INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 2/15 axa 27-29
  • Kpɔ Nu Yi ŋgɔ Wu Nusiwo Dzena na Wò!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpɔ Nu Yi ŋgɔ Wu Nusiwo Dzena na Wò!
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nukatae Wòhiã?
  • Bu Fifi ƒe Xaxawo be Wonye Ɣeyiɣi Kpui aɖe ƒe Nu!
  • Wò Ŋku Nenɔ Nu Mavɔ Siwo Womekpɔna O la Dzi!
  • Nɔ Agbe Nàkpɔ Nusiwo Womekpɔna O La!
  • Ðe Wò Ŋku Le Teƒeɖoɖoa Ŋua?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Subɔ Mawu Nuteƒewɔwɔtɔe Togbɔ Be “Xaxa Geɖewo” Ava Hã
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Li Ke Abe Ðe Nèle Amesi Womekpɔna O La Kpɔm Ene!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Mègana Ta Le Agbedudimekekea Me o!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 2/15 axa 27-29

Kpɔ Nu Yi ŋgɔ Wu Nusiwo Dzena na Wò!

NUKPƆKPƆ nyuie le ŋutilã me nye yayra. Le nyateƒe me la, ame akpa gãtɔ agblɔ be nusiwo le yewo si dometɔ ʋee aɖewo koe xɔ asi wui. Gake le Kristotɔwo gome la, nukpɔkpɔ ƒomevi aɖe li si ŋu apostolo Paulo ƒo nu tsoe si xɔ asi wu ŋutilãmenukpɔkpɔ nyui gɔ̃ hã. Paulo ŋlɔe be: “Míeléa ŋku ɖe nusiwo wokpɔna la ŋu o, ke nusiwo womekpɔna o la boŋ ŋuti míeléa ŋku ɖo.” (Korintotɔwo II, 4:18) Nukpɔkpɔ tɔxɛ aɖee wòanye vavã be ame nate ŋu akpɔ nusiwo womekpɔna o! Míate ŋu agblɔ be enye nukpɔkpɔ nyuitɔ kekeake si nye gbɔgbɔ me tɔ.

Nukatae Wòhiã?

Eva hiã vevie be ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo nakpɔ nu le gbɔgbɔ me. Wonɔ woƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa wɔm to fukpekpe geɖe me. Ale Paulo gblɔ nya lae nye si: “Womimi mí ɖo le go sia go me, gake gbɔgbɔtsixe metsi mía ƒo o; míetsi dzodzodzoe, gake míebu ŋuɖoɖo keŋ o; woti mía yome, gake womegblẽ mí ɖi o; woxlã mí ɖe anyi, gake wometsrɔ̃ mí o.”—Korintotɔwo II, 4:8, 9.

Togbɔ be nusrɔ̃la wɔnuteƒeawo nɔ nɔnɔme mawo me hã la, wonɔ te sesĩe. Esi woxɔ Mawu dzi se vevie ta la, wote ŋu gblɔ abe alesi Paulo gblɔe ene be: “Ðeɖi metea mía ŋu o; ke ne míaƒe gotame gblẽna hã la, míaƒe ememe la zua yeye gbesiagbe.” Gake nukae naa wozua yeye gbesiagbe? Paulo yi edzi gblɔ be: “Elabena míaƒe aɖabaƒoƒo ɖeka me xaxa, si nu mesẽna o la, wɔa ŋutikɔkɔe mavɔ, si nu sẽna ŋutɔ, eye wòƒoa nusianu ta sãsãsã la, na mí, esi míeléa ŋku ɖe nusiwo wokpɔna la ŋu o, ke nusiwo womekpɔna o la boŋ ŋuti míeléa ŋku ɖo. Elabena nusiwo wokpɔna la, mesẽna yina o; ke nusiwo womekpɔna o la, nɔa anyi tegbetegbe.”—Korintotɔwo II, 4:16-18.

Paulo nɔ dzi dem ƒo na eƒe gbɔgbɔmenɔviwo be woagaɖe mɔ be kuxiwo, nɔnɔme sesẽwo, yometitiwo—xaxa ƒomevi ɖesiaɖe—natsyɔ ŋutikɔkɔefetu si woɖo wo ŋkume si dzi woƒe susu le la dzi o. Ele be woakpɔ nu ayi ŋgɔ wu woƒe fifi nɔnɔmewo, woƒe ŋku nanɔ Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ me tsonu dodzidzɔname la dzi ɖaa. Emae nye nusi kpe ɖe wo ŋu be wogbugbɔ wɔa woƒe tameɖoɖoa yeyee gbesiagbe be yewoayi aʋawɔwɔa dzi. Nenema ke wòhiã be egbegbe Kristotɔwo hã nakpɔ nu nyuie le gbɔgbɔ mee.

Bu Fifi ƒe Xaxawo be Wonye Ɣeyiɣi Kpui aɖe ƒe Nu!

Míelɔ̃ alo míelɔ̃ o, míekpɔa nusiwo míedina be míakpɔ o gbesiagbe. Ne míekpɔ ahuhɔ̃e me la, míegbea ŋutilã ƒe teƒe siwo menyoa mía ŋu o kple gbegblẽƒe, siwo fia ŋutilã la ƒe blibomademade la kpɔkpɔ o. Ne míelé ŋku ɖe Mawu ƒe Nya la ƒe ahuhɔ̃ea me la, míekpɔa gbɔgbɔmegbegblẽƒe siwo le mía ŋutɔwo kple ame bubuwo siaa ŋu. (Yakobo 1:22-25) Eye ne míexlẽ gbesiagbe nyadzɔdzɔgbalẽ alo kpɔ television la, míesea numadzɔmadzɔwɔwɔ, ŋutasesẽ, kple afɔkuwo ŋuti nyatakakawo eye wonaa míexaa nu.

Satana adi be mɔkpɔkpɔ nabu ɖe mí alo míatra le susu me eye míaƒe xɔse nadze gbɔdzɔgbɔdzɔ gɔme le nusiwo míekpɔna la ta. Aleke míate ŋu axe mɔ na esia be magadzɔ o? Ele be míasrɔ̃ Yesu Kristo ƒe kpɔɖeŋua abe alesi apostolo Petro ɖo eƒe aɖaŋui ene esi wògblɔ be: “Elabena esia ŋuti woyɔ mi vɛ ɖo; elabena Kristo hã kpe fu le mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, bene miadze eƒe afɔɖoƒewo yome.” (Petro I, 2:21) Le Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa la, Yesue nye kpɔɖeŋu deblibotɔ kekeake.

Esi Petro nɔ Yesu yɔm be enye míaƒe kpɔɖeŋuɖola la, nusi dzi wòtɔ asii koŋue nye fu si Yesu kpe. Le nyateƒe me la, Yesu kpe fu geɖe ŋutɔ esime wònɔ anyigba dzi. Abe Yehowa ƒe “dɔnunɔla” si nɔ anyi le amegbetɔ wɔɣi ene la, enya alesi tututu Mawu ɖoe be amegbetɔwo nanɔ la nyuie. (Lododowo 8:30, 31) Gake fifia eya ŋutɔ kpɔ alesi wova zu le nuvɔ̃ kple blibomademade ta. Ekpɔa amewo ƒe blibomademade kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo gbesiagbe eye wòle be wòanɔ te ɖe wo nu. Ema ate ɖe edzi ŋutɔ.—Mateo 9:36; Marko 6:34.

Hekpe ɖe ame bubuwo ƒe xaxawo ŋu la, Yesu ŋutɔ hã dze ŋgɔ xaxawo. (Hebritɔwo 5:7, 8) Gake esi eƒe nukpɔkpɔ le gbɔgbɔ me de blibo ta la, ekpɔ nu yi ŋgɔ hekpɔ makumakugbenɔnɔ si woatsɔ anae ɖe eƒe nuteƒewɔwɔgbe la ta. Ne eva zu Fia si nye Mesia la, mɔnukpɔkpɔ asu esi be wòaɖe ameƒomea tso eƒe nɔnɔme ɖigbɔa me ayi blibodede si ƒe tame Yehowa ɖo tso gɔmedzedzea me la mee. Eƒe ŋku si nɔ gbɔgbɔmemɔkpɔkpɔ makpɔmakpɔ siawo dzie kpe ɖe eŋu be wònɔa dzidzɔ kpɔm le mawusubɔsubɔ me togbɔ be edzea ŋgɔ xaxawo gbesiagbe gake. Abe alesi Paulo ŋlɔe emegbe ene la: “Amesi do dzi kpe [fuwɔameti, NW] ƒe fu, eye mebu ŋukpe o le dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ la ta, eye wòbɔbɔ nɔ anyi le Mawu ƒe fiazikpui ƒe nuɖusi me.”—Hebritɔwo 12:2.

Yesu meɖe mɔ gbeɖe be fukpekpe kple nɔnɔme siwo doe kpɔ vevie la nawɔe be wòabu mɔkpɔkpɔ, wòatra le susu me, alo eƒe xɔse nagbɔdzɔ o. Esi míenye eyomedzelawo ta la, ele be míadze eƒe kpɔɖeŋu nyui si ƒo ɖesiaɖe ta la yome tututu.—Mateo 16:24.

Wò Ŋku Nenɔ Nu Mavɔ Siwo Womekpɔna O la Dzi!

Paulo fia mɔ si dzi míato hã mí esi wònɔ nu ƒom tso nusi na Yesu te ŋu do dzi esi wòŋlɔe bena: “Mina míatsɔ dzidodo anɔ dudimekeke, si woɖo na mí la dzi, eye [míatsɔ míaƒe susu katã akpɔ, NW] Yesu, si nye xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula la ɖa.” (Hebritɔwo 12:1, 2) Ẽ, hafi míate ŋu ake Kristotɔnyenye ƒe duɖimea kple dzidzɔ akpɔ dzidzedze la, ele be míakpɔ nu ayi ŋgɔ awu nusiwo le mía ŋgɔ tẽ. Gake aleke ‘míatsɔ míaƒe susu katã akpɔ Yesu ɖae,’ eye viɖe kae wòanye na mí?

Wo dometɔ ɖekae nye be woɖo Yesu zi dzi wònye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia le 1914, eye wòle dzi ɖum tso dziƒo. Le nyateƒe me la, míaƒe ŋutilãmeŋkuwo mekpɔa esiawo katã o. Gake ne ‘míetsɔ míaƒe susu katã kpɔa Yesui ɖa’ la, míaƒe gbɔgbɔmeŋku akpe ɖe mía ŋu míakpɔe be ele klalo be yeaɖe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ɖa eye wòade Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ha la dɔmawɔmawɔ ƒe kɔsɔkɔsɔwo me. Ne míegakpɔe yi ŋgɔ wu la, míaƒe gbɔgbɔmenukpɔkpɔ ana míakpɔ xexeme yeye wɔnuku la si me “ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 19:11-16; 20:1-3; 21:4.

Eyata le esi teƒe be xaxa siwo nɔa anyi kpuie ko siwo wòle be míadze ŋgɔe gbesiagbe nado agba na mí la, nukatae míada míaƒe ŋku ɖe nusiwo nɔa anyi tegbee la dzi o? Nukatae míatsɔ xɔseŋku akpɔ nu ayi ŋgɔ wu dɔléle kple ŋukeklẽ siwo le anyigba sia si dzi woƒo ɖii la o eye ne míakpɔ paradiso si me dzidzɔme siwo le lãmesẽ me eye wotsɔa ɖe le eme na ame yɔ fũ la boŋ o? Nukatae míakpɔ nu ayi ŋgɔ wu míaƒe ŋutilã kple gbɔgbɔ me siaa ƒe gbegblẽƒewo o, eye míakpɔe boŋ be míevo tso wo me tegbee le Kristo ƒe tafevɔsa la ƒe asixɔxɔ ta o? Nukatae míakpɔ nu ayi ŋgɔ wu ame kuku siwo tsi aʋa, nuvlowɔwɔ, kple ŋutasesẽ me o eye ne míakpɔe boŋ be wole Yehowa ƒe ŋutifafa kple dzɔdzɔenyenye fiam amesiwo wofɔ ɖe tsitre yeyee la o?

Hekpe ɖe eŋu la, ‘Yesu kpɔkpɔ kple míaƒe susu katã’ fia hã be togbɔ be míekpɔa Fiaɖuƒea o hã la, míana míaƒe gbɔgbɔmeŋku nanɔ nusiwo wòwɔ xoxo le Mawu ƒe amewo dome le anyigba dzi la ŋu: ɖekawɔwɔ, ŋutifafa, lɔlɔ̃, nɔvilɔlɔ̃, kple gbɔgbɔ me dzidzedzekpɔkpɔ. Esi nyɔnu Kristotɔ aɖe si le Germania kpɔ video si nye United by Divine Teaching (Mawu ƒe Ŋutifafa Wɔ Wo Ðekae) vɔ la, eŋlɔ be: “Video sia akpe ɖe ŋunye be manɔ ŋku ɖom edzi geɖe wu be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔ gbogbo aɖe le xexeame godoo le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe le ɣeyiɣi sia me—eye wowɔa esia togbɔ be amewo tsia tre ɖe wo ŋu gake. Aleke gbegbe nɔviwo ƒe ɖekawɔwɔ si le mía si le xexe si me ŋutasesẽ kple fuléle bɔ ɖo la xɔ asii enye si!”

Ðe ‘nèkpɔnɛ’ hã be Yehowa, Yesu, mawudɔla wɔnuteƒewo, kple hati Kristotɔwo le tsitre ɖe wò axadzia? Ne èkpɔnɛ la, màtsi dzi akpa ɖe “xexeame ƒe agbagbadzedze” siwo ate ŋu ana dziɖeleameƒo naté wò ɖe to la ŋu eye wòana nàtsi ‘ku matsematse’ le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔa me o. (Mateo 13:22) Eyata ‘tsɔ wò susu katã kpɔ Yesu ɖa’ to nana be wò gbɔgbɔmeŋku nanɔ Mawu Fiaɖuƒea si woɖo anyi la ƒe fifi kple etsɔme yayrawo dzi.

Nɔ Agbe Nàkpɔ Nusiwo Womekpɔna O La!

Ne míekpɔ vovototo gã si le Mawu ƒe xexe yeye mavɔmavɔ la kple egbe ƒe xexe xoxo si le gbagbãm dome la, ele be wòaʋã mí be míanɔ agbe si ana woabu mí be míedze anɔ agbe akpɔ nusiwo míetsɔa míaƒe xɔseŋku ko kpɔna egbea la ŋutɔŋutɔ. Ekpɔkpɔ awɔ nuku na ameha gbogbo siwo woafɔ ɖe tsitre ne wofɔ hekpɔ paradisonyigba dzɔdzɔe si to vovo sãsãsã tso esi wokpɔ hafi ku la gbɔ. Bu alesi gbegbe míakpɔ dzidzɔe be míele agbe ado dzaa na wo eye míaɖe nusi Mawu wɔ la me na wo la ŋu kpɔ!—Tsɔe sɔ kple Yoel 2:21-27.

Ẽ, aleke gbɔgbɔmeŋku nyui xɔ asii enye si eye aleke wòhele vevie be míana eƒe nukpɔkpɔ nanyoe nye si! Míate ŋu awɔ esia to Biblia sɔsrɔ̃ le mía ɖokui si edziedzi, Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede, nuƒoƒo na amewo tso míaƒe Biblia me mɔkpɔkpɔ la ŋu, eye ƒo wo katã ta la, gbedodoɖa abia Mawu ƒe mɔfiafia me. Esia wɔwɔ akpe ɖe mía ŋu be míaƒe nukpɔkpɔ le gbɔgbɔ me nanyo eye eme nakɔ, si ana be míakpɔ nu ayi ŋgɔ wu nusiwo dzena na mí!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe