INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 7/96 axa 7
  • Mizã Mía Degbe Me Nyɔ! La

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mizã Mía Degbe Me Nyɔ! La
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
km 7/96 axa 7

Mizã Mía Degbe Me Nyɔ! La

1 November 1993 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒo nu tso Twi kple Eʋegbe ƒe Nyɔ! ŋu. Eɖe eme be tata siawo xlẽlawo ƒe agbɔsɔsɔme dzi le ɖeɖem kpɔtɔ, eye wògblɔ be ganya ƒe sesẽ le dukɔa me gbɔ koŋue wòtso. Ɣemaɣi míetaa Twi tɔ 3,400 kple Eʋegbe tɔ 3,900 (Ghana kple Togo). Wogblɔ dzideƒonya siwo ana ame geɖe wu nakpɔ dzidzɔ ɖe eŋu. Tso ɣemaɣi la, Twi ƒe Nyɔ! ƒe tata dzi ɖe edzi va ɖo 3,900. Gake Eʋegbe tɔ xlẽlawo dzi ɖe kpɔtɔ wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe va ɖo 911. Nukae mí ame ɖekaɖekawo, ƒomewo, kple hamewo míate ŋu awɔ ale be míadzudzɔ magazine siawo siwo sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi la tata o?

2 Nusiwo Ta Edzi Ðe Kpɔtɔ: Míede dzesii be togbɔ be ganyawo ƒe sesẽ hãe wɔe be ame ʋee aɖewo koe xlẽnɛ hã la, hame geɖe medɔa wo o, kple susu be nɔviawo maxɔ wo axlẽ ahatsɔ wo ayi gbeadzi o. Eyata womezãa magazine siawo le gbeadzisubɔsubɔdɔa me o, eye woto esia me tea gbɔgbɔmenuɖuɖu damiwo ɖetsɔlemetɔ siwo mete ŋu xlẽa Eŋlisigbe o. (Tsɔe sɔ kple Lododowo 3:27.) Le hame 667 siwo wɔa kpekpewo le Twi alo Eʋegbe me la, wo dometɔ 470 koe xɔa mía degbe me Nyɔ! la. Ðe miaƒe hamea ate ŋu adɔe fifia? Àte ŋu adɔ wò ŋutɔ tɔwò alo na wò ƒometɔwoa?

3 Àte Ŋu Ade Dzi Ƒo na Ame Bubuwo be Woaxlẽe: Be esiwo wotana nadzi ɖe edzi la, November 1993 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ɖo aɖaŋu be míatsɔ magazine siawo afia míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo kple susu be míadze magazine ƒe ademɔ ɖeɖe gɔme. Nukata màgblɔ agbɔsɔsɔ si wò ŋutɔ nàhiã na magazinedzikpɔla o? Ame bubu siwo míate ŋu ana woazu míaƒe magazine ƒe ademɔwo alo be woadɔ wo lae nye nufialawo, sukuviwo, kple ame bubu siwo le míaƒe anyigbamamã me siwo te ŋu xlẽa Twi alo Eʋegbe.

4 Míaƒe gbegɔmeɖelawo zãa gaƒoƒo geɖe tsɔ ɖea Nyɔ! me nyatiwo mee. Ʋee aɖewo ko tata gblẽa ga gbogbo aɖe na Habɔbɔa. Eyata míele dzi dem ƒo na amesiame be wòaxlẽ wo eye wòana ame bubuwo hã nakpɔ gome le gbɔgbɔmenuɖuɖu nyui si tso Yehowa gbɔ la ɖuɖu me.—Ps. 145:16.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe