Gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔa to “Kingdom Come” ƒe Agbalẽa Nana Me
1 Mɔkpɔkpɔ kae wòle be Kristotɔwo naɖe gbeƒãe egbea? Kakaɖedzitɔe la, edze ƒã be menye amegbetɔ ƒe dunyahehe me mɔkpɔkpɔ aɖekee o! Ŋutinya ɖo kpe edzi be amegbetɔ ƒe tameɖoɖowo kple nyawo gbɔ kpɔnuwo mete ŋu kpɔ ameƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ eye wòhe ɖeɖe mavɔ vɛ na wo o. Mawu ƒe Fiaɖuƒeae nye mɔkpɔkpɔ vavãtɔ. (Mat. 6:10) Mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe le mía si le December me be míana “Kingdom Come” ƒe agbalẽa atsɔ aɖee fia be Mawu ƒe Fiaɖuƒea ate ŋu awɔ nu nyui ŋutɔŋutɔwo na ameƒomea. Nya kae míate ŋu agblɔ atsɔ anyɔ ɖetsɔlemee?
2 Ðewohĩ dzeɖonya sia adzɔ dzi na amesiwo mebua Fiaɖuƒea be enye nu ŋutɔŋutɔ o:
◼ “Mía dometɔ akpa gãtɔ nya Aƒetɔ ƒe gbedodoɖa ƒe akpa si gblɔ be: ‘Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene.’ Mebiaa ɖokuinye be mía dometɔ nenie bua Fiaɖuƒea be enye nu ŋutɔŋutɔ? Nukae nèsusu? [Na wòaɖo eŋu.] Na míaxlẽ Nyaɖeɖefia 21:3, 4 atsɔ aɖo kpe edzi be Mawu ƒe Fiaɖuƒea nye dziɖuɖu si ŋutɔ si ɖoɖo le hena ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ. [Xlẽ mawunyakpukpuia.] Àdi be yeanɔ dziɖuɖu si me nɔnɔme siawo anɔ la tea? [Na wòaɖo eŋu.] Wotrɔ asi le agbalẽ sia ŋu be wòakpe ɖe amewo ŋu woakpɔe be Fiaɖuƒe sia nye nu ŋutɔŋutɔ.” Ne èxlẽ etalawo ƒe ŋgɔdonya si le axa 2 lia na aƒemenɔla vɔ la, nàtsɔ agbalẽa nae. Wɔ ɖoɖo be nàtrɔ ayi ava fia alesi woate ŋu asrɔ̃ agbalẽa lae.
3 Ne xexeame katã ƒe dediemanɔmanɔ kple dziɖuɖu madeblibowo le susu me na wò la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Mede dzesii le nuƒoƒo kple nye aƒelikawo me be ame geɖe di be yewoanɔ dziɖuɖu si ate ŋu aɖe kuxi gã siwo li egbea—nuvlowɔwɔ kple nuwo ƒe asixɔxɔ (alo kuxi si do mo ɖa nyitsɔ laa le mia gbɔ) ɖa ŋutɔŋutɔ la te. Anye ne anyo ŋutɔ, alo mèkpɔe nenema oa? [Na wòaɖo eŋu.] Ðe dziɖuɖu sia tɔgbe li egbea? [Na wòaɖo eŋu.] Ame geɖe do gbe ɖa bia dziɖuɖu si ate ŋu awɔ nu mawo. Ðikeke mele eme o be wò hã èdo gbe ɖa bia kpɔ. Ŋɔŋlɔ si le Daniel 2:44 fia asi Mawu ƒe Fiaɖuƒea be enye dziɖuɖu ma tɔgbe.” Xlẽ mawunyakpukpuia nàdzro wo kple aɖaka si le agbalẽa ƒe axa 11 lia me nàtsɔ afia Mawu ƒe Fiaɖuƒe ƒe nuŋutɔŋutɔnyenye. Tsɔ agbalẽa nɛ eye nàƒo nu tso aƒeme Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa ŋu.
4 Àte ŋu akpe ɖe amesi megaxɔ Mawu dzi se o ŋu ne ègblɔ be:
◼ “Ame geɖe ƒe nukpɔsusue nye be Biblia me nyagblɔɖiwo mava eme le yewoƒe agbenɔɣi o. Gake Biblia ɖee fia be Mawu ƒe Fiaɖuƒea le dzi ɖum xoxo le dziƒo eye eteƒe madidi o ava ɖu anyigba hã dzi. Taflatse se nya si wogblɔ le afisia le Xabakuk 2:3 ɖa.” Emegbe tsɔ nɔnɔmetata si le axa 52-3 la fiae nàtsɔ akafu xɔsetɔ vovovo siwo kpɔ mɔ vevie be yewoakpɔ Fiaɖuƒea le yewoƒe agbenɔɣi la ƒe kpɔɖeŋu. Wɔ ɖoɖo be nàtrɔ ayi emegbe be nàva dzro nya bubu siwo ku ɖe nusita wòdze abe ɖe ŋugbedodoa teƒe didi akpa ene la me.
5 Àte ŋu awɔ nɔnɔmetata siwo le agbalẽa me la dometɔ aɖewo ŋudɔ nyuie, ne ègblɔ be:
◼ “Meva egbea be míadzro Mawu ƒe ŋugbedodo wɔnuku le anyigba si ŋu wokɔ si míakpɔ le eƒe Fiaɖuƒea te ŋu me. [Xlẽ Nyaɖeɖefia 21:3, 4 alo Yesaya 11:6-9.] Nɔnɔme siawo ade ame dzi ŋutɔ, alo mèkpɔe nenema oa? [Na wòaɖo eŋu.] Medi be míakpɔ alesi nutala aɖe ta paradiso ƒe nɔnɔme si ŋugbe wodo la le agbalẽ sia mee ɖa.” Ʋu nɔnɔmetata siwo le axa 4-5 alo 180-1 eye nàdzro wo me. Tsɔ agbalẽa nɛ eye wɔ ɖoɖo be nàkpe ɖe aƒemenɔla ŋu wòakpɔ viɖe si le emenyawo ŋu adze sii.
6 Ne Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔ wɔnuku la doa dzidzɔ na wò eye èka ɖe edzi bliboe be ava eme la, ekema ele be wòaʋã wò godoo be nàɖe gbeƒãe na ame bubuwo dzonɔamemetɔe.—Heb. 10:23.