Nutome Sue Takpekpe ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
1 Tso February 1996 me la, nutome sue takpekpewo ƒe tanya anye “Ðo To eye Nàsrɔ̃ Alesi Nàwɔ Mawu ƒe Nya Dzi.” Tanya sia si wotu ɖe Mose V, 31:12, 13 dzi la nye esi sɔ be woanɔ te ɖe edzi le ɖoɖowɔɖi bliboa me atsɔ ate gbe ɖe nusiwo wòle be míasrɔ̃ ahatsɔ awɔ dɔe la dzi.
2 Togbɔ be ame akpa gãtɔ ɖoa to beblegbɔgbɔwo egbea hã la, ele vevie na mía dometɔ ɖesiaɖe be míase Mawu ƒe Nya ahasrɔ̃ alesi míawɔ edzii. (Luka 11:28; Tim. I, 4:1) Esia ta la, wotrɔ asi le nutome sue takpekpea ƒe ɖoɖowɔɖia ŋu be wòade dzi ƒo na gbeƒãɖelawo, ƒomewo, hamemegãwo, kple mɔɖelawo eye wòakpe ɖe wo ŋu. Woaƒo nuƒo kpui ene siwo kplɔ wo nɔewo ɖo la le Memleɖagbe siwo ƒe tanyae nye “Tenɔnɔ Ðe Míaƒe Kuxiwo Nu—To Mawu ƒe Nya Sese Me.” Woaƒo nuƒo kpui siwo kplɔ wo nɔewo ɖo la le Kwasiɖagbe siwo ƒe tanyae nye “Alesi Ŋɔŋlɔawo Naa Amehehe le Dzɔdzɔenyenye Me.” Takpekpea katã ana gbɔgbɔmetutuɖo si mele be wòato mia kple wò ƒomea ŋu o.
3 Le Memleɖa kple Kwasiɖagbe siaa la, woaɖo aɖaŋu siwo wɔa dɔ ku ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu eye woawɔ wo ŋuti wɔwɔfiawo hã. Nuteƒekpɔkpɔ kple gbebiame siwo dea dzi ƒo hefiaa nu ame la hã anɔ anyi. Eyata wò anyinɔnɔ kple toɖoɖo kple susu be yeatsɔ nusi yeasrɔ̃ la ade dɔwɔwɔ me la ana nàsu te nyuie wu le Mawu ƒe Nyaa me sededewo dzi wɔwɔ bliboe me.
4 Nusiwo aɖe dzesi wu le nutome sue takpekpea me dometɔ ɖekae nye nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu yeye siwo ɖe adzɔgbe la ƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ. Ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ na woƒe adzɔgbeɖeɖe sia wɔwɔfia le gaglãgbe la, ele be nyɔnyrɔ̃xɔlaawo nagblɔ woƒe didi be yewoaxɔ nyɔnyrɔ̃ la na dzikpɔla zimenɔla ale be wòate ŋu awɔ ɖoɖo be hamemegãwo nakpe kpli wo.
5 Nutome sue takpekpe siawo ƒe dutoƒonuƒoa ƒe tanyae nye “Nukatae Nàna Biblia Nafia Mɔ Wò?” Kpe ɖetsɔlemetɔwo be woayi. Esi nèle mɔ kpɔm vevie na dzideƒo kple kpekpeɖeŋu si hiã mia kple wò ƒomea vevie si miaxɔ la, wɔ ɖoɖo si sɔ be nànɔ anyi le nuƒoawo katã ƒoɣi.