Ta 126
“Nyateƒe, Mawuvie Nye Esia”
YESU menɔ atia ŋu eteƒe didi o, esime le ŋdɔ me la, zãdokeli do nukutɔe gaƒoƒo etɔ̃. Menye ɣea ƒe viviti dodo gbɔe zãdokeli sia tso o, elabena ne dzinu yeye dze dzi koe wòdona, eye dzinua sɔna tegblẽ le Ŋutitotoɣeyiɣia me. Gawu la, ɣea ƒe vivitidodo nɔa anyi aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo ko. Eyata Mawu gbɔe vivitidodo sia tso! Ðewohĩ ena amesiwo le fewu ɖum le Yesu ŋu la dzudzɔ, eye wòna be woƒe alɔmeɖeɖeawo tɔ te.
Ne nu dziŋɔ sia dzɔ do ŋgɔ na ɣeyiɣi si me nuvɔ̃wɔla kemea ka mo na nɔvia eye wòbia Yesu be wòaɖo ŋku ye dzi la, ke anye ema hã nɔ nusiwo tae wòtrɔ dzime ɖo la dome. Ðewohĩ viviti sia mee nyɔnu ene siwo nye Yesu dada kple nɔvianyɔnu Salome, Maria Magdalatɔ, kple Maria, apostolo Yakobo Suetɔ dada te ɖe fuwɔametia ŋu le. Yohanes si nye apostolo si Yesu lɔ̃na la hã le wo gbɔ le afima.
Aleke gbegbee ‘wòatɔ Yesu dada ƒe dzie’ nye si esi wòkpɔ via si wòna noe henyi la le ati ŋu le veve sem helĩhelĩ le afima! Gake Yesu mele eya ŋutɔ ƒe vevesese ŋu bum o, ke boŋ dadaa ƒe nyonyo ŋu bum wòle. Etsɔ agbagbadzedze vevie trɔ mo ɖe Yohanes gbɔ hegblɔ na dadaa be: “Nyɔnu, kpɔ ɖa, viwòŋutsu enye si!” Emegbe esi wòtrɔ mo ɖe Maria gbɔ la, egblɔ na Yohanes be: “Kpɔ ɖa, dawòe nye si!”
Yesu to mɔ sia dzi tsɔ dadaa, amesi, edze ƒã be enye ahosi fifia la dzi kpɔkpɔ de asi na eƒe apostolo si wòlɔ̃ vevie la. Ewɔ esia elabena Maria ƒe viŋutsu bubuawo meɖe xɔse fia ɖe eyama me haɖe o. Eyata eɖo kpɔɖeŋu ɖi, menye le ɖoɖo wɔwɔ ɖe dadaa ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo ŋu ɖeɖeko me o ke ɖe eƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo tɔ hã ŋu me.
Anɔ abe ŋdɔ ga etɔ̃ me ene la, Yesu gblɔ be: “Tsikɔ le wuyem!” Yesu se le eɖokui me be ewɔ abe ɖe ye Fofo gblẽ ye ta kpɔkpɔ ɖi bene woado yeƒe nuteƒewɔwɔ kpɔ vaseɖe nuwuwu ene. Eyata edo ɣli sesĩe yɔe be: “Nye Mawu, nye Mawu, nukaŋuti nègblẽm ɖi mahã?” Esi amesiwo le tsitre ɖe afima se nya sia la, wo dometɔ aɖewo do ɣli be: “Kpɔ ɖa, ele Eliya yɔm.” Enumake wo dometɔ ɖeka ƒu du yi ɖatsɔ ƒumekutsa eye wòkɔ aha tsitsi ɖe eme fũ tɔ ɖe ayeti nu kpe nɛ. Gake ame bubuwo gblɔ be: “Ðe asi le eŋu! Na ne míakpɔe, abe Eliya ava ɖee ene.”
Esi Yesu xɔ aha tsitsia la, edo ɣli be: “Wowu nu vɔ!” Ẽ, ewu nusianu si Fofoa dɔe ɖe anyigba dzi be wòawɔ la nu. Mlɔeba la, egblɔ be: “Fofo, asiwò me metsɔ nye gbɔgbɔ la de.” Yesu to esia dzi tsɔ eƒe agbeŋusẽ de Mawu si kple kakaɖedzi be Mawu agagbugbɔe na ye ake. Emegbe ede ta anyi eye wòku.
Enumake esi Yesu gbɔ eƒe gbɔgbɔ mamlea la, anyigbaʋuʋu dziŋɔ aɖe dzɔ, eye wòfe kpe gbadzawo me. Anyigbaʋuʋua nu sẽ ale gbegbe be ŋkuɖodziyɔdo siwo nɔ Yerusalem godo la nu ʋu, eye ame kukuwo ho ɖe dzi tso wo me. Esi amesiwo tso eme yina kpɔ be ame kukuwo ho ɖe dzi la, woyi ɖe dua me ɖagblɔe na amewo.
Gawu la, enumake si Yesu ku la, xɔmetsovɔ si tso Kɔkɔeƒe la kple kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe dome le Mawu ƒe gbedoxɔ me la dze ɖe eve, tso tagbɔ vaseɖe egɔme. Edze ƒã be xɔmetsovɔ si woɖo atsyɔ̃ na nyuie la kɔkɔ abe afɔ 60 [18 m] ene eye wòkpe ŋutɔ! Menye ɖeko nukunu wɔmoya sia ɖe dziku si Mawu kpɔ ɖe Via wulawo ŋu fia ko o, ke efia hã be anya wɔ be woage ɖe kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe, si nye dziƒo ŋutɔ azɔ to Yesu ƒe ku dzi.
Esi amewo kpɔ anyigbaʋuʋu la eye wokpɔ nusiwo nɔ dzɔdzɔm la, wovɔ̃ ŋutɔŋutɔ. Aʋafia si nɔ amewuwua nu kafu Mawu. Egblɔ be: “Nyateƒe, Mawuvie nye esia!” Anɔ eme be enɔ anyi esime wodzro Mawu ƒe vinyenye ƒe nya la me le ʋɔnu dɔdrɔ̃ Yesu me le Pilato ŋkume. Eye eka ɖe edzi azɔ be Mawu ƒe Vie Yesu nye, ẽ, be eyae nye ame vevitɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ nyateƒe.
Nudzɔdzɔ wɔnuku siawo wɔ dɔ ɖe ame bubuwo hã dzi, eye wotrɔ nɔ aƒeme yim henɔ akɔta ƒom abe woƒe nuxaxa vevie kple ŋukpe gã ƒe dzesi ene. Nudzɔdzɔ vevi siawo wɔ dɔ ɖe nyɔnu geɖe siwo nye Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo le tsitre le adzɔge le nu kpɔm la dzi vevie. Apostolo Yohanes hã nɔ anyi. Mateo 27:45-56; Marko 15:33-41; Luka 23:44-49; 2:34, 35; Yohanes 19:25-30.
▪ Nukatae mate ŋu anye ɣe ƒe zãdokelidodo gbɔe viviti si do gaƒoƒo etɔ̃ la tso o?
▪ Esi wòsusɔ vie Yesu naku la, kpɔɖeŋu nyui kae wòɖo ɖi na amesiwo dzilawo zu ame tsitsiwo?
▪ Nya kawoe nye nya ene mamle siwo Yesu gblɔ hafi ku?
▪ Dɔ kae anyigbaʋuʋua wɔ, eye gɔmesese kae le gbedoxɔmetsovɔ si dze ɖe eve la ŋu?
▪ Aleke nukunu siwo dzɔ la wɔ dɔ ɖe aʋafia si nɔ amewuwua nu la dzie?