Alesi Mí Kristotɔwo Míakpe Akɔ Kple Ɣeyiɣi Sesẽwoe
1 Agbenɔnɔ le sesẽm ɖe edzi na ame geɖe le xexeame katã, kple le dukɔ sia me hã. Dzinua megawua enu hafi fetuwo vɔna o. Esi nuwo ƒe asi gale dzi yim ɖaa ta la, nu mawo ke ƒeƒle xɔa ga geɖe wu. Nusi wɔ nublanuie nye be nuwo ƒe asixɔxɔ le dzi yim kabakaba wu fetuwo. Eyata le ame geɖe gome la, nuɖuɖu nyui nana woƒe ƒomewo aganɔ agbanɔamedzi bubuwo gbɔ kpɔm le ɣeyiɣi ma ke me la va zu taɖui.
2 Aleke gbegbe Biblia me nyagblɔɖi sia dze ƒãe nye si: “Lu dzidzenu ɖeka naxɔ denario ɖeka, eye ƒo dzidzenu etɔ̃ naxɔ denario ɖeka.” (Nyaɖ. 6:6) Le ame geɖe gome la, ga si wozãna ɖe woƒe ƒomea ƒe nuɖuɖu zi ɖeka ŋu fifia la sɔ gbɔ wu ŋkeke ɖeka ƒe fetu. Míele ganya (kple nu bubuwo) ƒe “ɣeyiɣi sesẽwo” me vavã.—Tim. II, 3:1.
3 Mɔ Kawo Nu Ame Aɖewo Tona be Yewoakpe Akɔ Kple Ɣeyiɣia? Le esi xexeametɔ aɖewo di be nuwo nadze dzi na yewo ta la, womeɖia anukware o. Wofia nu suesuewo le woƒe dɔwɔƒewo hedoa taflatse be ‘fetua mesɔ gbɔ o.’ ‘Nudakpe eve ƒomeviwo’ le asitsala aɖewo hã si. Gake Mawu ƒe Nya la gblɔ be esia nye “ŋunyɔ na Yehowa; nudanu amebatɔ menyo o.” (Lod. 20:23) Ele be Kristotɔwo si le asi tsam la nawɔ ɖe Mawu ƒe se si wòde na blema Israel-viwo dzi, si gblɔ be: “Migawɔ apasa le . . . dzidzeka, nudanu kple nudonui me o. Nudanu nyui kple nudakpe nyuiwo . . . nanɔ mia si.”—Mose III, 19:35, 36.
4 Esi míele “dzidzime gɔglɔ̃ totro kpaɖikpaɖi” me ta la, ele be mí katã míakpɔ nyuie be míagasrɔ̃ xexeame ƒe mɔwo o. (Fil. 2:15) Esi xexemetɔ asitsala aɖewo di be nuwo nadze dzi na yewo ta la, wotsana le amewo dzi xɔa woƒe ga hedoa ŋugbe na wo be yewoatsɔ adzɔnuwo vɛ na wo alo yewoadi anyigba na wo gake womewɔnɛ o. Ne wova bia wo emegbe be woagbugbɔ ga si woxɔ vɛ la, womete ŋu xenɛ o. Ne Kristotɔ si le asi tsamee nènye la, ɖe nèƒoa asa na asitsatsa ƒe mɔ fiti siawo tɔgbea, alo ɖewohĩ, ɖe wòdzroa wò be nàto mɔ siawo dzia?—Pet. I, 3:10.
5 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ame aɖewo wɔa dɔ ɖekae kple ame bubuwo le xexeame, gake wodzea agbagba be yewoato mɔ aɖewo dzi le dɔa wɔwɔ me tsɔ tafaa woƒe dɔwɔhatiwo eye wonɔa viɖe si wokpɔna le dɔa me ƒe akpa aɖewo dem woa ŋutɔwo ƒe kotoku me. Le teƒe aɖewo la, ame aɖewo nɔa woƒe dɔwɔhati si le dukɔ bubu me ƒe dɔ dzi kpɔm. Womete ŋu bua akɔnta wòdena o elabena woa ŋutɔwo tsɔa viɖe si wokpɔna la ƒe akpa aɖewo. Ðe Kristotɔ ate ŋu awɔ nusiawoa?—Dɔw. 20:33.
6 Nusiwo le ame aɖewo si la mesɔa gbɔ na wo o eye wova dia afisi nɔnɔ nyo wu le dukɔ bubuwo me. Togbɔ esia nye ame ŋutɔ ƒe nya hã la, ele be Kristotɔ nabu nya la ŋu nyuie hafi wòaʋu ayi afisi kesinɔnuwo bɔ ɖo. Nyati si nye “Nusi Ʋuʋu Yi Afisi Kesinɔnuwo Bɔ Ðo Biana la Ŋu Bubu” si dze le April 1, 1991 ƒe Gbetakpɔxɔ ƒe axa 26 vaseɖe 29 la ɖo aɖaŋu le nya sia ŋu eye enyo be amesiame le ɖoɖo wɔm be yeaʋu ayi teƒe aɖe be agbenɔnɔ naka ɖe eme na ye la nato eme.
7 Nukae Nàte Ŋu Awɔ Atsɔ Akpe Akɔ Kple Ɣeyiɣia? Dɔsesẽwɔwɔ nye nɔnɔme nyui aɖe. Eyata wode dzi ƒo na Kristotɔ be wòanye dɔwɔla. (Lod. 6:6; Tes. II, 3:10) Dɔ dɔsesẽwɔlawo ate ŋu akpɔtɔ anɔ dɔ me esime woanya amesiwo wɔa kuvia le dɔ me. Ame geɖe kpɔe be dɔ sɔsrɔ̃ na wote ŋu kpea akɔ kple gakuxiwo nyuie wu, togbɔ be enye nyateƒe be menye ɣesiaɣie wònɔa alea o hã.
8 Míede dzi ƒo na amesiame be eƒe susu nanɔ nusiwo hiãnɛ ŋu ke menye nusiwo wòdi be woanɔ ye si gake mate ŋu aƒlee la ŋu o. Mawu ƒe Nya la gblɔ be “ne nunyiame kple avɔtata le mía si la, míana nusiawo nasɔ gbɔ na mí.” (Tim. I, 6:8) Enyo be ame natsɔ ga si wòkpɔna asɔ kple eƒe gazazãwo eye wòalé ŋku ɖe afisiwo wòate ŋu aɖe gazazã dzi akpɔtɔ le. Ne fe le ŋuwò la, mègana wòadzi ɖe edzi o negbe ne nane kpata ko hafi. Afɔku ate ŋu anɔ fe si anɔ ame ŋu ɣesiaɣi me, vevietɔ ne dzɔgbevɔ̃e aɖe dzɔ. Ne gadola te ŋu xea eƒe gadodowo katã ɣesiaɣi hã la, zi geɖe la demeawo sɔa gbɔ si wɔnɛ be wòxea fe wu alesi dze. Esɔ kple gã gbogbo aɖe tsɔtsɔ ƒu gbe. Lododo si tso gbɔgbɔ me la ɖe alesi esia nye nya gãe la fia be: “Amesi doa nugbana la, dɔla wònye na agbanatɔ.” (Lod. 22:7) Eyata Biblia de dzi ƒo na mí be míanɔ agbe ɖe nusi le mía si la nu: “Abolo ƒuƒlu ɖuɖu, si me dzidzeme le, nyo wu aƒe, si me yɔ fũ kple akpedavɔsa, eye dzre kpe ɖe eŋu.”
9 Nyɔnu aƒedzikpɔla aɖewo kpɔe be enyo be yewoaɖa nuɖuɖu aɖewo le ɣeyiɣi aɖewo ko dzi eye wonaa nuɖuɖu kple atikutsetse woƒe ƒomewo le ɣeyiɣi si me wobɔ me, elabena womexɔa asi le ɣeyiɣi mawo me o. Ame bubuwo ƒlea nu ne asi ɖi vɔ, elabena nudzralawo dina be yewoƒe nuwo navɔ, eyata wodzraa wo woɖina.
10 Miganɔ nuwo dome gblẽm o. Yesu ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe. Esi Yesu to nukumɔ dzi nyi ame 5,000 megbe la, egblɔ be: “Miƒo kakɛ, siwo susɔ la, nu ƒu, bena naneke nagagblẽ o.” (Yoh. 6:12) Ðe mietsɔa nusi mieɖu susɔ la ƒua gbea? Ðe miate ŋu atrɔ asi le nusi mieɖu susɔ ŋu le mɔ bubu nu wòanya ɖua? Nya la mese ɖe aɖaŋu siwo míeɖo va yi la ko dzi o. Amesiame negbugbɔ eƒe nɔnɔmewo me dzro be wòakpɔ alesi wòate ŋu anɔ agbe ɖe alesi Kristotɔwo zãa gae nu nyuie wu be wòakpe akɔ kple fifi ƒe nɔnɔmea.
11 Nɔnɔme Siwo Ŋu Míalé Ŋku Ðo: Mina míagaƒo nu tso Kristotɔ si le asi tsam ƒe nya la ŋu me ayi ŋgɔe. Le xexeame la, hoʋlilawo naa zãnu, wotafaa asisiwo, wogbea adzɔxexe, kple esiawo tɔgbe. Ðe aɖaŋu siwo Biblia ɖo ku ɖe asitsatsa ŋu la dzi wɔwɔ ɖea via?
12 Apostolo Paulo kple eƒe zɔhɛwo nɔ agbe ɖe nya siwo gbɔna la nu: “Míegbea ŋukpenanu ɣaɣlawo boŋ, eye míezɔna le aɖaŋu vɔ̃ me o, [ke boŋ] míetsɔa nyateƒe ƒe ɖeɖefia ɖea mía ɖokui fiaa amewo katã ƒe dzitsinya le Mawu ƒe ŋku me.” (Kor. II, 4:2) Eyata ele be Kristotɔ ɖesiaɖe naɖoe kplikpaa be yeawɔ yeƒe dɔ le mawuvɔvɔ̃ me ke menye le xexe sia me nu “ɣaɣlawo” me o. (Nyagb. 12:13, 14) Ðe menye nyateƒe o be asitsala ƒe asisiwo gblẽnɛ ɖi kaba ne wokpɔe be meɖia anukware oa? Gake asitsala anukwareɖila ƒe asisiwo kple amesiwo naa adzɔnuwoe la kana ɖe eyama dzi.
13 Kesinɔtɔ zuzu kaba va zu nɔnɔme si bɔ ɖe xexeame ŋutɔ. Míaƒe xexe sia me tɔwo toa mɔ ɖesiaɖe dzi, eɖanye mɔ gbegblẽe hã, be yewoakpɔ ga si dim yewole. Le apostolo Paulo ƒe ŋkekea me la, exlɔ̃ nu sɔhɛ Timoteo le afɔku si le ŋutilãmenudidi me ŋu. Timoteo nɔ Efeso si nye Asia Sue ƒe asitsadu si me ga nɔ ŋutɔ ɣemaɣi la me. Paulo xlɔ̃ nui be: “Amesiwo dina [vevie] be, yewoazu kesinɔtɔwo la, gena ɖe tetekpɔwo kple mɔ̃tetrewo kpakple movidzɔdzɔ kple nuveviwɔame ƒe nudzodzro geɖe, siwo tsɔa amewo xlãna ɖe gbegblẽ kple tstsrɔ̃ me la me. Elabena nuvɔ̃wo katã ƒe ke enye galɔlɔ̃, si yome mɔ ame aɖewo di, eye wotre mɔ tso xɔse la gbɔ, eye wotsɔ nuxaxa geɖe ŋɔ wo ɖokui flofloflo.” (Tim. I, 6:9, 10) Ðe wò ŋutɔ nèse nuxlɔ̃ame sia mea? Èwɔna ɖe edzia? Ðe nèkpɔ eƒe nyateƒenyenye le ame geɖe ƒe agbenɔnɔ me egbea?
14 Ne ame aɖe ƒe gadidi be yeatsɔ kpɔ agbemenuhiahiãwo gbɔ va trɔ zu didi vevie be yeazu kesinɔtɔ alo be nusiwo mehiã nɛ o nasu ye si, ga megava nyea eƒe subɔvi o. Ke boŋ eva zua eƒe aƒetɔ kple “mɔtetre” hã. Wogblɔna be “ga ƒoa nu.” Ne ga va zu ame aɖe ƒe aƒetɔ la, ebua tame na ame gɔ̃ hã! Mele be wòanɔ alea le Mawu subɔla gome o.
15 Ele be mí katã míaka ɖe Yehowa dzi be awɔ ɖe ŋugbe si wòdo dzi ne míenɔ agbe le anukwareɖiɖi me. Yehowa ka ɖe edzi na mí be: “Nyemele asi ɖe ge le mia ŋu o, eye nyemele mia gblẽ ge ɖi akpɔ o.” Eyata “mina miaƒe susu navo tso galɔlɔ̃ me.” (Heb. 13:5) Gake anukwaremaɖimaɖi le asitsatsa me ate ŋu akplɔ Kristotɔ ade afɔku gã aɖe me. Kristotɔ aɖeke nagake ɖi lododo sia si tso gbɔgbɔ me la ƒe nyateƒenyenye o: “Alakpabolo vivi na ŋutsu la, ke emegbe kpekui anɔ nu me nɛ.” (Lod. 20:17) Ðe nèse nusi nya siawo fia la gɔmea?
16 Nukpɔsusu si Da Sɔ: Míaƒe susu dzea kɔ anyi eye míesea vivi le subɔsubɔdɔa me ne míetsɔ Lododowo 30:8, 9 me nyawo ɖe dzi mee: “Megana ahedada kple hotsuim o; na maɖu nye nusi nye tɔnye, ne nyemagaɖi ƒo akpa ahasẽ nu agblɔ bena: ‘Amekae nye Yehowa hã’ o; eye ne nyemagaɖo ko ayi fi fi ge ahada aƒu ɖe nye Mawu ƒe ŋkɔ ŋu o.” Eɖanye xexe sia me nunɔamesi ʋee alo geɖe ye le mía si o, wo dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu anye afɔku ne míeda sɔ hena nukpɔsusu nyuitɔ nɔ mía si o. Dadasɔ alea kple nukpɔsusu nyuitɔ akpe ɖe mía ŋu geɖe be míakpe akɔ kple ŋkekeawo ƒe sesẽ.
17 Fifi nuɖoanyia me nɔnɔme siwo le sesẽm ɖe edzi la ɖo kpe edzi kɔte be Mawu ƒe Fiaɖuƒea gogo. Míaƒe dzidzimea akpɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒe si woaɖo anyi ɖe anyigba dzi la teƒe. (Luka 21:28, 32) Eyata mido vevie nu le Yehowa ƒe dɔa me eye miatu miaƒe gbɔgbɔmenyenye ɖo ɖe edzi. Esia ana miate ŋu akpe akɔ kple fifi ƒe nɔnɔme sesẽwo, elabena “Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.”—Fil. 4:7.