Nukae Míawɔ le Subɔsubɔƒe Sia Me?
1 Esi ƒe 1994 subɔsubɔƒea dze egɔme le September 1 dzi la, fifiae nye ɣeyiɣi nyui si wòle be mí amesiwo nye Yehowa ƒe amewo míaɖo taɖodzinu siwo gbɔ míadi be míaɖo abe ame ɖekaɖekawo kple habɔbɔ ene le subɔsubɔƒe yeye sia me.
2 Yi Edzi Nànɔ Tsitsim le Gbɔgbɔ Me: Ne amesiwo dze hadede kple nyateƒea gɔme yeyee míenye la, ele be míadi be míasẽ ŋu le xɔse me. (Heb. 6:1-3) Ne míesẽ ŋu le gbɔgbɔ me xoxo la, menye ame yeyewo kple ame bubuwo ŋu ko wòle be míakpe ɖo o ke boŋ ele be míalé ŋku ɖe mía ŋutɔwo ƒe gbɔgbɔmemenyenye hã ŋu, eye míagasusui gbeɖe be Biblia me sidzedze siwo hiã la katã le mía si eye be míekpɔ nuteƒe le Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ me o. Ðe míedzroa gbesiagbe mawunya la me, eye míewɔa ɖe Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖo si wowɔ le Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Ðoɖowɔɖia dzi, hedzrana ɖo ɖe Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ kple Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ ŋutia? Ele be esia nanye taɖodzinu si gbɔ wòle be mí katã míaɖo. Ele be míayi edzi atsi le gbɔgbɔ me ne míedi be míatsi agbe le nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe tsɔtsrɔ̃ me eye woakpɔ mía ta ayi ɖe Mawu ƒe nuɖoanyi yeyea me.—Tsɔe sɔ kple Filipitɔwo 3:12-16.
3 Nɔ Dzadzɛ le Gbɔgbɔ Me: Ele be míakɔ mía ɖokui ŋu tso “ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me,” bene Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu bliboe. (Kor. II, 7:1) Ne mía ŋu kɔ xoxo la, nukata míadi be ‘míagamli ayi ɖe’ xexe xoxo vɔ̃ɖi ƒe “ba me” ake? (Tsɔe sɔ kple Petro II, 2:22.) Ele be míaɖoe kplikpaa be míakpɔtɔ asẽ ŋu ahanɔ dzadzɛ le gbɔgbɔ me. Ana be Satana ƒe mɔ̃tetrewo manɔ ɣaɣla ɖe mí ne wòaɖu mía dzi, esi ana be míage ɖe nuvɔ̃ me eye míaƒe nu nagblẽ Yehowa ŋu o.—Kor. II, 2:11.
4 Ðo To Aɖaŋuɖoɖo Nyuiwo: Lododowo 15:22 ɖee fia be: “Afisi adaŋudela geɖewo le la, edzea edzi.” Gake ɖo ŋku edzi be Salomo si nye amesi gblɔ nya siawo la ɖe mɔ be “srɔ̃awo trɔ eƒe dzi ɖe mawu bubuwo ŋu” elabena meɖo to aɖaŋu si Mawu ɖo be womegaɖe dutanyɔnuwo o la o. (Fiawo I, 11:1-4) Eyata ne mía ŋutɔwo míeɖo to aɖaŋuɖoɖo siwo me nunya le o la, aleke míate ŋu akpɔ mɔe be míate ŋu ali ke le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me alo aɖo kpɔɖeŋu nyui si dze be woasrɔ̃? (Tim. I, 4:15) Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo akpe ɖe mía ŋu be míadzɔ míaƒe dzi ŋu. (Lod. 4:23) Enye ametakpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le be míalɔ̃ nusi Yehowa lɔ̃na ahalé fu nusi wòléa fui, eye míadi eƒe mɔfiafia kple nusi dzea eŋu wɔwɔ ɣesiaɣi.—Lod. 8:13; Yoh. 8:29; Heb. 1:9.
5 Míaƒe Yehowa subɔsubɔ menye nusi míewɔna abe kɔnu ko ene, abe amesiwo gblɔ be yewonye Kristotɔwo le xexeame la ƒe mawusubɔsubɔ tɔgbe ene o, ke boŋ etso gbɔgbɔ me, dzo le eme, eye wòwɔ ɖeka kple nyateƒe si le Mawu ƒe Nya la me.—Yoh. 4:23, 24.
6 Woate ŋu ado míaƒe tameɖoɖo kplikpaa be míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la akpɔ gbesiagbe. Ele be sidzedzee be dodokpɔ sia ke dzea ŋgɔ mía “nɔvi, siwo le xexeame” kple be Yehowae ado ŋusẽ mí la nanye ŋusẽdodo na mí. (Pet. I, 5:9, 10) Eyata mina míawɔ míaƒe subɔsubɔdɔa bliboe le ƒe 1994 subɔsubɔƒea me.—Tim. II, 4:5.