INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 7/15 axa 25-27
  • Ame Ðeɖe Le Ha Me—Ðoɖo si me Lɔlɔ̃ Le Yea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ame Ðeɖe Le Ha Me—Ðoɖo si me Lɔlɔ̃ Le Yea?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nusita Etakpɔkpɔ Hiã
  • Alesi Ame Ðeɖe le Ha Me Nye Lɔlɔ̃ Ðeɖefiae
  • Nusi Wòagblẽ le Ame Bubuwo Ŋu
  • Kpekpeɖeŋu si me Lɔlɔ̃ Le na Ƒometɔwo
  • Kpɔ Ŋudzedze Ðe Yehowa ƒe Ðoɖoa Ŋu
  • Xɔ Yehowa Ƒe Amehehe Ɣeawokatãɣi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Nusita Ameɖeɖelehame Nye Lɔlɔ̃ ƒe Ðoɖo
    Nyɔ!—1996
  • Nu Si Tae Ameɖeɖelehame Nye Ðoɖo Si Me Lɔlɔ̃ Le
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Ne Ame Aɖe Si Míelɔ̃ Vevie La Dzudzɔ Yehowa Subɔsubɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 7/15 axa 25-27

Ame Ðeɖe Le Ha Me—Ðoɖo si me Lɔlɔ̃ Le Yea?

“KƆKƆE, kɔkɔe, kɔkɔe nye [Yehowa] Mawu ŋusẽkatãtɔ.” (Nyaɖeɖefia 4:8) Le ɖekawɔwɔ me kple nya mawo la, Yehowae nye dzidzenu kɔkɔewo Tsoƒe. Wogblɔ nya siawo ɖe “ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo” me, eye agba le Kristotɔwo dzi be woazɔ afɔɖoƒe siawo. Ẽ, ele be woatsri nu makɔmakɔ ɖesiaɖe le Yehowa ŋkume.—Timoteo II, 3:15; Yesaya 52:11.

Biblia de se eme kɔ be: “Abe alesi amesi yɔ mi vɛ la le kɔkɔe ene la, nenema ke miawo hã minɔ kɔkɔe le miaƒe anyinɔnɔ katã me; elabena woŋlɔ bena: ‘Minɔ kɔkɔe, elabena nye la mele kɔkɔe.’” (Petro I, 1:15, 16) Tso esime woɖo Kristo-hamea anyi ƒe alafa 19 enye sia la, Kristotɔ vavãwo dze agbagba vevie be yewoakpɔ eta tso gbɔgbɔ me kple agbenɔnɔ ƒe makɔmakɔnyenye me.—Yuda 3.

Nusita Etakpɔkpɔ Hiã

Dɔ gã aɖe le Mawu subɔlawo katã dzi be woanɔ kɔkɔe le agbenɔnɔ kple gbɔgbɔ me. Esia ta ele be míatsi tre ɖe futɔ sesẽ etɔ̃ aɖewo ŋu—Satana, eƒe xexeame, kple míaƒe nuvɔ̃ŋutilã ƒe nudzodzrowo. (Romatɔwo 5:12; Korintotɔwo II, 2:11; Yohanes I, 5:19) Satana ƒe xexeame ate wò kpɔ be nànɔ agbe gbegblẽ, aƒoe ɖe nuwò be nàdze eyome, eye atsɔ ŋutilã me kesinɔnuwo, ŋkɔxɔxɔ, ɖoƒe kɔkɔ, gãnyenye, kple ŋusẽ aɖo ŋkuwò me. Gake amesiwo ɖoe be yewoalé tadedeagu vavãtɔ me ɖe asi la gbea nusianu si Satana tsɔ ɖoa woƒe ŋkume eye wonɔa anyi “ɖi maƒomaƒoe tso xexeame.” Nukatae? Elabena wodi be yewoanɔ Yehowa ƒe habɔbɔ ƒe beléle lɔlɔ̃tɔe kple ametakpɔkpɔ te.—Yakobo 1:27; Yohanes I, 2:15-17.

Yehowa na kpekpeɖeŋu Kristo-hamea me tɔ ɖesiaɖe si dze Satana ƒe tetekpɔ me le amegbetɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ ta la. Woɖo hamemegã siwo dze le gbɔgbɔ me be woakpɔ hamea ta eye woakpe ɖe nuvɔ̃wɔlawo ŋu lɔlɔ̃tɔe bene woatrɔ tso woƒe nuvɔ̃ me ahawɔ tɔtrɔ ɖesiaɖe si hiã la be ŋusẽ nagaɖo wo ŋu. Ele be woakpe ɖe Kristotɔ si wɔ nu gbegblẽ la ŋu dzigbɔɖitɔe be wòatrɔ dzi me ahatrɔ le eƒe mɔwo dzi.—Galatiatɔwo 6:1, 2; Yakobo 5:13-16.

Alesi Ame Ðeɖe le Ha Me Nye Lɔlɔ̃ Ðeɖefiae

Ele be woabu Yehowa subɔla xɔnyɔnyrɔ̃ siwo bua wɔ nuvɔ̃ hegbe tɔtrɔ la nuvɔ̃wɔla matrɔdzimewo, eye esia ta womedze ade ha kple Kristotɔwo o. (Tsɔe sɔ kple Yohanes I, 2:19.) Womaɖe mɔ na ame mawo be woanɔ Kristo-hame kɔkɔea me ato ema dzi aƒo ɖii o. Ele be woaɖe wo le eme.

Míate ŋu atsɔ nudzɔzɔ si gbɔna la awɔ nusita wòsɔ be woaɖe amesiwo wɔa nuvɔ̃ atraɖii le ha me la ƒe kpɔɖeŋui: Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe si nye The Globe and Mail le Toronto, Canada, ka nya ta be, le adzodada kple hlɔ̃nuwɔwɔ ɖe sukuviwo ŋu si le dzidzim ɖe edzi ta la, suku aɖewo ɖe afɔ aɖe si “bia be woanyã sukuvi siwo zãa lãnuwo alo tsɔnɛ doa ŋɔdzi na wo nɔviwoe la le suku kura.” Sukuvi siwo di be sukudedea naɖe vi na yewo eye womagawɔ nu vlowo ɖe yewo ŋu o ƒe takpɔkpɔ tae wode amenyãse sia ɖo.

Nukata wònye lɔlɔ̃ ɖeɖefia be woaɖe nuvɔ̃wɔla matrɔdzime ɖa le hamea me? Ewɔwɔ alea fia lɔlɔ̃ na Yehowa kple eƒe mɔwo. (Psalmo 97:10) Afɔɖeɖe sia nye lɔlɔ̃ ɖeɖefia amesiwo wɔa nu dzɔdzɔe elabena ena woɖea amesi ate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe wo dzi la le wo dome. Ekpɔa hamea ƒe kɔkɔenyenye hã ta. (Korintotɔwo I, 5:1-13) Ne woɖe mɔ agbegbegblẽnɔnɔ alo gbɔgbɔ me makɔmakɔnyenye le hamea me la, ava ƒo ɖi eye madze na subɔsubɔ kɔkɔe tsɔtsɔ na Yehowa, amesi le kɔkɔe la o. Hekpe ɖe eŋu la, nuvɔ̃wɔla la nyanyã akpe ɖe eŋu wòakpɔ ŋkubiãnya si eƒe godzenuwɔwɔa nye la adze sii, eye wòatrɔ ahawɔ tɔtrɔ siwo hiã la bene woagaxɔe ɖe hamea me.

Nusi Wòagblẽ le Ame Bubuwo Ŋu

Ne hamea me tɔ aɖe wɔ nuvɔ̃ gã aɖe abe ahasi ene la, mana Yehowa ƒe dzi nakpɔ dzidzɔ o. (Lododowo 27:11) Kristotɔ si ge dze gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ me ƒe tamesusu mesɔ kple Yosef tɔ esime Potifar srɔ̃ dze agbagba be wòadɔ ye gbɔ la kura o. Yosef gblɔ be: “Aleke gɔ̃ mawɔ vɔ̃ gã sia, eye mada vo ɖe Mawu ŋuti mahã?” (Mose I, 39:6-12) Yosef de bubu Yehowa ƒe dzidzenu kɔkɔeawo ŋu hesi dzo le teƒea. Gake esi to vovo na esia la, ewɔ abe ɖe lɔlɔ̃ blibo mele ahasiwɔla la si na Mawu be wòagbe kɔɖiɖi na eƒe ŋutilã me nudzodzro la o ene.—Galatiatɔwo 5:19-21.

Nyɔnyrɔ̃xɔla si dana le Mawu ƒe sewo dzi la meɖee fia be yetsɔ ɖe le nuxaxa kple vevesese si wòahe va eƒe ƒometɔ dzixɔsetɔwo dzi me o. Vevesese si wòahe vɛ la wua tsɔtsɔ na ame aɖewo. Esi Kristotɔ nyɔnu aɖe va nya be ye viŋutsu nɔ agbe gbegblẽ la, efa konyi be: “Ewɔ abe nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu ʋee aɖewo koe nya alesi míese veve hetɔtɔe. . . . Egbã dzi na mí ŋutɔ.” Ate ŋu aƒo ɖi ƒome bliboa ƒe ŋkɔ. Ƒomea me tɔ wɔnuteƒewo ate ŋu alé blanui eye woase fɔɖiɖi aɖe le wo ɖokui me. Aleae afɔ vɔ̃ɖi si nuvɔ̃wɔla la ɖe la hea dzigbagbã vana ƒomea dzii enye si.

Kpekpeɖeŋu si me Lɔlɔ̃ Le na Ƒometɔwo

Ehiã be amesiwo woɖe le ha me ƒe ƒometɔ Kristotɔ wɔnuteƒewo naɖo ŋku edzi be lɔlɔ̃ kple ametakpɔkpɔe ame ɖeɖe le ha me nye. Wodzea agbagba ɖesiaɖe be woakpe ɖe nuvɔ̃wɔla la ŋu. Gake ne egbe toɖoɖo Mawu eye wòtsɔ totitri gbe dzimetɔtrɔ la, ele be woakpɔ hamea ta, eye naneke meli woawɔ tsɔ wu be woaɖe afɔ si Mawu ƒe Nya la gblɔ be woaɖe o be: “Miɖe ame vɔ̃ɖi la ɖa le mia ŋutɔ mia dome!” (Korintotɔwo I, 5:13) Ðasefo aɖe gblɔ be, “ame ɖeɖe le ha me nye nuteƒewɔwɔ na Yehowa.”

Ne woɖe ƒometɔ aɖe le ha me la, ƒometɔ siwo nye Kristotɔwo sea veve. Eyata ele be hamemegã siwo woɖo la nawɔ nusianu si woate ŋui afa kɔ na wo le gbɔgbɔ me. (Tesalonikatɔwo I, 5:14) Hamemegãwo ate ŋu ado gbe ɖa kpli wo alo adoe ɖa ɖe wo ta. Zi geɖe la, anya wɔ be woasrã Kristotɔ nuteƒewɔla siawo kpɔ adzro Ŋɔŋlɔawo me nya tuameɖowo me kpli wo. Ele be alẽha la kplɔlawo nawɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe kpekpewo kple emegbe atsɔ ado ŋusẽ lɔlɔ̃tɔ siawo le gbɔgbɔ me. Woagate ŋu ade dzi ƒo na wo to gbeadziyiyi kpli wo me. (Romatɔwo 1:11, 12) Ehiã be gbɔgbɔmelẽkplɔlawo naɖe lɔlɔ̃ kple beléle si Yehowa subɔla nuteƒewɔla siawo dze na la afia wo.—Tesalonikatɔwo I, 2:7, 8.

Ame aɖe ƒe nuvɔ̃wɔwɔ menye susu si ta woagbe eƒe ƒometɔ aɖe si lé nuteƒewɔwɔ na Yehowa me ɖe asi o. Mawu gbe Israel-fia vɔ̃ɖi Saul, gake Dawid meɖe mɔ nusia gblẽ eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃ na Saul vi Yohatan me o. Le nyateƒe me la, Dawid kple Yonatan ƒe lɔlɔ̃ na wo nɔewo nu sẽ. (Samuel I, 15:22, 23; 18:1-3; 20:41) Eyata ele be hamea me tɔwo katã nakpe ɖe Kristotɔ siwo ƒe ƒometɔwo wɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu la ŋu ahalɔ̃ wo.

Aleke gbegbe wòahanye ame malɔ̃malɔ̃ enye si be míagbe mokɔkɔ na nuteƒewɔla siawo! Ƒomea me tɔ nuteƒewɔlawo hiã dzideƒo etɔxɛe. Woate ŋu atsi akogo eye nɔnɔmea asesẽ na wo. Àte ŋu agblɔ gbɔgbɔ me nya alo nuteƒekpɔkpɔ tuameɖo aɖe na wo le telefon dzi. Ne amesi woɖe le ha mee ɖo telefon la ŋu la, gblɔ nɛ kpuie ko be yedi be yeaƒo nu na ƒometɔ Kristotɔ la. Àte ŋu akpe ƒome ma me tɔ nuteƒewɔlawo va hadomewɔna teƒe alo be woava ɖu nu kpli wò. Ne èdo go wo le asiƒleƒe la, àte ŋu azã mɔnukpɔkpɔ ma ado vivi ɖe wo ŋu be wòatu wo ɖo. Ðo ŋku edzi be Kristotɔ nuteƒewɔla siwo ƒe ƒometɔwo woɖe le ha me la kpɔtɔ le Yehowa ƒe habɔbɔ kɔkɔe la me. Woate ŋu aɖe aga alo dzi naɖe le wo ƒo bɔbɔe. Eyata nɔ ŋudzɔ nàɖe dɔmenyo kple lɔlɔ̃ afia wo. Yi edzi nàwɔ nyui ‘na haxɔsetɔwo katã.’—Galatiatɔwo 6:10.

Kpɔ Ŋudzedze Ðe Yehowa ƒe Ðoɖoa Ŋu

Aleke gbegbe míedaa akpe enye si be Yehowa Mawu tsɔa ɖe le eme lɔlɔ̃tɔe na esubɔlawo ƒe xexeame katã ƒe ƒomea me tɔ ɖesiaɖe. Ewɔ ɖoɖo to eƒe habɔbɔa dzi lɔlɔ̃tɔe be wòakpe ɖe mía ŋu míawɔ nu dzɔdzɔe le eŋkume. Ne ƒometɔ aɖe ɖoe koŋ wɔ nuvɔ̃ eye wòhiã be woaɖee le ha me hã la, agate ŋu atrɔ va ne etrɔ dzi me anukwaretɔe. Kpɔɖeŋu si gbɔna la ɖe esia fia:

Hamemegãwo dze agbagba be yewoakpe ɖe amesi míayɔ be Anna ŋu, gake etrɔ ɖe sigaret, aha, kple atike vɔ̃ɖi nono ŋu. Egbe dzimetɔtrɔ eye wòdo le hamea me. Gake eteƒe medidi o eva te ɖe Anna dzi be hadede kple Yehowa ƒe hame kɔkɔea si me lɔlɔ̃ le la le ye ŋu tom, eye wòdo gbe ɖa bia kpekpeɖeŋu. Egblɔ be yemese alesi gbegbe hamemegãwo kpena ɖe amesiwo tra ŋu la gɔme bliboe tsã o. Anna gadze kpekpewo dede gɔme, eye esia na wòtrɔ dzi me. Emegbe wogaxɔe ɖe hame si me ametakpɔkpɔ kple lɔlɔ̃ le la me. Anna va le agbe nɔm ɖe Yehowa ƒe agbenɔnɔdzidzenu kɔkɔawo nu ake. Lɔlɔ̃ si hamemegãwo ɖe fiae la dze eŋu ŋutɔ, eye wògblɔ hã be: “Màte ŋu akpɔ alesi gbegbe Kristotɔwo ƒe agbalẽwo kpe ɖe ŋunyee la le susu me o. Yehowa kpɔa míaƒe nuhiahiãwo gbɔ nyuie nyateƒe.”

Ẽ, Mawu ta mɔ aɖe ɖi be amesiwo woɖe le ha me eye wogatrɔ dzi me la nato edzi agbɔ. Míekpɔe be ɖoɖo si me lɔlɔ̃ le ye ame ɖeɖe le ha me gɔ̃ hã nye. Gake aleke wòhenyo sãsãsã wu enye si be míatsri nɔnɔme wɔnublanui sia to mía Mawu kɔkɔe la ƒe mɔ dzɔdzɔewo dzi zɔzɔ pɛpɛpɛ me ɣesiaɣi! Mina míada akpe ɣesiaɣi ɖe mɔnukpɔkpɔ si su mía si be míele Yehowa kafum le eƒe habɔbɔ si me kɔkɔenyenye, lɔlɔ̃, kple ametakpɔkpɔ le me ta.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Èɖea lɔlɔ̃ fia amesiwo woɖe le ha me ƒe ƒometɔ nuteƒewɔlawoa?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe