Ðe Gbeƒã Fiaɖuƒea
1 Woƒoe ɖe mía nu le Hebritɔwo 10:23 be “míalé mɔkpɔkpɔ me ʋuʋu ɖe asi sesĩe.” Eye Mawu ƒe Fiaɖuƒea dzie míetu míaƒe mɔkpɔkpɔa ɖo. Yesu de se kɔte be ele be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia le dukɔwo katã me. (Mar. 13:10) Ele be esia nanɔ susu me na mí esi míele gome kpɔm le subɔsubɔdɔa me.
2 Ne míeyi amewo gbɔ la, míedzea agbagba be míadze dzeɖoɖo gɔme le nusi me wotsɔ ɖe le alo nusi ku ɖe wo ŋu la ŋuti. Zi geɖe la, míeƒoa nu tso nusiwo wonya nyuie ŋu, abe nuvlowɔwɔ le nutoa me, sɔhɛwo ƒe kuxiwo, dzitsitsi ɖe dɔwɔɖui ŋu, alo xexeame ƒe kuxiwo ene. Esi ame geɖe ƒe susu le ‘agbeme dzimaɖitsitsi’ siawo ŋu ta la, ne míeɖe ɖetsɔleme kple nugɔmesese fia la, zi geɖe la, amewo aɖe woƒe susu agblɔ. (Luka 21:34) Esia ate ŋu aʋu mɔ na mí míagblɔ mɔkpɔkpɔ si le mía si na wo.
3 Gake ne míekpɔ nyuie o la, dzeɖoɖoa ate ŋu ava ku ɖe nu masɔmasɔwo ɖeɖe sɔŋ ŋu ale gbegbe be míado kpo míaƒe sasrãkpɔa ƒe taɖodzinu gbɔ ɖoɖo—be míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒegbedasia. Togbɔ be míehea susu yia nɔnɔme gbegblẽ siwo hea nuxaxa gbogbowo vɛ dzi hã la, míaƒe taɖodzinue nye be míatrɔ amewo ƒe susu ɖe Fiaɖuƒea, si akpɔ ameƒomea ƒe kuxiwo katã gbɔ keŋkeŋ la ŋu. Mɔkpɔkpɔ vavã wɔnuku aɖe si ŋuti nya amewo hiã vevie be woase lae le mía si. Eyata togbɔ be míahe susu ayi ‘ɣeyiɣi vɔ̃ siwo me nɔnɔ sesẽ’ ƒe akpa aɖewo dzi hã la, ele be míawɔ kaba atrɔ woƒe susu ɖe míaƒe gbedasi vevi si nye “nyanyui mavɔ” la ŋu. Ne míewɔe alea la, míawu míaƒe subɔsubɔdɔa nu blibo.—Tim. II, 3:1; 4:5; Nyaɖ. 14:6.