Ta 93
Esime Woaɖe Amegbetɔvi la Afia
ESIME Yesu gakpɔtɔ nɔ anyiehe (anye le Samaria alo Galilea) la, Farisitɔwo bia nyae ku ɖe Fiaɖuƒea ƒe vava ŋu. Woxɔ se be ava le atsyɔ̃ɖoɖo gã me eye kɔnuwɔwɔ gãwo akpe ɖe eŋu, gake Yesu gblɔ be: “Mawufiaɖuƒe la megbɔna kple zi, alo woagblɔ bena: kpɔ ɖa, afii alo afimee o, elabena mawufiaɖuƒe la le mia dome.”
Ɣeaɖewoɣi woɖea Yesu ƒe nya siwo nye “le mia dome” la gɔme be “le mia me.” Eyata ame aɖewo susui be Yesu le gbɔgblɔm be Mawu Fiaɖuƒea ɖua dzi le Mawu subɔlawo ƒe dzi me. Gake edze ƒã be Mawu Fiaɖuƒea mele Farisitɔ dzimaxɔsetɔ mawo siwo Yesu le nu ƒom na la ƒe dzi me o. Gake ele wo dome, elabena Yesu Kristo, Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia si wotia la le wo dome.
Anye esi Farisitɔwo dzo vɔe Yesu gblɔ nya bubuwo na eƒe nusrɔ̃lawo ku ɖe Fiaɖuƒea ƒe vava ŋu. Eƒe anyinɔnɔ si gbɔna le Fiaɖuƒeŋusẽ mee nye nusi le susu me nɛ esime wòxlɔ̃ nu be: “Woagblɔ na mi bena: Kpɔ ɖa, afimee, kpɔ ɖa, afii! Migayi o, eye migadze [aʋatso Mesia siawo] yome o! Elabena alesi dzikedzo, ne eke dzo le dziƒo ƒe go ɖeka me, wòklẽna ɖe dziƒo ƒe go keme dzii la, nenema Amegbetɔvi la lanɔ.” Eyata Yesu le asi fiamee be alesi dzikedzo dzena dea didiƒee la, nenema ke yeƒe anyinɔnɔ le Fiaɖuƒeŋusẽ me ƒe dzesiwo adze kɔte na amesiwo katã di be yewoakpɔe la.
Emegbe Yesu tsɔ blemanudzɔdzɔwo sɔ kple wo nɔewo bene yeatsɔ afia alesi amewo ƒe nɔnɔme anɔ le yeƒe anyinɔnɔ si gbɔna la me. Eɖe nu me be: “Eye alesi wòva ve me le Noa ƒe ŋkekeawo mee la, nenema wòanɔ le Amegbetɔvi la ƒe ŋkekeawo hã me. . . . Alesi ke wòva ve me le Lot ƒe ŋkekeawo me: Wole nuɖuɖu dzi, wole nuƒeƒle dzi, wole nudzadzra dzi, wole nukuwo dodo dzi, wole xɔtutu dzi; ke le ŋkeke, si dzi Lot do go tso Sodom la, dzo kple dzokpe wu tso dziƒo, eye wòtsrɔ̃ wo katã; nenema ke wòanɔ le ŋkeke, si dzi Amegbetɔvi la laɖe eɖokui afia.”
Yesu mele gbɔgblɔm be esi Noa kple Lot ƒe ŋkekea me tɔwo wɔ agbemenu siwo wowɔna ɖaa, abe nuɖuɖu, nunono, nudzadzra, nuƒeƒle, nukudodo, kple xɔtutu ene ta koe wotsrɔ̃ ɖo o. Noa kple Lot kpakple woƒe ƒomewo hã wɔ nusiawo. Gake ame bubuawo ya ti gbesiagbenuwɔna siawo yome ale gbegbe be womegatsɔ ɖeke le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me o, eye esia tae wotsrɔ̃ ɖo. Le susu ma ke ta la, amewo atsrɔ̃ ne Kristo ɖe eɖokui fia le nuɖoanyi sia ƒe xaxa gã la me.
Le gbe tete ɖe nu wɔwɔ kaba, ne wokpɔ eƒe anyinɔnɔ si gbɔna le Fiaɖuƒeŋusẽ me ƒe ɖaseɖiɖiwo, ƒe vevienyenye dzi la, Yesu gblɔ kpee be: “Le ŋkeke ma dzi la amesi lanɔ xɔta, eye eƒe nuwo le xɔ me la, magaɖi be, wòatsɔ wo ayii o, eye nenema ke amesi le agble me la, megagbugbɔ ɖe nusiwo le emegbe la ŋuti o. Miɖo ŋku Lot srɔ̃ dzi!”
Ne Kristo ƒe anyinɔnɔ ŋuti ɖaseɖiɖiwo dze la, amewo magate ŋu ana kuku ɖe woƒe ŋutilãmenuwo ŋu naxe mɔ na woƒe nu wɔwɔ kaba o. Esi Lot srɔ̃ nɔ mɔ dzi do go le Sodom yina la, anɔ eme be ŋutilãmenu siwo wògblẽ ɖi ƒe edzodzro vevie tae wòtrɔ kpɔ megbe ɖo eye wòzu dzekɔ.
Esi Yesu nɔ nɔnɔme si anɔ anyi le eƒe anyinɔnɔ si gbɔna me ɖɔm la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Le zã ma me la ame eve woanɔ aba ɖeka dzi, woaxɔ ɖeka, eye woagblẽ ekeme ɖi. Nyɔnu eve lanɔ teƒo, woaxɔ ɖeka, eye woagblẽ ekeme ɖi.”
Ame xɔxɔ sia sɔ kple Noa kple eƒe ƒomea ƒe aɖakaʋua me yiyi kpakple alesi mawudɔlawo kplɔ Lot kple eƒe ƒomea doe le Sodom. Efia ɖeɖekpɔkpɔ. Gake ame gbegblẽ ɖi fia be woatsrɔ̃ amea.
Le afisia la, nusrɔ̃lawo bia be: “Afikae, Aƒetɔ?”
Yesu ɖo eŋu be: “Afisi nu kuku le la, afima hɔ̃wo ƒoa ƒu ɖo.” Amesiwo “woaxɔ” hena ɖeɖekpɔkpɔ la le abe hɔ̃ siwo kpɔa nu dea didiƒe ene le gɔmesese sia nu be woƒoa ƒu ɖe “nu kuku” la ŋu. Nu kuku la ku ɖe amesi nye nyateƒe Kristo la le eƒe anyinɔnɔ si womekpɔna o le Fiaɖuƒeŋusẽ me kpakple gbɔgbɔmekplɔ̃ si Yehowa ɖona la ŋu. Luka 17:20-37; Mose I, 19:26.
▪ Aleke Fiaɖuƒea nɔ Farisitɔwo domee?
▪ Mɔ ka nue Kristo ƒe anyinɔnɔ la le abe dzikedzo ene?
▪ Nukatae woatsrɔ̃ amewo ɖe woƒe nuwɔna ta le Kristo ƒe anyinɔnɔ la me?
▪ Nukae ame xɔxɔ kple ame gbegblẽ ɖi fia?