INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • gt ta 99
  • Yesu Fia Nu le Yerixo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yesu Fia Nu le Yerixo
  • Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yesu Yɔ Dɔ Ŋkuagbãtɔwo Eye Wòkpe Ðe Zaxeo Ŋu
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Ele Be Mía Xɔlɔ̃wo Nanye Amesiwo Lɔ̃ Mawu
    Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • Nane Si Nyo Wu Ðɔɖɔɖo
    Nyɔ!—2004
  • Dzi Nenɔ Ƒowò Nàɖe Gbeƒã
    Lɔ̃ Amewo—Kpe Ðe Wo Ŋu Woazu Nusrɔ̃lawo
Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
gt ta 99

Ta 99

Yesu Fia Nu le Yerixo

ETEƑE medidi o, Yesu kple ameha siwo le mɔ zɔm kplii la ɖo Yerixo si nye du aɖe si nye abe ŋkeke ɖeka ƒe mɔzɔzɔ ene tso Yerusalem. Ewɔ abe du evee Yerixo nye ene, eye Yudatɔwo ƒe du xoxoa gbɔ didi tso Romatɔwo ƒe du yeyea gbɔ abe agbadroƒe ɖeka [kilometa ɖeka kple afã] ene. Esi amehawo dzo le du xoxoa me yina ɖe yeyea me la, ŋkuagbãtɔ eve siwo nye nubialawo se amewo ƒe hoowɔwɔ. Wo dometɔ ɖeka ŋkɔe nye Bartimeo.

Esi Bartimeo kple eƒe evelia se be Yesu ye va yina la, wodze ɣlidodo gɔme be: “Dawid vi la, kpɔ mía nublanui”! Esi amehawo blu ɖe wo ta be woazi ɖoɖoe la, wogado ɣli ɖe dzi be: “Aƒetɔ, Dawid vi la, kpɔ mía nublanui”!

Esi Yesu se ɣlia la, etɔ. Egblɔ na amesiwo kpe ɖe eŋu la be woayɔ amesiwo le ɣli ma gbegbe dom la ɖa. Amesiawo yi ŋkuagbãtɔawo gbɔ eye wogblɔ na wo dometɔ ɖeka be: “Na wò dzi nadze eme! Tsi tre, ele yɔwòm.” Ŋkuagbãtɔa kpɔ dzidzɔ ale gbegbe eye wòɖe eƒe awudziwu ƒu gbe hetsi tre kpla eye wòva Yesu gbɔ.

Yesu bia be: “Nuka dim miele, bena mawɔ na mi mahã?”

Ŋkuagbãtɔ evea ɖe kuku be: “Aƒetɔ, bena míaƒe ŋkuwo naʋu.”

Esi woƒe nu wɔ nubanui na Yesu la, eka asi woƒe ŋku ŋu. Le Marko ƒe nuŋlɔɖia nu la, Yesu gblɔ na wo dometɔ ɖeka be: “Heyi, wò xɔse la ɖe wò!” Enumake nubiala ŋkuagbãtɔawo dze nu kpɔkpɔ, eye ɖikekemanɔmee la, wo ame evea siaa dze Mawu kafukafu gɔme. Esi ameawo kpɔ nusi dzɔ la, woawo hã kafu Mawu. Bartimeo kple eƒe zɔhɛa mehe ɖe megbe kura le Yesu yome dzedze me o.

Amehawo sɔ gbɔ ale gbegbe esime Yesu nɔ Yerixo-dua me tom. Amesiame di be yeakpɔ amesi ʋu ŋkuagbãtɔawo ƒe ŋku la. Amewo tso afisiafi le Yesu mimim ɖo, eye esia ta ame aɖewo mete ŋu kpɔe flui hã o. Amesiawo dometɔ ɖekae nye Zaxeo si nye nudzɔla siwo le Yerixo kple du siwo gogoe me la ƒe amegã. Enye ame kpui akpa be mete ŋu kpɔ nusi nɔ edzi yim o.

Eyata Zaxeo ƒu du yi ɖalia gboti aɖe le mɔ si dzi Yesu gbɔna toto ge la dzi. Ate ŋu anɔ kɔkɔƒe sia akpɔ nusianu nyuie. Esi amehawo gogoe la, Yesu yɔe tso atia dzi be: “Zaxeo, ɖi kaba, elabena ele nam egbea be, manɔ aƒewò me.” Zaxeo tsɔ aseyetsotso ɖi va eye wòwɔ kaba yi aƒeme be yeadzra ɖo ɖe yeƒe amedzro vevi la ƒe vava ŋu.

Gake esi ameawo kpɔ nusi le dzɔdzɔm la, wo katã dze liʋiliʋi lili gɔme. Wobui be medze be Yesu nadze ame ma gbɔ o. Èkpɔea, Zaxeo zu kesinɔtɔ to adzo dada amewo le eƒe adzɔxɔdɔa me dzi.

Ame geɖe dze eyome eye esi Yesu ge ɖe Zaxeo ƒe aƒeme la, woli liʋiliʋi be: “Eyina ŋutsu, si nye nuvɔ̃wɔla gbɔ dze ge.” Gake Yesu kpɔe be Zaxeo ate ŋu atrɔ dzime. Eye Yesu ƒe mɔkpɔkpɔa medo kpo eme vava o, elabena Zaxeo tsi tre heɖe gbe ƒã be: ‘Kpɔ ɖa, Aƒetɔ, matsɔ nye nuwo ƒe afã na ame dahewo, eye ne medzɔ nu le ame aɖe si dzro la, maɖo eteƒe nɛ zi ene.’

Zaxeo ɖo kpe eƒe dzimetɔtrɔ vavãtɔ dzi to eƒe nuwo ƒe afã nana ame dahewo kple afã susɔea gbugbɔgbugbɔ na amesiwo wòba la dzi. Edze abe ɖe wòate ŋu abu home si tututu wòaxe na amesiawo ne ekpɔ eƒe nudzɔdzɔxɔxɔ ŋuti nuŋlɔɖi dzi ene. Eyata eɖe adzɔgbe be yeaɖo eteƒe na wo zi gbɔ zi ene le ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe se si gblɔ be: ‘Ne ame aɖe fi alẽ la, ekema wòaɖo alẽ ene eteƒe.’

Alesi Zaxeo do ŋugbe be yeamã yeƒe nuwoe la dze Yesu ŋu, elabena egblɔ be: “Egbe xɔxɔ va aƒe sia me, le esi eya hã nye Abraham vi ŋuti. Elabena Amegbetɔvi la va, be yeadi, eye yeaɖe amesiwo bu la.”

Yesu gblɔ nɔnɔme si me ‘amesiwo bu’ le la ƒe kpɔɖeŋu fia le vi búbu la ƒe ŋutinya me ɣeyiɣi kpui aɖe koe nye sia. Fifia míekpɔ ame aɖe si bu si wogafɔ la ƒe kpɔɖeŋu ŋutɔŋutɔ. Togbɔ be subɔsubɔhakplɔlawo kple amesiwo dze wo yome la li liʋiliʋi heto nyatoƒoewo le alesi Yesu tsɔ ɖe le amesiwo le abe Zaxeo ene me ŋu hã la, Yesu yi Abraham vi siawo siwo bu la didi kple agbe gbɔgbɔ wo ake dzi. Mateo 20:29-34; Marko 10:46-52; Luka 18:35–19:10; Mose II, 22:1.

▪ Edze ƒã be anye afikae Yesu do go nubiala ŋkuagbãtɔ evea le, eye nukae wòwɔ na wo?

▪ Amekae nye Zaxeo, eye nukatae wòlia ati?

▪ Aleke Zaxeo ɖo kpe eƒe dzimetɔtrɔ dzie?

▪ Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso alesi Yesu wɔ nu ɖe Zaxeo ŋui me?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe