeka alo eve, abe azɔ zɔli legbe aɖi tsa, ayi blemanudzraɖoƒe alo aku ʋu ado vie.
Ne èwɔ nane si to vovo na nu si nèwɔna gbe sia gbe vie gɔ̃ hã la, ana nànɔ te ɖe nuxaxa nu.
MƆFIAME: “Miva, ne míawo ɖeɖe míayi teƒe aɖe si ame aɖeke mele o, ne míaɖi ɖe eme vie.”—Marko 6:31.
11: KPE ÐE AMEWO ŊU
De dzesii be ɣesiaɣi si nèkpe ɖe ame aɖe ŋu la, akpe ɖe wò ŋutɔ hã ŋu be nàŋlɔ wò nuxaxaa be vie.
Ðewohĩ àte ŋu adze egɔme tso ame siwo hã dzi wò ame vevia ƒe kua le tetem ɖo la dzi, abe xɔlɔ̃wo alo ƒometɔ siwo hã le nu xam, elabe wonya be èse nu siwo me tom yewole la gɔme.
Ne èkpe ɖe ame bubuwo ŋu hefa akɔ na wo la, ana dzi nagadzɔ wò eye agbe yeye aɖo mewò.
MƆFIAME: “Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.”—Dɔwɔwɔwo 20:35.
12: GBUGBƆ ŊKU LÉ ÐE NU SIWO LE VEVIE NA WÒ LA ŊU
Nuxaxa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàva de dzesi nu siwo tututu le vevie.
Wɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ nàtsɔ alé ŋku ɖe ale si nèle agbea nɔmee ŋu.
Ne ehiãa, trɔ asi le nu siwo nèbuna nu vevii la ŋu.
MƆFIAME: “Kuƒemeyiyi nyo wu aglotuƒeyiyi, elabena afi kemɛa nye amegbetɔwo katã ƒe nuwuƒe, eye ele be wòade dzi gbɔ na agbagbeawo.”—Nyagblɔla 7:2.
Le nyateƒe mea, naneke mate ŋu atsi wò vevesesea nu keŋkeŋ o. Ke hã ame geɖe siwo ƒe ame vevi aɖe ku la alɔ̃ ɖe edzi be esi yewowɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia me dzi la, ekpe ɖe yewo ŋu yewoƒe akɔ fa. Ke hã, menye nu siwo katã akpe ɖe ame ŋu wòaɖe nuxaxa dzi akpɔtɔ ŋue míeƒo nu tsoe o. Gake ne ète mɔnu siawo dometɔ aɖewo kpɔ la, àkpɔe be woakpe ɖe ye ŋu yeƒe vevesesea nu naɖiɖi vie.
a Nyɔ! mekafua dɔdamɔnu aɖe koŋ be eyae nyo wu o.
-
-
Nu Si Koŋ Akpe Ðe Ame Siwo Le Nu Xam La ŊuNyɔ!—2018 | No. 3
-
-
NU SI AKPE ÐE AME SIWO LE NU XAM LA ŊU
Nu Si Koŋ Akpe Ðe Ame Siwo Le Nu Xam La Ŋu
VEVE SI AME SENA NE EƑE AME VEVI AÐE KU LA NYE NU SI ŊU NUMEKULAWO LE NU ME KUM TSOE VEVIE LE ŊKEKE SIAWO ME. Ke hã, abe ale si míegblɔe va yi ene la, zi geɖe la, aɖaŋuɖola nyuitɔ ƒe aɖaŋuɖoɖowo wɔa ɖeka kple esi dze le blemagbalẽ aɖe si nye Biblia, si ƒe nyawo gaɖea vi la me. Esia gate gbe ɖe ale si Biblia ƒe mɔfiamewo nu meyi na gbeɖe o la dzi. Aɖaŋuɖoɖo gbogbo aɖewo siwo dzi míate ŋu aka ɖo la le Biblia me. Aɖaŋu siwo wòɖo la, megale teƒe bubu aɖeke o eye woate ŋu afa akɔ na ame siwo le nu xam.
Eka ɖe edzi na mí be míaƒe ame vevi siwo ku la, mele fu kpem o
Biblia gblɔ le Nyagblɔla 9:5 be: “Kukuawo meganya naneke kura o.” Woƒe “tamesusuwo katã nu yina.” (Psalmo 146:4) Esia sɔ kple nya si Biblia gblɔ be ku sɔ kple alɔ̃dɔdɔ la.—Yohanes 11:11.
Mawu si lɔ̃a ame la dzixɔse si me sẽ nana ame kpɔa akɔfafa
Biblia gblɔ le Psalmo 34:15 be: “Yehowaa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe ɣlidodowo ŋu.” Gbedodoɖa mele abe ale si míagblɔ míaƒe dzimenya na ame aɖe be míaƒe dzi nadze eme alo aɖɔ míaƒe susu ɖo ko o. Ekpena ɖe mía ŋu be mí kple mía Wɔla, ame si ate ŋu azã eƒe ŋusẽ atsɔ afa akɔ na mí la, dome nɔna nyuie.
Míele mɔ kpɔm na etsɔme nyui aɖe
Bu ɣeyiɣi aɖe si ava le etsɔme esime woafɔ ame siwo le yɔdowo me la ɖe tsitre woagava nɔ agbe le anyigba dzi la ŋu kpɔ! Biblia ƒo nu tso nya sia ŋu zi geɖe. Biblia ɖɔ ale si nɔnɔmea anɔ le anyigba dzi ɣemaɣi be Mawu “atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le [míaƒe] ŋkume, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o.”—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
Ame geɖe siwo xɔ Yehowa, Mawu si ŋu Biblia ƒo nu tsoe dzi se la va srɔ̃ ale si woanɔ te ɖe woƒe nuxaxa nu esi wova nya nu tso ale si woafɔ woƒe ame vevi siwo ku la ɖe tsitre ŋu eye wole mɔ kpɔm nɛ. Le kpɔɖeŋu me, Ann si srɔ̃ xɔ ƒe 65 eye wòku la gblɔ be: “Biblia ka ɖe edzi nam be míaƒe ame vevi siwo ku la mele fu kpem o eye Mawu afɔ ame siwo katã le eƒe susu me la ɖe tsitre. Nu siawo vaa susu me nam ne mebu ame si ku nam la ŋu, eye esia wɔnɛ be metea ŋu nɔa te ɖe nu si dzɔ ɖe dzinye va yi la nu!”
Tiina si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati siawo me gblɔ be: “Tso esime Timo kua, mekpɔe be Mawu lém ɖe te. Meka ɖe edzi bliboe be Yehowa kpe ɖe ŋunye le nɔnɔ sesẽ ma me. Eye ŋugbe si Biblia do tso tsitretsitsia ŋu la nye nu ŋutɔŋutɔ nam. Edoa ŋusẽm be manɔ mɔ kpɔm na gbe si gbe magakpɔ Timo ake.”
Eƒe nya siawo wɔ ɖeka kple ame miliɔn geɖe siwo ka ɖe Biblia dzi la tɔ. Ne èsusu be nya siwo Biblia gblɔ menye nyateƒe o alo be wonye drɔ̃eƒenyawo la, ke ele be wò ŋutɔ nàku nu me akpɔe ɖa be ɖe aɖaŋu kple ŋugbe siwo wòdo la le eme hã. Àva kpɔe be Bibliae nye agbalẽ nyuitɔ si akpe ɖe ame siwo le nu xam la ŋu.
ÀTE ŊU ASRƆ̃ NU GEÐE TSO ALE SI WOAVA FƆ AME KUKUWO LA ŊU
Kpɔ video bubu siwo ƒo nu tso nya sia ŋu le míaƒe nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org/ee
Biblia do ŋugbe be ɣeyiɣi aɖe ava si míagakpɔ míaƒe ame vevi siwo ku
Àkpɔe le AGBALẼWO KPLE NU BUBUWO > VIDEOWO
Nu kae dzɔna ɖe ame dzi ne eku? Ale si Biblia ɖo nya sia ŋu eme kɔ la faa akɔ na ame eye wòdea dzi ƒo na ame
Àkpɔe le AGBALẼWO KPLE NU BUBUWO > VIDEOWO (Ʋu Videowo: Biblia > Biblia Ƒe Nufiafiawo)
ÀDI BE YEASE NYA NYUIA?
Esi wònye be nya vɔ̃wo bɔ ɖe, afi kae míate ŋu ase nya nyuie le?
Àkpɔe le BIBLIA ƑE NUFIAFIAWO > ŊUTIFAFA KPLE DZIDZƆKPƆKPƆ
a Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔe nye Yehowa.
-