Ðe Ame Bubuwo Ŋu Bubu Fia—Akpa 1
1 Yehowa ƒe amewo ƒe dzidzedzekpɔkpɔ le gbɔgbɔ me si na hamewo le dzidzim ɖe edzi kpɔkpɔ dzɔa dzi na mí. Le nuto aɖewo me, vevietɔ le dugãwo me la, wole Fiaɖuƒe Akpatawo zãm ŋutɔ, eye ebiana be hame geɖe nazã Fiaɖuƒe Akpata ɖeka ɣeaɖewoɣi.
2 Ele be hame ɖesiaɖe si azã Fiaɖuƒe Akpata la nadzra eme ɖo eye nuwo nanɔ ɖoɖo nu nyuie hena nɔvi siwo agava la ƒe zazã. Ele be woaɖo zikpuiawo nyuie, woatsɔ agbalẽ ɖesiaɖe si le agbalẽxɔƒea ade nudzraɖoƒea, eye woafɔ amewo ƒe nu siwo tsi Fiaɖuƒe Akpataa me ɖa. Ele be aɖuɖɔɖɔƒeawo nanɔ dzadzɛ eye woakpɔ egbɔ be adzalẽ, tsiletsɛwo, kple nugododegbalẽwo li, eye wotrɔ gbeɖuɖɔ le nugoawo me.
3 Ne wowɔ ɖoɖo be kpekpe bubu adze egɔme kpuie la, mele be amesiwo tsi anyi le kpekpe gbãtɔa me la nanɔ afima fũ madzemadzee atsɔ agblẽ dzadzraɖo ɖe kpekpe si woagawɔ ŋu me o. Woate ŋu aɖe ʋu aɖewo ɖa le Fiaɖuƒe Akpataa ƒe ʋutɔɖoƒea, eye anye dɔmenyowɔwɔ be míadzo kaba ale be amesiwo gbɔna la nakpɔ teƒe atɔ ʋu ɖo. Gake mele be amesiwo gbɔna kpekpe evelia la hã nava kaba akpa eye wòahe tɔtɔ vɛ madzemadzee o.
4 Le afisi hame geɖe zãa Fiaɖuƒe Akpata ɖeka le la, ehiã vevie be woawɔ dɔ aduadu le ɖoɖowɔwɔ ɖe eme dzadzraɖo kwasiaɖa sia kwasiɖa ŋu. Ne miaƒe hamea dzie wòɖo la, mikpɔ egbɔ be yewowɔe nyuie ɖe game dzi.
5 Ɣeaɖewoɣi la, eva hiãna be hame ɖesiaɖe natrɔ eƒe kpekpeɣiwo, abe ne nutome sue dzikpɔla va ene. Ne ehiã be hame aɖe nawɔ asitɔtrɔ la, ele be hamemegãwo nagblɔe na hame ma ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ ale be woate ŋu agblɔe na woƒe gbeƒãɖelawo kaba alesi woate ŋui. Azɔ hã la, ne woɖoe be wɔna aɖe, abe Mɔɖelawo ƒe Subɔsubɔ Suku alo nutoa me hamemegãwo ƒe kpekpe aɖe ene, nayi edzi la, ele be woagblɔe na hame bubuwo kple nutome sue dzikpɔla ɖesiaɖe si ahiã na asitɔtrɔwɔwɔ la ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ; esia ana be womawɔ ɖoɖo ɖe Fiaɖuƒe Akpataa zazã ŋu le ɣeyiɣi ma ke me o.
6 Akpata geɖe li siwo hame siwo le nutome sue vovovowo me zãna. Ele vevie be dzikpɔla mɔzɔla siwo srãa hameawo kpɔna le akpata siawo me la nana nyanya wo nɔewo ɖe sasrãkpɔ siwo le ŋgɔ ŋu. Tɔtrɔ kpatawo alo kuxi bubuwo ate ŋu ado mo ɖa ne dzikpɔla eve wɔ ɖoɖo ɖe sasrãkpɔ ŋu le kwasiɖa ma ke me.
7 Ame bubuwo ŋu bubu lɔlɔ̃tɔe, kadodo nyui, ɖoɖowɔwɔ do ŋgɔ, kple nuwɔwɔ aduadu ana ƒomedodo nyui nanɔ hamewo dome eye wòana “woawɔ nuwo katã, alesi dze ɖe eteƒeteƒe.”—Kor. I, 14:40.