INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/96 axa 1
  • Mizu Nyadziwɔlawo—Menye Nyaselawo Ko O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mizu Nyadziwɔlawo—Menye Nyaselawo Ko O
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Nyadziwɔla’ Kpɔdzidzɔwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Mawu Ƒe Nya Dzi Wɔlawo Kpɔa Dzidzɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Midi Mawu ƒe Fiaɖuƒea Gbãgbiagbã—To Kafukafuvɔwo Sasa Ɣesiaɣi Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • “Mizu Nyadziwɔlawo”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
km 1/96 axa 1

Mizu Nyadziwɔlawo—Menye Nyaselawo Ko O

1 Kristotɔ vavãwo xɔa aɖaŋu si Biblia ɖo be woanye nyadziwɔlawo, ke menye nyaselawo ko o la dea dzime egbea. (Yak. 1:22) Esia na woto vovo sã na amesiwo, togbɔ be wogblɔna be Kristotɔwoe yewonye hã la, wotsɔa nuyiwo ko subɔa Mawui la. (Yes. 29:13) Yesu gblɔ eme kɔ be amesiwo le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm koe akpɔ ɖeɖe.—Mat. 7:21.

2 Viɖe aɖeke mele tadedeagu si ŋu mawumedɔwo mekpe ɖo o ŋu o. (Yak. 2:26) Eyata ele be míabia mía ɖokui be, ‘Aleke nye dɔwɔwɔwo ɖenɛ fiana be xɔse vavãe le asinye? Nukae ɖenɛ fiana be menɔa agbe ɖe nye dzixɔse nu vavã? Aleke mate ŋu asrɔ̃ Yesu nyuie wui?’ Nya siawo ŋuɖoɖo anukwaretɔe akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ŋgɔyiyi si míewɔ alo ŋgɔyiyi si gahiã be míawɔ le Mawu subɔsubɔ me.

3 Esi míenye Yesu yomedzelawo ta la, ele be míaƒe taɖodzinu vevitɔ le agbe me nasɔ kple esi hakpala la gblɔ be: “Míakafu Mawu gbesiagbe, eye míakafu wò ŋkɔ ɖaa tegbee.” (Ps. 44:8, NW) Kristotɔnyenye nye agbenɔnɔ si dzena le mía ŋu gbesiagbe kple le míaƒe nuwɔna ɖesiaɖe me. Dzidzeme ka gbegbe enye si míekpɔna ne míeɖe míaƒe dzimedidi be míakafu Yehowa fia le míaƒe nuwɔnawo katã me!—Fil. 1:11.

4 Yehowa Kafukafu Bia Nu Geɖe Wu Agbenyuinɔnɔ Ko: Ne nɔnɔme nyuiwo koe Mawu bia tso mía si la, anye ne míaƒe amenyenye ŋu koe míadze agbagba atrɔ asi le. Gake míaƒe tadedeagu bia hã be míaɖe gbeƒã Yehowa ƒe gãnyenye ahaɖe gbeƒã eƒe ŋkɔ le gaglãgbe!—Heb. 13:15; Pet. I, 2:9.

5 Gbeƒãɖeɖe nyanyuia le gaglãgbe nye dɔ vevitɔ kekeake siwo míewɔna la dometɔ ɖeka. Yesu tsɔ eɖokui na ɖe dɔ sia wɔwɔ ŋu elabena enyae be ana agbe mavɔ amesiwo asee. (Yoh. 17:3) Nenemae “nya la ƒe subɔsubɔ” le vevie egbea hãe; eya koe nye mɔ ɖeka si dzi amewo ato akpɔ ɖeɖe. (Dɔw. 6:4; Rom. 10:13) Esi míekpɔ viɖe gbogbo siwo le eŋu ta la, míate ŋu ase nusitae Paulo ɖo aɖaŋu na mí be ‘míaɖe gbeƒã nya la’ eye ‘míawɔe kple ŋkubiã’ la gɔme.—Tim. II, 4:2.

6 Ðoƒe kae wòle be Yehowa kafukafu naxɔ le míaƒe agbenɔnɔ me? Hakpala la gblɔ be enɔ yeƒe susu me gbesiagbe. Ðe míesena le mía ɖokui me nenema oa? Ẽ, eye míabu ame bubu ɖesiaɖe si míado goe be enye ɣeyiɣi si me míate ŋu aƒo nu tso Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu. Míadi mɔnukpɔkpɔ siwo sɔ atrɔ míaƒe dzeɖoɖowo ɖe gbɔgbɔmenyawo ŋu. Míadze agbagba hã akpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔ siwo ŋu hamea wɔ ɖoɖo ɖo la me ɣesiaɣi. Amesiwo ƒe nɔnɔmewo ɖe mɔ na wo wu la ate ŋu abu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu vevie, elabena esia akpe ɖe mía ŋu míatsɔ gbeƒãɖeɖedɔa aɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbenɔnɔ me gbesiagbe. Mawu ƒe Nya ka ɖe edzi na mí be ne míewɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ɣesiaɣi la, míakpɔ dzidzɔ.—Yak. 1:25.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe