INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • gt ta 111
  • Ŋkeke Mamleawo ƒe Dzesi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋkeke Mamleawo ƒe Dzesi
  • Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kakaɖedzi ƒe Amesinɔnɔ le Ŋkeke Mamleawo Me
  • Ðetugbi Aɖaŋudzelawo kple Abunetɔwo
  • Talentowo Ŋuti Kpɔɖeŋu La
  • Esime Kristo Ava le Fiaɖuƒeŋusẽ Me
  • Ŋudzɔnɔnɔ Ŋuti Nufiame—Ðetugbui Leaƒeawo
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • ‘Dɔla Nuteƒewɔla’ La To Dodokpɔ Me Dedie!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Ðe Nèle Nuxlɔ̃ameawo Dzi Wɔma?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Apostoloawo Bia Dzesi
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
Kpɔ Bubuwo
Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
gt ta 111

Ta 111

Ŋkeke Mamleawo ƒe Dzesi

FIFIAE nye Braɖagbe ŋdɔ me. Esi Yesu bɔbɔ nɔ anyi le Amitoa dzi eye wòle gbedoxɔa kpɔm ɖaa le aga me la, Petro, Andrea, Yakobo, kple Yohanes ɖeɖe dzaa va egbɔ. Wotsi dzi ɖe gbedoxɔa ŋu, elabena fifi laa koe Yesu gblɔ be womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi le eme o.

Gake edze abe ɖe nu bubuwo wu kura nɔ woƒe susu me esime wova Yesu gbɔ ene. Kwasiɖa ʋee aɖewo do ŋgɔ la, eƒo nu tso eƒe ‘anyinɔnɔ,’ si anye ɣeyiɣi si me “Amegbetɔvi la laɖe eɖokui afia” la ŋu. Eye ɣeaɖeɣi do ŋgɔ la, eƒo nu tso ‘nuɖoanyiawo ƒe nuwuɣi’ ŋu na wo. Eyata apostoloawo di vevie be yewoanya nu tso wo ŋu.

Wogblɔ be: ‘Gblɔe na mí, ɣekaɣie nusiawo [siwo ana woatsrɔ̃ Yerusalem kple eƒe gbedoxɔa] ava, eye kae anye wò anyinɔnɔ kple nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu la ƒe dzesi?’ Nya si biam wole ŋutɔŋutɔ la nye nyabiabia si mã ɖe akpa etɔ̃ me. Gbã, wodi be yewoanya nu tso Yerusalem kple eƒe gbedoxɔa ƒe nuwuwu ŋuti, emegbe Yesu ƒe anyinɔnɔ le Fiaɖuƒeŋusẽ me, eye mlɔeba yewoanya nu tso nuɖoanyia katã ƒe nuwuwu ŋu.

Le Yesu ƒe ŋuɖoɖo didia me la, eɖo nyabiabia la ƒe akpa etɔ̃a katã ŋu. Egblɔ dzesi si afia ɣeyiɣi si me Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia awu enu la na wo; gake egagblɔ dzesi bubuwo kpee. Egagblɔ dzesi bubu si ana amesiwo ava zu eƒe nusrɔ̃lawo emegbe la nanɔ ŋudzɔ ale be woanya be yewole eƒe anyinɔɣi la me eye be nuɖoanyia katã ƒe nuwuwu gogo.

Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, apostoloawo kpɔ Yesu ƒe nyagblɔɖia me vava. Ẽ, nusiwo tututu wogblɔ la dze eme vava gɔme le woƒe ŋkekea me. Eyata Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia kple woƒe gbedoxɔa ƒe tsɔtsrɔ̃ melili Kristotɔ siwo nɔ agbe le ƒe 37 megbe si nye le ƒe 70 M.Ŋ. me la o.

Gake Kristo ƒe anyinɔnɔ kple nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu meva le ƒe 70 M.Ŋ. me o. Eƒe anyinɔnɔ le Fiaɖuƒeŋusẽ me va eme emegbe kura. Gake ɣekaɣie? Yesu ƒe nyagblɔɖia me dzodzro ɖe esia fia.

Yesu gblɔ ɖi be woase “aʋa kple aʋaŋutiɣliwo.” Egblɔ be: “Dukɔ latsi tre ɖe dukɔ ŋuti,” eye nuɖuɖuvevewo, anyigbaʋuʋuwo, kple dɔvɔ̃wo ava. Woalé fu eƒe nusrɔ̃lawo eye woawu wo. Aʋatsonyagblɔɖilawo atsi tre eye woable ame geɖe. Sedzimawɔmawɔ adzi ɖe edzi, eye ame akpa gãtɔ ƒe lɔlɔ̃ nu atsi. Le ɣeyiɣi ma ke me la, woaɖe gbe ƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuiea wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã.

Togbɔ be Yesu ƒe nyagblɔɖia va eme va se ɖe afi aɖe do ŋgɔ na Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ le ƒe 70 M.Ŋ. me hã la, emevava gãtɔ va eme le eƒe anyinɔnɔ kple nuɖoanyiawo ƒe nuwuɣi me. Xexeamenudzɔdzɔwo tso ƒe 1914 me la me dzodzro nyuie ɖee fia be Yesu ƒe nyagblɔɖi vevia le emevava gãtɔ kpɔm tso ƒe ma me.

Dzesi bubu si Yesu gblɔe nye “aƒedo ƒe ŋunyɔnu” la ƒe vava. Le ƒe 66 M.Ŋ. me la, ŋunyɔnu sia dze le nɔnɔme si nye ‘Roma-srafo siwo ƒu asaɖa anyi’ eye woɖe to ɖe Yerusalem ŋu heɖe do ɖe gbedoxɔa ƒe gliwo te la me. ‘Ŋunyɔnua’ tsi tre ɖe afisi mele be wòatsi tre ɖo o.

Le dzesi sia me vava gãtɔ me la, ŋunyɔnua ye nye Dukɔwo ƒe Nubabla la kple habɔbɔ si xɔ ɖe eteƒe si nye Dukɔ Ƒoƒuawo. Kristodukɔa bua habɔbɔ sia si woɖo be wòakpɔ xexeame ƒe ŋutifafa ta la be enye nusi xɔ ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea teƒe. Aleke wònyɔ ŋue nye si! Eyata le ɣeyiɣi si sɔ me la, dunyaheŋusẽ siwo wɔ ɖeka kple Dukɔ Ƒoƒuawo atrɔ ɖe Kristodukɔa (egbegbe Yerusalem la) ŋu eye woawɔe aƒedoe.

Eyata Yesu gblɔ ɖi be: “Xaxa gã lava, esi meva kpɔ tso xexeame ƒe gɔmedzedze vaseɖe egbegbe o, eye megale vava ge akpɔ o.” Togbɔ be le nyateƒe me, Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ le ƒe 70 M.Ŋ. me nye xaxa gã eye woka nya ta be wowu amesiwo sɔ gbɔ wu miliɔn ɖeka hã la, menye xaxa si lolo wu xexeame katã ƒe Tsiɖɔɖɔ si va le Noa ƒe ŋkekea me o. Eyata ele be Yesu ƒe nyagblɔɖi sia me vava gãtɔ nava eme emegbe.

Kakaɖedzi ƒe Amesinɔnɔ le Ŋkeke Mamleawo Me

Esi Braɖa, Nisan 11 lia yina ɖe eƒe nuwuwu la, Yesu yi eƒe dzeɖoɖo ku ɖe eƒe anyinɔnɔ le Fiaɖuƒeŋusẽ me kple nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu ƒe dzesi ŋu la dzi kple eƒe apostoloawo. Exlɔ̃ nu wo tso aʋatso-Kristowo yome dzedze ŋu. Egblɔ be woadze agbagba be “ne woate ŋui la, woaflu ame tiatiawo hã.” Gake abe hɔ̃ siwo kpɔa nu dea didiƒe ene la, ame tiatia siawo aƒo ƒu ɖe afisi woakpɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu vavãtɔ le, si nye be woaƒo ƒu ɖe amesi nye Kristo vavãtɔ la ŋu le eƒe anyinɔnɔ makpɔmakpɔ la me. Womaflu wo o eye womaƒo ƒu ɖe aʋatso-Kristo aɖeke ŋu o.

Alesi woaɖe wo ɖokui afia be woadze woakpɔ koe aʋatso-Kristowo ate ŋu awɔ. Gake to vovo na ema la, Yesu ƒe anyinɔnɔ anye nusi womate ŋu akpɔ kple ŋku o. Ava eme le amegbetɔ ƒe ŋutinya ƒe ɣeyiɣi dziŋɔ aɖe me, abe alesi Yesu gblɔe ene be: “Ɣe la ado vivti, eye ɣleti megale ɖiɖi ge o.” Ẽ, ɣeyiɣi sia anye esi ado viviti wu le ameƒomea ƒe anyinɔnɔ katã me. Anɔ abe ɖe ɣe do viviti le ŋkeke me eye ɣleti megale ɖiɖim le zã me o ene.

Yesu yi edzi be: “Dziƒowo ƒe ŋusẽ aʋuʋu.” Eto nya sia dzi le egblɔm fia be dziƒo ŋutɔŋutɔ ƒe dzedzeme anye nusi ŋu ŋɔdzi anɔ. Dziƒowo maganye xeviwo ƒe nɔƒe ɖeɖeko o, ke boŋ aʋawɔyameʋuwo, yamenutometudaʋuwo, kple yamenutomeŋutinusrɔ̃ʋuwo ayɔe fũ. Vɔvɔ̃ kple nuvlowɔwɔ agbɔ nusianu si teƒe wokpɔ kpɔ le amegbetɔ ƒe ŋutinya me do ŋgɔ la ŋu.

Yesu gblɔ be eyata “vɔvɔ̃ laɖo dukɔwo, eye woawɔ dzodzodzoe le atsiaƒu ƒe gbeɖeɖe kple eƒe agbodzedze la ŋuti; eye amewo ƒe gbɔgbɔ nu latsi le vɔvɔ̃ kple mɔkpɔkpɔ na nusiwo le anyigba blibo la katã dzi vam la ŋuti.” Le nyateƒe me, abe alesi Yesu gblɔe ene la, amegbetɔ ƒe ŋutinya me ɣeyiɣi doblukɔ kekeake sia akplɔ ame ayi ɣeyiɣi si me, “Amegbetɔvi la ƒe dzesi lado ɖe dziŋgɔli me, eye anyigba dzi ƒomeawo katã woado konyifaɣli” la me.

Gake menye amesiamee anɔ konyi fam esime ‘Amegbetɔvi la ava kple ŋusẽ’ be yeatsrɔ̃ nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia o. “Ame tiatiawo,” ame 144,000 siwo akpɔ gome kple Kristo le eƒe Dziƒofiaɖuƒea me, mafa konyi o, eye woƒe zɔhɛwo, amesiwo Yesu yɔ do ŋgɔ be yeƒe “alẽ bubuwo,” hã mafa konyi o. Togbɔ be amesiawo le agbe le ɣeyiɣi si do viviti wu le amegbetɔ ƒe ŋutinya me la me hã la, wowɔna ɖe Yesu ƒe dzideƒonya sia dzi be: “Ne nusiawo de asi emevava me la, ekema miwu mo dzi, eye mikɔ miaƒe tawo ɖe dzi, elabena miaƒe ɖeɖe la gogo.”

Be Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo anɔ anyi le ŋkeke mamleawo me nanya alesi nuwuwua gogoe la, Yesu wɔ kpɔɖeŋu sia na wo be: “Mikpɔ gboti la kple atiwo katã ɖa; ne woto aŋgbawo la, miakpɔe adze sii le mia ɖokui si bena, dzomeŋɔli le ɖoɖom. Nenema ke miawo hã, ne miekpɔ nusiawo le eme vam la, midze sii bena, mawufiaɖuƒe la gogo. Vavã mele egblɔm na mi bena: Dzidzime sia nu mele yiyi ge akpɔ o, vaseɖe esime woawu nusiawo katã nu.”

Eyata ne eƒe nusrɔ̃lawo kpɔ dzesia ƒe akpa vovovoawo le eme vam la, ele be woanyae be nuɖoanyia ƒe nuwuwu gogo eye be eteƒe madidi o Mawu ƒe Fiaɖuƒea aɖe vɔ̃ɖinyenye katã ɖa keŋkeŋ. Le nyateƒe me la, nuwuwua ava le amesiwo kpɔ nusiwo katã Yesu gblɔ ɖi me vava la ƒe agbenɔɣi! Le nu xɔxlɔ̃ eƒe nusrɔ̃la siwo anɔ agbe le ŋkeke tɔxɛ mamleawo me me la, Yesu gblɔ be:

“Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bena nutsuɖuɖu kple ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe nuɖuɖu ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to, eye ŋkeke ma nagalili mi abe mɔ̃ ene o; elabena adze amesiwo katã nɔ anyigba blibo la ƒe ŋku me la dzi. Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ le ɣeawo katã ɣi me kple gbedodoɖa, bena miate ŋu asi le nusiawo katã, siwo le eme va ge la nu, eye be miatsi tre ɖe Amegbetɔvi la ŋku me.”

Ðetugbi Aɖaŋudzelawo kple Abunetɔwo

Yesu nɔ nya si eƒe apostoloawo bia ku ɖe eƒe anyinɔnɔ le Fiaɖuƒeŋusẽ me ŋu la ŋuti ɖom. Azɔ egblɔ dzesia ƒe akpa bubuwo fia le lododo alo kpɔɖeŋu etɔ̃ me.

Kpɔɖeŋu siawo dometɔ ɖesiaɖe me vava adze na amesiwo le agbe le eƒe anyinɔɣia me. Etsɔ nya siawo dze gbãtɔa gɔmee: “Ekema dziƒofiaɖuƒe la aɖi ɖetugbi ewo, siwo do go kple woƒe akaɖiwo, bena yewoayi aɖakpe ŋugbetɔsrɔ̃. Eye wo dome ame atɔ̃ nye abunetɔwo, eye ame atɔ̃ hã nye aɖaŋudzelawo.”

Alesi Yesu gblɔ be “dziƒofiaɖuƒe la aɖi ɖetugbi ewo” la mefia be amesiwo anyi Dziƒofiaɖuƒea ƒe dome la ƒe afã nye abunetɔwo eye afã hã nye aɖaŋudzelawo o! Ao, ke boŋ egɔmee nye be le Fiaɖuƒea gome la, nane li si ɖi esia alo ekeme, alo be nya siwo ku ɖe Fiaɖuƒea ŋu la anɔ ale kple ale.

Ðetugbi ewoawo tsi tre ɖi na Kristotɔ siwo katã anye Dziƒofiaɖuƒea me nɔlawo alo esiwo gblɔna be yewole wo dome. Ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzie wotsɔ Kristo-hamea do ŋugbe na Ŋugbetɔsrɔ̃, Yesu Kristo si wofɔ ɖe tsitre hedo ŋutikɔkɔe na la. Gake dziƒoe woawɔ srɔ̃ɖeɖea le le ɣeyiɣi aɖe si womeyɔ o me le etsɔ me.

Le kpɔɖeŋua me la, ɖetugbi ewoawo do go kple taɖodzinu be yewoaɖakpe ŋugbetɔsrɔ̃ la eye yewoazɔ kple srɔ̃tɔawo le srɔ̃kpekpea me. Ne eva ɖo la, woana woƒe akaɖiwo naklẽ ɖe mɔ si dzi srɔ̃ɖelawo ato la dzi, eye esia anye bubu dede eŋu esime wòkplɔ ŋugbetɔ la yina aƒe si wodzra ɖo ɖi nɛ me. Gake Yesu ɖe eme be: “Abunetɔwo la, wotsɔ woƒe akaɖiwo, ke wometsɔ ami kpe ɖe wo ŋuti o; ke aɖaŋudzelawo ya tsɔ ami de woƒe guiwo me kpe ɖe woƒe akaɖiawo ŋuti. Eye esi ŋugbetɔsrɔ̃ la tsi anyi la, wo katã wodɔ akɔlɔ̃e, eye wodɔ alɔ̃.”

Alesi ŋugbetɔsrɔ̃ la tsi anyi eteƒe didi la ɖee fia be Kristo ƒe anyinɔnɔ abe Fia ene la anye nusi ava eme le ɣeyiɣi didi aɖe megbe le etsɔ me. Eva eƒe fiazikpuia dzi mlɔeba le ƒe 1914 me. Le zã didi si do ŋgɔ na ema me la, ɖetugbiawo katã dɔ alɔ̃. Gake womebu fɔ wo ɖe esia ta o. Alesi ami mele ɖetugbi abunetɔawo ƒe amigoewo me o tae wobu fɔ wo ɖo. Yesu ɖe alesi ɖetugbiawo nyɔ do ŋgɔ na ŋugbetɔsrɔ̃a ƒe vavae la me be: “Ke le zãtitina la ɣli ɖi bena: Kpɔ ɖa, ŋugbetɔsrɔ̃ la gbɔna! Mido go yi ɖakpee! Tete ɖetugbi kemawo katã fɔ, eye wodzra woƒe akaɖiwo ɖo. Eye abunetɔwo gblɔ na aɖaŋudzelawo bena: Mina miaƒe ami la ɖe mí, elabena míaƒe akaɖiwo le tsitsim. Ke aɖaŋudzelawo xɔ edzi gblɔ bena: O, ɖewohĩ made mía kpli miawo nu o; miyi amesiwo le edzram la gbɔ boŋ, ne miadzee na mia ɖokui.”

Ami la nye kpɔɖeŋu na nusi nana Kristotɔ vavãtɔwo yia edzi nɔa keklẽm abe akaɖiwo ene. Esiae nye Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me, si me Kristotɔwo léna ɖe asi goŋgoŋ, kpakple gbɔgbɔ kɔkɔea si kpena ɖe wo ŋu le Nya ma gɔme sese me. Gbɔgbɔmemia kpena ɖe ɖetugbi aɖaŋudzelawo ŋu be woana kekeli nanɔ keklẽm le ŋugbetɔsrɔ̃ la kpekpe me yi srɔ̃ɖeŋkekenyuiea ɖuƒee. Gake gbɔgbɔmemi si hiã la mele ɖetugbi abunetɔwo ƒe ha la me o, si nye be mele woƒe goewo me o. Eyata Yesu ɖɔ nusi dzɔ la be:

“Ke esi [ɖetugbi abunetɔwo dzo yina amia dze ge] la, ŋugbetɔsrɔ̃ la va; eye amesiwo dzra wo ɖokui ɖo la, wokpe ɖe eŋuti yi srɔ̃ɖeƒe la, eye wotu ʋɔtru la. Emegbe ɖetugbi mamleawo hã va gblɔ bena: Aƒetɔ, Aƒetɔ, ʋui na mí! Ke exɔ edzi gblɔ bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Nyemenya mi o.”

Esi Kristo va ɖo eƒe Dziƒofiaɖuƒea me vɔ megbe la, ɖetugbi aɖaŋudzelawo ƒe ha si nye Kristotɔ amesiaminawo nyɔ ɖe woƒe mɔnukpɔkpɔ la ŋu be woana kekeli nanɔ keklẽm ɖe xexe doblukɔ sia me bene wòanye kafukafu na Ŋugbetɔsrɔ̃ si trɔ gbɔ la. Gake amesiwo ɖetugbi abunetɔwo nye kpɔɖeŋu na la medzra ɖo ɖe dzaadoname kafukafu sia ŋu o. Eyata ne ɣeyiɣia de la, Kristo maʋu ʋɔa na wo be woage ɖe dziƒosrɔ̃ɖeŋkekenyuiea ɖuƒe o. Agblẽ wo ɖe xexe le xexeame ƒe zã doblukɔ tsiɖitsiɖitɔ kekeake me, bene woatsrɔ̃ kpe ɖe sedzimawɔla bubuwo katã ŋu. Yesu ƒo nya ta be: “Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ŋkeke la alo gaƒoƒo la o.”

Talentowo Ŋuti Kpɔɖeŋu La

Yesu yi numedzodzro kple eƒe apostoloawo dzi le Amitoa dzi to kpɔɖeŋu bubu si nye evelia le wo ame etɔ̃ siwo tsiã ɖe wo nɔewo nu me la wɔwɔ na wo dzi. Ŋkeke ʋee aɖewo do ŋgɔ esime wònɔ Yerixo la, egblɔ minawo ŋuti kpɔɖeŋu na wo tsɔ fia be axɔ ɣeyiɣi didi aɖe hafi Fiaɖuƒea nava. Togbɔ be akpa siwo ɖii la le kpɔɖeŋu si wòwɔ azɔ la me hã la, dɔ siwo woawɔ le Kristo ƒe anyinɔnɔ le Fiaɖuƒeŋusẽ me le emevaɣi me la ŋutie wòƒo nu le. Enye kpɔɖeŋu si fia be ele be eƒe nusrɔ̃lawo nawɔ dɔ esime wokpɔtɔ le anyigba dzi be woadzi “eƒe nuwo” ɖe edzi.

Yesu dze egɔme be: “Elabena [nɔnɔme siwo ku ɖe Fiaɖuƒea ŋu la le] abe ame aɖe, si yi nugbe la ene, amesi yɔ eƒe dɔlawo, eye wòtsɔ eƒe nuwo de asi na wo.” Yesue nye ame ma si, hafi wòazɔ mɔ ayi dziƒo la, tsɔ eƒe nuwo de asi na eƒe dɔlawo—siwo nye nusrɔ̃la siwo le Dziƒofiaɖuƒea me yi ge. Nusiawo menye ŋutilãmenunɔamesiwo o, ke boŋ wotsi tre ɖi na agble si wode si ŋu ŋutete le be nusrɔ̃la geɖe wu nado tso eme.

Yesu de eƒe nuwo asi na eƒe dɔlawo ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na eƒe dziƒoyiyi. Le mɔ ka nu? To egbɔgblɔ na wo be woayi edzi awɔ dɔ le agblea me to gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe gbedasia vaseɖe anyigba ƒe didiƒewo ke dzi la dzi. Abe alesi Yesu gblɔe ene la: “Eye wòna talento atɔ̃ ame ɖeka, eye eve ame ɖeka, ke ɖeka ame ɖeka, wo dome amesiame le eƒe ŋutete nu, eye wòyi nugbe.”

Eyata womã talento enyia—siwo nye Kristo ƒe nuwo la—na dɔlawo le woƒe ŋutete alo nusiwo woate ŋu awɔ le gbɔgbɔ me la nu. Dɔlawo tsi tre ɖi na nusrɔ̃lawo ƒe hatsotsowo. Le ƒe alafa gbãtɔ me la, edze ƒã be apostoloawo nɔ hatsotso si xɔ talento atɔ̃ la me. Yesu yi edzi gblɔ be dɔla si xɔ talento atɔ̃ kple esi xɔ eve la siaa dzi wo ɖe edzi teƒe eve to woƒe Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dzi. Gake dɔla si xɔ talento ɖeka ya tsɔe ɣla ɖe do me.

Yesu yi edzi be: “Ke le ŋkeke geɖe megbe la dɔla mawo ƒe aƒetɔ la va, eye wòbu akɔnta kple wo.” Kristo metrɔ va bia akɔnta o vaseɖe ƒe alafa 20 lia me si nye le ƒe 1,900 megbe hafi, eyata enye “le ŋkeke geɖe megbe” vavã. Azɔ Yesu ɖe eme be:

“Amesi xɔ talento atɔ̃ la va, eye wòtsɔ talento atɔ̃ bubuwo vae gblɔ bena: Aƒetɔ, ètsɔ talento atɔ̃ de asi nam; kpɔ ɖa, meɖe vi talento atɔ̃ ɖe wo dzi. Eƒe aƒetɔ la gblɔ nɛ bena: Ehẽ, dɔla nyui kple nuteƒewɔla! Èwɔ nuteƒe le nu ʋeewo me, matsɔ wò aɖo nu geɖewo nu; yi ɖe wò aƒetɔ ƒe dzidzɔ la me!” Dɔla si xɔ talento eve la hã dzi eƒe talentoawo ɖe edzi zi eve nenema, eye wotsɔ kafukafu kple fetu ma ke nɛ.

Gake aleke dɔla nuteƒewɔla siawo yina ɖe woƒe Aƒetɔ la ƒe dzidzɔ la mee? Woƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe dzidzɔ lae nye Fiaɖuƒea xɔxɔ esime wòzɔ mɔ yi Fofoa gbɔ le dziƒo. Le dɔla nuteƒewɔlawo gome le egbeŋkekeawo me la, wokpɔa dzidzɔ gã aɖe le Fiaɖuƒea ƒe agbanɔamedzi bubuwo tsɔtsɔ kpee na wo me, eye ne wowu woƒe anyigbadzigbenɔnɔ nu la, woakpɔ dzidzɔ si ƒo eta si nye be woafɔ wo ɖe tsitre ayi Dziƒofiaɖuƒea mee. Ke dɔla etɔ̃lia ya ɖe?

Dɔla sia to nyatoƒoe be: “Aƒetɔ, menya wò bena, ame sesẽ nènye . . . eye esi mele vɔvɔ̃m la, medzo yi ɖaɖi wò talento la ɖe do me; kpɔ ɖa, xɔ wò nu.” Dɔla la gbe koŋ be yemawɔ dɔ le agblea me to gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dzi o. Eyata aƒetɔ la yɔe be “dɔla vɔ̃ɖi kple kuviatɔ” eye wòdrɔ̃ ʋɔnui be: “Mixɔ talento la le esi . . . Eye dɔla, si menyo na naneke o la, mitsɔe ƒu gbe ɖe viviti tsiɖitsiɖi la me, afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.” Woxɔ gbɔgbɔ me dzidzɔ ɖesiaɖe le dɔla vɔ̃ɖi habɔbɔ sia me tɔ siwo wokɔ le gbe ƒum ɖe gota la si.

Nusɔsrɔ̃ vevi aɖe le esia me na amesiwo katã gblɔna be yewonye Kristo yomedzelawo. Ele be woawɔ dɔ be woadzi woƒe Aƒetɔ si le dziƒo la ƒe nuwo ɖe edzi to gome kpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me bliboe dzi ne wodi be yewoaxɔ eƒe kafukafu kple fetu la eye womatsɔ yewo aƒu gbe ɖe viviti me le gota ahatsrɔ̃ yewo mlɔeba o. Èdoa vevie nu le esia gomea?

Esime Kristo Ava le Fiaɖuƒeŋusẽ Me

Yesu gale eƒe apostoloawo gbɔ le Amitoa dzi. Le nya si wobia ku ɖe eƒe anyinɔnɔ kple nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu ƒe dzesi ŋu la ŋu ɖoɖo me la, egblɔ kpɔɖeŋu etɔ̃ siwo tsiã ɖe wo nɔewo nu la ƒe susɔea na wo azɔ. Yesu dze egɔme be: “Ne amegbetɔvi la ava le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye dɔlawo katã akpe ɖe eŋuti la, ekema abɔbɔ nɔ eƒe ŋutikɔkɔezikpui la dzi.”

Amegbetɔwo mate ŋu akpɔ mawudɔlawo le woƒe dziƒoŋutikɔkɔe me o. Eyata ele be Amegbetɔvi Yesu Kristo ƒe vava kple eƒe dɔlawo nanye nusi amegbetɔwo ƒe ŋku mate ŋu akpɔ o. Eƒe vava sia va eme le ƒe 1914 me. Gake kple taɖodzinu ka? Yesu ɖe eme be: “Woaƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe eƒe ŋku me, eye wòamã wo me atso wo nɔewo gbɔ, abe alesi alẽkplɔla mãa alẽwo kple gbɔ̃wo mee ene; eye wòatsɔ alẽwo aɖo eƒe nuɖusi me, ke atsɔ gbɔ̃wo aɖo eƒe mia me.”

Esi Yesu nɔ nu ƒom le nusi adzɔ ɖe amesiwo me womã be woanɔ akpa si nu wove dzi la ŋu me la, egblɔ be: “Tete fia la agblɔ na amesiwo le eƒe nuɖusi me la bena: Miva, mi Fofonye ƒe ame yayrawo, minyi fiaɖuƒe, si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexeme ƒe gɔmeɖoɖoanyi me la, ƒe dome.” Alẽ siwo woyɔ le kpɔɖeŋu sia me la maɖu fia kple Kristo le dziƒo o ke boŋ woanyi Fiaɖuƒea ƒe dome le gɔmesese sia nu be woanye etevi siwo le anyigba dzi. “Xexeme ƒe gɔmeɖoɖoanyi” dze egɔme tso esime Adam kple Xawa dzi vi siwo mɔnuɖoɖo si Mawu wɔ be yeatsɔ aɖe ameƒomea ate ŋu aɖe vi na la ƒe gbãtɔ.

Gake nukatae womã alẽawo wole Fia la ƒe amenuveve ƒe nuɖusi me? Fia la ɖo eŋu be: “Elabena dɔ wum, eye miena nuɖuɖum; tsikɔ wum, eye miena tsim; amedzro menye, eye miexɔm medze mia gbɔ. Mele amama, eye miedo awu nam; nye lãme gblẽ, eye mieva kpɔm ɖa, mele gaxɔ me, eye mieva gbɔnye.”

Esi wònye anyigba dzie alẽawo le ta la, wodi be yewoanya alesi yewote ŋu wɔ nu nyui siawo na yewoƒe Dziƒofia la. Wobia be: “Aƒetɔ, gbekagbee míekpɔ bena, dɔ le wuwòm, eye míenyi wò, alo tsikɔ le wuwòm, eye míena tsiwò mahã? Gbekagbee míekpɔ wò nènye amedzro, eye míexɔ wò nèdze mía gbɔ, alo [nèle] amama, eye míedo awu na wò mahã? Alo gbekagbee míekpɔ bena, wò lãme gblẽ, alo nèle gaxɔ me, eye míeva kpɔ wò ɖa mahã?”

Fia la ɖo eŋu be: “Vavã mele egblɔm na mi bena: Nusianu, si miewɔ na nenem nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka la, nyee miewɔ na.” Kristo nɔviawoe nye ame 144,000 siwo aɖu fia kplii le dziƒo la dometɔ siwo susɔ ɖe anyigba dzi. Eye Yesu gblɔ be nu nyui wɔwɔ na wo sɔ kple nu nyui ma ke wɔwɔ na ye.

Azɔ Fia la trɔ ɖe gbɔ̃wo ŋu hegblɔ be: “Mite ɖa tso gbɔnye, mi amesiwo woƒo fi de; miyi ɖe dzo mavɔ, si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me! Elabena dɔ wum, eye miena nuɖuɖum o; tsikɔ wum, eye miena tsim o; amedzro menye, eye miexɔm medze mia gbɔ o; menɔ amama, eye miedo awu nam o; nye lãme gblẽ, menɔ gaxɔ me, eye mieva kpɔm ɖa o.”

Gake gbɔ̃awo he nya be: “Aƒetɔ, gbekagbee míekpɔ wò bena, dɔ le wuwòm, alo tsikɔ le wuwòm, alo nènye amedzro, alo nèle amama, alo wò lãme gblẽ, alo nèle gaxɔ me, eye míesubɔ wò mahã?” Nusi dzi wonɔ te ɖo drɔ̃ amenuveveʋɔnu alẽawo la ke dzie wonɔ te ɖo drɔ̃ fɔbubuʋɔnu gbɔ̃awo hã. Yesu ɖo eŋu be: “Nusianu, si miewɔ na nenem me sue siawo [siwo nye nɔvinyewo] dometɔ ɖeka o la, miewɔe na nye hã o.”

Eyata Kristo ƒe anyinɔnɔ le Fiaɖuƒeŋusẽ me, do ŋgɔ teti na nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu le xaxa gã la me la anye ʋɔnudrɔ̃ɣi. Gbɔ̃awo ‘ayi ɖe tsɔtsrɔ̃ mavɔ la me, ke ame dzɔdzɔewo [alẽawo] ayi ɖe agbe mavɔ me.’ Mateo 24:2–25:46; 13:40, 49; Marko 13:3-37; Luka 21:7-36; 19:43, 44; 17:20-30; Timoteo II, 3:1-5; Yohanes 10:16; Nyaɖeɖefia 14:1-3.

▪ Nukae he apostoloawo ƒe nyabiabia la vɛ, gake edze abe nuka hãe le susu me na wo ene?

▪ Yesu ƒe nyagblɔɖia ƒe akpa kae va eme le ƒe 70 M.Ŋ. me, gake nukae medzɔ ɣemaɣi o?

▪ Ɣekaɣie Yesu ƒe nyagblɔɖia me vava gbãtɔ va eme, gake ɣekaɣie emevava gãtɔ va eme?

▪ Nukae nye ŋunyɔnu la le emevava gbãtɔ kple mlɔetɔa me?

▪ Nukatae xaxa gã la mekpɔ emevava mamletɔ le Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ me o?

▪ Xexeame ƒe nɔnɔme kawoe ade dzesi Kristo ƒe anyinɔnɔ?

▪ Ɣekaɣie “anyigba dzi ƒomeawo katã woado konyifaɣli,” gake nuka wɔm Yesu ƒe nusrɔ̃lawo anɔ?

▪ Kpɔɖeŋu kae Yesu wɔ be yeatsɔ akpe ɖe amesiwo ava azu eƒe nusrɔ̃lawo emegbe la ŋu be woade dzesi ɣeyiɣi si me nuwuwua gogo?

▪ Nuxlɔ̃menya kae Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃la siwo anɔ anyi le ŋkeke mamleawo me?

▪ Amekawoe ɖetugbi ewoawo tsi tre ɖi na?

▪ Ɣekaɣie wotsɔ Kristo-hamea do ŋugbe na ŋugbetɔsrɔ̃ la, gake ɣekaɣie wòva ɖo be yeakplɔ yeƒe ŋugbetɔ la ayi srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒe lae?

▪ Nukae ami la nye kpɔɖeŋu na, eye nukae eƒe ɖetugbi aɖaŋudzelawo si nɔnɔ kpe ɖe wo ŋu be wowɔ?

▪ Afikae wowɔ srɔ̃ɖeɖea le?

▪ Fetu kae to ɖetugbi abunetɔwo ŋu, eye nukae nye woƒe gome?

▪ Nusɔsrɔ̃ kae le talentowo ŋuti kpɔɖeŋua me na mí?

▪ Amekawoe nye dɔlawo, eye nukawoe nye nusiwo wotsɔ de wo si?

▪ Ɣekaɣie aƒetɔ la va be yeabia akɔnta, eye nukae wòkpɔ?

▪ Nukae nye dzidzɔ si me dɔla nuteƒewɔlawo yina, eye nukae dzɔ ɖe dɔla vɔ̃ɖi la dzi?

▪ Nukatae wòle be Kristo ƒe anyinɔnɔ la nanye nusi womate ŋu akpɔ kple ŋku o, eye dɔ kae wòawɔ le ɣeyiɣi ma me?

▪ Gɔmesese ka nue alẽawo anyi Fiaɖuƒea ƒe dome le?

▪ Ɣekaɣie ‘xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi’ dze egɔme?

▪ Nuka dzie woanɔ te ɖo adrɔ̃ ʋɔnu amewo be wonye alẽwo alo gbɔ̃wo?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe