INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • uw ta 5 axa 38-45
  • Ablɔɖe si me Yehowa ƒe Tadeagulawo Sea Vivi Le

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ablɔɖe si me Yehowa ƒe Tadeagulawo Sea Vivi Le
  • Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Afisi Woate Ŋu Akpɔ Ablɔɖe Le
  • Ablɔɖe Ƒomevi Bubu Didi
  • Afisi Kuxiawo Dzea Egɔme Tsoe
  • Yehowa Subɔlawo ƒe Ablɔɖe
    Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
  • Mɔ Si Dzi Míato Akpɔ Ablɔɖe Vavãtɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • Subɔ Yehowa, Ablɔɖe Ƒe Mawu La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • Na Yehowa Nakplɔ Wò Ayi Ablɔɖe Vavãtɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Kpɔ Bubuwo
Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me
uw ta 5 axa 38-45

Ta 5

Ablɔɖe si me Yehowa ƒe Tadeagulawo Sea Vivi Le

1, 2. (a) Ablɔɖe ka ƒomevie Mawu na amegbetɔ atsu kple asi gbãtɔa? (b) Gblɔ se siwo kpɔ ŋusẽ ɖe woƒe nuwɔwɔwo dzi la dometɔ aɖewo.

ESIME Yehowa wɔ atsu kple asi gbãtɔa la, wose vivi le ablɔɖe si de ŋgɔ wu ɖesiaɖe si le amegbetɔwo si egbea la me. Woƒe aƒemee nye Paradiso. Dɔléle aɖeke megblẽ agbe ƒe vivisese me na wo o. Ku menɔ wo lalam o. Gake bubu dede Mawu ƒe sewo ŋu nye nu vevi aɖe nenye be ablɔɖe ma akpɔtɔ anɔ wo si.

2 Womanya tsɔ nu gblɔ se mawo dometɔ aɖewo o, gake wowɔ Adam kple Xawa le mɔ aɖe nu be enye nusi le dzɔdzɔme nu na wo be woawɔ ɖe edzi. Eyata dɔwuame ɖee fia be ehiã be woaɖu nu; tsikɔwuame ɖee fia be ehiã be woano nu. Ɣe ƒe toɖoɖo de dzi ƒo na wo be woaɖi ɖe me ahadɔ alɔ̃ si hiã la. Yehowa ƒo nu hã kpli wo eye wòde dɔ asi na wo. Le nyateƒe me la dɔdasi ma nye se, elabena aɖu woƒe nuwɔnawo dzi. Gake dɔmenyonyo ƒe se ɖevi ka gbegbee nye si wònye! Ena dɔ si ana dzidzeme wo vevie la wo, esi na wote ŋu wɔ woƒe ŋutete ŋudɔ bliboe le mɔ nyuiwo nu. Woadzi vi, woaɖu lã siwo le anyigba dzi la dzi, eye ʋeʋeʋe la woakeke Paradiso ɖe enu vaseɖe esime wòxɔ anyigba katã dzi. (Mose I, 1:28; 2:15) Mawu metsɔ nya kuklui siwo mehiã o do agba na wo o. Ena mɔnukpɔkpɔ wo be woawɔ nyametsotso. Amekae agagblɔ be esia mesɔ gbɔ o?

3. Aleke Adam ate ŋu akpɔ kpekpeɖeŋu be wòawɔ nyametsotso wɔwɔ ƒe ablɔɖe si le esi la ŋudɔ nunyatɔe?

3 Esi wona nyametsotso wɔwɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ Adam la, ema mefia be eɖanye nyametsotso ka ƒomevie wòwɔ o, nu nyui ado tso eme o. Nyametsotso wɔwɔ ƒe ablɔɖe si le esi la lɔ agbanɔamedzi ɖe eme. Ate ŋu asrɔ̃ nu ne eɖo to Fofoa si le dziƒo eye wòlé ŋku ɖe Eƒe dɔwɔwɔwo ŋu; Mawu na nunya si ana Adam nate ŋu awɔ nusi wòsrɔ̃ ŋudɔ la eyama. Esi wònye “Mawu ƒe nɔnɔme nue” wowɔ Adam ɖo ta la, adi le dzɔdzɔme nu be yeaɖe mawusosroɖa ƒe nɔnɔmewo afia le nyametsotso wɔwɔ me. Akpɔ nyuie be yeawɔe nenema nenye be ekpɔ ŋudzedze vavã ɖe nusi Mawu wɔ na eyama la ŋu eye wòdi be yeadze Mawu ŋu.—Mose I, 1:26, 27; tsɔe sɔ kple Yohanes 8:29.

4. (a) Ðe se si wode na Adam la xɔ ablɔɖe le eyama sia? (b) Nukatae wònye nudidi si sɔ?

4 Abe alesi amegbetɔ hiã na Ewɔla kple Agbenala ƒe kpekpeɖeŋue ƒe ŋkuɖodzinu ene la, Yehowa de se sia nɛ be: “Ðu abɔmetiawo katã ƒe tsetse faa; ke ati, si na wodzea si nyui kple vɔ̃ la, megaɖu eya ƒe tsetse aɖeke o; gbesigbe naɖu eƒe ɖe, ku ke naku.” (Mose I, 2:16, 17) Ðe se ma xɔ ablɔɖe le amegbetɔ sia? Kura o. Mɔɖeɖe li be Adam nawɔ ɖe edzi alo mawɔ ɖe edzi o. Se la menye agba o. Nuɖuɖu li le agbɔsɔsɔ me ale be maka asi ati ɖeka ma ŋu o. Gake esɔ be wòakpɔe adze sii be Mawu tɔe anyigba si dzi yele la nye, eye abe Wɔla la ene la, Mawue nye eƒe nuwɔwɔwo ƒe Dziɖula si dze.—Ps. 24:1, 10.

5. (a) Aleke ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe si nɔ Adam kple Xawa si la ge le wo sie? (b) Nukae va xɔ ɖe eteƒe, eye aleke wòwɔ dɔ ɖe mía dzie?

5 Gake nukae dzɔ? Nugãdidi ɖokuitɔdiditɔe ʋã mawudɔla aɖe wòwɔ eɖokui abe mɔfiala nyuitɔ ene heble Xawa, eye wòka ɖe edzi nɛ be nane si tsi tre ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋu la asu esi. Le esi teƒe be Adam naɖo to Fofoa la, ewɔ ɖeka kple Xawa le dzidada me. Esi Adam kple Xawa di be nane si menye yewo tɔ o nasu yewo si ta la, ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe si le wo si la ge le wo si. Nuvɔ̃ va zu woƒe aƒetɔ, eye abe alesi Mawu xlɔ̃ nu wo ene la, ku nɔ wo lalam. Abe emetsonu ene la, domenyinyi kae wona woƒe dzidzimeviwo? Nuvɔ̃, si dzena le nuvɔ̃wɔwɔ ƒe seselelãme si le ame me, gbɔdzɔgbɔdzɔ siwo nana dɔléle dzea ame dzi kple gbegblẽ mlɔeba to tsitsi dzi me la. Ku hã kpe ɖe eŋu. Nuvɔ̃wɔwɔ ƒe nudzodzro si ƒe dome míenyi eye Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi na wògasesẽ ɖe edzi la na agbenɔnɔ va zu nusi mele dedie o na amesiame. Vovototo kae nye si le ema kple ablɔɖe si Mawu na ameƒomea le gɔmedzedzea me la dome!—Rom. 5:12; Hiob 14:1; Nyaɖ. 12:9.

Afisi Woate Ŋu Akpɔ Ablɔɖe Le

6. (a) Afikae woate ŋu akpɔ ablɔɖe ŋutɔŋutɔ le? (b) Ablɔɖe ka ƒomevi ŋutie Yesu nɔ nu ƒom le le Yohanes 8:31, 32?

6 Le nɔnɔme siwo li egbea ta la mewɔ nuku o be amewo dia ablɔɖe geɖe wu esi le wo si. Gake afikae woate ŋu akpɔ ablɔɖe ŋutɔŋutɔ le? Yesu Kristo gblɔ be: “Ne mienɔ nye nya la me la, ekema nye nusrɔ̃la vavãwo mienye; eye miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la lawɔ mi ablɔɖeviwoe.” (Yoh. 8:31, 32) Ablɔɖe sia menye esi seɖoƒe li na si amewo kpɔa mɔ na ne wogbe dunyahedziɖula aɖe alo dziɖuɖu ƒomevi aɖe hetia bubu la o. Ðe ema teƒe la, eɖoa amegbetɔ ƒe kuxiwo tsoƒe gbɔ ke. Nusi ŋuti Yesu nɔ nu ƒom le lae nye ablɔɖe tso nuvɔ̃ me, esi nye tso kluvinyenye na nuvɔ̃ me. (Kpɔ Yohanes 8:24, 34-36.) Eyata ne ame va zu Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃la vavã la, esia hea tɔtrɔ si ɖe dzesi, si nye ablɔɖe la, vaa eƒe agbenɔnɔ me.

7. (a) Ekema le gɔmesese ka nue míate ŋu avo tso nuvɔ̃ si me fifia? (b) Be ablɔɖe ma nasu mía si la, nukae wòle be míawɔ?

7 Ema mefia be fifia la Kristotɔ vavãwo megasea nuvɔ̃wɔwɔ ƒe nudzodzro si wotsɔ dzi mí la ŋkɔ o. Ke boŋ wotea kame le ema ta. (Rom. 7:21-25) Gake ne ame aɖe nɔ agbe ɖe Yesu ƒe nufiafiawo nu ŋutɔŋutɔ la, magazu nuvɔ̃ ƒe kluvi maɖinu o. Nuvɔ̃ maganɔ abe fia si ɖea gbe nɛ eye wòwɔna ɖe edzi la ene o. Agbenɔnɔ si ŋu tameɖoɖo mele o eye wònana dzitsinya ɖea fu na ame la magazu mɔ̃ aɖee o. Dzitsinya dzadzɛ anɔ esi le Mawu ŋku me elabena wonɔ te ɖe Kristo ƒe vɔsa dzi si wòxɔ se la dzi tsɔ eƒe nuvɔ̃ siwo wòwɔ va yi la kee. Nuvɔ̃ ƒe nudzodzrowo agadze agbagba be yewoado mo ɖa, gake ne egbe wo dzi wɔwɔ le esi wòɖo ŋku Kristo ƒe nufiafia dzadzɛwo dzi ta la, aɖee afia be nuvɔ̃ menye yeƒe aƒetɔ o.—Rom. 6:12-17.

8. (a) Ablɔɖe bubu kae Kristotɔnyenye vavãtɔ nana mí? (b) Aleke wòle be esia nawɔ dɔ ɖe míaƒe nɔnɔme ɖe xexemedziɖulawo ŋutie la dzi?

8 Abe Kristotɔwo ene la míele ablɔɖe gã aɖe me. Woɖe mí tso alakpanufiafiawo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi kple kluvinyenye na aʋatsodzixɔsewo kpakple nuvɔ̃ ƒe kluvinyenye me. Nyateƒe wɔnuku siwo ku ɖe ame kukuwo ƒe nɔnɔme kpakple tsitretsitsia ŋu la na míevo tso susumanɔmee ƒe vɔvɔ̃ na ŋutasẽku si nana amewo tea woƒe dzitsinya ɖe to la si me. Nyanya be Mawu ƒe Fiaɖuƒe dzɔdzɔe la ava xɔ ɖe amegbetɔ ƒe dziɖuɖu madebliboawo teƒe la nana míevona tso mɔkpɔkpɔmanɔamesi me. Gake ablɔɖe ma mena mía tɔ dzɔ be míaŋe aɖaba aƒu se dzi alo agbe bubu dede dziɖuɖumegãwo ŋu kple susu be eteƒe madidi o nuɖoanyi xoxo sia nu ayi o.—Pet. I, 2:16, 17; Tito 3:1, 2.

9. (a) Aleke Yehowa kpena ɖe mía ŋu lɔlɔ̃tɔe be míase vivi le ablɔɖe gbogbotɔ si amegbetɔ ate ŋu akpɔ fifia la me? (b) Le nyametsotso wɔwɔ me la, aleke míate ŋu aɖee afiae be míese nusi dzɔ tso ablɔɖe ŋudɔ si Adam wɔ ɖe mɔ gbegblẽ nu me la gɔme nyuie?

9 Yehowa megblẽ mí ɖi be míato nutekpɔ dzi anya mɔ nyuitɔ si nu woanɔ agbe ɖo o. Enya alesi wòwɔ míe, nusi ana dzidzeme vavãtɔ mí kpakple nusi ana míase le mía ɖokui me be bubu le mía ŋu, kple nusi anye viɖe mavɔ na mí. Enya eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi hã hena eƒe tameɖoɖo ƒe emevava, eyata enya nusiwo aɖe vi na mí wu ne míekpɔ gome le wo me. Nenema kee wònya tamesusu kple agbenɔnɔ si ate ŋu aɖi gbɔ ame alo agblẽ ƒomedodo si le wo kple ame bubuwo dome la me, alo axe mɔ nɛ be makpɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe yayrawo o. Lɔlɔ̃tɔe la ena míenya nu tso nusiawo ŋu to Biblia la kple eƒe habɔbɔa si wokpɔna la dzi. (Gal. 5:19-23; Mar. 13:10; tsɔe sɔ kple Timoteo I, 1:12, 13.) Azɔ ekpɔ mía ŋku me be míawɔ lɔlɔ̃nu faa si Mawu na mí la ŋudɔ atso nya me le alesi míawɔ nue la ŋu. Ne míexɔ nusi Biblia gblɔ na mí ku ɖe alesi Adam wɔ bu ablɔɖe si wotsɔ na ameƒomea le gɔmedzedzea me la ŋuti ɖe dzime la, míawɔ nyametsotso mawo nunyatɔe. Míaɖee afia be mía kple Yehowa dome ƒomedodo nyui enye nu vevitɔ na mí le agbe me.

Ablɔɖe Ƒomevi Bubu Didi

10. Ablɔɖe ka ƒomevie ame aɖewo siwo gblɔ be yewonye Kristotɔwo la di be wòasu yewo si?

10 Ɣeaɖewoɣi la sɔhɛ aɖewo siwo wohe abe Yehowa Ðasefowo ene kple ame bubu siwo menye ɖeviwo nenema gbegbe o la va senɛ le wo ɖokui me be yewole ablɔɖe bubu ƒomevi dim. Xexeame adzro wo, eye zi geɖe alesi wobu eŋu la, zi geɖe nenema kee woƒe didi be yewoawɔ nusi xexeametɔwo wɔna la nu asẽ ɖe edzi. Womaɖoe be yewoano atikewo amu alo ano aha fũ akpa alo awɔ matre o. Gake woadze egɔme anɔ ha dem kple xexemetɔwo ne wokpã suku alo wokpã le dɔ me. Wodi be yewoƒe nu nadze zɔhɛ yeyeawo ŋu, eyata woadze egɔme anɔ woƒe nuƒo kple agbenɔnɔ srɔ̃m.—Yoh. III, 11.

11. Ɣeaɖewoɣi la afikae esia wɔwɔ ƒe beble la tsona?

11 Ɣeaɖewoɣi la ame ɖokui ƒoƒo ɖe xexeame ƒe agbenɔnɔ me ƒe amenubeblea tsona ame bubu si gblɔ be yele Yehowa subɔm la gbɔ. Nenemae wòdzɔ le Eden esime Satana ble Xawa nu, eye Xawa hã ƒoe ɖe Adam nu wòwɔ ɖeka kplii. Nenema kee wònɔ le Kristotɔ gbãtɔwo dome, eye nu ma ke dzɔna egbea hã. Zi geɖe la ame mawo lɔ̃a dzidzɔdonameɖokui kple nusiwo hea vivisese vevie vɛ. Woƒonɛ ɖe ame bubuwo nu be “woaɖu agbe.” ‘Wodoa ablɔɖe ŋugbe evɔ woa ŋutɔwo la gbegblẽ ƒe dɔlawo wonye.’—Pet. II, 2:18, 19.

12. (a) Nukawoe nye xexemetɔwo ƒe agbenɔnɔ ƒe emetsonu wɔnublanuiawo? (b) Ne amesiwo ƒoa wo ɖokui ɖe eme la nya emetsonuawo la, nukatae woyia edzi wɔa nu mawo kokoko?

12 Eƒe kutsetsea mevivina o. Gbɔdɔdɔ manɔsenu hea tɔtɔ vɛ le seselelãme gome. Ate ŋu ahe dɔléle, gbɔmeyafu fɔfɔ kple ɖewohi̇̃ srɔ̃ɖeɖe ƒe gbegblẽ hã vɛ. (Lod. 6:32-35; Kor. I, 6:18; Tes. I, 4:3-8) Atikewo zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu ate ŋu ahe dzikudodo kabakaba, nuƒo si me ahe dãa, nu si womakpɔ nyuie o, mo si anɔ zi tsyɔm, gbɔgbɔ si asesẽ, nusiwo meli o kpɔkpɔ, kple ku vɛ. (Tsɔe sɔ kple Lododowo 23:29-35.) Ate ŋu ava zu nu mãme si akplɔ ame ade nuvlowɔwɔ me be wòate ŋu akpɔ ga hena nɔnɔmea dzi yiyi. Zi geɖe la amesiwo ƒoa wo ɖokui ɖe agbenɔnɔ ma me la nya nusi ate ŋu ado tso eme. Gake dzidzɔdoname kple vivisese didi nana womebua emetsonuawo ŋu o. Wogblɔna na wo ɖokui be ablɔɖe wònye, gake wova kpɔnɛ esime wòtsi megbe akpa be yewonye nuvɔ̃ ƒe dɔlawo, eye nuvɔ̃ nye aƒetɔ sẽŋuta ale gbegbe! Ŋugble dede le nya la ŋu fifia ate ŋu akpɔ mía ta be nu ma magadzɔ ɖe mía dzi o.—Gal. 6:7, 8.

Afisi Kuxiawo Dzea Egɔme Tsoe

13. (a) Zi geɖe la nukae nyɔna nudzodzro siwo hea kuxi siawo vɛ la? (b) Be míase nusi “hadede vɔ̃wo” nye gɔme la, ameka ƒe nukpɔsusue míehiã? (d) Esime nele nyabiabia siwo le memamãa ƒe nuwuwu ŋu ɖom la, te gbe ɖe Yehowa ƒe nukpɔsusu dzi. Ðo nyabiabiaawo ŋu ɖekaɖeka.

13 Tɔ vie nabu afisi kuxi mawo dzea egɔme tsoe zi geɖe la ŋu. Biblia ɖe eme be: “Wotea amesiame kpɔna ne eƒe nudzodzro henɛ eye wòblenɛ; emegbe la ne nudzodzro la fɔ fu la, edzia nuvɔ̃; ke ne nuvɔ̃ la tsi vɔ la, edzia ku.” (Yak. 1:14, 15) Gake nukae nyɔna nudzodzro mawo? Nusi yina ɖe susu me lae, eye zi geɖe la esia tsoa hadede kple amesiwo mewɔa Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔ o la gbɔ. Nyateƒee, mí katã míenya be ele be míaƒo asa na “hadede vɔ̃wo.” Gake biabia lae nye be, Hadede kawoe nye vɔ̃a? Aleke Yehowa bua nya lae? Ele be ŋugble dede le biabia kple ŋɔŋlɔ siwo gbɔna ŋu nakpe ɖe mía ŋu be míawɔ nyataƒoƒo nyuitɔwo.

Ðe nyateƒe si wònye be ame aɖewo dze abe bubumewo ene la fia be wonye zɔhɛ nyuiwoa? (Tsɔe sɔ kple Mose I, 34:1, 2, 18, 19.)

Ðe woƒe dzeɖoɖo, kple ɖewohi̇̃ woƒe nukokoedonamenyawo ate ŋu aɖee afia be wonye amesiwo míade ha kpli wo kplikplikplia? (Ef. 5:3, 4)

Nenye be womexɔ nusiwo dzi míexɔ se ku ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo ŋu la dzi se o la, ɖe wòle be wòaɖe fu na mía? (Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 15:12, 32, 33.)

Aleke Yehowa ase le eɖokui me ne míetia amesiwo melɔ̃ eyama o la abe zɔhɛwo ene? (Tsɔe sɔ kple Kronika II, 19:1, 2.)

Togbɔ be míawɔ dɔ kple dzimaxɔsetɔwo alo ayi suku kpli wo hã la, aleke míate ŋu aɖee afia be míetia wo abe zɔhɛwo ene o? (Pet. I, 4:3, 4)

Television kpɔkpɔ kple agbalẽwo, magazinewo kple nyadzɔdzɔgbalẽwo xexlẽ hã nye mɔ siwo dzi woato ade ha kple ame bubuwo. Nukawo ƒomevi siwo tsona afisiawo ŋue wòhiã vevie be míanɔ ŋudzɔ ɖo le ŋkeke siawo me? (Lod. 3:31; Yes. 8:19; Ef. 4:17-19)

Nukae amesiwo mía kpli wo míedea ha la gblɔna na Yehowa ku ɖe amesi ƒomeviwo míenye ŋu? (Ps. 26:1, 4, 5; 97:10)

14. Ablɔɖe gã kae le ŋgɔ na amesiwo wɔna ɖe Mawu ƒe Nya la ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi nuteƒewɔwɔtɔe fifia?

14 Mawu ƒe Nuɖoanyi Yeyea tu aƒe ŋutɔ. To Eƒe Fiaɖuƒea dzi la woaɖe ameƒomea tso Satana kple eƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖi bliboa ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi si wɔ ame kluvie la si me. Ʋeʋeʋe la woaɖe nuvɔ̃ ƒe dɔwɔwɔ ɖe ameƒomea dzi la katã ɖa. Agbe mavɔ le Paradiso me anɔ wo ŋgɔ. Ablɔɖe ma si wɔ ɖeka bliboe kple “Aƒetɔ [Yehowa] ƒe gbɔgbɔ” la anye esi me nuwɔwɔwo katã ava se vivi le mlɔeba. (Kor. II, 3:17) Ðe wòanye nusi me nunya le be woatsɔ nu mawo kpɔkpɔ ade afɔku me le Mawu ƒe Nya ƒe aɖaŋuɖoɖo la bubu nu tsɛ fifia la ta? Mina mí katã míato mɔ si dzi míewɔa míaƒe Kristotɔwo ƒe ablɔɖea ŋudɔ ɖo egbea la dzi aɖee afia kɔte be nusi tututu dim míele ye nye “mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la.”—Rom. 8:21.

NUMETOTO

● Ablɔɖe kae nɔ atsu kple asi gbãtɔa si? Aleke ema le ne wotsɔe sɔ kple nusi teƒe kpɔm ameƒomea le fifia?

● Ablɔɖe kae le Kristotɔ vavãwo si gake mele xexeame si o? Aleke wowɔ kpɔ esia?

● Nukae dzɔna ɖe amesiwo di ablɔɖe si ƒomevi le xexeame si la dzi?

● Nukata wòle vevie ŋutɔ be woaƒo asa na “hadede vɔ̃wo”? Ameka ƒe nyametsotso ku ɖe nusi nye vɔ̃ ŋu dzie míelɔ̃na ɖo, esi to vovo na nusi Adam wɔ?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe