INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • uw ta 3 axa 20-28
  • Milé Mawu ƒe Nya la ɖe Asi Sesĩe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Milé Mawu ƒe Nya la ɖe Asi Sesĩe
  • Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nukae Akpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu Be Woakpɔ Ŋudzedze Ðe Eŋu?
  • Mía Ŋutɔwo Míaƒe Biblia Xexlẽ
  • Lé Mawu ƒe Nya la Me Ðe Asi Sesĩe
    Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
  • Viɖekpɔkpɔ Tso Biblia Xexlẽ Gbesiagbe Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Dzi Nedzɔ Wò ɖe Mawu ƒe Nya la ŋu Vevie
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Biblia Xexlẽ—Viɖe Le Eŋu Eye Wòvivina
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
Kpɔ Bubuwo
Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me
uw ta 3 axa 20-28

Ta 3

Milé Mawu ƒe Nya la ɖe Asi Sesĩe

1. (a) Aleke blema Israel kpɔ Mawu ƒe Nya la ƒe nyateƒenyenye teƒee? (b) Nukatae ema le vevie na mí?

“MIENYAE tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me bena, nya aɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa, mia Mawu la, gblɔ na mi la me o, wo katã va me na mi, eye nya ku ɖeka hɔ̃ hã meto le eme o.” Esiae nye ŋkuɖodzinya si Yosua gblɔ na Israel-me tsitsiawo esime wova le Ŋugbedodonyigbaa dzi. Gake le ƒe siwo kplɔe ɖo me la womeyi edzi na Mawu ƒe Nya nɔ woƒe dzi me eye wowɔ eŋudɔ o. Nukae do tso eme? Biblia la na eme kɔ ƒã be alesi ko kakaɖedzi nɔ yayra siwo ƒe ŋugbe Yehowa do ŋuti la, nenema kee wòna nusi wògblɔ be anye tomaɖomaɖo ƒe emetsonu la va eme. (Yos. 23:14-16) Wokpɔ nuŋlɔɖi ma kpakple Biblia ƒe akpa mamleawo katã ta be woafia nu mí—be “míatsɔ . . . akpɔ mɔkpɔkpɔ” eye míagawɔ nane si ana mɔkpɔkpɔ ma natsi mía ŋu o.—Rom. 15:4.

2. (a) Gɔmesese ka nue Biblia la “tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me”? (b) Esi míenya esia la, agba kae le mía dzi?

2 Togbɔ be “agbalẽŋlɔla” abe 40 ene siwo nye amegbetɔwo ŋudɔe wowɔ woŋlɔ Biblia la ɖi hã la, Yehowa ŋutɔe nye Eŋlɔla. Ðe ema fia be eya ŋutɔe fia mɔ woŋlɔ nusianu si le emea? Ẽ. Abe alesi apostolo Paulo gblɔe nyateƒetɔe ene la, “Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ . . . tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me.” Esi míeka ɖe ema dzi ta la míedea dzi ƒo na amewo le afisiafi be woalé to ɖe eŋu eye woatu woƒe agbenɔnɔ ɖe nusi le eme la dzi abe alesi míedzea agbagba be míawɔ ene.—Tim. II, 3:16; Tes. I, 2:13.

Nukae Akpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu Be Woakpɔ Ŋudzedze Ðe Eŋu?

3. Nukae nye mɔ nyuitɔ si dzi woato akpe ɖe amesiwo meka ɖe edzi be Biblia nye Mawu ƒe Nya o la dometɔ geɖe ŋu?

3 Nyateƒee, kakaɖedzi si le mía si be Biblia la nye Mawu ƒe Nya ŋutɔŋutɔ la mele ame geɖe siwo míeƒoa nu na la si o. Aleke míate ŋu akpe ɖe wo ŋue? Zi geɖe la mɔ nyuitɔ kekeake enye be míaʋu Biblia la ahaɖe nusi le eme la afia wo. “Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu, eye wòɖana wua yi nuevee sia yi nuevee . . . eye wònye tamesusuwo kple dzimedidiwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la.” (Heb. 4:12) “Mawu ƒe nya” lae nye eƒe ŋugbedodo si woŋlɔ ɖe Biblia la me. Menye ŋutinya dzro ko wònye o, ke boŋ ele agbe eye wòle ŋgɔ yim madzudzɔmadzudzɔe ɖo ta emevava gbɔ. Esime wòle esia wɔm la, enana nusi le amesiwo kena ɖe eŋu la ƒe dzi me ŋutɔŋutɔ la dzena ƒã le nudidiawo gbɔ ɖoɖo gome. Eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi sesẽ kura wu nusianu si mía ŋutɔwo míate ŋu agblɔ.

4. Biblia me nyateƒewo ƒe gɔmeɖeɖe bɔbɔe kawoe trɔ ame aɖewo ƒe nɔnɔme ɖe Biblia ŋu? Nukatae?

4 Mawu ƒe ŋkɔ kpɔkpɔ le Biblia me dzro ko trɔ ame geɖe. Ame bubuwo hã tso nya me be yewoasrɔ̃ Biblia la esime woɖe nusi wògblɔ ku ɖe tameɖoɖo si le agbe ŋu, nusita Mawu ɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu, nusi fifi nudzɔdzɔwo fia alo mɔkpɔkpɔ vavã si ku ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu la fia wo. Le dukɔ siwo me subɔsubɔ ƒe nuwɔnawo na gbɔgbɔ vɔ̃wo le fu ɖem na ame geɖe ŋutɔ la me la, Biblia ƒe numeɖeɖe le nusi gbɔ esia tso kple alesi woavo tso esi me ŋu la nyɔ ɖetsɔleme. Nukatae nya siawo wɔa dɔ ɖe wo dzi alea gbegbe? Elabena Biblia ɖeɖeko mee woakpɔ nya si ŋu kakaɖedzi le ku ɖe nya vevi siawo ŋu la le.—Ps. 119:130.

5. Ne ame aɖe gblɔ be yemexɔ Biblia dzi se o la, nuka gbɔe wòatso? Aleke míakpe ɖe eyama ŋue?

5 Gake nenye be ame aɖe gblɔ na mí tẽ be yemexɔ Biblia dzi se o ya ɖe? Ðe wòle be dzeɖoɖoa natɔ ɖe afima? Ao, ne elɔ̃ faa be yewoabu eŋu la, mele be wòatɔ ɖe afima o. Ele be míasee le mía ɖokui me be enye míaƒe agbanɔamedzi be míaƒo nu kple kakaɖedzi ade Mawu ƒe Nya la dzi. Ðewohi̇̃ ebuna Biblia la be enye Kristodukɔa ƒe agbalẽ. Ðewohi̇̃ Kristodukɔa ƒe alakpanuwɔwɔ kple nu dede dunyahehe me kpakple eƒe gabiabia edziedzi si wonya nɛ la tae mexɔ Biblia dzi se o. Nukatae màbiae ne nenemae o? Kristodukɔa ƒe xexemenuwɔnawo ŋu si Biblia ƒo nu tsi tre ɖo, kpakple vovototo siwo le Kristodukɔa kple Kristotɔnyenye vavãtɔ dome la anyɔ eƒe ɖetsɔleme.—Tsɔe sɔ kple Mateo 15:7-9; Yakobo 4:4; Mixa 3:11, 12.

6. (a) Nukae na wò ŋutɔ neka ɖe edzi be Biblia nye Mawu ƒe Nya? (b) Nya bubu kawo siwo nana wobua tame lae woate ŋu azã atsɔ akpe ɖe amewo ŋu wòadze wo ŋu be Biblia tso Mawu gbɔ vavã?

6 Le ame bubuwo gome la, numedzodzro si le tẽ ku ɖe gbɔgbɔ me si wòtso ƒe ɖaseɖiɖiwo ŋu la nyea kpekpeɖeŋu. Nukae ɖo kpe dzi na wò kɔte be Mawu gbɔe Biblia tso? Nusi Biblia ŋutɔ gblɔ ku ɖe afisi wòtso ŋuti laea? (Tim. II, 3:16, 17; Nyaɖ. 1:1) Alo nyateƒe si wònye be nyagblɔɖi geɖe le Biblia la me esiwo ɖe etsɔ me nyanya tsitotsito fia eyata amesi sesẽ wu amegbetɔwo gbɔ kokoko wotso la taea? (Pet. II, 1:20, 21; Yes. 42:9) Alo ɖewohi̇̃ ɖekawɔwɔ si le Biblia la me togbɔ be ame geɖewoe tsɔ ƒe 1,600 ŋlɔe gake la taea? Alo alesi wòsɔ le dzɔdzɔmeŋutinunya gome evɔ nuŋlɔɖi bubu siwo nɔ anyi ɣemaɣi mele nenema o la taea? Alo eŋlɔlawo ƒe nyateƒetoto laea? Alo alesi wokpɔ eta togbɔ be amewo dze agbagba vevie be yewoatsrɔ̃e ɖa gake laea? Àte ŋu azã nusi wɔ dɔ ɖe dziwò la atsɔ akpe ɖe ame bubuwo hã ŋu.

Mía Ŋutɔwo Míaƒe Biblia Xexlẽ

7, 8. (a) Nukae wòle be mía dometɔ ɖesiaɖe nanɔ wɔwɔm kple Biblia? (b) Hekpe ɖe ɖokuisi Biblia xexlẽ ŋu la, nukae hiã na mí, eye aleke Biblia ŋutɔ ɖe esia fiae? (d) Aleke wò ŋutɔ newɔ hafi Yehowa ƒe tameɖoɖowo ƒe gɔmesese su asiwò?

7 Hekpe ɖe kpekpeɖeŋu nana ame bubuwo be woaxɔ Biblia dzi se ŋu la, ehiã be mía ŋutɔwo míazã ɣeyiɣi ɖe exexlẽ edziedzi ŋu. Èle ema wɔma? Le agbalẽ siwo katã wota kpɔ dome la, esiae nye vevitɔ kekeake. Ema mefia be ne míexlẽnɛ ko la nu bubu aɖeke megahiã o. Ŋɔŋlɔawo xlɔ̃ nu mí be míagaɖe mía ɖokui ɖe aga ahasusu be míate ŋu aku nu me le mía ɖokui si anya nusianu o. Ðokuisinusɔsrɔ̃ kple kpekpe yiyi edziedzi siaa hiã nenye be míanye Kristotɔ siwo da sɔ nyuie.—Lod. 18:1; Heb. 10:24, 25.

8 Be wòaɖe vi na mí la, Biblia ƒo nu tso Etiopia-megã aɖe ŋu, amesi mawudɔla aɖe fia mɔ Kristotɔ nyanyuiegblɔla Filipo be wòayi ɖe egbɔ esime amegã la nɔ Yesaya ƒe nyagblɔɖia xlẽm. Filipo bia ŋutsua be: “Èle nya, si xlẽm nele la gɔme sema?” Etiopia-ŋutsua ɖo eŋu ɖokuibɔbɔtɔe be: “Aleke mate ŋui, ne ame aɖeke mefiam oa?” Eƒoe ɖe Filipo nu be neɖe Ŋɔŋlɔa ƒe akpa ma me. Filipo menye amesi xlẽa Biblia le eɖokui si dzro ko eye wògblɔ eya ŋutɔ ƒe nukpɔsusu ku ɖe Ŋɔŋlɔawo ŋu o. Ao; nuŋlɔɖia ɖee fia be ebɔ ha kplikplikpli kple apostoloawo le Yerusalem-hamea me eye wònye Yehowa ƒe habɔbɔ si wokpɔna la me tɔ. Eyata ate ŋu akpe ɖe Etiopiatɔa ŋu be wòakpɔ viɖe tso nufiafia si Yehowa le ɖeɖem ɖe go to habɔbɔ ma dzi la me. (Dɔw. 6:5, 6; 8:5, 14, 15, 26-35) Nenema kee egbea la, mía dometɔ ka sie Yehowa ƒe tameɖoɖowo ƒe gɔmesese nyuitɔ si me kɔ la va su le eɖokui si? Ðe ema teƒe la, míehiã na kpekpeɖeŋu si Yehowa nana lɔlɔ̃tɔe to eƒe habɔbɔ si wokpɔna dzi la, eye míekpɔtɔ hiã nɛ.

9. Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖo kawoe ate ŋu aɖe vi na mí katã?

9 Be Yehowa ƒe habɔbɔa nakpe ɖe mía ŋu be míazã Biblia eye míase egɔme ta la, enana Ŋɔŋlɔa me nya siwo nyo ŋutɔ la mí le Gbetakpɔxɔ kple agbalẽ siwo do ƒome kplii la me. Hekpe ɖe eŋu la, wowɔa Biblia xexlẽ edziedzi ƒe ɖoɖo na mí le Teokrasi Subɔsubɔsukua me le Yehowa Ðasefowo ƒe hameawo me. Yehowa Ðasefo aɖewo xlẽa Biblia tsiãna ɖe enu kpe ɖe esia ŋu. Viɖe gã aɖe ate ŋu ado tso ɣeyiɣi si woazã le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me dzodzro me la me. (Ps. 1:1-3; 19:8, 9) Wò ŋutɔ exlẽ Biblia bliboa vɔa? Ne mèxlẽe o la, ekema dze agbagba vevie naxlẽe. Togbɔ be mase nusianu gɔme bliboe o hã la, viɖe gã aɖe anɔ emenyawo nyanya gbadzaa ŋu. Ne èxlẽ axa ene alo atɔ̃ gbesiagbe la, awu Biblia bliboa xexlẽ nu le ƒe ɖeka me.

10. (a) Ɣekaɣie newɔa wò Biblia xexlẽ? (b) Nukatae ewɔwɔ edziedzi le vevie?

10 Ɣekaɣie wò ŋutɔ nate ŋu awɔ ɖoɖo ɖe Biblia xexlẽ sia ŋu? Ne ète ŋu ɖo aɖabaƒoƒo 10 alo 15 ɖi gbesiagbe la, aɖe vi ale gbegbe! Ne manye nenema o la, ɖo ɣeyiɣi ɖi nɛ edziedzi kwasiɖa ɖesiaɖe ya teti eye nawɔ ɖe ɖoɖowɔɖi ma dzi. Ele be Biblia xexlẽ nanye agbemeŋkekewo katã ƒe nu mãme abe nu ɖuɖu ene. Abe alesi nenyae ene la, ne ame aɖe meɖua nu nyuie o la, eƒe lãme masẽ o. Nenema kee wòle le míaƒe gbɔgbɔmemenyenye gome. Míaƒe agbe nɔ te ɖe “nya sia nya, si dona tsoa Mawu ƒe nu me” si míatsɔ anyi mía ɖokui edziedzi la dzi.—Mat. 4:4.

11. Nukae le be wòanye míaƒe taɖodzinu le Biblia xexlẽ me?

11 Nukae le be wòanye míaƒe taɖodzinu le Biblia xexlẽ me? Ne míaƒe taɖodzinu koe nye be míaxlẽ axa agbɔsɔsɔme aɖe alo be míakpɔ agbe mavɔ ko kura gɔ̃ hã la, anye vodada. Be míakpɔ viɖe mavɔ la, ele be nusiwo de ŋgɔ wu naʋã mí, esiwo nye Mawu si míelɔ̃, didi be míanya eyama nyuie wu, be míase eƒe lɔlɔ̃nu gɔme eye míasubɔe wòadze eŋu. (Yoh. 5:39-42) Ele be míaƒe nɔnɔme nanɔ abe Biblia-ŋlɔla la tɔ ene, amesi gblɔ be: “Yehowa, ɖe wò mɔwo fiam, eye nafia wò toƒewom!”—Ps. 25:4.

12. (a) Nukatae ‘sidzedze vavãtɔ’ si asu mía si la hiã, eye ne míele nu xlẽm la agbagbadzedze kae ahiã ale be wòasu mía si? (b) Abe alesi woɖee fia le axa 27 ene la, nukpɔsusu kawoe míate ŋu atsɔ adzro nusiwo míexlẽna le Biblia me la me wòaɖe vi na mí? (d) Wɔ nya atɔ̃ siawo ƒe kpɔɖeŋu ɖekaɖeka to nyabiabia siwo le memamã sia ƒe nuwuwu la ŋu si naɖo dzi. Wɔ wò Biblia ŋudɔ.

12 Esime nufiafia ma le mía si sum la, ele be wòanye míaƒe didi be ‘sidzedze vavãtɔ’ nasu mía si. Ema manɔmee la, aleke míate ŋu awɔ Mawu ƒe Nya la ŋudɔ nyuie le mía ŋutɔwo míaƒe agbe me alo aɖe eme nyuie na ame bubuwo? (Kol. 3:10; Tim. II, 2:15) Ne sidzedze vavãtɔ asu mía si la, ehiã be míaxlẽ nua nyuie, eye nenye be akpa aɖe me goglo la ahiã be míaxlẽe wu zi ɖeka be míase egɔme. Míakpɔ viɖe hã nenye be míegbɔ dzi ɖi de ŋugble le nya la ŋu hebu eŋu le mɔ vovovowo nu. Woɖe mɔ vevi atɔ̃ siwo nu míade ŋugble le la ɖe go le agbalẽ sia ƒe axa 27. Woate ŋu adzro Ŋɔŋlɔa ƒe akpa geɖewo me viɖetɔe to esiawo dometɔ ɖeka alo geɖe zazã dzi. Esime nele nyabiabia siwo le axa siwo gbɔna dzi la ŋu ɖom la, àkpɔ alesi esia le.

(1) Zi geɖe la Ŋɔŋlɔa ƒe akpa si xlẽm nele la aɖe nane afia ku ɖe amesi ƒomevi Yehowa nye ŋuti.

Ne míede ŋugble le nusi Biblia gblɔ na mí ku ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu la ŋuti ŋudzedzekpɔkpɔtɔe la, aleke wòwɔa dɔ ɖe míaƒe nɔnɔme ɖe eyama ŋu la dzie? (Ps. 139:13, 14; le Hiob ta 38-42 la de dzesi 38:1, 2 kple 40:2, 8, kple 42:1-6 koŋ.)

Le nusi Yesu gblɔ le Yohanes 14:9, 10 ta la, nya ta kae míate ŋu aƒo ku ɖe Yehowa ŋu tso nudzɔdzɔ siwo le abe esiwo woŋlɔ ɖe Luka 5:12, 13 ene la me?

(2) Bu alesi nya la ku ɖe Biblia ƒe tanya si nye Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu kɔkɔ to Fiaɖuƒe si le Yesu Kristo Ŋugbedodovia si me dzi la ƒe ŋgɔyiyi ŋue la ŋuti.

Aleke fukpekpe siwo va Egipte dzi la ku ɖe tanya sia ŋue? (Kpɔ Mose II, 5:2; 9:16; 12:12.)

Ke Rut, Moab-nyɔnua ŋuti nya ʋãdziname la ya ɖe? (Rut 4:13-17; Mat. 1:1, 5)

Aleke gbe ƒã si Gabriel ɖe na Maria do ŋgɔ ku ɖe Yesu dzidzi ŋu la sɔ ɖe edzie? (Luka 1:26-33)

Nukatae gbɔgbɔ kɔkɔe tsɔtsɔ si ami na Yesu ƒe nusrɔ̃lawo le Pentekoste-ŋkekea dzi la ɖe dzesi? (Dɔw. 2:1-4; Pet. I, 2:4, 5, 9; Pet. II, 1:10, 11)

(3) Nya siwo ƒo xlã kpukpuiawo kpɔa ŋusẽ ɖe gɔmesesea dzi.

Amekawoe woŋlɔ nya siwo le Romatɔwo 5:1 kple 8:16 la na? (Kpɔ Romatɔwo 1:7.)

Ðe nya siwo ƒo xlã Korintotɔwo I, 2:9 ɖee fia be agbenɔnɔ le anyigba dzi le Mawu ƒe Nuɖoanyi Yeyea me ŋutie wòle nu ƒom lea? Abe alesi woɖee fia le kpukpui 6-8 me ene la, amekawo ƒe ŋkuwo kple towoe menɔ nusiwo ŋuti nya ŋlɔm Paulo le la gɔme sem o?

(4) Bia alesi wò ŋutɔ nate ŋu awɔ nusi xlẽm nele ŋudɔe la ɖokuiwò.

Ŋutinya dzro koe nuŋlɔɖi si ku ɖe Habel si Kain wu ŋu la nyea alo aɖaŋuɖoɖo le eme na mí? (Mose I, 4:3-12; Yoh. I, 3:10-15; Heb. 11:4)

Ne míexlẽ nu tso nuteƒe siwo Israel kpɔ le gbeadzi (le Mose II vaseɖe Mose V me) ŋuti la, aleke wòle be míatsɔe aku ɖe mía ɖokui ŋue? (Kor. I, 10:6-11)

Ðe agbenɔnɔ ŋuti aɖaŋuɖoɖo si woŋlɔ ɖo ɖe Kristotɔ amesiaminawo la ku ɖe amesiwo ƒe mɔkpɔkpɔe nye be yewoanɔ agbe tegbee le anyigba dzi la ŋua? (Tsɔe sɔ kple Mose IV, 15:16; Yohanes 10:16.)

Togbɔ be tenɔnɔ nyui le mía si le Kristo-hamea me hã la, ɖe wòhiã be míade ŋugble tso mɔ siwo nu míagate ŋu awɔ Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo míenya xoxo la ŋudɔ ɖo nyuie wu ŋutia? (Kor. II, 13:5; Tes. I, 4:1)

(5) Bu alesi nawɔ nusi xlẽm nele la ŋudɔ atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋue la ŋuti.

Amekawo ŋue nate ŋu atsɔ Yairo vi nyɔnuvia ƒe tsitretsitsi ŋuti nya la akpe ɖo? (Luka 8:41, 42, 49-56)

13. Nukae míate ŋu akpɔ mɔ na tso Biblia xexlẽ kpakple nu sɔsrɔ̃ kple Yehowa ƒe habɔbɔ la ƒe ɖoɖo si atsiã ɖe enu la me?

13 Aleke Biblia xexlẽ heɖea vi ŋutɔe nye si ne wowɔe le mɔ sia nu! Nyateƒee, Biblia xexlẽ nye gbetɔame—dɔ si ŋu míate ŋu adze agbagba le le míaƒe agbemeŋkekewo katã me wòaɖe vi. Gake esime míele ewɔm la, míaƒe ŋusẽ adzi ɖe edzi le gbɔgbɔ me. Ate mí ɖe mía Fofo lɔlɔ̃tɔ Yehowa kpakple mía nɔvi Kristotɔwo ŋu kplikplikpli wu tsã. Akpe ɖe mía ŋu be míawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo be ‘míalé agbenya la ɖe asi sesi̇̃e’ la dzi.—Fil. 2:16.

Numetoto

● Nukatae woŋlɔ Biblia la hekpɔ eta wòli vaseɖe míaƒe ŋkekea me?

● Aleke míate ŋu akpe ɖe ame bubuwo ŋue be woakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu?

● Nukatae ɖokuisi Biblia xexlẽ edziedzi ɖea vi? Nukpɔsusu atɔ̃ kawoe míatsɔ adzro nusi míexlẽna la me wòaɖe vi?

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 27]

Ne Ele Biblia Xlẽm La, Bu Nya Siawo Ŋuti—

Nusi akpa ɖesiaɖe gblɔ na wò ku ɖe amesi ƒomevi Yehowa nye ŋu

Alesi wòku ɖe Biblia bliboa ƒe tanya la ŋue

Alesi nya siwo ƒo xlãe la wɔ dɔ ɖe gɔmesesea dzie

Alesi wòle be wòawɔ dɔ ɖe wò agbe dzie

Alesi nate ŋu awɔ eŋudɔ atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋue

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe