Ta 114
Ŋkuɖodzi ƒe Fiẽnuɖuɖu La
ESI Yesu klɔ afɔ na eƒe apostoloawo vɔ megbe la, eyɔ nya tso ŋɔŋlɔ si le Psalmo 41:10 me gblɔ bena: “Amesi le abolo ɖum kplim la, kɔ eƒe afɔkpodzi dzi ɖe ŋunye.” Azɔ esi nya la nɔ fu ɖem nɛ la, eɖe eme be: “Mia dometɔ ɖeka adem asi.”
Apostoloawo dze nuxaxa gɔme eye wo dometɔ ɖesiaɖe bia Yesu bena: “Nyee loo?” Yuda Iskariot kura gɔ̃ hã bia nya sia. Yohanes, amesi nɔ Yesu xa le kplɔ̃a ŋu la ziɔ ɖe Yesu ƒe akɔnu hebiae be: “Aƒetɔ, amekae?”
Yesu ɖo eŋu be: “Enye ame wuieveawo dometɔ ɖeka, amesi ƒe asi le agba me dem kplim. Ke Amegbetɔvi la le yiyim, abe alesi woŋlɔ ɖi le eŋuti ene; gake baba na ame ma, si dzi woato ade Amegbetɔvi la asi! Enyo na ame ma bena, womegaxae dzi o.” Le ema megbe la, Satana gage ɖe Yuda me ake hewɔ mɔ si ʋu ɖi le eƒe dzi si vɔ̃ɖi me la ŋudɔ. Emegbe le zã ma me la, esɔ be Yesu yɔ Yuda be “tsɔtsrɔ̃vi” la.
Azɔ Yesu gblɔ na Yuda bena: “Nusi wɔ ge nala la, wɔe kaba.” Apostolo mamleawo mese nusi gblɔm Yesu le la gɔme o. Wo dometɔ aɖewo susu be esi wònye aɖaka si me ga le la le Yuda si ta la, Yesu le gbɔgblɔm nɛ be: “Ƒle nusiwo míehiã la, hena ŋkekenyuie la ɖuɖu,” alo be wòayi aɖana nane ame dahewo.
Le Yuda ƒe dzodzo megbe la, Yesu ɖo azã alo ŋkuɖodzi yeye aɖe kura anyi kple eƒe apostolo wɔnuteƒewo. Etsɔ abolo, eye wòdo akpedadagbe ɖa heŋe eme, eye wòtsɔe na wo gblɔ bena: “Mixɔe ɖu.” Eɖe eme be: ‘Esia tsi tre ɖi na nye ŋutilã si woana le mia ta; minɔ esia wɔwɔ dzi hena ŋkuɖoɖo dzinye.’
Esi wo dometɔ ɖesiaɖe ɖu aboloa vɔ la, Yesu tsɔ kplu si me wein le, si dze ƒã be eyae nye kplu enelia si wozã le Ŋutitotoɖuɖua me la. Edo akpedadagbe ɖa ɖe eya hã ta eye wòtsɔe na wo be woano hegblɔ be: ‘Kplu sia tsi tre ɖi na nubabla yeye le nye ʋu me, si woakɔ ɖe anyi le mia ta.’
Eyata le nyateƒe me la, esia nye Yesu ƒe ku ƒe ŋkuɖodzi. Abe alesi Yesu gblɔe ene la, ele be woawɔe ƒe sia ƒe le Nisan 14 lia dzi atsɔ aɖo ŋku eyama dzie. Aɖo ŋku nusi Yesu kple Fofoa si le dziƒo wɔ be woaɖe amegbetɔƒomea tso ku ƒe fɔbubu me la dzi na eɖulawo. Le Yudatɔ siwo ava zu Kristo yomedzelawo gome la, azã la axɔ ɖe Ŋutitotoŋkekenyuiea teƒe.
Nubabla yeyea si Yesu ƒe ʋu si wòkɔ ɖi la na wòdze dɔwɔwɔ gɔme la va xɔ ɖe Se ƒe nubabla xoxoa teƒe. Yesu Kristoe nɔ akpa eve dome wowɔe—Yehowa Mawu le akpa ɖeka dzi, eye Kristotɔ 144,000 siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzii la le akpa kemea dzi. Hekpe ɖe mɔnukpɔkpɔ ʋuʋu ɖi be woatsɔ nuvɔ̃wo ake ŋu la, nubabla la na be woate ŋu aɖo fia nunɔlawo ƒe dukɔ anyi le dziƒo. Mateo 26:21-29, Marko 14:18-25; Luka 22:19-23; Yohanes 13:18-30; 17:12; Korintotɔwo I, 5:7.
▪ Biblia me nyagblɔɖi ka mee Yesu yɔ nya tsoe ku ɖe eƒe zɔhɛ aɖe ŋu, eye nuka ŋue wòtsɔe ku ɖo?
▪ Nukatae apostoloawo xa nu vevie, eye nya kae wo dometɔ ɖesiaɖe bia?
▪ Nukae Yesu gblɔ na Yuda be wòawɔ, gake aleke apostolo bubuawo se nyagbɔgblɔ sia gɔmee?
▪ Azã kae Yesu ɖo anyi le Yuda ƒe dzodzo megbe, eye nukae nye eƒe taɖodzinu?
▪ Amekawoe le nubabla yeyea me, eye dɔ kae nubabla la wɔna?