INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 10/95 axa 7
  • Míehiã Hamea

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Míehiã Hamea
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Hame La Nekafu Yehowa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Mina Woatu Hame La Ðo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Èwɔa Akpa Vevi Aɖe Le Yehowa Ƒe Hamea Me!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
  • De Asixɔxɔ Akpa Si Nèwɔna Le Hamea Me Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
km 10/95 axa 7

Míehiã Hamea

1 Korax-viwo ɖe woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe hamea ŋu gblɔ ɣeaɖeɣi be: “Ŋkeke akpe mede wò xɔxɔnu nɔnɔ ŋkeke ɖeka nu o.” (Ps. 84:11) Le woawo gbɔ la, naneke mele xexeame si wòana si ade nusi hamea nana nu o. Ne wò hã èsena le ɖokuiwò me nenema la, ke ele be hamea nanye nu vevitɔ na wò le wò agbe me.

2 Tso esime woɖo Kristo-hamea ke la, eɖee fia be Yehowa ƒe yayra le ye dzi. (Dɔw. 16:4, 5) Mele be mía dometɔ aɖeke nabu hamea nu tsɛe alo atsɔe be mɔnu aɖe ko wònye si tea mí ƒoa ƒui le ŋutilã me o. Hameae nye afisi Yehowa Ðasefowo xɔa dzideƒo kple ŋusẽ tsonɛ le nuto ɖesiaɖe me. Enaa míedea ha ɖekae ale be Yehowa nafia nu mí eye wòadzra mí ɖo ɖe Fiaɖuƒedɔwo ŋu.—Yes. 2:2.

3 Kristo-hameae nye mɔ vevitɔ siwo dzi wotona fiaa nyateƒea mí la dometɔ ɖeka. (Tim. I, 3:15) Ele be Yesu yomedzelawo katã ‘nazu ɖeka’—woanɔ ɖekawɔwɔ me kple Mawu, Kristo, kpakple wo nɔewo. (Yoh. 17:20, 21; tsɔe sɔ kple Yesaya 54:13.) Afikae míeɖayi le xexeame o, mía nɔviwo xɔ Biblia ƒe nufiafiawo kple gɔmeɖosewo dzi se eye wonɔa agbe ɖe wo nu.

4 Wohea mí heblaa akpa na mí be míawɔ míaƒe nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa. Nya nyui siwo akpe ɖe mía ŋu be míadze dzeɖoɖo gɔme tso Ŋɔŋlɔawo me nɔa Gbetakpɔxɔ, Nyɔ!, kple Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me ɣleti ɖesiaɖe. Wotrɔ asi le kpekpeawo ŋu be woafia alesi míadi ɖetsɔlemetɔwo ahatu woƒe ɖetsɔleme ɖoe la mí. Dzidziɖedzi si kpɔm míele le xexeame katã ɖo kpe edzi be míele kpekpeɖeŋu xɔm tso dziƒo.—Mat. 28:18-20.

5 Wodea dzi ƒo na mí gbesiagbe to hamea dzi, ‘si ʋãa mí na lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ.’ (Heb. 10:24, 25) Wodoa ŋusẽ mí be míado dzi le dodokpɔwo me nuteƒewɔwɔtɔe. Dzikpɔla lɔlɔ̃tɔwo kpena ɖe mía ŋu míenɔa te ɖe nyaƒoɖeamenuwo kple dzimaɖitsitsiwo nu. (Nyagb. 4:9-12) Ne míeɖe afɔ aɖe si ana míatra la, woɖoa aɖaŋu si hiã la na mí. Habɔbɔ bubu ka hãe léa be na ame lɔlɔ̃tɔe alea?—Tes. I, 5:14.

6 Yehowa ƒe lɔlɔ̃nue wònye be míalé ɖe eƒe habɔbɔa ŋu bene míakpɔ míaƒe ɖekawɔwɔ ta. (Yoh. 10:16) Mɔ siwo dzi hamea kpena ɖe mía ŋu le be kadodo nanɔ mía kple dɔla nuteƒewɔla dome ƒe ɖekae nye be edɔa dzikpɔla mɔzɔlawo ɖa be woade dzi ƒo na mí. Lɔlɔ̃ ƒe mɔfiame siawo dzi wɔwɔ tea mí ƒoa ƒu ɖekae si kpena ɖe mía ŋu míesẽa ŋu le gbɔgbɔ me.

7 Hamea le vevie na míaƒe gbɔgbɔ me ƒe agbetsitsi. Manya wɔ be míasubɔ Yehowa wòadze eŋu hamea manɔmee o. Eyata mina míalé ɖe nusi Yehowa na mí la ŋu sesĩe. Mina míawɔ dɔ wòasɔ ɖe eƒe taɖodzinuwo nu eye míawɔ aɖaŋu siwo woɖona na mí le afima la dzi anukwaretɔe. Ne míewɔe alea la, míate ŋu aɖe alesi gbegbe hamea le vevie na míi la afia.—Ps. 27:4.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe