Kpɔ Viɖe Bliboe tso Ƒe 1993 “Mawu ƒe Nufiafia” Nutome Gã Takpekpea Me
1 “Yehowa, fia wò mɔm.” (Ps. 86:11) Ele be esia nanye Mawu subɔla adzɔgbeɖela ɖesiaɖe ƒe kukuɖeɖe vevie. Míeɖoe kplikpaa be míadzudzɔ nusɔsrɔ̃ kple nusi míesrɔ̃na ŋudɔwɔwɔ gbeɖe o. Ahiã be woaɖɔ mí ɖo ɣeaɖewoɣi eye abe alesi hakpala la wɔe ene la, ele be míaɖe kuku na Mawu be wòatsɔ míaƒe dzi aɖo nu ɖeka ŋu be magamã o. Míaxɔ mɔfiafia kple ɖɔɖɔɖo nyui siwo hiã mí ale be míate ŋu asubɔ Yehowa le anukwareɖiɖi me le nuɖoanyi sia ƒe nɔnɔme sesẽwo me le “Mawu ƒe Nufiafia” Nutome Gã Takpekpea me.
2 Ŋkeke Ene Takpekpe: Míawɔ takpekpe 12 le du 9 me le dukɔa me godoo. Míeyɔ du siawo katã ƒe ŋkɔwo ɖe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, June tɔ me. Míawɔ takpekpea le Twi, Fanti, Eʋegbe, Gɛgbe, kple Eŋlisigbe me eye anɔ te ɖe teƒe siwo míawɔ wo le dzi. Míele mɔ kpɔm be míawɔ takpekpe bliboa le Krɔbɔgbe me zi gbãtɔ eye woawɔe le ɣeyiɣi ɖeka dzi kple Twi takpekpea le Koforidua. Woado Frafragbe hã le Tamale takpekpea me. Takpekpea adze egɔme Yawoɖa ŋdɔ 1:20 ahawu enu le Kwasiɖagbe ɣetrɔ ga 4:30 me. Kpɔ egbɔ be yenɔ anyi se nuƒoawo katã ale be nàxɔ gbɔgbɔmeteƒeɖoɖo geɖe.
3 Nukae wodzra ɖo ɖi na mí? Gbɔgbɔmenuɖuɖu sesẽ gbogbo siwo woana mí le mɔ vovovo nue: nuƒowo, wɔwɔfiawo, gbebiamewo, kple drama eve. Mègana mɔfiame vevi siawo ƒe ɖeke nato ŋuwò o! Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míele mɔ kpɔm be míakpɔ mía xɔlɔ̃ xoxowo eye be míadze xɔlɔ̃ yeyewo hã. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo nye Ghana-vidzidzi siwo le subɔsubɔm le dutanyigbawo dzi la ava takpekpea. Wɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋudɔ nàtsɔ adze si nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu anukwaretɔ siawo. Ne dzilae nènye la, na viwòwo hã nakpɔ gome le dzeɖoɖoa me kpli wo. Anukwaretɔ siawo ƒe dzidzɔ kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ aɖo gɔmeɖoanyi na viwòwo be woabu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ŋu.
4 Ðe Nàtsɔ Nu Ewoliawo Katã Ava Nudzraɖoƒea? Yehowa do ŋugbe na Israel-viwo le Maleaxi 3:10 be ne wodi be yewoado ye kpɔ atsɔ nuwo ƒe ewoliawo katã ayi nudzraɖoƒea la, yeadudu yayra aƒo ɖe wo dzi wòagbɔ eme.
5 Le ame aɖewo gome la, Yehowa si woado akpɔ la afia be woayi ɖe woƒe dɔtɔwo gbɔ kaba abia mɔkeke kpui aɖe alo mɔkeke si woxɔna ƒe sia ƒe ale be woate ŋu ayi takpekpea. Ɣeaɖewoɣi la, nɔviwo hena ɖe megbe le esia wɔwɔ ŋu kple susu be yewoƒe dɔtɔ mana mɔ yewo be yewoayi takpekpe o. Gake le nya siwo medo ƒome kple gbɔgbɔmenuwo o (abe kuteƒeyiyi ene) gome ya la, mesesẽna na wo kura be woana woƒe dɔtɔ nanya nusi wodi be yewoawɔ o.
6 Ele be míabia mía ɖokui be: Ne mía xɔlɔ̃ vevi aɖe le srɔ̃ ɖem le nuto bubu me la, ɖe míava bia mɔ le míaƒe dɔtɔ gbɔ ayi srɔ̃kpeƒea oa? Eye ne ewɔ abe mele lɔlɔ̃m o la, ɖe míaɖe alesi gbegbe wòle vevie na mí be míayi me nɛ bubutɔe oa? Le nyateƒe me la, ele vevie be Yehowa nafia nu mí tsɔ wu be míayi srɔ̃kpeƒe! Ne míeka ɖe edzi vavã be takpekpea le vevie hena míaƒe tsitsi le gbɔgbɔ me la, anɔ bɔbɔe be míaƒo nu na míaƒe dɔtɔ be wòaɖe mɔ na mí míayi takpekpea.—Yak. 1:7, 8.
7 Le Israel la, nuwo ƒe ewolia nye ŋutilãmekpekpeɖeŋunana si wotsɔ kpɔa Yehowa ƒe tadeaguƒea ƒe nuhiahiãwo gbɔe. Le míaƒe ŋkekea me la, nuwo ƒe ewolia nye ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple ga si míezãna tẽ le Yehowa subɔsubɔ kple le alɔdodo Fiaɖuƒedɔa me. Ɣeyiɣi si míezãna le kpekpewo, nutome sue kple nutome gã takpekpewo me, kpakple ɣeyiɣi siwo míezãna tsɔ dzraa míaƒe takpeƒewo ɖo hã le nuwo ƒe ewolia la me. “Mawu ƒe Nufiafia” Nutome Gã Takpekpea ana mɔnukpɔkpɔ geɖe mí be míahe nuwo ƒe ewoliawo katã ayi Yehowa ƒe gbɔgbɔmenudzraɖoƒea. Nukawoe nye wo dometɔ aɖewo?
8 Míate ŋu ahe nuwo ƒe ewolia vɛ to toɖoɖo takpekpea me nuƒowo nyuie, gomekpɔkpɔ le Fiaɖuƒeha ɖesiaɖe dzidzi dzonɔamemetɔe, kple toɖoɖo gbedodoɖa ɖesiaɖe nyuie ale be míate ŋu agblɔ Amen si tso míaƒe dzi me la me.
9 Míaƒe ŋgɔyiyi le nyateƒea me ƒe akpa gã aɖe nɔ te ɖe alesi míeɖoa toe dzi. Le ƒuƒoƒo gãwo me la, ele bɔbɔe be nusi ame bubuwo le wɔwɔm le mía gbɔ la nahe míaƒe susu, eye le esia ta ele be míadzɔ míaƒe susu ŋu. Kpɔ egbɔ be yedzra ɖo nyuie hafi va takpekpea, nàtsɔ wò Biblia, hadzigbalẽ, agbalẽŋlɔti, nuŋlɔɖigbalẽ, kple Gbetakpɔxɔ si míasrɔ̃ le kwasiɖa ma me ɖe asi. Enyo be nàŋlɔ nya vevi kple ŋɔŋlɔ siwo nuƒola ɖesiaɖe azã la ɖi. Nuŋlɔɖiawo nanɔ kpuie; nya geɖewo ŋɔŋlɔɖi ana míaƒe susu manɔ nuƒoa ŋu o. Ele be woana hehe ɖeviwo hã be woanye toɖola nyuiwo. Ðeviwo kple wo dzilawo ate ŋu ahe nuwo ƒe ewolia vɛ to toléle ɖe nuƒoawo ŋu nyuie alesi woate ŋui me.
10 Dzila aɖewo wɔ ɖoɖo ɖe ɖoɖoeziɣi ŋu le aƒeme gbesiagbe esime wobiana tsoa wo viwo si be woaxlẽ Habɔbɔa ƒe agbalẽ aɖe alo akpɔ nɔnɔmetata siwo le eme. Hehe nyui sia nana wònɔa bɔbɔe wu na ɖeviwo be woanɔ anyi kpoo le kpekpewo kple takpekpewo me. Dzila siwo na hehe ɖevi siwo nye kpɔɖeŋu nyui ɖolawo la gblɔ be yewomeɖea mɔ gbeɖe be yewo viwo tsɔa fefenuwo alo nutatagbalẽwo yia kpekpewo me o. Ðevi suewo gɔ̃ hã ate ŋu asrɔ̃e be susu si ta míeyia kpekpewo ɖoe nye be míade ta agu na Yehowa. Dzila siwo fiaa nusi wòfia be woahe nuwo ƒe ewolia la katã ayi nudzraɖoƒea wo viwo la dze na kafukafu vavã!
11 Míate ŋu ahe nuwo ƒe ewolia vɛ to míaƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ tsɔtsɔna faa atsɔ akpe asi ɖe takpekpe ƒe ɖoɖoa ŋu me. Le takpeduawo dometɔ geɖe me la, woanɔ dɔwɔwɔ do ŋgɔ na takpekpea nu wum ŋkeke ɖeka alo eve hafi takpekpea nadze egɔme. Ne ète ɖe afima ŋu la, nukata màwɔ ɖoɖo be mia kple wò ƒome bliboa míakpɔ gome le eme o? Nɔvi aɖewo kplɔ woƒe Biblia-nusrɔ̃vi siwo le ŋgɔyiyi wɔm la vɛ ale be hafi ame yeye siawo naxɔ nyɔnyrɔ̃ la, woate ŋu anya nusi alɔdodo Yehowa ƒe tadedeagu bia. Nu geɖe li woawɔ atsɔ ana takpekpea nazɔ nyuie. Nukata wò ƒome bliboa matsɔ eɖokui ana o?
12 Míaƒe alɔdodo takpekpea le gakpekpeɖeŋu nana me hã nye nuwo ƒe ewolia tsɔtsɔ vɛ ƒe mɔnu bubu. Esime Yehowa nɔ nu ƒom tso alesi woatsɔ ŋutilãmenunanawo ado alɔ tadedeagu vavãtɔe ŋu la, ede se na Israel-dukɔa be: “Womava Yehowa ŋku me asi gbɔlo o. Amesiame nana nusi su esi, abe alesi Yehowa, wò Mawu, yrae ene.” (Mose V, 16:16, 17) Ameawo te ŋu na nu geɖe alo nu sue o, woƒe nunana siwo ŋu wodzra ɖo ɖo do ŋgɔ la dze Yehowa ŋu. Nenema ke nɔvi geɖewo tsɔa gbedodoɖa bua nusi woadzɔ ŋu, ne woadzɔ ga alo woana gadzraɖoƒegbalẽvi si nye bank draft (si woaɖo ɖe “Watch Tower Convention” le takpedua me). Ðe nènana viwò suewo daa ga ɖe nudzɔɖaka mea?
13 Ðo Atsyɔ̃ na Mawu, Mía Xɔla, ƒe Nufiafia La: Míate ŋu ato míaƒe nɔnɔme kple nuwɔna nyuiwo me ‘aɖo atsyɔ̃ na Mawu, mía Xɔla, ƒe nufiafia la le nuwo katã me.’ (Tito 2:10) Ne míagblɔe le mɔ bubu nu la, míate ŋu aɖee afia tso takpekpea me ke be míetsɔ Mawu ƒe nufiafia le dɔ wɔmee le míaƒe agbe me.
14 Míaƒe nɔnɔmewo ya ɖe? Ameŋububu mebɔ le xexeame egbea o. Gake Yehowa ƒe ame siwo Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo fiaa mɔe la mebua woawo ɖeɖeko ƒe nyonyo ŋu o, ke boŋ wobua wo haviwo ƒe nyonyo hã ŋu. (Fil. 2:4) Míebua amesiwo dome míele la ŋu. Míetsɔa ŋusẽ tutua wo ne míele nuɖuɖu alo agbalẽ ƒe fli me o. Míebua ame tsitsiwo kple ɖevi sue siwo anɔ fli me kple wo dzila eye ame tsitsi ate ŋu atutu wo bɔbɔe le ŋuɖeɖi me la ŋu. Ne míele amedzrodzeƒewo la, míeɖea nudzeamewɔwɔ kple ŋuɖɔɖo fiaa afima dɔwɔlawo, míewɔa amemabumabunu alo biaa nu geɖe ne womewɔ nu na mí abe alesi míedi ene o la o. Eye ele be míaɖo ŋku edzi ana nu ɖe nusiwo wowɔ na mí la ta wòasɔ.—Kpɔ nyati si nye “Nunana ɖe Dɔ si Wowɔ na Ame Ta—Enyo alo Menyo O” si dze le June 22, 1986 ƒe Awake! me, axa 24 vaseɖe 27 hena eŋuti numeɖeɖewo.
15 Míaƒe mawusosroɖa ƒe nuwɔna wɔa dɔ ɖe amesiwo dome míele la dzi ŋutɔ. Xexemetɔ aɖe si va kpɔ takpekpea wɔƒe gblɔ le takpedu aɖe me le ƒe si va yi me be: “Alesi wona hehe miaƒe amewo la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. [Woɖe] dzesi; wofɔa gbeɖuɖɔ le anyigba togbɔ be ame aɖeke megblɔe na wo o hã eye wowɔa nu ɖe ɖoɖo nu eye miewɔ ɖoɖo ɖe miaƒe takpekpea ŋu ŋutɔ.” Mawusosroɖa ƒe nuwɔna ŋuti ɖaseɖiɖi nyui kae nye si!
16 Dziɖuɖumegã aɖe si yi ƒe si va yi ƒe takpekpeawo dometɔ ɖeka ƒe ŋkeke mamletɔ la gblɔ nusi wɔ dɔ ɖe edzi gbã le agbalẽ si wòŋlɔ na takpekpekɔmitia me be: “Esia nye zi gbãtɔ si meva ƒuƒoƒo gã sia tɔgbe me kpɔ. Nu gbãtɔ si he nye susue nye ɖokuibɔbɔ, amebubu kple lɔlɔ̃ si mɔfialawo kple anyinɔƒegbɔkpɔlawo ɖe fia. Nu eveliae nye be alesi takpeƒea nɔ dzadzɛ togbɔ be vavalawo sɔ gbɔ ŋutɔ hã la wɔ nuku nam. Esi wònye ‘dzadzɛnyenye kple mawusosroɖae zɔna’ ta la, dzadzɛnyenye ƒe dzidzenu kɔkɔtɔ si nɔ takpekpea wɔƒe la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ.”
17 Ðe wò ŋutɔ nàɖo atsyɔ̃ na Mawu, mía Xɔla la, ƒe nufiafia to wò nuwɔna si anye kpɔɖeŋu la mea? Mɔ siwo dzi míato awɔ esia la dometɔ aɖewoe nye si:
Awudodo kple dzadzraɖo: Ne míele takpekpea yim la, mele be míabui be mɔkekee míele o. Ke boŋ ɖe míeva Yehowa gbɔ be wòafia nu mí. Esi wòle nenema la, ɖe mele be míado awu abe alesi míedonɛ yia kpekpewo le Fiaɖuƒe Akpata me ene oa? (Tim. I, 2:9, 10) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ele be míabu awu si míado le takpekpeŋkekeawo ƒe nuwuwu hã la ŋu nyuie. Eɖanye ƒe kae míexɔ o, ɖe wòasɔ be ne míetrɔ yi míaƒe dzeƒewo la míaɖɔ li awu nyui si ŋu bubu le si míedo yi takpekpea ado awu siwo ana míaɖi xexemetɔ siwo doa awu ɖewoɖewoe eye ʋuɖɔɖɔ menɔa eŋu o laa? Ðe esia mana amewo nasusui be ɖeko míedoa míaƒe kpekpeyiwuwo be míatsɔ afia amewo wu be wòanye míaƒe agbenɔnɔ ɖeɖefia oa? Ðo ŋku edzi be Yehowa ƒe ŋkɔ le mía ŋu eye ele be mía dometɔ ɖesiaɖe nakpɔ egbɔ be yemana kpɔtsotso nanɔ nyateƒea ƒe mɔ la ŋu o.
Ele be woaɖo ŋku edzi na amesiwo yina nyɔnyrɔ̃ xɔ ge la be mesɔ le nuwɔna kɔkɔe siawo wɔɣi be woado dziwui siwo dzi xexemetɔwo ƒe nyagbɔgblɔwo kple nɔnɔmetatawo le alo wota nya siwo wotsɔna doa boblo adzɔnuwo ɖo la o. Hamemegãwo nakpɔ egbɔ be wodzro nyɔnyrɔ̃xɔxɔ ƒe nyabiabiawo me ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ eye be woana amesiwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ̃ la nanya kaba be wodze na nyɔnyrɔ̃xɔxɔ alo womedze o. (Nyabiabiawo me dzroɣie nye ɣeyiɣi nyuitɔ si me miaɖo aɖaŋu na wo le awu ɖɔʋu si asɔ na nyɔnyrɔ̃xɔxɔ la ŋu.) Mahiã be amesiwo dzi hamemegãwo da asi ɖo be woaxɔ nyɔnyrɔ̃ la nagava ŋlɔ ŋkɔ le takpekpea me o. Gake ele be woagblɔe na wo be woava nɔ ŋgɔgbezikpui siwo woagblẽ ɖi na amesiwo yina nyɔnyrɔ̃ xɔ ge la dzi ase nyɔnyrɔ̃xɔnuƒoa.
Amedzrodzeƒewo kple amewo ƒe aƒewo me: Miɖe gbɔgbɔ ƒe kutsetsewo fia ne mieyi amedzrodzeƒe alo ame aɖe ƒe aƒeme. Ne womeʋã ɖe mia ŋu o la, migbɔ dzi ɖi, mise veve ɖe ame ti, eye miana nu le dɔ si wowɔ na mi ta wòasɔ abe alesi míegblɔ va yi ene.
Ðeviwo ate ŋu awɔ wo tɔ gome le bubudede amedzrodzeƒea ƒe nunɔamesiwo ŋu me to wɔwɔ ɖe se siwo wode ɖe tsiƒuƒewo kple nu bubuwo nu dzi me. Anyo be dzilawo nazã ɣeyiɣi aɖe do ŋgɔ na takpekpea atsɔ adzro alesi woadi be wo viwo nawɔ nui le takpekpea me la me kple wo ahaɖo ŋku alesi wònye woƒe agbanɔamedzi be woawɔ ɖe Kristotɔwo ƒe dzidzenuwo dzii la dzi na wo.
Nyalémɔ̃wo: Togbɔ be mɔɖeɖe li be woazã video fotoɖemɔ̃wo hã la, míenya be miabu ame bubuwo ŋu. Lɔlɔ̃ manɔ eme be míaxe hati takpekpevalawo ƒe ŋkume anɔ takpekpea me nyawo lém ɖi o. Ne àte ŋu anɔ nɔwòƒe alé nuƒoawo le aɖaŋu me be magaɖe fu na ame bubuwo o la, míagbe o. Gake taflatse miɖo ŋku edzi be mɔɖeɖe meli be woatsi fotoɖemɔ̃ alo nyalémɔ̃ bubuwo ƒe ka ɖe elektrikikawo alo nuƒomɔ̃awo ŋu le takpekpea me o, eye mele be woada mɔ̃ siawo dometɔ aɖeke ɖe zikpuiwo dome mɔwo dzi alo afisi amewo tona o.
Anyinɔnɔ: Taflatse miɖo ŋku edzi be MIAƑE ƑOMEA ME TƆWO KPLE AMESIWO MIA KPLI WO MIELE ƲU ÐEKA ME KOE NÀTE ŊU ALÉ NƆƑE ÐI NA. Azɔ hã taflatse mibu ame tsitsiwo ŋu. Le ɣeyiɣi siwo va yi me la, eva hiã be nɔvi tsitsi aɖewo nava di nɔƒe le afisi mesɔ na wo o. Menye vodada be nàtso le nɔwòƒe na ame tsitsi si anɔ nɔƒe dim la o, vevietɔ ne menye mia kple wò ƒometɔwo alo amesiwo le ʋu ɖeka me kpli wò lae nènɔ anyi kpli o. Esia anye Kristotɔwo ƒe ameŋububu ƒe dzesi.
Ame ŋutɔ ƒe nuzazãwo: Míele aɖaŋu ɖom be miagatsɔ nuzazãwo ɖe asi fũ ava takpekpea o. Ne nua mate ŋu ayi ɖe zikpuia te o la, ekema anyo be miagblẽe ɖe aƒeme alo ɖe ʋua megbe. Le dedienɔnɔ ta la, mɔɖeɖe meli be nàtsɔ tsigoe gãwo ada ɖe zikpuiwo dome mɔwo dzi o, eye ne èdae ɖe zikpui si le gbɔwò dzi la, ekema ame ɖe makpɔ nɔƒe o.
Nuɖunyawo wɔwɔ wòanɔ bɔbɔe: Le ɖekawɔwɔ me kple Yesu ƒe nya siwo le Mateo 4:4 kple Yohanes 6:27 la, míadze agbagba tɔxɛ ana nuɖunyawo nabɔbɔ wu le takpekpeawo katã me. Ðe mèlɔ̃ ɖe edzi be edze be lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo wɔa dɔ le Nuɖuɖudɔwɔƒe hã nakpɔ viɖe tso gbɔgbɔmenuɖuɖuawo me oa? Eye aleke woate ŋu akpɔ viɖe le gbɔgbɔ mee ne wowɔ dɔ sesẽ akpa tsɔ kpɔ míaƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ eye le ema ta ɖeɖi te wo ŋu eye alɔ̃ le wo tsɔm ne nuƒoawo le edzi yim? Eyata woawɔ nuɖunyawo wɔwɔ wòanɔ bɔbɔe ƒe ɖoɖoa ŋudɔ le afisiafi. Míagaɖa nusiwo ɖaɖa xɔa ɣeyiɣi hebia dɔ sesẽ wɔwɔ la o. Nusiwo woaɖa la ɖaɖa anɔ bɔbɔe, aɖɔ ʋu, eye maxɔ asi fũ o. Amesiwo ate ŋu akpɔ ŋdinuɖuɖu nyui aɖu le aƒeme eye woatsɔ ŋdɔnuɖuɖu ɖe asi ava takpekpea wɔƒee la ate ŋu awɔ nenema faa. Míede dzi ƒo na amesiame be wòadzɔ nu faa le takpekpe si wòayi me. Mele be míakpɔ mɔ be nuɖuɖudzadzra me koŋ ye míakpɔ ga le atsɔ ado alɔ Fiaɖuƒedɔa o.
18 Wodzra gbɔgbɔmekplɔ̃ɖoɖo gã aɖe ɖo ɖi na mí katã. Va kaba gbesiagbe, Yawoɖa ƒe takpekpe si woatsɔ aʋu enui hã le eme. Ðo to nyuie nàxɔ mɔfiame xɔasiwo tso Mawu ƒe Nya la me.—Mose V, 31:12.
19 Enye mɔnukpɔkpɔ gã aɖe na mí be Yehowa nafia nu mí! Míaƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple ŋutilãmenu siwo míatsɔ ado alɔ “Mawu ƒe Nufiafia” Nutome Gã Takpekpea ahe gbɔgbɔmeviɖe siwo anɔ anyi ɖaa la vɛ na mía kple míaƒe ƒomewo.
Nutome Gã Takpekpe ƒe Ŋkuɖodzinyawo
Nuwɔwɔ ɖe Ðoɖo Nyuitɔ Nu: Ele vevie be amesiwo katã ayi takpekpea nawɔ nu ɖe ɖoɖo nu ahade bubu takpeƒea ŋu be enye ‘Mawu ƒeme.’ (Ps. 55:15) Le nuƒoawo, dramawo, hadzidziwo, kple vevietɔ gbedodoɖawo me la, taflatse mègawɔ naneke si ahe amesiwo le to ɖom la ƒe susu o. Manye bubu ɖeɖefia be míanɔ tsatsam dzodzro, anɔ dzewo ɖom, alo míazã fotoɖemɔ̃ siwo ƒe akaɖiwo klẽna alo video siwo ahe amesiwo le agbagba dzem be yewoase nya si gblɔm wole ƒe susu o. Míaƒe ameŋububu kple nuwɔna nyui aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe nufiafia ŋu vevie eye be míeva takpekpea be Yehowa nafia nu mí.
Xɔbiabia: Taflatse miwɔ ɖeka kple takpekpea ƒe Xɔdidɔwɔƒea to dzeƒe si woana mi la nɔnɔ me. Esia awɔe be amewo masɔ gbɔ akpa ɖe dzeƒe bubu siwo wobu be wosɔ wu la ahahe ŋukpe vɛ o. Midze agbagba be miaɖo kaba ale be woafia mɔ mi ayi afisi miadze la kaba. Miɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe amesi gbɔ miedze la ƒe amedzrowɔwɔ ŋu eye miɖo ŋku edzi miana miaƒe agbenɔnɔ nanye ɖaseɖiɖi nyui. (Pet. I, 2:12; Kor. I, 4:9b; Kol. 3:15) Mina mia dzeƒea nanɔ dzadzɛ eye nuwo nanɔ ɖoɖo nu. Abe alesi míegblɔe kpɔ ene la, Habɔbɔa kpɔa ŋudzedze ɖe takpekpevala siwo naa nu ɖe woƒe dzeƒea ta togbɔ be woagblɔ na wo be womaxe naneke ɖe eta o hã la ƒe nuŋububu ŋu.
Nyɔnyrɔ̃xɔxɔ: Ele be amesiwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ̃ nanɔ teƒe si woɖo ɖi na wo la hafi takpekpea nadze egɔme le Memleɖagbe ŋdi me. Ele be amesiame si le ɖoɖo wɔm be yeaxɔ nyɔnyrɔ̃ la natsɔ awu ɖɔʋu kple tsiletse ɖe asi. Le nyɔnyrɔ̃xɔxɔnuƒoa ƒoƒo kple gbe si nuƒola ado ɖa megbe la, ŋdi ma ƒe zimenɔla ana mɔfiafia kpui aɖewo amesiwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ̃ la eye emegbe wòana woadzi ha. Ne wodzi kpukpui mamlea vɔ la, anyinɔƒegbɔkpɔlawo afia mɔ amesiwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ̃ la ayi nyɔnyrɔ̃xɔƒea alo ʋu siwo akɔ wo ayi afimae la gbɔ. Esi nyɔnyrɔ̃xɔxɔ tsɔtsɔ wɔ adzɔgbe si woɖe ƒe dzesii nye dzimenya le amea ŋutɔ kple Yehowa dome ta la, ɖoɖo aɖeke meli be woawɔ zɔhɛwo ƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ si me ame eve alo amesiwo sɔ gbɔ wu ema siwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ̃ la kplaa asi kɔ na wo nɔewo alo woléa wo nɔewo ƒe alɔnu esime wole nyɔnyrɔ̃ xɔm la o.
Lɔlɔ̃nu Faa Dɔwɔwɔ: Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo hiã hena nutome gã takpekpe ƒe afɔtsɔtsɔ nyuie. Ne takpekpea wɔɣi ƒe akpa aɖe koe nàte ŋu awɔ dɔ hã la, míakpɔ ŋudzedze ɖe dɔ si nàwɔ la ŋu. Ne àte ŋu ana kpekpeɖeŋu la, ekema taflatse yi Lɔlɔ̃nu Faa Dɔwɔwɔdzikpɔƒea ne èɖo takpekpea me. Ðevi siwo mexɔ 16 haɖe o hã ate ŋu ana kpekpeɖeŋu le takpekpea ƒe dzidzedzekpɔkpɔ me, gake ele be woawɔ dɔ kple wo dzilawo alo ame tsitsi bubu aɖe.
Akɔtagbalẽviwo: Taflatse de akɔtagbalẽvi si ŋu wotrɔ asi le etɔxɛe la le takpekpea me kple esime nèyina takpekpea wɔƒe kple ne ètso afima gbɔna aƒeme. Zi geɖe la, esia wɔnɛ be míete ŋu ɖia ɖase nyuie esime míele mɔ zɔm. Ele be nàxɔ akɔtagbalẽviawo to miaƒe hamea dzi elabena womanɔ takpekpeawo me o.
Ame Ŋutɔ ƒe Dzesidegbalẽvi: Míede dzi ƒo na amesiame be wòatsɔ eƒe Medical Directive akpe ɖe “Mawu ƒe Nufiafia” Takpekpea ƒe akɔtagbalẽviwo ŋu. Ele vevie.
Mɔɖelawo ƒe Dzesidegbalẽvi: Ahiã be gbesiagbe mɔɖelawo kple mɔɖela veviwo, kpakple dzikpɔla mɔzɔlawo kple Betel-ƒomea me tɔwo katã natsɔ woƒe Mɔɖeɖedɔa ƒe Dzesidegbalẽvi (S-202) la ɖe asi ayi takpekpe lae. Ne mɔɖelawo tsɔ woƒe Mɔɖeɖedɔa ƒe Dzesidegbalẽvia fia le Agbalẽxɔƒea ko hafi woatsɔ agbalẽ siwo woɖe ɖe go siwo woana mɔɖelawo femaxee kple agbalẽ bubu siwo woaxɔ ɖe mɔɖelawo ƒe asi dzi la na wo. Woana takpekpe ƒe tikit ₵2,000 mɔɖela siwo le mɔɖeɖedɔa wɔm ɣleti ade teti le takpekpe si woayi la wɔɣi ne wotsɔ woƒe Mɔɖeɖedɔa ƒe Dzesidegbalẽvia fia le takpekpe ma ɖeka ko me. Mɔɖeɖe meli be mɔɖelawo nadzra takpekpe ƒe tikit siawo o. Ele be woatrɔ tikit siwo womezã o la na Gadzikpɔƒea le takpekpea ƒe nuwuwu.
Nuxlɔ̃amenyawo: Eɖanye afikae nètɔ wò ʋu ɖo o, ele be nàdo ʋɔa ɣesiaɣi eye mègagblẽ naneke ɖe eme wòanɔ dzedzem gbeɖe o. Ne anya wɔ la, de wò nuwo ʋua megbe, eye nàtui kple safui. Azɔ hã minɔ ŋudzɔ ɖe fiafiwo kple amesiwo ɖea ga le ame ŋu, siwo lɔ̃a kpekpe gãwo vava la ŋuti. Esia bia hã be miagagblẽ nu xɔasi aɖeke ɖe zikpuiwo dzi le takpekpea me esime ame mele egbɔ o. Míese nyatakaka ʋee aɖewo be ame vɔ̃ɖi aɖewo dze agbagba be yewoable ɖevi suewo akplɔ wo adzoe le takpekpewɔƒea. Taflatse minɔ ŋudzɔ.
Woka nya ta be amedzrodzeƒe aɖewo wɔnɛ be wònɔa bɔbɔe be woakpɔ sinima siwo me agbegbegblẽnɔnɔ le alo esiwo me woɖea amama le gɔ̃ hã le television dzi. Esia te gbe ɖe edzi be ehiã be woagana ɖeviwo nanɔ television kpɔm le dzeƒe siawo esime ame tsitsi aɖeke mele wo gbɔ o.