Kpekpe Ðe Ðeviwo Ŋu Woaɖe Gbeƒã—Aleke Ame Bubuwo Ade Asi Emee?
1 Yehowa drɔ̃a ʋɔnu amesiame—ɖeviwo kple tsitsiawo siaa. (Xez. 9:5, 6; Mose I, 7:22, 23) Eyata agba le nyateƒe Kristotɔwo dzi be woakpe ɖe ameƒomeviwo katã ŋu ne Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu hafi eƒe dzikudogbe gã la naɖo.—Zef. 2:2, 3.
2 Míedzro dzilawo ƒe agbanɔamedzi be woakpe ɖe wo viwo ŋu woaɖe gbeƒã, kple agba si le ɖeviwo dzi be woaxɔ hehe ma la me le nyati eve siwo do ŋgɔ me. Míeka ɖe edzi be dzilawo kple ɖeviwo siaa le ŋgɔyiyi nyui wɔm le nya vevi siawo ŋudɔwɔwɔ me. Togbɔ be dzilawo koŋ dzie agba le be woahe wo viwo hã la, aleke gbeƒãɖela bubuwo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu be woaɖo taɖodzinu si nye be woakpe ɖe hamea me viwo katã ŋu woazu gbeƒãɖelawo la gbɔe?
3 Alesi ame kafukafu nyuie wɔa dɔ ɖe ame dzii: Dziɖeleameƒonu geɖe le agbe me. Woɖea dzi le ɖeviwo hã ƒo. (Rom. 8:20) Eyata aleke kafukafu xɔxɔ dzɔa dzi na mí katã enye si! Ne ame tsitsiwo kafu ɖevi ɖe eƒe nɔnɔme nyuiwo, abe dzadzɛnyenye, agbenɔnɔ nyui, nusrɔ̃ƒe vava alo nyaŋuɖoɖo edziedzi, Fiaɖuƒe Akpata me dzadzraɖo ɣesiaɣi, kple nu bubuwo ene ta la, wotoa esia me kpɔa ŋudzedze ɖe eƒe agbagbadzedzewo ŋu eye le ɣeyiɣi ma ke la wogale dzi dem ƒo nɛ be wòawɔ geɖe.
4 Gbeƒãɖela xoxowo ate ŋu awɔ ɖoɖo ayi gbeadzi kple ɖeviwo ne wo dzilawo ɖe mɔ, le kpɔɖeŋu me, le magazinewo kple traktwo mamã me. Kafu ɖevi ɖesiaɖe wòasɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe ŋutetewo kple nɔnɔme nu. (Kor. I, 12:4-7) Ðe lɔlɔ̃ fia eye nàtu ame ɖo le wò nuwɔna kple nya sia nya si nàgblɔ ne èle dze ɖom kple ɖeviwo me.
5 Hamemegãwo ƒe kpekpeɖeŋu: Hamemegãwo ate ŋu alé ŋku ɖe ɖevi siwo ɖoa nya ŋu alo xlẽa mawunyakpukpuiwo le kpekpewo me ŋu, akafu wo nyuie, eye ne wo na wo dzilawo nya la, woade dzi ƒo na wo be woaŋlɔ ŋkɔ ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me. Esia akpe ɖe wo ŋu woava zu nuƒola bibiwo le gbeadzi. Ne ɖevi gblɔ be yedi be yeazu gbeƒãɖela la, edzilawo kple hamemegãwo natso ɖe biabia sia ŋu kpla. (om axa 99-100; w88 11/15 axa 17) Agbalẽ me nusɔsrɔ̃dzikpɔlawo ate ŋu alé ŋku ɖe ɖevi siwo le ƒuƒoƒoa me ƒe ŋgɔyiyi ŋu, ahakpɔ egbɔ be Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo li na wo dometɔ ɖesiaɖe ɣesiaɣi, eye wòana kpekpeɖeŋu lɔlɔ̃tɔe.—Lod. 27:23.
6 Ðewohĩ kuxiwo anɔ wo dometɔ aɖewo siwo le woƒe ƒewuiwo me, eye wonya nyateƒea tso woƒe ɖevime ke la ŋu, siwo le wohem ɖe megbe le adzɔgbeɖeɖe ŋu, gake woƒe kpekpewo dede ɖee fia be woƒe didi kpɔtɔ le nyateƒea me. Hamemegãwo ƒe lɔlɔ̃ na Yehowa kple dzitsitsi ɖe eƒe alẽha la ŋu aʋã wo be woakpe ɖe ɖevi mawo ŋu woaɖɔ kuxi ɖesiaɖe ɖo bene woaɖe zɔ ayi ŋgɔ.
7 Amesiame ate ŋu ana kpekpeɖeŋu: Ƒo wo katã ta la, gbeƒãɖela xoxowo ƒe kpɔɖeŋu nyuiwo, woƒe dzotsɔtsɔ ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu, kple nya nyui siwo wogblɔna aʋã ɖeviwo vevie le hamea me bene dzidzɔ si le gbeƒãɖeɖe gbedasi nyuitɔ kekeake le Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu na ameƒomea me la nasu woawo hã si.—Luka 6:45; Fil. 3:17.