Ta 88
Kesinɔtɔ la kple Lazaro
YESU nɔ nu ƒom na eƒe nusrɔ̃lawo tso alesi wòle be woazã ŋutilãmekesinɔnuwo ɖe mɔ nyui nu la ŋuti, eye wòɖe eme na wo be míate ŋu anye nusiawo subɔlawo aganye Mawu hã subɔlawo le ɣeyiɣi ma ke me o. Farisitɔwo hã nɔ to ɖom, eye wodze fewuɖuɖu gɔme le Yesu ŋu elabena galɔ̃lawoe wonye. Eyata egblɔ na wo be: “Miawoe nye amesiwo le afia tsom na mia ŋutɔwo mia ɖokui le amewo ƒe ŋku me, gake Mawu nya miaƒe dzi me; elabena nusi nye nu gã le amewo dome la, enye ŋunyɔnu le Mawu ƒe ŋku me.”
Ɣeyiɣia de be nuwo natrɔ bubui na amesiwo nye kesinɔtɔwo le ŋutilãmenunɔamesiwo, dunyaheŋusẽ, kple subɔsubɔha ƒe amedziɖuɖu kple ŋusẽkpɔɖeamedzi gome. Woada wo ɖe anyi. Gake woado amesiwo dze si woƒe gbɔgbɔmenuhiahiã la ɖe dzi. Yesu tɔ asi tɔtrɔ ma dzi esime wòyi edzi gblɔ na Farisitɔwo be:
“Se la kple nyagblɔɖilawo nɔ anyi vaseɖe Yohanes [Amenyrɔ̃ɖetsimela] dzi; tso ekema dzi la wole mawufiaɖuƒe ƒe nyanyuie la gblɔm fia, eye amesiame yi ɖe eme sesẽtɔe. Ke ele bɔbɔe, be dziƒo kple anyigba nu nayi wu esi se la ƒe ŋɔŋlɔdzesi ɖeka natsi anyi.”
Agbalẽfialawo kple Farisitɔwo dana ɖe alesi woa ŋutɔwo gblɔna be yewoléa Mose le Sea me ɖe asi la ta. Ðo ŋku edzi be esi Yesu na ame aɖe kpɔ nu nukutɔe le Yerusalem la, woƒo adegbe be: “Míawo la, Mose ƒe nusrɔ̃lawo míenye. Míenya bena, Mawu ƒo nu kple Mose.” Gake Mose ƒe Sea ɖo eƒe taɖodzinu gbɔ azɔ, esi nye be wòakplɔ ɖokuibɔbɔlawo ayi Yesu Kristo si nye Fia si Mawu tia la gbɔe. Eyata tso Yohanes ƒe subɔsubɔdɔa ƒe gɔmedzedze dzi la, ame ɖesiaɖe ƒomevi, vevietɔ ɖokuibɔbɔlawo kple ame dahewo, le ʋiʋlim sesĩe be yewoazu Mawu ƒe Fiaɖuƒea te viwo.
Esi wònye be Mose ƒe Sea nɔ eƒe nuwuwu vam azɔ ta la, ele be woaɖe agbanɔamedzi si nye eme léle ɖe asi la ɖa. Sea ɖe mɔ ɖe srɔ̃gbegbe ɖe susu vovovowo ta ŋu, gake Yehowa gblɔ azɔ be: “Amesiame, si aɖe asi le srɔ̃a ŋu, eye wòaɖe bubu la, ewɔ ahasi; eye amesi aɖe esi ŋu ŋutsu aɖe ɖe asi le la, ewɔ ahasi.” Aleke nya mawo atɔ dzi na Farisitɔwoe, vevietɔ esi woɖe mɔ ɖe srɔ̃gbegbe ŋu ɖe susu geɖewo ta, enye si!
Esi Yesu yi nusiwo wòde dzesii gbɔgblɔ dzi na Farisitɔwo la, ewɔ kpɔɖeŋu aɖe si ku ɖe ame eve siwo ƒe nɔƒe alo nɔnɔme trɔ vevie la ŋu. Àte ŋu agblɔ amesiwo amesiawo tsi tre ɖi na kple nusi woƒe nɔnɔme siwo trɔ la fia?
Yesu ɖe eme be: “Ŋutsu kesinɔtɔ aɖe li, si doa awu dzĩ kple aklalabiɖibiɖiwu, eye wòɖua agbe gbesiagbe le dzidzɔ me; ke ame dahe aɖe, si ŋkɔ nye Lazaro la, mlɔ eƒe agbo nu, eye abiwo yɔ eŋuti fũ; eye wòle didim be, yeaɖu nusiwo le dudum le kesinɔtɔ la ƒe kplɔ̃ dzi la, aɖi ƒo; ke avũwo hã va, eye woɖuɖɔ eƒe abiwo mo nɛ.”
Yesu zã kesinɔtɔ la le afisia be wòatsi tre ɖi na Yudatɔ subɔsubɔhakplɔlawo, esi melɔ Farisitɔwo kple agbalẽfialawo dzaa ko ɖe eme o, ke boŋ Zadukitɔwo kple nunɔlagãwo hã le eme la. Wonye kesinɔtɔwo le gbɔgbɔ me gomekpɔkpɔwo kple mɔnukpɔkpɔwo me, eye wowɔ wo ɖokui abe kesinɔtɔ la ene. Awu dzĩe si wodo abe fiawo ene la tsi tre ɖi na amenuvevenɔƒe si wole la, eye aklalabiɖibiɖiwu la nye kpɔɖeŋu na alesi wobu wo ɖokui ame dzɔdzɔewoe.
Kesinɔtɔ dadala ƒe ha sia bua ame dahewo alo ame gbɔlowo ame ɖigbɔwoe, eye woyɔa wo be ‛am ha·’aʹrets, alo amesiwo le anyigba. Eyata Lazaro tsi tre ɖi na amesiawo siwo subɔsubɔhakplɔlawo gbe gbɔgbɔmenuɖuɖu nyui kple mɔnukpɔkpɔwo nanae la. Eyata abe Lazaro si ŋu abiwo yɔ fũ ene la, woda ame gbɔlowo ɖe anyi hebu wo be wonye amesiwo nye dɔnɔwo le gbɔgbɔ me eye avũwo koe wòle be woade ha kplii. Gake gbɔgbɔmenunyiamewo ƒe dɔ kple tsikɔ le amesiwo nye Lazaro habɔbɔ la me tɔwo wum, eyata wole agboa nu eye wole didim be yewoaxɔ gbɔgbɔmenuɖuɖukui ɖesiaɖe si age tso kesinɔtɔa ƒe kplɔ̃ dzi la.
Yesu yi edzi ƒo nu azɔ tso tɔtrɔ siwo va eme le kesinɔtɔ la kple Lazaro ƒe nɔnɔme me la ŋu. Nukawoe nye tɔtrɔ siawo, eye nuka ƒe kpɔɖeŋue wonye?
Tɔtrɔ Va na Kesinɔtɔ la kple Lazaro
Kesinɔtɔ la tsi tre ɖi na subɔsubɔhakplɔla siwo wotsɔ gbɔgbɔ me mɔnukpɔkpɔwo na amenuvevetɔe la, eye Lazaro tsi tre ɖi na ame hahoo siwo gbɔgbɔmenuɖuɖu ƒe dɔ le wuwum la. Yesu yi eƒe nya la dzi heƒo nu tso tɔtrɔ gã aɖe si va le nɔnɔme siwo me ŋutsuawo le la ŋuti.
Yesu gblɔ be: “Eye wòva ve me bena, ame dahe la ku, eye mawudɔlawo tsɔe yi ɖada ɖe Abraham akɔnu; eye kesinɔtɔ la hã ku, eye woɖii. Eye le tsiẽƒe, esi wòle fukpekpe me la, ewu mo dzi eye wòkpɔ Abraham ɖa ʋĩ, eye Lazaro le eƒe akɔnu.”
Esi wònye kesinɔtɔ la kple Lazaro menye ame ŋutɔŋutɔwo o, ke boŋ wotsi tre ɖi na ameha aɖewo ta la, gɔmesese le eŋu be woƒe kua hã nye kpɔɖeŋu tɔ. Nukae woƒe kua tsi tre ɖi na alo fia?
Ðeko Yesu wu asi fiafia nɔnɔmetɔtrɔ aɖe nu teti enye ma, esime wògblɔ be, ‘Se la kple Nyagblɔɖilawo nɔ anyi vaseɖe Yohanes Amenyrɔ̃ɖetsimela dzi, gake tso ɣemaɣi dzi la, wole gbe ƒã ɖem Mawu ƒe Fiaɖuƒea.’ Eyata Yohanes kple Yesu Kristo ƒe gbeƒãɖeɖea mee kesinɔtɔ la kple Lazaro siaa ku le le woƒe nɔnɔme tsãtɔwo gome.
Lazaro habɔbɔ ɖokuibɔbɔla trɔdzimeawo ku le woƒe gbɔgbɔmehedada ƒe nɔnɔme tsãtɔ gome eye wova nɔnɔme si me Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu le la me. Togbɔ be tsã woɖoa ŋu ɖe subɔsubɔhakplɔlawo ŋu hena nu sue siwo adudu tso gbɔgbɔmekplɔ̃a dzi la kpɔkpɔ hã la, fifia ya la, Ŋɔŋlɔawo me nyateƒe siwo Yesu fia wo la le woƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔm. Woto ema dzi kplɔ wo va Abraham Gãtɔ, Yehowa Mawu, ƒe akɔnu alo eva kpɔ ŋudzedzedze ɖe wo ŋu.
Gake Mawu mekpɔ ŋudzedze ɖe amesiwo ƒo ƒu nye kesinɔtɔ habɔbɔa la ŋu o elabena wogbe kokoko be yewomaxɔ Fiaɖuƒe gbedasi si gblɔm Yesu le la o. Eyata woku le ŋudzedze si wòdze abe wokpɔna ɖe wo ŋu tsã ene la gome. Le nyateƒe me la, wogblɔ be, wole kpɔɖeŋu ƒe fukpekpe me. Ðo to azɔ nase nusi kesinɔtɔa gblɔ la:
“Fofo, Abraham, ve nunye, eye nadɔ Lazaro ɖa bena, wòatsɔ eƒe asibidenu atɔ tsi me, eye wòafa aɖe nam, elabena mele fu kpem le dzo ƒe aɖe sia me.” Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃gbedasi sesẽ siwo Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ɖea gbe ƒãe la nye nusi wɔa fu kesinɔtɔ habɔbɔa me tɔwo. Wodi be nusrɔ̃lawo nadzudzɔ gbedasia gbɔgblɔ ne yewoasi le fu si wɔm wole yewo la nu vie.
Ke Abraham gblɔ bena: “Vinye, ɖo ŋku edzi bena, èxɔ wò nu nyuiwo vɔ le wò agbenɔɣi me, eye nenema ke Lazaro xɔ vɔ̃awo; ke azɔ la wole akɔ fam nɛ le afii, eye wò la èle fu kpem. Eye kpe ɖe nusiawo katã ŋuti la ʋe gã aɖe le mía kple miawo dome ale bena ne amewo le didim be, woatso afii ayi mia gbɔ la, womate ŋui o, eye afimatɔwo hã mate ŋu ava mía gbɔ o.”
Aleke wònye nusi le dzɔdzɔe eye wòsɔe nye si be tɔtrɔ gã ma va na Lazaro habɔbɔa kple kesinɔtɔ habɔbɔ la! Nɔnɔmeawo trɔ keŋkeŋ le ɣleti ʋee aɖewo megbe le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi esime wona nubabla yeyea va xɔ ɖe Se ƒe nubabla xoxoa teƒe. Eva dze kɔte ɣemaɣi be nusrɔ̃lawo ŋue Mawu kpɔ ŋudzedze ɖo ke menye Farisitɔwo kple subɔsubɔhakplɔla bubuawoe o. Eyata “ʋe gã” si le kpɔɖeŋu kesinɔtɔa kple Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dome la tsi tre ɖi na Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe matrɔmatrɔ la.
Azɔ kesinɔtɔ la bia tso “fofo Abraham” si be wòadɔ Lazaro ɖe “fofonye ƒe me; elabena nɔvi atɔ̃ le asinye.” Kesinɔtɔ la to esia dzi ʋu eme be ƒomedodo si le kplikplikpli wu le ye kple fofo bubu dome, amesi nye Satana Abosam. Kesinɔtɔ la bia be Lazaro natɔ tsi Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃gbedasiawo ale be ye ‘nɔvi atɔ̃awo’ si nye eƒe mawusubɔsubɔxɔlɔ̃wo nagava “fukpeƒe sia” o.
“Ke Abraham gblɔ be: Mose kple nyagblɔɖilawo le wo si; woaɖo to woamawo!” Ẽ, ne ‘nɔvi atɔ̃awo’ asi le fukpekpe nu la, nusi ko woawɔe nye be woaɖo to Mose kple Nyagblɔɖilawo ƒe nuŋlɔɖi siwo ɖee fia be Yesu ye nye Mesia la eye woazu eƒe nusrɔ̃lawo. Gake kesinɔtɔ la gbe be: “Gbeɖe, fofo Abraham; ke boŋ ne ame aɖe tso ame kukuwo dome yi wo gbɔ la, woatrɔ le woƒe dziwo me.”
Gake wogblɔ nɛ be: “Ne womeɖo ɖo to Mose kple nyagblɔɖilawo o la, ne ame aɖe tsi tre tso ame kukuwo dome hã la, mele ŋu te ge aƒoe ɖe wo nu o.” Mawu mawɔ dzesi alo nukunu tɔxɛwo be yeatsɔ ana ameawo naka ɖe edzi o. Ele be woaxlẽ Ŋɔŋlɔawo ahawɔ ɖe wo dzi nenye be wodi be yewoadze eŋu. Luka 16:14-31; Yohanes 9:28, 29; Mateo 19:3-9; Galatiatɔwo 3:24; Kolosetɔwo 2:14; Yohanes 8:44.
▪ Nukatae kesinɔtɔ la kple Lazaro ƒe kua anye kpɔɖeŋu kokoko, eye nukae woƒe kua tsi tre ɖi na?
▪ Tso Yohanes ƒe subɔsubɔdɔa ƒe gɔmedzedze dzi la, tɔtrɔ kae Yesu gblɔ be eva eme?
▪ Nuka ŋue wòle be woaɖe asi le esime Yesu ku, eye aleke esia akpɔ ŋusẽ ɖe srɔ̃gbegbe ƒe nya la dzie?
▪ Le Yesu ƒe lododoa me la, amekawoe kesinɔtɔ la kple Lazaro tsi tre ɖi na?
▪ Nukae nye fu siwo kesinɔtɔ la kpe, eye mɔ ka dzie wòbia be woato aɖe wo ɖa?
▪ Nukae “ʋe gã” la tsi tre ɖi na?
▪ Amekae nye kesinɔtɔ la fofo ŋutɔŋutɔ, eye amekawoe nye nɔvia atɔ̃awo?