INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/94 axa 3-4
  • Tsri Tsatsadada Ƒomevi Ðesiaɖe!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tsri Tsatsadada Ƒomevi Ðesiaɖe!
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
km 5/94 axa 3-4

Tsri Tsatsadada Ƒomevi Ðesiaɖe!

1 Sesẽm ko ganyawo le ɖe edzi esi nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu le aƒe tum kabaka. Esia na agbemenuhiahiã veviwo kpɔkpɔ va le sesẽm ɖe edzi, vevietɔ le dukɔ madeŋgɔwo me. Le go bubu me la, ganyawo ƒe kemalimali ƒoe ɖe ame geɖe nu be woadi kesinɔnuwo fũ be wòanye takpɔkpɔ na wo. Esi wòsesẽ be woaƒo kesinɔnuwo nu ƒu to dɔsesẽwɔwɔ kple mɔ nyuiwo ɖeɖeko dzi ta la, Abosam le xexeame dom be wole gakpɔkpɔ kaba ƒe mɔnuwo tom vɛ zi geɖe, woƒe vevitɔe nye tsatsadada alo hodada.

2 Nukae Nye Tsatsadada alo Akɔdada? Encyclopedia Americana gblɔ be, “woɖe tsatsadada gɔme be enye ame ŋutɔ ƒe ga tsɔtsɔ tso gbee ɖe hoʋlifefe alo nudzɔdzɔ bubu dzi be woaɖu alo ga nafiã.” Eyata be woada tsatsa fia be woatso gbe ɖe nane si dzi womeka ɖo be adzɔ o dzi alo woada akɔ ɖe nane si wosusu be ate ŋu adzɔ ta. Wodaa tsatsa vovovowo le dukɔ sia me—loto, akɔdada, hodada, kple bubuwo. Yehowa subɔla vavãwo tsria tsatsadada ƒomevi ɖesiaɖe kura le susu geɖe ta. Gbã la, tsatsadada nye ŋuɖoɖo ɖe “aklama” alo “dzɔgbenyui” ŋu. Ŋuɖoɖo ɖe aklama ŋu be woatsɔ akpɔ kuxiwo gbɔ sɔ kple makamaka ɖe Yehowa kple mɔ siwo dzi wòwɔa nuwo tonɛ dzi, eye esia sɔ kple trɔ̃subɔsubɔ kpakple xɔsegbegbe.—Yes. 65:11, 12.

3 Ŋusẽ Siwo Tsatsadada Kpɔna Ðe Ame Dzi: Tsatsadada na woklẽa ŋu hebiãa ŋu. Amewo daa loto kple susu be yewoaɖu ga gbogbo aɖe. Le nyateƒe me la, esia nye dada le Mawu ƒe nuxlɔ̃ame si ku ɖe ŋubiabiã ŋu la dzi, si ate ŋu anye nuvɔ̃ gã ale gbegbe be ate ŋu ana ‘womanyi Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe dome o.’ Eyata ne Kristotɔ biãa ŋu to tsatsadada madzudzɔmadzudzɔe me la, woate ŋu aɖee le ha me. (Kor. I, 5:11; 6:10) Biblia gagblɔ be: “Domenyinu, si ŋu wotsi hohoho ɖo la, yayra manɔ me o.” (Lod. 20:21) Ne lotodada dzro Kristotɔ aɖe wobe ‘yeate yeƒe dzɔgbe kpɔ’ la, ele be wòabu ŋukeklẽ si dzi wotui ɖo la ŋu nyuie. Efesotɔwo 5:3 gblɔ be ‘ŋukeklẽ la womegayɔ eŋkɔ gɔ̃ hã le mia dome o,’ ʋuu keke nàɖe mɔ wòahayi ŋusẽ kpɔ ge ɖe dziwò o.

4 Havilɔlɔ̃ hã ge ɖe nya la me. (Luka 10:27) Nyateƒee, amewo ŋutɔe lɔ̃na faa daa loto. Gake ame bubuwo ƒe ga koe amesiwo ɖuna lɔna eye womenaa naneke wo ɖe eteƒe hã o. Ne lototikit ɖeka tsoga magblẽ nu le ame alo ƒome aɖe ƒe ganyawo ŋu boo o gɔ̃ hã la, esia mefia be magblẽ nu le ame bubuwo ŋu o. Ne lototikit ɖeka xɔ ₵100 pɛ ko eye ga si woaɖu nye cedi miliɔn ɖeka la, efia be dziɖula la xɔ ame 9,999 bubuwo ƒe tikittsoga. Ðe esia nye wɔwɔ ɖe se si Mawu de ɖe ŋukeklẽ ɖe ame bubuwo ƒe nunɔamesiwo nu dzia? (Mose V, 5:18; Mose III, 19:18) Wotsɔ ŋubiabiã sɔ kple trɔ̃subɔsubɔ. (Kol. 3:5; Kor. I, 6:9, 10) Mawuvɔ̃lawo ɖea lɔlɔ̃ si “media ye ŋutɔ tɔ o” fiana.—Kor. I, 13:4, 5; 10:24; Rom. 13:8-10.

5 Tsatsadada be woaɖu ga gbogbo aɖe, abe alesi wòle le lotodada me ene dea nu bubu aɖe si menyo o la ƒe dzi ƒo—eyae nye kuviawɔwɔ. Ame geɖe siwo daa loto alo tsatsa bubuwo la dina be yewoaɖu ga gbogbo aɖe dɔmawɔmawɔe ale be ‘agbenɔnɔ nabɔbɔ’ na yewo. Gake Biblia megblɔ nya nyui aɖeke le kuviawɔla ŋu o. (Lod. 6:6-11) Togbɔ be Ŋɔŋlɔawo megbe nunana kple wo xɔxɔ le mɔ nyui nu o hã la, womate ŋu agblɔ be menye ɖokuitɔdidie lotodada nye o alo be enye dɔmenyonunana o. Hekpe ɖe eŋu la, dɔwɔwɔe nye mɔ nyuitɔ si dzi mawuvɔ̃lawo tona kpɔa kesinɔnuwo. Mawu ƒe Nya de se ɖe kuviawɔwɔ nu, gake ede dzi ƒo be woalé be na nu, woado vevie nu, eye woawɔ dɔ sesẽ.—Tes. II, 3:10; Ef. 4:28.

6 Nya vevi bubue nye be lotodada ƒãa galɔlɔ̃ ɖe edalawo ƒe dzi me. Abe alesi apostolo Paulo gblɔe le Timoteo I, 6:9, 10 ene la, lɔlɔ̃ sia tɔgbe medze Kristotɔwo o. Be nɔnɔme si nana woxaa nu zi geɖe magaɖe mí aboyoe o la, ele be mawuvɔ̃lawo katã naɖoe be yewoatsri tsatsadada keŋkeŋ.

7 “Hodadawo”—Boblododo Ƒomevi Dzro Ko Wonyea? Ke hodada siwo woyɔna be “draws” alo “raffles” siwo asitsahawo dana tsɔ dzia adzɔnu aɖewo dzadzra ɖe edzi alo tsɔ doa dɔ ɖe ŋgɔ ya ɖe? Ɣeaɖewoɣi la, asitsahawo naa adzɔ woƒe asisiwo, woŋlɔa amesiwo va ƒlea nu le fiasea me alo amesiwo va de asi agbalẽ me gbã la ƒe ŋkɔwo tsɔna tiaa nunanaxɔlawoe. Asitsaha ate ŋu ato “hodada” siawo tɔgbe dzi ado boblo eƒe adzɔnuwo. Ɣeaɖewoɣi la, mɔ si dzi fiase alo asitsaha aɖe ada ho toe la MANYE tsatsadada O. Ne edzɔ alea la, Kristotɔ anɔ te ɖe eƒe dzitsinya dzi atso nya me ne axɔ nunanaa loo alo maxɔe o.

8 Ne Kristotɔ vavã le tame bum le alesi wòatso nya mee ŋu la, ate ŋu abia be: Ne melɔ̃ xɔ nunanaa ɖe, ɖe wòanye nukikli na ame aɖea? Kristotɔ aɖewo tsria nusiawo tɔgbe le esi womedi be wòanye nukikli na ame bubuwo alo wòatɔtɔ wo o ta, eye wowɔa esia be naneke magable yewo yewoaɖo ŋu ɖe aklama ŋu o. Woabui hã be yewomadi be yewoaɖe yewo ɖokui afia abe alesi woate ŋu adi tso amesiwo ɖuna si ene o.—Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 8:10-13.

9 Gake le dukɔ sia me la, hodada geɖe bia be woatsɔ adzɔnu aɖe ƒe dzesi ana hafi adze axɔ tikit si woazã atsɔ akpɔ dziɖulawo le hodadaa me. Togbɔ be edala matsɔ ga aƒle raffle-tikit la tẽ o hã la, ɖe esia na wòto vovo tso hodada bubuwo, le kpɔɖeŋu me, abe lotodada ene gbɔa? Le kpɔɖeŋu me: Ne èwɔ nu nyui aɖe na wò aƒelika eye wòtsɔ lototikit na wò femaxee tsɔ kpɔ ŋudzedze ɖe nusi nèwɔ nɛ ŋu la, ɖe nàlɔ̃ axɔe be menye ye ŋutɔe tsɔ ga ƒlee o taa? Ne Kristotɔ malɔ̃ axɔ nunana sia tso ame ɖeka aɖe gbɔ o le esi wònye dzɔgbenyuikɔdada ƒe akpa aɖe la, ɖe wòasɔ be wòaxɔ nunana ma ke le amewo ƒe ƒuƒoƒo si nye asitsaha ya gbɔa? Abosam dze aye ŋutɔ le agbagba siwo dzem wòle be yeagblẽ Kristotɔ vavãwo ƒe nuteƒewɔwɔ me la me. Eyata ele vevie be míayi edzi ‘adze aɖaŋu abe dawo ene, eye míadza abe ahɔ̃nɛwo ene’ le Satana ƒe fifi nuɖoanyi sia me.—Mat. 10:16; tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 2:11.

10 Míaƒe Tameɖoɖo Kplikpaa: Amewo va le lɔlɔ̃m ɖe nuvɔ̃ gã geɖe siwo xexeame bu fɔe tsã la dzi fifia le esi wole mɔ ɖem ɖe nuwo ŋu le afisiafi ta. Wo dometɔ aɖewoe nye ahatsunono, atikevɔ̃ɖizazã, agbegbegblẽnɔnɔ, kple tsatsadada. (Tsɔe sɔ kple Yesaya 5:20.) Togbɔ be xexeame ƒe agbenɔnɔ agblẽ ɖe edzi hã la, ele susu me na Kristotɔ vavãwo be Yehowa ƒe agbenɔnɔdzidzenuwo metrɔna o. (Mal. 3:6) Eyata ele be míalé Kristotɔwo ƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi sesĩe, be ‘míanye kesinɔtɔwo le nunyuiwɔwɔ me, eye míaƒo kesinɔnuwo nu ƒu na mía ɖokui, si anye gɔmeɖoɖoanyi nyui hena ɣeyiɣi si gbɔna, bene míaƒe asi nasu agbe vavã la dzi le Mawu ƒe Fiaɖuƒea me.’—Tim. I, 6:17-19; Kor. I, 15:58.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe